INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g96 11/8 axa 26-27
  • Ameka ƒe Mɔfiafia Dzie Nàte Ŋu Aka Ðo?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ameka ƒe Mɔfiafia Dzie Nàte Ŋu Aka Ðo?
  • Nyɔ!—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mawu ƒe Asi Fia Mɔ Eƒe Amewo
  • Lé Mawu ƒe Asi Goŋgoŋ!
  • ‘Minɔ Tsitre Sesĩe Eye Miakpɔ Ale Si Yehowa Le Mia Ðe Gee’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • ‘Yehowa Gbɔ Ðeɖe Tso Va Nam’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Nukunu Si Dzɔ Le Ƒudzĩa To
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Na Yehowa Nafia Eƒe Mɔwo Wò
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1996
g96 11/8 axa 26-27

Biblia ƒe Nukpɔsusu

Ameka ƒe Mɔfiafia Dzie Nàte Ŋu Aka Ðo?

VIFOFOA gblɔ na viaŋutsu si xɔ ƒe atɔ̃ la be: “Game su, na mídzo!” Vifofoa do asi ɖa, eye ŋutsuvia mehe ɖe megbe kura o, elé fofoa ƒe asibidewo heŋlɔ eƒe asi sue la ɖe eŋu. Afika ke woaɖayi o, ɖevia ka ɖe edzila la ƒe mɔfiafia dzi eye wòkplɔnɛ ɖo kakaɖedzitɔe. Nuka ke adzɔ o, ɖevia yia edzi lénɛ sesĩe.

Esi míele ŋkeke siawo siwo me kakaɖedzi mele ganyawo, dunyahehe, kple mía ŋutɔ kura ŋu o me ta la, ɖe madzɔ dzi na wò be ame aɖe si dzi nàte ŋu aka ɖo bliboe nado asi ɖa afia mɔ wò oa? Ke hã la, ɣeyiɣi si me ame gblẽkuwo tafaa nuteƒemakpɔlawo le mee míele. Eyata esɔ be míaɖɔ ŋu ɖo le amesi dzi míaka ɖo ŋu. Ðewohĩ dzi ɖe le ƒowò vevie kpɔ esime ame aɖe si ŋu nèɖoa ŋu ɖo hena mɔfiafia la gblẽ wò ɖi.

Gake Biblia de dzi ƒo na mí be míaɖo ŋu ɖe Mawu ŋu. Nyagblɔɖila Yesaya ŋlɔe ɖi be: “Elabena nye Yehowa, wò Mawu, amesi le gbɔgblɔm na wò be, megavɔ̃ o, makpe ɖe ŋuwò lae lé wò nuɖusi ɖe asi.” (Yesaya 41:13) Eye apostolo Petro ɖo aɖaŋu be: “Azɔ la mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu ƒe asi sesẽ la te, bene wòakɔ mi ɖe dzi le ɣeyiɣi, si woɖo ɖi la dzi. Mitsɔ miaƒe dzimaɖiwo katã da ɖe eyama dzi; elabena eyama léa be na mi.”—Petro I, 5:6, 7.

Gake ɖewohĩ àbia wòasɔ be, ‘Susu ka tae maɖo ŋu ɖe Mawu ŋu be wòafia mɔm?’ Míekpɔ susu nyui siwo gbɔna la le blema Israel-viwo ƒe ŋutinya me.

Mawu ƒe Asi Fia Mɔ Eƒe Amewo

Nudzɔdzɔ siwo kplɔ wo nɔewo ɖo si ƒe gãtɔ dzɔ le Nisan 14, 1513 D.M.Ŋ. ƒe zã me la na dɔɖonamela sẽŋuta Farao kple Egiptetɔwo ɖe asi le tame si woɖo kplikpaa la ŋu, ale be woɖe asi le Mawu ƒe dukɔ, Israel-viwo, ŋu tso kluvinyenye me. (Mose II, 1:11-13; 12:29-32) Le Nisan 15 lia dzi la, Israel-dukɔ siwo nɔ aseye tsom la dze mɔ ɖo ta gbedzi yina Ŋugbedodonyigba la dzi. Mɔ si tsɔ kpuie wue nye Nof ƒe dziehe, to Mediterranea-ƒuta, si te ɖe anyigba si dzi Filistitɔ siwo ŋu vɔvɔ̃ nɔ le la ŋu, heɖo ta Ŋugbedodonyigba la dzi. Gake mɔ bubue nɔ Mawu ƒe susu me.—Mose II, 13:17, 18; Mose IV, 33:1-6.

Mawu na mɔfianu si wokpɔna la blema Israel-dukɔa, si nye alilikpo dodo le ŋkeke me kple dzobibi le zã me. (Mose II, 13:21, 22) Tsɔ kpe ɖe ŋusẽ triakɔ ƒe nuwɔna sia ŋu la, Yehowa zã nuteƒewɔla Mose wònye eteƒenɔla si le anyigba dzi. (Mose II, 4:28-31) Eyata kpeɖodzi si ŋu ɖikeke mele o nɔ anyi be Mawu ƒe asie nɔ Israel-viwo kplɔm.

Le Etam si nye teƒe evelia si woƒu asaɖa anyi ɖo, si “le gbedzi” la, Yehowa gblɔ na Mose be wòatrɔ ava ƒu asaɖa anyi ɖe Ƒudzĩ la to, le Pi-Haxirot. (Mose II, 13:20) Teƒe sia yiyi si ŋu edze abe gɔmesese mele o ene la na Farao bu be Israel-viwo ‘tre mɔ le anyigba la dzi.’ Esi dzi ɖo Farao ƒo la, etrɔ eƒe dzimedidi. Fifia esi wòɖoe be yeagawɔ Israel-viwo kluviwoe la, eƒo eƒe aʋakɔ nu ƒu eye wòho ti wo yome.—Mose II, 14:1-9.

Esi Mose kplɔ Israel-viwo to teƒe bubu, yi afisi edze ƒã be enye bali si ɖi abu yi Ƒudzĩ la me la, edze abe enɔ dukɔa kplɔm de teƒe si ana woaxaxa wo ɖe to eve siwo le asaɖa la ƒe go eveawo dzi le Pi-Haxirot, Ƒudzĩ la, kple Farao ƒe aʋakɔ si gbɔna la dome ene. Edze abe woate ŋu ake ɖe Israel-viwo ŋu bɔbɔe ahaɖu wo dzi alo atsrɔ̃ wo kaba ene.

Nukae esia na wowɔ? Ðe woaɖee fia be yewoɖoa ŋu ɖe Yehowa ƒe mɔfiafia ŋua? Nusianu na wòdze ƒã be mɔkpɔkpɔ aɖeke megali o. Eyata dzidzi ƒo ame aɖewo. Ame bubuwo hã te liʋiliʋilili le Mose ŋu. Ame aɖewo nɔ klalo gɔ̃ hã be yewoana ta agatrɔ yi kluvinyenye me le Egipte!—Mose II, 14:10-12.

Lé Mawu ƒe Asi Goŋgoŋ!

Le nɔnɔme sia me la, ele be Israel-viwo naɖe ŋuɖoɖeŋu si tɔgbe ɖeviwo ɖena fiana la afia ɖe Ŋusẽkatãtɔ la ŋu. Susu nyui aɖe si menɔ nyanya na dukɔ blibo la o lae nɔ Yehowa si si ta wògblɔ na Mose be wòatso Ƒudzĩ la le Pi-Haxirot. Yehowa ɖe gɔmesese fia lɔlɔ̃tɔe esi wòna Israel-viwo dze mɔzɔzɔa yi Ŋugbedodonyigba la dzi gɔme tso Filistitɔwo ƒe anyigba ƒe anyiehe gome me. Esi Israel-viwo nɔ Egipte ƒe 215 megbe la, ɖikeke menɔ eme o be womedzra ɖo awɔ aʋa kple dukɔ si si aʋawɔla sesẽwo le o. Eyata Yehowa tia mɔ si ana aʋa sia madzɔ o la na wò.a—Mose II, 13:17, 18.

Dukɔa ƒe ɖeɖekpɔkpɔ kple Farao kple eƒe aʋakɔ dzi ɖuɖu le Ƒudzĩ la me ɖo kpe Mawu ƒe ameɖeŋusẽ wɔnuku la dzi. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, aleke gbegbe Israel-viwo da akpee nye si, amesiwo togbɔ be womese susu si ta Mawu kplɔ wo to mɔ aɖe dzi gɔme o hã la, womegblẽ Mawu ƒe asi ɖi o! Wolée sesĩe eye wokpɔ Ƒudzĩ la me mamã ɖe eve kple woƒe futɔwo ƒe tsɔtsrɔ̃ teƒe. Woɖo woƒe ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ƒe mɔfiafia ŋu teƒe na wo.—Mose II, 14:19-31.

Azɔ hã mina míabu ɖevi si lé dzila ƒe asi ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Ne ɖevi tsi dzimaɖi la, aleke wòwɔa nui? Le esi teƒe be ɖevia naɖe asi le edzila la ƒe asibidewo ŋu alo magalée sesĩe o la, emiãa eƒe asi sue la ɖe eŋu sesĩe boŋ. Le esia wɔwɔ me la, eɖea eƒe ŋuɖoɖeŋu si meʋãna o fiana be dzila la ana mɔfiafia si mada ƒu o kple ŋusẽ ye le nɔnɔme sesẽwo me.

Nenema ke ne míele fu kpem le agbe me la, ele be míaƒe ŋuɖoɖo ɖe Mawu ƒe mɔfiafia ŋu me nasẽ geɖe wu! Eƒe Nya, Biblia, ate ŋu anye míaƒe mɔfiakaɖi. (Psalmo 119:105) Ðo ŋku edzi hã be ŋuɖoɖeŋu kple dzigbɔɖie zɔna. Eyata ele be míana ɣeyiɣi Yehowa be wòatsɔ akpɔ kuxiawo gbɔe, ne míese nusita wòle mía kplɔm to mɔ aɖe dzi gɔme o hena ɣeyiɣi aɖe gɔ̃ hã. Ẽ, míate ŋu aɖo ŋu ɖe Mawu ƒe mɔfiafia ŋu.—Mose II, 15:2, 6; Mose V, 13:4; Yesaya 41:13.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Àkpɔ Pi-Haxirot ŋuti nyatakaka bubuwo le Insight on the Scriptures si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta ƒe Babla 2 lia, axa 638-9.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe