Dzidɔ—Afɔkue Wònye na Ame ƒe Agbe
DZIDƆ dzea ŋutsu kple nyɔnu miliɔn geɖe dzi ƒe sia ƒe. Ame geɖe tsia agbe eye megaɖea fu na wo boo o. Ðewo metsia agbe le eme o. Dziŋutinunyala Peter Cohn gblɔ be le ame bubuwo hã gome la, dzia gblẽna ale gbegbe be “kakaɖedzi menɔa eŋu be agava wɔ dɔ nyuie o,” eye egblɔ kpee be: “Eyata ehiã be míatso ɖe dzidɔ ƒe dzesiwo ŋu bla ɣesiaɣi si wòanya wɔ.”
Dzia nye lãkusi si na ʋu sina toa ametia me. Ne dzidɔ (ʋuka si le dzi si me xe) dze ame dzi la, dzia ƒe akpa aɖe kuna ne ʋu megate ŋu yia afima o. Hafi dzia nanɔ sesĩe la, ehiã na ya si míegbɔna kple nunyiame bubu siwo le ʋua me. Ekpɔa nusiawo to ʋuka siwo bla ɖe dzia ŋu me.
Dɔléle ate ŋu agblẽ nu le dzia ƒe akpa ɖesiaɖe ŋu. Gake esi bɔ wue nye ʋukawo me dɔléle si nɔa ta kekem vivivi si woyɔna be ʋukawo me ƒe akpadede. Ne nusia dzɔ la, ʋuka la me dea akpa, alo ami blana ɖe eme. Akpadedea te ŋu yia edzi ɣeyiɣi aɖe, esesẽna henaa ʋukaawo miãna, eye wònaa ʋu megate ŋu ɖoa dzia gbɔ tututu o. Dziŋuʋukamedɔ sia koŋ ye hea dzidɔ akpa gãtɔ vɛ.
Ne ʋuka ɖeka alo esi wu nenema me xe la, ehoa dɔlélea ne ya si míegbɔna mele dzia sum o. Le ʋuka siwo me mexe boo o gɔ̃ hã me la, akpadedea ate ŋu ana ʋukaa nawó eye wòana ʋu nabla ɖe eme (ʋu babla le ʋukawo me). Ʋuka siwo me dɔléle le te ŋu tena kpena kabakaba wu hã. Ʋu babla te ŋu nɔa afisi te kpe, eye lãmetsi aɖe dona tsoa eme si gana ʋuka la me miãna ɖe edzi hehoa dɔlélea.
Ne ya meɖo dzia gbɔ o ɣeyiɣi didi aɖe la, ate ŋu agblẽ nu le lãmeka siwo te ɖe eŋu hã ŋu. Lãmeka si nye dzi la mete ŋu ɖɔa li eɖokui abe lãmeka bubuwo ene o. Ɣeyiɣi didi si dɔa ho na ame la, zi nenemae wògblẽa dzia ɖe edzii eye enɔa bɔbɔe wu be amea naku. Ne nu gblẽ le lãmeka siwo kpɔ ŋusẽ ɖe dzi ƒe tsotso dzi ŋu la, dzia ƒe tsotso ate ŋu atɔtɔ eye dzia ate ŋu ava nɔ tsotsom kabakaba (dzitsoame). Ne dzia ƒe tsotso tɔtɔ alea la, ŋutete si dzia tsɔ ɖoa ʋu ɖe ahɔhɔ̃a ɖe ɖoɖo nu la nu tsina. Kaka aɖabaƒoƒo ewo nava yi la, ahɔhɔ̃a kuna eye amea hã kuna.
Eyata ehiã be woana atikewɔla siwo wona hehee nakpɔ amea gbɔ kaba. Ate ŋu akpɔ dzi la ta be magblẽ ɖe edzi o, axe mɔ ɖe dzitsotso ƒe tɔtɔ nu alo woadae, eye wòana ame natsi agbe gɔ̃ hã.