Dzesidede Dzesiawo Ahatso Ðe Wo Ŋu
NE DZIDƆ ƒe dzesiwo dze la, ele vevie be woadi atikewɔlawo ƒe kpekpeɖeŋu enumake, elabena dɔa ƒe amedzidzedze ƒe gaƒoƒo gbãtɔ koŋ mee ame te ŋu kuna le. Dɔdada kaba ate ŋu akpɔ dzi ƒe lãkusi la ta be magblẽ keŋkeŋ o. Ne dzia ƒe akpa geɖe megblẽ o la, zi nenema dzia ate ŋu awɔ dɔ nyuie ne dɔlélea nu fa.
Gake dzidɔ aɖewo ɣlana, eye woƒe dzesi aɖeke medzena wokpɔna o. Ne edzɔ alea la, ɖewohĩ amea manya be dziŋuʋukamedɔ le ye ŋu o. Nublanuitɔe la, ɖewohĩ zi gbãtɔ si ame aɖewo nyana be dzidɔ le yewo ŋue nye esime wòho na wo sesĩe. Ne dzi dzudzɔ dɔwɔwɔ (dzia megaɖoa ʋu ɖe ŋutilã o) la, mɔkpɔkpɔ gobii meli be woatsi agbe o negbe ɖe woyɔ xɔnametɔwo enumake eye eteƒenɔla aɖe wɔ nusi wowɔna tsɔ dea agbe dzi kple dzitodzitowo me (CPR) enumake hafi.
Harvard Health Letter ka nya ta be amesiwo ŋu dziŋuʋukamedɔ ƒe dzesiwo dzena le ƒe akpa gãtɔ matso ɖe atikewɔwɔ ŋu kaba o. Nukatae? “Elabena zi geɖe la, womenyana nusi woƒe dzesiawo fia o alo womebua wo nu vevii o.”
John,a amesi dzi dzidɔ dze eye wònye Yehowa Ðasefo la, ƒo koko na amesiame be: “Ne èkpɔ be nane mele edzi yim nyuie o la, mègatsɔe be ɖewohĩ menye kuxi sesẽ aɖekee o nàhe ɖe megbe le dɔdada didi ŋu ahabu be woava gblɔ be yele vivi dom ɖe dɔa ŋu akpa o. Mebu nye agbe kloe elabena nyemetso ɖe eŋu kaba o.”
Nusi Dzɔ
John ɖe eme be: “Ƒe ɖeka kple afã do ŋgɔ na nye dzidɔa la, ɖɔkta xlɔ̃ num be lãmemi si nye cholesterol si gbɔ koŋ dziŋuʋukamedɔ tsona la sɔ gbɔ ɖe nye lãme. Gake nyemetsɔe nya vevii o, elabena mebu be nyemetsi o—nyemexɔ ƒe 40 haɖe o—eye nye lãme sẽ. Eveam vevie be nyemetso ɖe eŋu ɣemaɣi o. Mekpɔ nuxlɔ̃amedzesi bubuwo hã—nyemete ŋu gbɔna nyuie ne mewɔ sesẽnu o, mese veve si mebu be anye atsidɔdɔ, kple ɖeɖiteameŋu vevie ɣleti geɖe hafi dɔa ho. Mebu be alɔ̃madɔmadɔ kple dɔ ƒe amedzitsitsi gbɔe esiawo ƒe akpa gãtɔ tso. Ŋkeke etɔ̃ do ŋgɔ na nye dzidɔa ƒe hoho la, nane wɔm si mebu be anye lãmeka ƒe miamiã le nye akɔta. Enye suetɔ aɖe si ho nam do ŋgɔ na gãtɔ le ŋkeke etɔ̃ megbe.”
Akɔtavee alo gbɔgbɔtsixe, si woyɔna be angina naa nyanya amesiwo dzi dzidɔ dzena ƒe afã. Wo dometɔ aɖewo megate ŋu gbɔna nyuie o alo ɖeɖi tea wo ŋu eye wogbɔdzɔna wònyea dzesi si fia be ya mete ŋu le dzia gbɔ ɖom nyuie o le esi dziŋuʋuka aɖe me xe ta. Ne dzesi siawo dze le ame aɖe ŋu la, ele be wòakpɔ ɖɔkta wòado eƒe dzi kpɔ. Ðk. Peter Cohn gblɔ be: “Ne woda akɔtavee vɔ la, kakaɖedzi aɖeke meli be axe mɔ ɖe dzidɔ ƒe amedzidzedze nu o, gake ne mewɔ ɖeke o hã la, ana madze ame dzi kaba o.”
Alesi Wòdzea Ame Dzii
John yi edzi be: “Softball ƒoƒee míeyina gbemagbe. Esi menɔ ŋdɔnu si nye lã tutu kple yevute tɔtɔe ɖum la, mekpɔ be nyemenɔ nyuie o, tru nɔ tsɔyem, eye nye dzime lia sesĩe gake nyemetsi dzi ɖe eŋu o. Gake esi míeɖo bɔlƒoƒea eye míedze eƒoƒo gɔme la, mekpɔe be nye lãme mele nyuie o. Le ŋdɔ me la, enu nɔ sesẽm ɖe edzi.
“Meva mlɔ bɔlƒolawo ƒe zikpuiwo dzi zi geɖe, medze ŋe, eye mete kpɔ be made nye akɔta vie, gake lialiam ko wònɔ ɖe edzi. Esi míenɔ bɔl la ƒom la, mebu be, ‘Ðewohĩ dzamezã lém mele,’ elabena nye lãme fana eye megbɔdzɔna ɣeaɖewoɣi. Ne mele du ƒum la, edzena be gbɔgbɔtsixe tsia ƒonye. Megava mlɔ zikpui dzi ake. Esi metso nɔ anyi la, ɖikeke aɖeke menɔ eme o be meɖo afɔku gã aɖe me. Medo ɣli yɔ vinyeŋutsu James: ‘Ele be mayi kɔdzi FIFI LAA!’ Mese le nye akɔta abe ɖe wogbãe ene. Vevesesea nu sẽ ale gbegbe be nyemete ŋu tso o. Mebu be, ‘Manye dzidɔ ye o ɖe, alo? Ƒe 38 ko mexɔ!’”
John viŋutsu si xɔ ƒe 15 ɣemaɣi la gblɔ be: “Ŋusẽ vɔ le fofonye ŋu le aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo ko megbe, ale be ele be woakɔe yi ʋua gbɔe. Xɔ̃nye ye ku ʋua eye enɔ nyawo biam Fofonye be yeanya nusi nɔ dzɔdzɔm ɖe edzi. Mlɔeba la, Fofonye megaɖo eŋu o. Xɔ̃nyea yɔe sesĩe be: ‘John!’ Gake fofonye metɔ o. Emegbe fofonye ʋli le eƒe zikpuia me, enɔ hehem nɔ nu ɖem. Medo ɣli enuenu gblɔ be: “Papa! Melɔ̃ wò! Ao, mègaku o!’ Esi wòdzudzɔ la, ɖeko wòtrɔ ɖe zikpuia me. Mebu be ɖe wòku.”
Le Kɔadzi
“Míewɔ kaba yi kɔdzi be woaxɔ na mí. Aɖabaƒoƒo eve alo etɔ̃ va yi tso esime mebu be Papa ku, gake menɔ mɔ kpɔm be woate ŋu agbɔ agbee. Ewɔ nuku nam be hati Yehowa ƒe Ðasefo siwo ade 20 siwo nɔ bɔlƒoƒea la va kɔadzi. Wona mekpɔ akɔfafa eye mekpɔe be wolɔ̃m, si nye kpekpeɖeŋu gã aɖe nam le nɔnɔme wɔnublanui sia me. Anye le aɖabaƒoƒo 15 megbe la, ɖɔkta aɖe va gblɔ be: ‘Míete ŋu nyɔ fofowò, gake dzidɔ sesẽ aɖee dze edzi. Míenya ne ate ŋu atsi agbe o.’
“Azɔ eɖe mɔ nam be makpɔ Papa ɣeyiɣi kpui aɖe. Alesi Papa ɖe eƒe lɔlɔ̃ na míaƒe ƒomea gblɔ la wɔ dɔ ɖe dzinye. Egblɔ le vevesese gã aɖe me be: ‘Vinye, melɔ̃ wò. Ðo ŋku edzi ɣesiaɣi be Yehowae nye ame vevitɔ kekeake le míaƒe agbe me. Mègadzudzɔ eyama subɔsubɔ gbeɖe o, eye kpe ɖe dawò kple nɔviwòwo ŋu be woagadzudzɔ esubɔsubɔ o. Míeka ɖe tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔa dzi vevie, eye ne meku la, medi be magakpɔ mi katã ne metrɔ gbɔ.’ Mía kplii míefa avi le lɔlɔ̃, vɔvɔ̃, kple mɔkpɔkpɔ me.”
John srɔ̃ Mary va ɖo le gaƒoƒo ɖeka megbe. “Esi mezɔ yi xɔ si me wokpɔa ame gbɔ kpata le me la, ɖɔkta la gblɔ be: ‘Dzidɔ sesẽ aɖe dze srɔ̃wò dzi.’ Edo voɖi nam ŋutɔ. Eɖe eme be woɖɔ alesi John ƒe dzi ƒe tsotso tɔtɔnae la ɖo zi gbɔ zi enyi. Egbɔkpɔkpɔ kpata alea bia be woazã elektrikŋusẽ atsɔ tɔ te dzia ƒe tsotso sesĩe la ahana wòanɔ abe alesi wònɔna ene. Dzitsotso ƒe tɔtɔ ɖɔɖɔɖo kple CPR, ya si míegbɔna dede ame me, kpakple atikewo dodo na ame nye agbeɖeɖemɔnu deŋgɔ aɖe.
“Esi mekpɔ John la, nye dzi tso. Efu kpii ŋutɔ, eye wotsi ka siwo me do le kple mɔ̃ŋuka geɖe ɖe eƒe ŋutilã ŋu yi ɖe mɔ̃ siwo fiaa nusi le edzi yim le ame me la gbɔ. Medo gbe ɖa le tame na Yehowa be wòado ŋusẽm ne mado dzi le dodokpɔ sia me le mía vi etɔ̃awo ta, eye medo gbe ɖa bia mɔfiafia be mawɔ nyametsotso nyuiwo le nusiwo agadzɔ me. Esi menɔ John ƒe abati gogom la, menɔ eŋu bum be, ‘Nya kae wogblɔna na ame ƒe lɔlɔ̃tɔ le ɣeyiɣi siawo tɔgbe me? Ðe míedzra ɖo ɖe nɔnɔme sia si doa ŋɔdzi na agbe la ŋu ŋutɔŋutɔa?’
“John gblɔ be: ‘Nye lɔlɔ̃tɔ, ènyaa, ɖewohĩ nyematsi agbe o. Gake ele vevie be mia kple ŋutsuviawo miayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa elabena eteƒe madidi o nuɖoanyi sia awu enu eye dɔléle kple ku maganɔ anyi o. Medi be ne mefɔ le nuɖoanyi yeyea me la, makpɔ mia kple ŋutsuviawo le afima.’ Aɖatsi bla ŋku na mí.”
Ðɔkta la Ðe Eme
“Emegbe ɖɔkta la ɖe kpɔm eye wòɖe eme be numekuku ɖee fia be ʋuka miametɔ si ɖiɖi va anyi me si me xe keŋkeŋ la gbɔe John ƒe dzidɔ la tso. Eƒe ʋuka bubu hã me xe. Ðɔkta la gblɔ nam be ele be matso nya me le alesi woada dɔ na John ŋu. Mɔnu eve si li si me mawɔ tiatia le ye nye atikewo zazã kple dɔwɔwɔ nɛ adzra eƒe ʋuka gbegblẽwo ɖo. Ebui be evelia sia anyo wu, eyata míetiae be woawɔ dɔ nɛ adzra eƒe ʋukawo ɖo. Gake ɖɔktaawo medo ŋugbe be atsi agbe o, elabena ame akpa gãtɔ metsia agbe le dzidɔ sia tɔgbe me o.”
Ʋukagbegblẽdzadzraɖo nye amekoko ƒe mɔnu aɖe si me wodea aŋeka ʋuka si le dzia ŋu me eye wodea ya eme be wòaʋu afisi xe la. Mɔnu sia te ŋu wɔnɛ zi geɖe be ʋua gasina ake. Zi geɖe ne ʋuka geɖe me xe keŋkeŋ la, wokafunɛ be woako ame atrɔ ʋusiƒea.
Nɔnɔme Sesẽ aɖe Kpɔkpɔ Do Ŋgɔ
Le ʋuka gbegblẽ la dzadzraɖo vɔ megbe la, John ƒe agbe gakpɔtɔ nɔ afɔku me gaƒoƒo 72 bubu. Mlɔeba la, nusi gblẽ le eƒe dzi ŋu va nɔ kakam ɖe eme. Gake John ƒe dzi ƒe ŋutete si wòtsɔ ɖoa ʋu ɖe ametia tsã la ƒe afã ŋudɔ ko wòte ŋu wɔna, eye dzia ƒe akpa gã aɖe zu abi, eyata míaƒe mɔkpɔkpɔ katã nye be ate ŋu azu amesi ŋu dzidɔ gblẽ nu le vevie.
Esi John bu nusiwo dzɔ va yi ŋu la, eɖo aɖaŋu be: “Agba le mía dzi le mía Wɔla, míaƒe ƒometɔwo, míaƒe gbɔgbɔ me nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo, kple mía ŋutɔ mía ɖokui gbɔ be míaɖo to nuxlɔ̃amenyawo eye míakpɔ míaƒe lãmesẽ ta—vevietɔ ne míele afɔku me. Dzidzɔkpɔkpɔ alo nuxaxa ƒe akpa gã aɖe ate ŋu atso mía ŋutɔwo gbɔ. Ele mía gbɔ.”
John ƒe dɔlélea nu sẽ eye ehiã be woakpɔ egbɔ kpata. Gake menye amesiame si ƒe dzi aʋu dzoe wòhiã be wòaƒu du ayi ɖɔkta gbɔ o. Ke hã nusi dzɔ ɖe edzi nye nuxlɔ̃ame, eye ele be amesiwo kpɔe be dzesiawo le yewo ŋu la nayi woado wo kpɔ.
Nukae woate ŋu awɔ atsɔ ɖe dzidɔ ƒe afɔkua dzi akpɔtɔ? Míadzro esia me le nyati si kplɔe ɖo me.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Míetrɔ ŋkɔwo le nyati siawo me.
[Nɔnɔmetata si le axa 5]
Dzidɔdada kaba ne edze ame dzi ate ŋu ana woatsi agbe eye wòaɖe nusi agblẽ le dzia ŋu dzi akpɔtɔ