Maggy ƒe Fukpekpe Kple Nye Yayra
Braɖa, May 2, 1995, ye nye gbesigbe wodzi vinyenyɔnuvi eye srɔ̃nye hã ku. Ewɔ nublanui be Maggy mete ŋu kpɔ vidzĩa ƒe ŋkume o. Fifia nye mɔkpɔkpɔe nye be maɖe Tamara afia dadaa ne wova fɔe ɖe tsitre.
SRƆ̃NYE Maggy ƒe ɖɔkta gblɔ nɛ le míaƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe 16 megbe be no me dɔdzẽ le eŋu eye ɣleti ʋee aɖewo koe wòaganɔ agbe. Ƒe atɔ̃e nye sia nya ma dzɔ. Dzidzɔtɔe la, Maggy ƒe lãme te ŋu ka ɖe eme le eƒe agbenɔƒe mamlɛ mawo me. Eɖo nuwuwu lɔƒo hafi vevesesea di be yeagloe.
Afisi eƒe dɔdzẽa ɖo la na ɖɔktawo gblɔ be asesẽ hafi woafɔ fu. Eyata kpɔ alesi míaƒe nu kui esi wokpɔ vidzĩ le eƒe vidzidɔ me esime wonɔ dodokpɔ si wowɔna nɛ ɣesiaɣi bene woanya afisi dɔdzẽa ɖo wɔm la ɖa! Nyɔnuvie. Ɣleti ene kple afã ƒe fue nɔ Maggy ƒo. Dzidzɔ yɔe fũ esi wòkpɔ be yegbɔna vi dzi ge zi gbãtɔ.
Maggy wɔ nusianu si wòate ŋui be ɖevia ƒe lãme nasẽ ne yedzii. Ekpɔ eƒe nuɖuɖu dzi nyuie, eye le eƒe agbenɔɣi ƒe kwasiɖa eve mamlɛawo me, esi wònɔ veve sem helihelĩ gɔ̃ hã la, ne vevesesea gloe hafi wònoa vevesesenutsitike.
Wotsɔ Vidzĩ si ƒe Lãme Sẽ Yra Mí
Le Memleɖa, April 29 lia dzi la, Maggy ƒe dzi nɔ tsotsom vevie eye wògblɔ be: “Ewɔ abe mele kuku ge ene.” Menɔ egbɔ kwasiɖanuwuwua katã. Dzoɖagbe, esi meƒo ka na ɖɔkta vɔ la, mekɔe enumake yi kɔdzi le Montreal, Canada, si tsɔ ɖe míaƒe aƒe gbɔ le St. Jérôme
Le ŋufɔke ŋdi ga 5:30 lɔƒo la, dɔnɔdzikpɔla aɖe to Maggy ƒe xɔ nu va yina eye wòkpɔ be enɔ veve sem vevie. Edze abe dzi ye nɔ evem ene. Enumake woyɔ ɖɔkta tso xɔ si tsɔ ɖe egbɔ me vɛ. Togbɔ be Maggy ku hã la, atikewɔlawo te ŋu xɔ mía vi la ɖe agbe. Ɣleti eve kple afãe susɔ woadzi Tamara hafi, eye enɔ kpekpem kilogram 1.1 pɛ ko.
Esi ʋu mesɔ gbɔ le lãme na Tamara o ta la, ɖɔktawo di be yewoado ʋu nɛ. Gake wode dzi ƒo na wo be woazã erythropoietin boŋ, si nye lãmetsiŋusẽ aɖe si wowɔ wònye atike. Wolɔ̃ zãe, eye esi atike sia na eƒe ʋu sɔ gbɔ la, dɔnɔdzikpɔla aɖe gblɔ be: “Nukata womazã atike ma na vidzĩwo katã o?”
Kuxi siwo nɔa vi siwo ƒe ɣeyiɣi medena hafi wodzina o ŋu la nɔ Tamara hã ŋu, gake wokpɔ wo katã gbɔ. Le nyateƒe me la, esi lãmenuseseŋutinunyala, Ðk. Watters va doe kpɔ emegbe la, egblɔ na dɔnɔdzikpɔla la be: “Ewɔ abe vidzĩ bubue nètsɔ nam be mado kpɔ ene; mekpɔ be eƒe lãme nyo ŋutɔ.”
Ŋgɔdzedze Ku Kple Tenɔnɔ Ðe Enu Emegbe
Esesẽ nam ŋutɔ be makpɔ Maggy ƒe ku teƒe. Nye lãme tu. Esesẽ nam ŋutɔ be maƒo nu le Maggy ƒe ku ŋu. Gake megblɔe, esime nɔvinyeŋutsu kple nɔvinyenyɔnu Kristotɔwo va kɔa dzi. Zi alesi meƒo nu tso eŋui la, zi nenemae vevesesea nu fanae. Ɣesiaɣi si mexlẽ nyati aɖe le Gbetakpɔxɔ alo Nyɔ! me si kam ko la, medanɛ ɖe nye agbalẽdzraɖoƒe ƒe akpa sue aɖe eye megatsɔnɛ xlẽna ne ehiãm.
Kuxi bubue nye alesi mava aƒe ƒuƒlu me. Akogotsitsi sesẽ ale gbegbe. Togbɔ be medea ha kple Kristotɔwo wòtuam ɖo hã la, seselelãme sia gavana kokoko. Mía kple Maggy míewɔa nusianu ɖekae, eye míeƒoa nu tso alesi ne metsi akogo wòaɖe fu nam la ŋu. Edi be magaɖe srɔ̃ bubu. Gake mele bɔbɔe nenema o.
Kpekpeɖeŋu Tso Hati Kristotɔwo Gbɔ
Ne menye Yehowa Ðasefowo ƒe Kɔdzi ƒe Kadododzikpɔkɔmiti (HLC) ye kpe ɖe ŋunye o la, anye ne nyemanya nusi mawɔ o. Ŋdi si Maggy ku la, Ðasefo dzenunya aɖe si nye HLC me tɔ la va kɔa dzi eye wòna kpekpeɖeŋu si mehiã lam.
Kpekpeɖeŋu si mexɔ tso míaƒe Kristo-hame si le St. Jérôme kple hame bubu siwo le nutoa me gbɔ la wɔ dɔ ɖe kɔdzidɔwɔlawo dzi ale gbegbe. Le zã si me woɖe gbeƒã Maggy ƒe ku le míaƒe Kristotɔwo ƒe kpekpea me la, nɔvi lɔlɔ̃tɔ 20 ye tso ɖe eŋu va na kpekpeɖeŋum. Kpekpeɖeŋua wu gbɔgblɔ vavã.
Nɔviwo va ɖa nu nam; nuɖuɖu yɔ nye tsifamɔ̃ ƒe nuɖuɖudzraɖoƒe tɔtɔtɔ ɣleti geɖe. Ƒonyemetɔwo kple nɔvinyeŋutsu kpakple nɔvinyenyɔnu Kristotɔwoe ƒlea nudodowo na vinyenyɔnua gɔ̃ hã. Wolɔ nuwo vɛ nam kpaŋkpaŋ ale gbegbe be nyemenya afisi madzra wo katã ɖo o.
Fifi Dzidzɔwo Kple Etsɔme Mɔkpɔkpɔwo
Tamara wɔe be meɖea susu le nusi bu nam la dzi. Eƒe nu lé dzi nam ale gbegbe. Gbesiagbe ne medo gbe nɛ dzidzɔtɔe be “ŋdi na wò” la, ekoa alɔgbɔnu tsɔ ɖoa eŋu nam, hedzea “nuƒoƒo” gɔme, nɔa afɔ kple abɔ nyẽm le yame kple dzidzɔ sɔŋ.
Esi mele nu srɔ̃m le ɣletiviwo ŋu fifia ta la, mele mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me malé Tamara ɖe ata ta eye mana wòakpɔ nye didiƒekpɔmɔ̃ me akpɔ mía Wɔla Gã, Yehowa, ƒe dziƒonukunuwo ɖa. Efaa akɔ nam nyateƒe ne mele ŋugble dem le agbe mavɔ nɔnɔ le Paradisonyigba dzi ŋu. Eye enyanya be mɔkpɔkpɔ siae li na Tamara hã la na dzi dzɔam ɖe edzi.—Psalmo 37:9-11, 29.
Ne mebu nusiwo dzɔ le ƒe atɔ̃ siwo va yi me ŋu la, ɖeko magblɔ be wonye dzigbãnyawo kple dzidzɔnyawo. Mesrɔ̃ nu geɖe le ɖokuinye kple agbe ŋutɔ hã ŋu. Mele mɔ kpɔm vevie na etsɔ si ŋu Biblia gblɔ le be, “ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o.”—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.
Ɣemaɣi le tsitretsitsia me la, Maggy ate ŋu agbɔ fũu vevemasemasee. Ƒo wo katã ta la, nye mɔkpɔkpɔ kple didi vevie enye be manɔ afima aɖe Tamara afia Maggy, bene wòakpɔ nyɔnuvi sue si ta wòkpe fu geɖe ɖo la ɖa.—Abe alesi Lorne Wilkins gblɔe ene.
[Nɔnɔmetata si le axa 14]
Mía kple srɔ̃nye
[Nɔnɔmetata si le axa 14]
Mía vinyɔnu, Tamara