INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g97 2/8 axa 14-16
  • Ðe Wòle Be Maʋu Nye Nuvɔ̃ Mea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Wòle Be Maʋu Nye Nuvɔ̃ Mea?
  • Nyɔ!—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ‘Naneke Mele Ɣaɣla O’
  • Egbɔgblɔ
  • Egbɔgblɔ na Dziwòlawo
  • Egbɔgblɔ na Hamemegãwo
  • ‘Mele Vɔvɔ̃m be Woaɖem le Ha Me’
  • Xɔ Yehowa Ƒe Amehehe Ɣeawokatãɣi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Nu Vɔ̃ Me Ʋuʋu Mawu Ƒe Nudidi Yea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nu Kae Nàwɔ Ne Èwɔ Nu Vɔ̃ Aɖe Si Nye Ŋkubiãnya?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Aleke Mawɔ Adzudzɔ Agbevenɔnɔ?
    Nyɔ!—1994
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1997
g97 2/8 axa 14-16

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Ðe Wòle Be Maʋu Nye Nuvɔ̃ Mea?

“Ŋu le kpeyem ale gbegbe be nyemenya nuka mawɔ o. Medi be magblɔe na dzinyelawo gake ele ŋu kpem nam akpa.”—Lisa.a

NU MAE ɖetugbi aɖe si tɔtɔ la ŋlɔ. Dzimaxɔsetɔ aɖe ƒe nu va lé dzi nɛ ƒe ʋee aɖewo, ke gbeɖeka esi wono aha mu la, ŋutsuvia dɔ kplii.

Nublanuitɔe la, nu mawo dzɔna ɣeaɖewoɣi le sɔhɛ Kristotɔwo gɔ̃ hã dome. Zi alesi míetsi o eye míekpɔ nuteƒee o la, zi nenemae míawɔ vodadae. Gake togbɔ be míete ŋu wɔa vodada suesuewo hã la, vodada gãwo abe gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ ene ya nye nya bubu kura. (Korintotɔwo I, 6:9, 10) Ne nusia dzɔ ɖe sɔhɛ aɖe dzi la, ke ehiã be wòaxɔ kpekpeɖeŋu. Gake nya lae nye be nuvɔ̃meʋuʋu mele bɔbɔe o.

Nyɔnuvi Kristotɔ aɖe nɔ agbe gbegblẽ do ŋgɔ na woƒe srɔ̃ɖeɖe. Eɖoe be yeagblɔe na woƒe hamemegãwo, eye eɖo ŋkeke si dzi wòagblɔe gɔ̃ hã. Gake edae ɖe ŋkeke bubu dzi. Emegbe egadae ɖe ŋkeke bubu dzi ake. Eteƒe medidi o ƒe ɖeka va yi!

‘Naneke Mele Ɣaɣla O’

Ne èwɔ nuvɔ̃ gã aɖe la, ele be nànya be etsɔtsɔ ɣla menyo kura o. Nusiwo tae ɖekae nye be nyateƒea va dzena zi geɖe. Mark si nye ɖevi ko la gbã atsyɔ̃ɖonu aɖe si wowɔ kple anyi tsɔ ku gli. Egblɔ be: “Medze agbagba tsɔ nutrenu lée nyuie ɖo eteƒe, gake mexɔ ɣeyiɣi aɖeke hafi dzinyelawo kpɔe be egbã o.” Ele eme be mèganye ɖevi o. Gake zi geɖe la, dzila akpa gãtɔ kpɔnɛ dzea sii ne nane dzɔ ɖe wo viwo dzi.

Ann si xɔ ƒe 15 ʋu eme be: “Metsɔ numevivi te kpɔ be matsyɔ nu nye kuxiwo dzi, gake ɖeko wògblẽ nya la ɖe edzi.” Zi geɖe la, alakpanyawo va dzea go. Eye ne dziwòlawo va kpɔe be numee nèvivi la, ave wo ŋutɔ—ave wo vevie wu alesi wòave wo ne ɖe nèto nyateƒe na wo le gɔmedzedzea me.

Vevietɔ wu la, Biblia gblɔ be: “Naneke mele ɣaɣla, si womele ɖeɖe ge ɖe go o, eye naneke hã mele vivi me, si womele nyanya ge alo le kekeli me va ge o.” (Luka 8:17) Nusi míewɔ kple nusi wɔm míele nɔa nyanya na Yehowa. Alesi Adam mete ŋu ɣla eɖokui ɖee o la, nenema ke wò hã màte ŋu aɣla ɖokuiwò ɖee o. (Mose I, 3:8-11) Ɣeyiɣi aɖe megbe la, ɖewohĩ nuvɔ̃ si nèwɔ hã adze go ame bubuwo nakpɔ.—Timoteo I, 5:24.

Nu miamiã ɖe edzi ate ŋu agblẽ nu le ŋuwò le mɔ bubuwo hã nu. Hakpala Dawid ŋlɔ be: “Esi mezi ɖoɖoe la, nye ŋeŋe atraɖi na nye ƒuwo nyunyɔ. Elabena wò asi sẽ ɖe dzinye keli kple zã.” (Psalmo 32:3, 4) Ẽ, etsɔtsɔ ɣla ana nàxaxa eye ate ŋu agblẽ nu le wò seselelãme ŋu vevie. Dzimaɖitsitsi kple fɔɖiɖi, kpakple vɔvɔ̃ be woava nya nu tso eŋu ate ŋu agbã dzi na wò vevie. Ðewohĩ ànɔ ɖokuiwò ɖem le xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo gbɔ. Àte ŋu ase le ɖokuiwò me gɔ̃ hã be kadodo aɖeke megale mia kple Mawu ŋutɔ dome o! Sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Andrew ŋlɔe be: “Dzitsinya nɔ fɔ bumem ɣesiaɣi le esi medo ŋukpe Yehowa ta. Ewɔ fum ale gbegbe.”

Egbɔgblɔ

Ðe nane li nàwɔ akpɔ gbɔdzɔe tso nuxaxa gã sia mea? Ẽ, nane li! Hakpala la gblɔ be: “Meɖe nye nuvɔ̃wo fia wò, eye nyemetsɔ nu tsyɔ nye vodadawo dzi o; . . . tete nètsɔ nye nuvɔ̃ ƒe vodadawo kem.” (Psalmo 32:5; tsɔe sɔ kple Yohanes I, 1:9.) Andrew hã ƒe dzi dze eme esi wòʋu eƒe nuvɔ̃ me. Egblɔ be: “Mete ɖe Yehowa ŋu do gbe ɖa vevie bia eƒe tsɔtsɔke.”

Àte ŋu awɔe nenema. Do gbe ɖa na Yehowa. Enya nusi nèwɔ, gake bɔbɔ ɖokuiwò nàgblɔe nɛ le gbedodoɖa me. Bia tsɔtsɔke, mègatsɔ dzimesesẽ agbe be woagakpe ɖe ye ŋu o. Ðe Yesu va ku bene mía kple Mawu dome nanɔ nyuie togbɔ be míede blibo o hã. (Yohanes I, 2:1, 2) Àte ŋu abia ŋusẽdodo hã bene nàwɔ tɔtrɔ siwo hiã. Psalmo 51 xexlẽ ate ŋu akpe ɖe ŋuwò geɖe bene nàte ɖe Mawu ŋu kple nya la.

Egbɔgblɔ na Dziwòlawo

Gake emeʋuʋu na Mawu ko metɔ ɖe afima o. Ele be nàgblɔe na dziwòlawo hã. Mawu de se na wo be ‘woanyi wò le Yehowa ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ la me.’ (Efesotɔwo 6:4) Ne wonya wò kuxiwo ko hafi woate ŋu awɔe. Le afisia hã ɖewohĩ egbɔgblɔ na dziwòlawo manɔ bɔbɔe alo avivi nuwò o. Gake ne ete ɖe wo dzi sẽ ko la, anɔ eme be woaɖu woƒe gbɔgbɔ dzi. Ate ŋu adzɔ dzi na wo gɔ̃ hã be èka ɖe yewo dzi kakaka va gblɔ nusi dzɔ la na yewo. Lo si Yesu do le vi nudomegblẽla ŋu gblɔ be ɖekakpui aɖe yi ɖanɔ agbe gbegblẽ. Gake esi wòva ʋu eƒe nuvɔ̃ me mlɔeba la, fofoa xɔe atuu! (Luka 15:11-24) Ðikeke mele eme o be dziwòlawo akpe ɖe ŋuwò nenema ke. Ne èbu eŋu kpɔ la, wo vi lɔlɔ̃a ko nèganye.

Nyateƒee, ɖewohĩ àvɔ̃ be ate ɖe dziwòlawo dzi. Gake menye nuvɔ̃meʋuʋu lae ate ɖe dziwòlawo dzi o; nuvɔ̃ la wɔwɔe ate ɖe wo dzi! Emeʋuʋue nye nu gbãtɔ si nàwɔ woƒe dzi nafa vie. Ann si míeyɔ va yi la gblɔe na edzilawo eye emegbe eƒe dzi dze eme nyuie.b

Gake nu bubu si hã na emeʋuʋu sesẽnae nye ŋukpe kple tɔtɔ. Menye agbalẽŋlɔla nuteƒewɔla Ezra ŋutɔe wɔ nuvɔ̃awo o, gake esi wònɔ nɔvia Yudatɔwo ƒe nuvɔ̃wo me ʋum la, egblɔ be: “Nye Mawu, ŋu le kpeyem ŋutɔ, be mawu mo dzi na wò.” (Ezra 9:6) Le nyateƒe me ne èwɔ nu gbegblẽ la, esɔ be ŋu nakpe wò. Efia be wò dzitsinya gale dɔ wɔm. Eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ŋukpe ƒe seselelãme mawo nu ayi. Ale Andrew gblɔe enye si: “Nuvɔ̃meʋuʋu sesẽ hetena ɖe ame dzi ale gbegbe. Gake nyanya be Yehowa atsɔe ake geɖe la nana gbɔdzɔe ame.”

Egbɔgblɔ na Hamemegãwo

Ne Kristotɔe nènye la, ke egbɔgblɔ na dziwòlawo ɖeɖe metɔ ɖe afima o. Andrew gblɔ be: “Menya be ele be magblɔe na hamemegãwo. Nyanya be ɖe woli be woakpe ɖe mía ŋu na gbɔdzɔe geɖem!” Ẽ, sɔhɛ Yehowa Ðasefowo ate ŋu ayi hamemegãwo gbɔ eye ele be woayi aɖaxɔ kpekpeɖeŋu kple dzideƒo. Gake nukata màdo gbe ɖa na Yehowa ko wòatɔ ɖe afima o? Elabena Yehowa da agba ɖe hamemegãwo dzi be ‘woadzɔ miaƒe luʋɔwo ŋu.’ (Hebritɔwo 13:17) Woate ŋu akpe ɖe ŋuwò be màgawɔ nuvɔ̃ ake o.—Tsɔe sɔ kple Yakobo 5:14-16.

Mègable ɖokuiwò ahasusu be yeate ŋu akpe ɖe ye ɖokui ŋu o. Ðe ŋusẽ le ŋuwò nàte ŋu awɔe la, anye ne àva wɔ nuvɔ̃a? Eme kɔ be ehiã be ame aɖe nakpe ɖe ŋuwò. Andrew do dzi wɔe nenema. Aɖaŋu kae wòɖo? “Mele dzi dem ƒo na amesiame si wɔ nuvɔ̃ gã aɖe alo amesi wokplɔ de nuvɔ̃ gã aɖe me be wòaʋu eƒe dzime na Yehowa kple eƒe alẽkplɔlawo dometɔ ɖeka.”

Gake aleke tututu nàwɔ ate ɖe hamemegã aɖe ŋu? Tia wo dometɔ ɖeka si nète ŋu ɖoa dze kple faa. Àte ŋu adze nya la gɔme be: “Medi be magblɔ nya aɖe na wò” alo “nane le fu ɖem nam” alo “nane le fu ɖem nam eye medi be nàkpe ɖe ŋunye.” Nyateƒetoto kple nya la katã gbɔgblɔ ana wò dzimetɔtrɔ kple didi be yeawɔ tɔtrɔ nadze ƒã.

‘Mele Vɔvɔ̃m be Woaɖem le Ha Me’

Ðe mate ŋu adzɔ nenema oa? Ele eme be ne ame wɔ nuvɔ̃ gã aɖe la, woate ŋu aɖee le ha me, gake menye ɣesiaɣi o. Amesiwo gbe dzimetɔtrɔe woɖena le ha me—amesiwo sẽ dzime gbe tɔtrɔ. Lododowo 28:13 gblɔ be: “Amesi tsɔ nu tsyɔ eƒe vodada dzi la, madze edzi nɛ o; ke amesi ʋu eme, eye wòdzudzɔe la, woave enu.” Esi nèyi hamemegãwo gbɔ be woakpe ɖe ye ŋu la fia be èdi be yeawɔ tɔtrɔ. Hamemegãwo ƒe dɔ vevitɔe nye gbedada, ke menye tohehe o. Wobia tso wo si be woawɔ nu kple Mawu ƒe amewo le tufafa kple bubu me. Wodi be yewoakpe ɖe ŋuwò ‘nàɖe mɔ dzɔdzɔewo na wò afɔwo.’—Hebritɔwo 12:13.

Gake ne enye amebeble alo nuvɔ̃ gã si wowɔ atraɖii ɣeyiɣi didi la, ke ɖewohĩ “dɔ, siwo dze dzimetɔtrɔ” ƒe kpeɖodzi vavã aɖeke medze o. (Dɔwɔwɔwo 26:20) Woɖea ame le ha me ɣeaɖewoɣi. Eye ne nuvɔ̃wɔla la trɔ dzime hã la, se li be hamemegãwo nahe to aɖe nɛ. Ðe wòle be nàdo dziku alo abi dzi ɖe nyametsotso si woawɔ ŋua? Paulo xlɔ̃ nu le Hebritɔwo 12:5, 6 be: “Vinye, megado vlo [Yehowa, NW] ƒe tohehe o, eye dzi nagaɖe le ƒowò, ne eka ŋku me na wò o; elabena amesi ke [Yehowa, NW] lɔ̃na la, eya wòhea to na, eye wòƒoa vi sia vi, si wòxɔna la, kple atam.” Aleke wohe toe na wò o, tsɔe be enye kpeɖodzi be Mawu lɔ̃ ye. Ðo ŋku edzi be dzimetɔtrɔ vavãtɔ ana mia kple mía Fofo Yehowa Mawu nublanuikpɔla la dome naganyo nyuie.

Ebia be nàdo dzi hafi ate ŋu alɔ̃ ɖe wò vodadawo dzi. Gake ne èwɔe nenema la, menye mia kple dziwòlawo dome koe nàdzra ɖo o, ke adzra mia kple Yehowa Mawu ŋutɔ hã dome ɖo. Mègana vɔvɔ̃, dada, alo ŋukpe nawɔe be nàgbe kpekpeɖeŋu xɔxɔ o. Ðo ŋku nya sia dzi: Yehowa “[tsɔa] nuvɔ̃ kena geɖe.”—Yesaya 55:7.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

b Kpɔ agbalẽ si nye Questions Young People Ask—Answers That Work si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta la ƒe ta 2 hena numeɖeɖewo le alesi nàgblɔe na dziwòlawo ŋu.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 16]

‘Mele dzi dem ƒo na amesiwo katã wɔ nuvɔ̃ be woaʋu woƒe dzime na Yehowa.’—Andrew

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Nuvɔ̃meʋuʋu na dziwòlawo ate ŋu ana nàhaya le gbɔgbɔ me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe