Kpɔ Wò To ta!
NUMEKUKU si wowɔ le sɔhɛ 400 ŋu le France nyitsɔ laa ɖee fia be wo dometɔ 1 le 5 ɖesiaɖe me megasea nu nyuie o. Numekuku ma tɔgbe si wowɔ ƒe ewo do ŋgɔ ɖee fia be sɔhɛ 1 koe mesea nu nyuie o le wo dometɔ 10 ɖesiaɖe me. France Dukɔ ƒe Sewɔha me tɔwo tso ɖe sɔhɛwo ƒe tokuku ƒe dzidziɖedzi wɔnublanui sia ŋu le ƒe sia ƒe gɔmedzedze me eye woɖoe be yewoana gbeɖiɖi si tsoa haƒomɔ̃wo me naɖiɖi va decibel 100.
Wobui be gbeɖiɖi sesẽ si tsoa haƒomɔ̃ka si wodea to me koŋ gbɔe tokuku sia tso. Jean-Pierre Cave si wɔa dɔ le ame ƒe to ŋu gblɔ be gbeɖiɖi si sẽ wu decibel 100 ate ŋu ana to naku keŋkeŋ le gaƒoƒo ʋee aɖewo ko megbe. Ne gbeɖiɖia nu sẽ wu decibel 115 la, aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo koe wòxɔna hafi to kuna na ame. FNAC, si nye Franseawo ƒe elektrikmɔ̃dzraƒe deŋgɔ aɖe la gblɔ be, gbeɖiɖi si tsoa haƒomɔ̃ siwo yewodzrana ƒe akpa gãtɔ me nu sẽ wu decibel 100. Haƒomɔ̃ aɖewo ɖina dea decibel 126, si ƒe ŋusẽ nye decibel 100 ƒe teƒe 400 sɔŋ!
Franseawo ƒe nuseseŋutinunyala Christian Meyer-Bisch gblɔ be rock-fefewo ate ŋu agblẽ nu le sɔhɛ geɖe wu ŋu wu haƒomɔ̃wo gɔ̃ hã. Le nyateƒe me la, amesiwo dea rock-fefewɔƒewo edziedzi ƒe tokuku gagblẽ kura wu ne wotsɔ wo sɔ kple ƒe 18 vi sesẽwo tɔ. Mewɔ nuku o be France Dukɔ ƒe Sewɔha la me tɔ Jean-François Mattei xlɔ̃ nu be: “Míele tokunɔwo dzim.”
Eyata be nàte ŋu akpɔ wò to ta la, lé ŋku ɖe gbeɖiɖia ŋu!