INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g97 11/8 axa 5-10
  • Toɣliɖeɖe Nusi Nàte Ŋu Awɔ le Eŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Toɣliɖeɖe Nusi Nàte Ŋu Awɔ le Eŋu
  • Nyɔ!—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nukae Nye Toɣliɖeɖe ƒe Amenuɖiaɖia?
  • Nusiwo Toliɖeɖe Gblẽna
  • Nusi Nàte Ŋu Awɔ
  • Alesi Nàwɔ Toɣliɖeɖe Maɖe Fu na Wò O
  • Toɣliɖeɖe Egbegbe Amenuɖianu Aɖee
    Nyɔ!—1997
  • Ŋutifafa Kple Tomefafa Ava Gbaɖegbea?
    Nyɔ!—1997
  • Kpɔ Wò To Ta!
    Nyɔ!—2002
  • Wole Lalam Le Yerusalem
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1997
g97 11/8 axa 5-10

Toɣliɖeɖe Nusi Nàte Ŋu Awɔ le Eŋu

LE ŊKEKEA ƒe hloloetsotso megbe la, èyi alɔ̃ me ʋĩ. Kasia ko avu siwo le nutoa me ƒe wowo nyɔ wò. Èle totrom le abaa dzi kple susu be madidi hafi woƒe wowo vetomenamea nadzudzɔ o. Gake edzi ko wole. Avuawo gbe be yewomadzudzɔ wowo o. Esi dzi ku wò eye alɔ̃madɔmadɔa te ɖe dziwò la, èbia ɖokuiwò se be ɖe mele tome vem na yeƒe aƒelikawo o hã.

Amesiame kple alesi wòte ŋu nɔa te ɖe toɣli nue. Yameʋuwo ƒe aƒadodo maɖe fu na yameʋudzeƒedɔwɔla siwo gogo yameʋudzeƒea ade amesiwo ƒe dɔ medo ƒome kple yameʋuwo la nu o. Elektrik nuɖamɔ̃ ƒe toɣliɖeɖe maɖe fu na nyɔnu aƒedzikpɔla ade amesi ƒe xɔ le etɔ ŋu si di be yeaxlẽ agbalẽ alo yeakpɔ television nu o.

Nukae Nye Toɣliɖeɖe ƒe Amenuɖiaɖia?

Nusi dukɔ vovovowo buna be enye toɣliɖeɖe ƒe amenuɖiaɖia to vovo tso wo nɔewo gbɔ. Le Mexico la, wogblɔ be toɣliɖeɖee nye “gbeɖiɖi ɖesiaɖe si aɖia ame nu alo agblẽ nu le amewo ŋu.” New Zealand bua toɣliɖeɖe be egbɔ eme ne “eɖea fu na ame ƒe ŋutifafa, dzidzeme, kple dziɖeɖi.”

Dzɔdzɔmeŋutinunyala xɔŋkɔ eve siwo nye Alexander Graham Bell, amesi to telefon vɛ, kple Heinrich Hertz, Germanytɔ dzɔdzɔmeŋusẽŋununyala aɖe, ye nye amesiwo to nusi wotsɔna dzidzea gbeɖiɖii la vɛ. Wotsɔa bel, alo esi bɔ wue nye decibel (bel ƒe akpa ewoɣlia), dzidzea gbeɖiɖia ƒe lolome, eye wotsɔa hertz dzidzea eƒe dziyiyi alo bɔbɔɖeanyii. Ne wodzidze gbeɖiɖi la, zi geɖe wolɔ̃a decibel si wòɖo la yɔyɔ.a

Gake amekae agblɔ gbeɖiɖi agbɔsɔsɔme si aɖia ame nu? Wò amesi le esem ye! London ƒe The Independent gblɔ be, “amegbetɔ ƒe to gakpɔtɔ nye toɣliɖeɖe dzidzenu nyuitɔ kekeake.”

Nusiwo Toliɖeɖe Gblẽna

Esi wònye toe nye toɣliɖeɖe “dzidzenu nyuitɔ” ta la, eme kɔ be eyae nye ŋutinu si ŋu wòagblẽa nu le wu. Ne nu gblẽ le to ƒe ŋutinu vevi siwo le ame ƒe tago me ŋu la, ate ŋu ana ame ƒe to natsi kura. Nyateƒee, nusi nye gbeɖiɖi sesẽ si aɖe fu na ame aɖe la maɖe fu na ame bubu o. Gake ne èsea gbeɖiɖi siwo ƒe sesẽme de decibel 80 va ɖo 90 la, ate ŋu anɔ nu gblẽm le wò to ŋu vivivi. Le nyateƒe me, ne gbeɖiɖia sẽ la, nenemae ɣeyiɣi si nàtsɔ asee gbesiagbe hafi wòagblẽ nu le wò to ŋui hã dzi aɖe akpɔtɔe.

New Scientist magazine ka nya ta be kotokumekasɛtƒomɔ̃ siwo wodzrana le France dometɔ geɖe ƒe gbeɖiɖi te ŋu ɖoa decibel 113. Egblɔ le numekuku aɖe ŋu be “ne woʋu compact disc ƒomɔ̃wo woɖo woƒe ɖiɖi ƒe seƒe ke tsɔ ƒo rock hawo gaƒoƒo ɖeka la, zi geɖe la, edea dzi wu decibel 100 eye wòɖoa woƒe ɖiɖime sesẽtɔ si nyea decibel 127 lɔƒo.” Esi gagblẽa nu wu kurae nye aƒadodo si nɔa anyi le kɔnsɛt wɔɣiwo ŋutɔŋutɔ. Numekula aɖe kpɔ be amewo tege ɖe nuƒomɔ̃ siwo woda ɖe wo nɔewo dzi gbɔ nusi gblẽm wòle le wo ŋu la ŋu mabumabui. Egblɔ be: “Nye ŋkume nɔ tsyɔtsyɔm, menɔ gbegãƒomɔ̃wo ƒe ɖiɖi sem le lãme dim, dim, dim, eye ɣlia nɔ tome vem nam.”

Dɔ kae ɣli ate ŋu awɔ ɖe dziwò? Agbalẽ aɖe gblɔ be: “Ɣli si mesẽ akpa o va ɖo esiwo sẽ dzi sese ɣesiaɣi naa nu tena ɖe ame dzi, ɖeɖi tea ame ŋu, eye dzi kua ame kabakaba.” Nufialagã Gerald Fleischer si le Giessen Yunivɛsiti le Germany gblɔ be: “Menye dzidzɔ me koe toɣliɖeɖe gblẽna na ame o, ate ŋu ate ɖeɖi ŋuwò eye wòana nu nate ɖe dziwò hã.” Nufialagã Makis Tsapogas gblɔ be ne toɣliɖeɖe hã gava kpe nuteɖeamedzi bubuwo la, ate ŋu ana woalé blanui ahadze lãmedɔ bubuwo hã.

Ne èle teƒe si toɣliɖeɖe le ɣeyiɣi didi la, ate ŋu agblẽ nu le wò amenyenye hã ŋu. Esi Britain-dziɖuɖua ƒe numekulawo bia gbe amesiwo wonɔa toɣli ɖemee be aleke wosena le wo ɖokui me ɖe toɣliɖelawo ŋu hã la, woyɔ fuléle wo, hlɔ̃biabia alo wo wuwu gɔ̃ hã. Le go bubu me la, toɣliɖelawo lɔ̃a dzikudodo ne wonaa nutsotso le wo ŋu enuenu. Amesiwo dea dzi ƒo na amewo be woagaɖe toɣli o dometɔ aɖe gblɔ be: “Toɣliɖeɖe ɖea amewo ƒe ɖokuitɔmadimadilɔlɔ̃ dzi kpɔtɔna eye wòdea akpasesẽnuwɔwɔ kple fuléle ame me.”

Amesiwo toɣliɖeɖe ɖe fu na ƒe akpa gãtɔ kpɔ be alesi yewote ŋu nɔa te ɖe fuɖenamenua nu la dzi le ɖeɖem kpɔtɔ. Woƒe seselelãme sɔ kple nyɔnu aɖe si ƒe aƒelika toɣliɖeamelawo nɔa ha sesẽ ƒoƒo dzi la tɔ esi wògblɔ be: “Ne wòzu dzizizi na wò be nàse nane si mèdi be yease o la, agblẽ nu le wò lãmesẽ ŋu. . . . Ne wodzudzɔ toɣliɖeɖea hã la, míeganɔa mɔ kpɔm be woagadze egɔme ake.”

Ekema ɖe naneke meli nàwɔ le toɣliɖeɖe ƒe fuɖeɖe na wò ŋu oa?

Nusi Nàte Ŋu Awɔ

Esi toɣliɖeɖe bɔ alea gbegbe ta la, ame geɖe meganyana be yewole ame bubuwo nu ɖiam o. Ne ɖe wonya la, anye ne ame aɖewo adzudzɔ agɔdzedze le amewo dzi alea. Le susu sia ta aƒelika si ɖea toɣli ame gbɔ yiyi le xɔlɔ̃wɔwɔmɔ nu ate ŋu aɖe vi ɖo. Dzi ku ame aɖe be yeƒe aƒelika va tso ye nu na setɔwo be yeɖea toɣli. Egblɔ be: “Mesusui be ele be woava gbɔnye míado go ŋkume kple ŋkume ne nye toɣliɖeɖe le wo nu ɖiam.” Vidada aɖe si ɖo kplɔ̃ na ɖevi sue aɖewo la tsi yaa esi setɔ aɖe va be yeaku nusita wotso enu be ele toɣli ɖem la me. Vidadaa gblɔ be: “Anye ne adzɔ dzi nam ne ɖe amesiwo na nutsotsoa va ƒo ʋɔ nam hegblɔe nam ne ele fu ɖem na wo.” Eyata mewɔ nuku o be ewɔ mo yaa na Britain-dukɔa ƒe nutome lãmesẽdzikpɔla aɖe be wòakpɔ be amesiwo nɔa nutsotso nam tso aƒeme toɣliɖeɖe ŋu dometɔ 80 le alafa me mete ɖe woƒe aƒelikawo ŋu kpɔ be woagblɔ na wo be woaɖe toɣliɖeɖe dzi akpɔtɔ o.

Amewo ƒe madimadi be yewoaƒo nu na aƒelika siwo ɖea toɣli wo o la fia bubumademade ame nɔewo ŋu. Ŋuɖoɖo si wokpɔa mɔ na eye wolɔ̃a sese hãe nye: ‘Ne medi be maƒo nye ha la, mate ŋu aƒoe faa. Mekpɔ mɔ aƒoe!’ Wovɔ̃na be biabia tso aƒelika si ɖea toɣlia gbɔ dɔmefafatɔe be wòabɔbɔ gbe vie ate ŋu ana yewoakpe dzre elabena agblɔ be meka ye o. Nɔnɔme wɔnublanui kae nye si woɖena fiana egbea! Aleke gbegbe wòɖi nya si Biblia gblɔ be le ‘ŋkeke mamlɛ siwo me nɔnɔ asesẽ’ siawo me la, ame akpa gãtɔ anye ‘ɖokuilɔ̃lawo, dadalawo, ame wɔadãwo, kple tamesesẽtɔwo’ enye esi!—Timoteo II, 3:1-4.

Nya la ƒe akpa gãtɔ ku ɖe alesi amesi wole toɣlia ɖemee yi toɣliɖelaa gbɔe ŋu. Woman’s Weekly magazine ɖo aɖaŋu si gbɔna tso alesi woakpɔ nyawo gbɔe ne wona nutsotso si ve dɔme na vodala la be: “Le xɔlɔ̃wɔwɔ kple nugɔmesese na ame nɔewo ƒe mɔ nu la, ɖewohĩ nya si nàgblɔ bene ɖekawɔwɔ nagaɖo mia kple aƒelika si kpɔ dziku domee nye be, ‘Meɖe kuku—megave wò be mebi dzi o, gake ne nyemete ŋu dɔ alɔ̃ o la, enaa nu tia kɔ nam ale gbegbe.’” Ðewohĩ dzidzɔtɔe la, woahe nuƒomɔ̃a ɖe megbe tso glia ŋu, eye wòalé mɔ̃ nɛ ale be aƒadodoa dzi aɖe akpɔtɔ vie.

Le nyateƒe me la, viɖe le eme be nàna mia kple wò aƒelikawo dome nanɔ nyuie. Dziɖuɖumegã aɖewo wɔa ɖoɖo be woadzra aƒelika siwo dome megale nyuie o ɖo. Esi wònye nya tsɔtsɔ yi na setɔwo hea fuléle dea amewo dome ta la, ele be woabui ne “naneke kurakura maganya wɔ le eŋu o” ko hafi woayi setɔwo gbɔ.

Ne èdi be yeaʋu ayi aƒe yeye aɖe me la, nunya anɔ eme be nàlé ŋku ɖe alesi wòate ŋu adzɔe be woaɖe toɣli wò ŋu do ŋgɔ hafi nàtso nya me mamlɛtɔ. Xɔdinamelawo kafui be nàyi aƒe si me nèdi be yeaʋu ayi la me ɣeyiɣi vovovowo le ŋkekea me be nàlé ŋku ɖe alesi toɣliɖeɖe anɔ le afima ŋu. Àte ŋu abia aƒelikawo ase. Ne le wò ʋuʋu yi aƒe yeyea me vɔ megbe èva do go kuxiwo la, dze agbagba nàkpɔ egbɔ xɔlɔ̃wɔwɔtɔe. Fuléle koe nyahehe hena vɛ zi geɖe.

Gake ne nuto si me toɣliɖeɖe le ye nèle eye ŋutete mele ŋuwò be nàʋu ayi teƒe bubu o hã ɖe? Ðe wòfia be fua kpekpe dzi ko nànɔ ɖaa? Mefia nenema kokoko o.

Alesi Nàwɔ Toɣliɖeɖe Maɖe Fu na Wò O

Bu nusi nàte ŋu awɔ be toɣliɖeɖe si tsoa gbɔme magaɖe fu na wò o ŋu. Lé ŋku ɖe gliawo kple ʋɔtrua te ŋu be ɖe do aɖewo li siwo wòle be nàxe hã. Lé ŋku ɖe elektrikdo siwo me wodea kae ƒe nɔƒewo koŋ ŋu. Ðe woxe wo nyuiea?

Ʋɔtruwo kple fesrewo nu koŋ ye toɣliɖeɖe tona gena ɖe aƒeme. Ne ègade ahuhɔ̃e bubu fesrea me (wònye ahuhɔ̃e eve) la, ate ŋu ana toɣliɖeɖea dzi naɖe akpɔtɔ. Kura ne èdi nane, abe fom falɛ aɖe ene, tsɔ xe ʋɔtrua te ha ana wòatu nyuie. Ðewohĩ ne ètu xɔvi alo akpata aɖe ɖe wò xɔa ŋu eye ʋɔtru le eŋu nètuna la, ʋuwo ƒe toɣliɖeɖe mage ɖe nɔwòƒe o.

Togbɔ be ʋuwo ƒe toɣliɖeɖe le dzidzim ɖe edzi kabakaba hã la, ʋuwɔlawo le agbagbadzedze dzi be yewoazã ʋuwɔnu kple ʋuwɔwɔmɔnu yeye siwo aɖe ʋua ƒe ɣlidodo dzi akpɔtɔ le wò ʋu me. Lɔrifɔti siwo medoa ɣli akpa o zazã na wò ʋu ate ŋu ade dziwò. Le dukɔ geɖe me la, wodo mɔdodo ƒomevi vovovowo kpɔ eye wote ŋu do “kɔnkrit mɔ maɖetoɣli si dzi kpekuiawo dometɔ aɖewo nɔa dzedzem le ale be afɔti bliboa mekaa anyi o.” Wogblɔ be ne ʋu le zɔzɔm le mɔ siawo dzi la, ete ŋu ɖea eƒe ɖiɖi dzi kpɔtɔna decibel ɖeka na ʋu viwo, decibel eve na ʋu gãwo. Togbɔ be madze nu boo aɖekee o hã la, ne ʋuwo ƒe zɔzɔ ƒe toɣliɖeɖe dzi ɖe kpɔtɔ decibel etɔ̃ la, ede sɔsɔ ge kple toɣliɖeɖea ƒe afã ɖeɖe le edzi!

Fifia mɔdolawo doa dometsonu alo kpo ɖe woƒe mɔdodowo to, eye esia ɖea ʋu ƒe zɔzɔ ƒe ɖiɖi dzi kpɔtɔna ŋutɔ. Le afisiwo teƒe meli na esia wɔwɔ o gɔ̃ hã la, kpɔtɔtɔ siwo ŋu wotrɔ asi le etɔxɛe, abe esi le London ƒe ɣedzeƒe si wolɔ̃ ati fẽ aɖewo tsɔ tɔ kpɔe de seƒoƒo alo ati malũxewo me la ɖea toɣliɖeɖe dzi kpɔtɔna na amesiwo ƒe aƒe gogo mɔto.

Gbeɖiɖi si tsaka—abe yaƒoƒo ŋutɔ alo ya si woana wòanɔ ƒoƒom sesĩe abe esi atso yagbɔmɔ̃ me tɔ ene—tsɔtsɔ xe mɔe na gbeɖiɖi si le toɣli ɖem ame ate ŋu aɖe vi le teƒe aɖewo, abe le dɔwɔƒewo ene.b Le Japan la, woto saŋku siwo ƒe ƒoƒo meɖina le gota o vɛ. Ne woƒoe la, saŋkuƒonua ƒe aɖe meva ƒoa saŋkuka la o ke boŋ enaa elektrik teƒe aɖe ɖina le eƒola ƒe nyasemɔ̃ si wodea tome la me.

Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo zã ɣeyiɣi gbogbo aɖe tsɔ ku nu mee le nusi aɖe nuwo ƒe aƒadodo dzi akpɔtɔ wɔwɔ ŋu. Kpuie ko la, nusi wowɔnae nye be wozãa gbeɖiɖidzɔtsoƒe ƒomevi bubu si ƒe ɖiɖi ɖua nusi le aƒa dom la ƒe ɖiɖi dzi. Le nyateƒe me la, efia be woagazã dɔwɔnu bubuwo eye wòadzi gazazã ɖe edzi gake meɖea nusi koŋ le kuxia hem vɛ ya ɖa o. U.S.News & World Report gblɔ be: “Vaseɖe esime amewo nava nɔ toɣliɖeɖe bum be enye amenuɖianu le gbeɖiɖi me la, ɖewohĩ nu bubu si aɖu toɣliɖeɖe dzi koe ate ŋu ana míaƒe tome nafa vie.” Ate ŋu anɔ eme nenema, gake ɖoɖoezizie nye nusi axe mɔ ɖe toɣliɖeɖe ƒe nuɖianunyenye nua?

Ðe mɔkpɔkpɔ ŋutɔŋutɔ aɖe li be wò aƒeme kple nuto si me nèle anye ŋutifafa kple tomefafa nɔƒea? Wogblɔ mɔkpɔkpɔ ŋutɔŋutɔ aɖe si li ŋu nya ɖe míaƒe nyati si kplɔe ɖo me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Zi geɖe la, wozãa dzidzenu si fiaa gbeɖiɖia ƒe dziyiyi le decibel me. Esi gbeɖiɖi aɖewo sẽna wu le to me na ame ta la, wowɔ edzidzenua hã ɖe eŋu nenema.

b Abe alesi kekeli si le ɣie nye keklẽ vovovo ƒe tsakatsaka kple wo nɔewo ene la, gbeɖiɖi si tsaka hã nye gbeɖiɖi hamehame siwo nyo na to ƒe tsakatsaka, nenye be womesẽ boo wu wo nɔewo o.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 6]

Alesi Nàwɔ be Mànye Toɣliɖela O

● Bu wò aƒelikawo ŋu ne èle nane si aɖe toɣli ame wɔm, eye nàna woanya do ŋgɔ.

● Ne wò aƒelika gblɔ na wò be èle toɣli ɖem ye la, xɔe nɛ.

● Nyae be mele be wò dzidzɔkpɔkpɔ nazu vevesese na wò aƒelikawo o.

● Ðo ŋku edzi be gbeɖiɖi kple nuwo ƒe ʋaʋã te ŋu toa xɔwo me kple anyigba bɔbɔe.

● Da aƒemedɔwɔnu siwo ɖea toɣli ɖe nane dzi hafi nàzã.

● Kpɔ egbɔ be ame aɖe li woayɔ wòava tsi nyanyananakpẽ siwo aɖi vodadatɔe le aƒewò alo ʋuwò me.

● Mègawɔ dɔ siwo aɖe toɣli ame alo nàzã aƒemenuzazã siwo ɖea toɣli ne zã tsi o.

● Mègaƒo ha eƒe sesẽme nado dziku na wò aƒelikawo o.

● Mègagblẽ avuwo ɖeɖe ɖi eteƒe nadidi o.

● Mègaɖe mɔ na ɖeviwo woanɔ dzodzom le dziƒoxɔ dzi atsɔ nɔ fu ɖem na amesiwo le dzisasrã ete tɔ dzi o.

● Mègaku ʋu ƒe kpẽ, atu ʋɔ gbla, alo ate afɔ ɖe ʋu ƒe dzo dzi wòanɔ aƒa dom ne zã do o.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 7]

Toɣliɖeɖe Kple Nusi Wòwɔna Wò

The Times gblɔ be “toɣlie nye mɔ̃ɖaŋu me fɔku si bɔ ɖe Britain wu eye totsitsie nye emetsonu si bɔ.” Numekuku aɖewo siwo wowɔ le alesi amewo ƒe dɔwɔɖui kpɔa ŋusẽ ɖe woƒe lãmesẽ dzii ŋu fia be ɣli siwo sẽ wu decibel 85 ate ŋu agblẽ nu le fugboe ŋu. Egblẽa nu le ɖevia ƒe nusese ŋu, eye wòate ŋu aɖe fu na eƒe lãmetsiŋusẽ eye ate ŋu azu nuwɔametɔ hã.

Ɣli sesẽwo sese naa ame ƒe ʋuka me miana eye wònaa ʋu agbɔsɔsɔme si sina yia ŋutinu veviwo me dzi ɖena kpɔtɔna. Ne edzɔ alea la, wò ŋutilã hã tua lãmetsiŋusẽ siwo naa ʋua dina be yeasi kabakaba ɖe wò lãme eye wòdzia wò dzi ƒe tsotso ɖe edzi, si nana ɣeaɖewoɣi be ame ƒe dzi tsona alo enaa akɔtave ame.

Ne toɣliɖeɖe gblẽ wò ɖoɖowo me la, kuxi bubuwo ate ŋu atso eme ava. Ne egblẽ alɔ̃ me na wò la, ate ŋu agblẽ dɔ si nàwɔ le ŋkeke hã me. Ðewohĩ toɣliɖeɖe matrɔ alesi nèʋãna ɖe dɔ ŋui ya o, gake ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe vodada agbɔsɔsɔme si nàwɔ hã dzi.

[Box/Picture 9]

Takpɔkpɔ le Dɔwɔƒe

Ne toɣliɖeɖe zu kuxi le wò dɔ me la, ke bu alesi wòahiã be nàdo nane si akpɔ wò to ta la ŋu.* Tomexenuwo te ŋu sɔa ta na ame abe nyasemɔ̃ siwo wodea tome ene eye zi geɖe la, wonyona na afisiwo aƒadodo dea dzi le. Nusi de ame dzi le wo ŋue nye be àte ŋu ase nya siwo woagblɔ na wò kpakple mɔ̃ ƒe nyanyananaɣliwo, togbɔ be woana be wòasesẽ na wò be nànya afisi tututu gbeɖiɖia tso hã. Ele be tomexenu siwo wodea tome la ƒe lolome nanye esi asɔ na wò eye ne todɔ aɖe le ŋuwò alo tome fiena wò la, ke womenyo na wò o.

Beléle na mɔ̃wo ate ŋu aɖe woƒe ɣlidodo dzi akpɔtɔ. Dɔwɔnu dada ɖe aŋe titri dzi ana maɖe toɣli ame akpa o, eye nenema ke nye mɔ̃ siwo ɖea toɣli dada ɖe teƒe si ɖe aga.

*Dukɔ aɖewo ƒe se bia be dɔtɔwo nakpɔ egbɔ be dɔwɔviwo ɖɔ nusi akpɔ woƒe to ta wòasɔ nyuie.

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Aleke nàwɔ akpɔ ɖokuiwò ta tso ɣli si tsoa ʋuwo zazã me la me?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe