INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g97 4/8 axa 3
  • Alesi Míelɔ̃a Abɔe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Alesi Míelɔ̃a Abɔe
  • Nyɔ!—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Abɔwo Ate Ŋu Ade Ame ƒe Lãmesẽ Dzi
  • Ŋkuléle Ðe Abɔ Xɔŋkɔ Aɖewo Ŋu
    Nyɔ!—1997
  • Nuɖuɖu tso Wò Ŋutɔ Wò Abɔ Me
    Nyɔ!—2003
  • Abɔ Nyui Aɖe
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Ðe Eden Bɔa Nɔ Anyi Kpɔ Vavã?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1997
g97 4/8 axa 3

Alesi Míelɔ̃a Abɔe

ÐE TOMEFAFA si nɔa abɔ dzeaniwo me dzroa wò eye nèdina be yeanɔ afima avo tso toɣliɖeɖe kple agbe me dzitsitsiwo mea? Ðe modzakaɖebɔ siwo me tomefafa le kple gbe siwo wodo ɖe afimawo, wo me seƒoƒowo, ati dovɔvɔliwo, kple tsitawo nye teƒe si nèdina be mia kple wò ƒomea mianɔ aɖu nu ne mieɖi tsa alo afisi mia kple xɔ̃wò aɖe miaɖi tsa lea? Ẽ, aleke gbegbe abɔ faa dzi na ame, dea agbe yeye lãme na ame, naa dziɖeɖi, eye wògadaa gbe le ame ŋui hã enye esi!

Togbɔ be ame aɖewo mado vivi ɖe abɔtsotso ŋu o, ɖewohĩ le ɣeyiɣi manɔanyi ta hã la, amadede siwo nɔa abɔwo me, woƒe ʋeʋẽ lililiwo, gbeɖiɖiwo, kple wo me tikutsetsewo dzɔa dzi na mí katã. Thomas Jefferson—xɔtuɖaŋunyala, dzɔdzɔmeŋutinunyala, senyala, nutovɛla, kple United States ƒe dukplɔla la—lɔ̃ abɔwo. Eŋlɔ be: “Dɔ aɖeke medoa dzidzɔ nam alea gbegbe abe anyigba la dzadzraɖo ene o. . . . Nye dzi gale abɔtsotso ŋu kokoko. Gake togbɔ be mezu ame tsitsi hã la, abɔtsola ɖekakpui dzaa koe menye.”

Ame geɖe lɔ̃ ɖe eƒe nya la dzi. Ƒe sia ƒe la, tsaɖila miliɔn geɖewo dea abɔ xɔŋkɔ siwo le xexeame la me bibibi—Kew Bɔwo (Fiaƒome ƒe Numiemiebɔwo), le England; abɔ siwo le Kyoto, Japan; Versailles ƒe Fiasãbɔwo, le France; Longwood Bɔwo, le Pennsylvania, U.S.A., nye wo dometɔ ʋee aɖewo ko. Le dukɔ geɖe me hã, dugã aɖewo ƒe teƒe aɖewo li siwo wotso aƒewo ɖe mɔ siwo to wodo atiwo ɖo dzi, eye wodo gbekawo, atiwo, kple seƒoƒo dama hamehame ƒo xlã woe—ɖeko wòɖi paradiso sue aɖe.

Abɔwo Ate Ŋu Ade Ame ƒe Lãmesẽ Dzi

Wode dzesii be ne amewo na dzɔdzɔmenuwo ƒo xlã wo la, ate ŋu ana woƒe lãme nasẽ wu, togbɔ be wo domenɔnɔe nye be woakpɔ seƒoƒowo, atiwo, gbekawo, kple xeviwo to fesre nu ko hã. Esia na New York City la ƒe kɔdzi aɖe wɔ abɔ ɖe eƒe kɔdzixɔwo tame. Kɔa dzi dɔwɔla aɖe gblɔ be: “Wodoa vivi ɖe eŋu ŋutɔ. Enye dzideƒonu na dɔnɔwo kple dɔwɔlawo siaa. . . . Míekpɔ be ate ŋu ada dɔ le ame ŋu ŋutɔ.” Le nyateƒe me, numekukuwo fia be ate ŋu aɖe vi na amewo ƒe ŋutilã, susu, kple seselelãme ne wokpɔa dzidzɔ ɖe dzɔdzɔmenuwo ŋu.

Tsɔ kpe ɖe eŋu la, amesi doa vivi ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu ase le eɖokui me be ye kple Mawu dome le kplikplikpli wu ne ele Eƒe asinudɔwɔwɔwo dome. Míate ŋu ado afɔ na abɔ ƒe nɔnɔme ƒe akpa sia ayi ɖe Eden Bɔ si nye anyigbadzibɔ gbãtɔ la gbɔ, afisi Mawu ƒo nu na ame le zi gbãtɔ.—Mose I, 2:15-17; 3:8.

Wolɔ̃a abɔwo le xexeame katã. Eye gɔmesese vevi aɖe le nusia ŋu, abe alesi míava kpɔe ene. Gake hafi míadzro nya la ƒe akpa ma me la, míele kpewòm be “nàɖi tsa” le abɔ siwo nɔ anyi le ŋutinya me dometɔ ʋee aɖewo me akpɔ alesi gbegbe didi vevie be woanɔ Paradiso me nu sẽ le amewo katã mee ɖa.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe