Ŋkuléle Ðe Abɔ Xɔŋkɔ Aɖewo Ŋu
AMEGBETƆ ƒe nunyanya tso Paradiso ŋu dze egɔme le abɔ aɖe si le nuto si woyɔna be Eden me, si anya te ɖe Van-ta si le egbe Turkey la ŋu. Tɔsisi aɖe si dze ɖe alɔ ene me de tsi abɔa na Adam kple Xawa, amesiwo wode dɔ asi na be ‘woaŋlɔ eme eye woakpɔ edzi.’ Dzidzɔ kae nye si wòanye be woakpɔ abɔ si me “ati vovovo, siwo nya kpɔna, siwo ƒe tsetse nyo na ɖuɖu” bɔ ɖo la dzi!—Mose I, 2:8-15.
Eden nye aƒe deblibo. Wobia tso Adam kple Xawa kpakple woƒe dzidzimeviwo si be woakeke eƒe liƒowo ɖe enu, ɖikekemanɔmee la, woakpɔ gbãtɔ deblibo dzeani si Mawu tso dzi. Ne ɣeyiɣiwo va le yiyim la, anyigba bliboa katã azu paradiso si me amewo ayɔ ɖe ɖoɖo nyui nu. Gake tomaɖomaɖonu si mía dzila gbãtɔwo ɖo wɔ la na wonyã wo le dedienɔƒe sia. Nublanuitɔe la, Eden-ƒe sia godoe wodzi amegbetɔƒomea me tɔ bubuwo katã ɖo.
Ke hã la, Paradiso mee Wɔla la ɖo be ameƒomea nanɔ. Eyata esɔ le dzɔdzɔme nu be dzidzime siwo va dzɔ emegbe natso esiwo ɖii aƒo xlã wo ɖokui.
Blemabɔ Aɖewo
Wokafu Babilon Bɔ Siwo Wotsi Ðe Yame be wonye blema xexeame ƒe nukunuwo dometɔ ɖeka. Fia Nebukadnezar ye tsoe anye ƒe 2,500 kple edzivɔe nye esia na srɔ̃a Mediatɔ si wo denyigba dzi vewo kple towo dzrona. Abɔ sia le yame tso anyigba meta 22 eye edzena abe xɔ si tame xa gobaa ene, woɖe afɔɖoƒe siwo le abe atrakpui ene ɖe eŋu eye wodo atiwo ɖe eŋu fũ, eye ke si le etame la sɔ gbɔ ati gãwo nate ŋu atsi le edzi. Tsaɖiɖi le kpo sia si le abe Eden ene dzi la afa akɔ na fiasrɔ̃ sia si aƒe nɔ dzodzrom la.
Atsyɔ̃ɖobɔwo tsotso bɔ ɖe Egipte ƒe Nil Bali wɔnu la me. The Oxford Companion to Gardens gblɔ be: “Egipte ye nàkpɔ xexeame ƒe abɔ tsitsitɔwo kekeake ƒe nɔnɔmetatawo le eye afima hãe abɔtsotso . . . si li tso gbaɖegbe ke la tso.” Tsitawo, mɔdodo siwo to wodo atiwo ɖo, kple yaxɔƒexɔwo dze le atsyɔ̃ɖobɔ la ƒe nɔnɔmetata aɖe si nye Egipte-megã aɖe si nɔ Thebes tɔ la dzi, anye ƒe 1400 D.M.Ŋ. me lɔƒoe wotae. Le fiawo ƒe abɔwo megbe la, abɔ siwo wotso ɖe gbedoxɔwo ŋue gakplɔe ɖo, eye avekɔewo, seƒoƒowo, kple gbe damawoe le wo me, eye woɖe tsimɔ tso tsitawo kple tsiteƒe siwo me tɔdzixewo, tɔmelãwo kple tɔdzigbewo le la tsɔ dea tsi woe.—Tsɔe sɔ kple Mose II, 7:19.
Persiatɔwo hã ƒe abɔtsotso de du. Persia kple Egipte bɔwo nya kpɔ ale gbegbe be esi Alexander Gãtɔ ƒe aʋakɔ siwo ɖu dukɔwo dzi trɔ gbɔ va Hela le ƒe alafa enelia D.M.Ŋ. me la, wotsɔ atikuwo, numiemiewo, kple aɖaŋu yeye hamehame gbɔ va aƒee. Aristotle kple eƒe nusrɔ̃vi Theophrastus ƒo numiemie hamehame siwo ŋu wonɔ kekem ɖo la nu ƒu eye wode numiemiebɔ aɖe, bene yewoatsɔ asrɔ̃ nu tso numiemiewo ŋui eye yewoamã wo me wo tɔ wo tɔwoe le Athens. Abɔ dzeaniwo nɔ Helatɔ kesinɔtɔ geɖe si abe Egipte kple Persia tɔ siwo do ŋgɔ na wo ene.
Roma-dugã me tɔwo tso abɔwo kpe ɖe woƒe aƒewo ŋu le du si xaxa la me. Kesinɔtɔwo tsoa vivisesebɔ dzeaniwo ɖe woƒe gbɔtoxɔ dzeaniwo ŋu. Ŋutasesẽdziɖula Nero gɔ̃ hã di be Eden nenɔ ye si, eyata etsɔ tagbɔsesẽ nyã ƒome alafa geɖe tso woƒe aƒewo me, egbã woƒe aƒewo, eye wòtso eya ŋutɔ ƒe modzakaɖebɔ si lolo wu agbleka 125 ɖe eƒe fiasã ŋu. Emegbe Romatɔwo ƒe atsyɔ̃ɖobɔwo ɖo woƒe atsyɔ̃ ƒe kɔkɔƒe kekeake le ƒe 138 M.Ŋ. me lɔƒo, esime Fiagã Hadrian tso eƒe gbɔtoƒe ɖe Tivoli. Modzakaɖebɔ, tsiƒuƒe, ta, kple tsiʋe siwo le anyigba agbleka 600 dzi la nɔ gbɔtoƒea ŋu.
Abɔwo kple modzakaɖebɔwo nɔ blema Israel-viwo hã si. Yudatɔ ŋutinyaŋlɔla Josephus ŋlɔ nu tso modzakaɖebɔ dzeani siwo me tɔsisiwo bɔ ɖo le teƒe aɖe si woyɔna be Etam, anye kilometa 13 va ɖo 16 tso Yerusalem gbɔ, la ŋu. Ðewohĩ Etam ƒe modzakaɖebɔ anɔ ‘abɔ, tsaɖiƒeve, tsita, kple ave’ siwo Biblia gblɔ be Salomo ‘wɔ na eɖokui’ la dome. (Nyagblɔla 2:5, 6) Getsemane Bɔ, si wonya nyuie le Yesu Kristo ta, la nɔ Yerusalem gbɔto pɛɛ. Yesu kpɔ afisia be enye dziɖeɖinɔƒe aɖe si wòate ŋu afia nu eƒe nusrɔ̃lawo le.—Mateo 26:36; Yohanes 18:1, 2.
Tso Arabtɔwo ƒe Abɔwo dzi Va Ðo Eŋlisiawo ƒe Abɔwo Dzi
Esi Arab-ʋakɔwo keke ta ɖo ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe le ƒe alafa adrelia M.Ŋ. me la, wova ke ɖe Persiatɔwo ƒe abɔwo ŋu, abe alesi wònɔ Alexander gome ene. (Tsɔe sɔ kple Ester 1:5.) Howard Loxton ŋlɔ be: “Arabtɔwo kpɔ be Persiatɔwo ƒe abɔwo ɖi paradiso si ƒe ŋugbe wodo na nuteƒewɔlawo le Koran me la ŋutɔ.” Tso Moortɔwo ƒe Spain va ɖo Kashmir la, tsita alo tsidziƒe si dze ɖe tɔsisi ene me nɔ Arabtɔwo ƒe abɔ titina, abe alesi wòle Persiatɔ siwo gbɔ wokpɔe le la tɔ me ene, eye esia ɖoa ŋku tɔsisi ene siwo nɔ Eden dzi na ame.
Le India ƒe dziehenutome la, ƒe alafa 17 lia me Mogul-fiawo tso paradisobɔ siwo sɔ gbɔ wu 700 ɖe Kashmir Bali dzeania me le Dal Ta la to. Woƒe amadede hamehame la dze ani ŋutɔ eye wowɔ tsidziƒe, atrakpui, kple tsitsetse alafa geɖe ɖe wo me. Nuŋɔŋlɔ gale kpe zɔzrɔ̃e yibɔ xɔ si Shah Jahan (amesi tu Taj Mahal) tu ɖe Dal Ta la to ŋu kokoko be: “Ne paradiso aɖe le anyigba dzi la, ke afisiae wòle, afisiae wòle, afisiae wòle.”
Ƒe alafa ʋee aɖewo do ŋgɔ na ema la, Europa to Titinaɣeyiɣiwo me ge ɖe ƒe alafa 14 lia ƒe Ŋkuʋuʋuɣeyiɣi me. Romatɔwo ƒe abɔtsotso si wotɔ tee esime Titinaɣeyiɣiawo dze egɔme le ƒe alafa atɔ̃lia M.Ŋ. me la gato ake—fifia ya le sɔlemeha la ƒe ŋusẽkpɔɖedzi te. Kristodukɔa bu abɔ be enye ‘ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe paradiso.’ Abɔ eve siwo ŋu woŋlɔ “Paradiso” ɖo dze le ƒe alafa asiekelia me saɖaganunɔlawo nɔƒe ƒe nɔnɔmetata aɖe me. Eteƒe medidi boo hafi wokeke Kristodukɔa ƒe abɔwo ɖe enu eye wogaɖo atsyɔ̃ na wo ɖe edzi wu o, gake le esi teƒe be woaɖe gbɔgbɔmedzidzenuwo afia la, ŋusẽ kple kesinɔnuwo ƒe dzesi koe wo dometɔ geɖe nye.
Esime Charles VIII si tso France ɖu Naples, Italy, dzi le ƒe 1495 me la, eŋlɔ ɖo ɖe aƒe be: “Abɔ nyui siwo su asinye le du sia me awɔ nuku na mi . . . Ewɔ abe Adam kple Xawa koe susɔ ne wòazu anyigba dzi paradiso ene.” Gake ne ɖe Charles nɔ anyi ɖo ƒe alafa 17 lia me la, anye ne ekpɔ abɔ gã siwo Fia Louis XIV tso la le Franseawo ƒe anyigba dzi. Agbalẽ si nye The Garden gblɔ be “abɔ siwo le” Versailles Fiasã me la “agate ŋu anye abɔ siwo lolo wu kple esiwo woɖo atsyɔ̃ na wu le xexeame katã vaseɖe fifia.”
Gake wotsɔ susu yeye kpɔ paradisoe le Ŋkuʋuʋuɣeyiɣia me: be ele be dzɔdzɔmenuwo nabɔbɔ ɖe amegbetɔ si ƒe ŋku ʋu te eye wòakpɔ ŋusẽ ɖe ɖoɖo si nu nuwo anɔ le abɔ me la dzi eye woana nuwo nagamie ɖe afisiafi ko o. Woɖo ati kple seƒoƒo ɖesiaɖe ɖe nudzidze ƒe ɖoɖo siwo sɔ pɛpɛpɛ nu. Ale Romatɔwo ƒe abɔmetidodoɖaŋu—aɖaŋu si nye alesi woake atiwo kple katiwo eye woabi wo ɖe nɔnɔme tɔxɛ aɖe me—gava to kple ŋusẽ.
Eye le ƒe alafa 18 kple 19 lia me la, ƒudzimɔzɔzɔ kple asitsatsa na ɣetoɖoƒetɔwo ke ɖe numiemie kple abɔtsotsomɔnu yeyewo ŋu. England hã va ʋu ŋku ɖe abɔ tsotso ŋu. The New Encyclopædia Britannica gblɔ be: “Le ƒe alafa 18 lia me le England la, amegbetɔ va nya nu geɖe tso xexeame ƒe dzɔdzɔmenu siwo dome eya ŋutɔ ha le la ŋu. Ðe dzɔdzɔmenuwo tɔtrɔ ɖe eya amegbetɔ ƒe nudzidze ƒe ɖoɖo si nu nuwo anɔ nu teƒe la, edze tamebubu le asitɔtrɔ le eya ŋutɔ ƒe agbenɔnɔ ŋu be wòasɔ ɖe enu ŋu gɔme.” Amewo abe William Kent kple Lancelot Brown bi ɖe atsyɔ̃ɖoɖo na anyigba me. Brown ta aƒe gã siwo wu alafa eve ƒe nɔnɔme le England. Ame eve siwo va zu United States dukplɔlawo, Thomas Jefferson kple John Adams, ɖi tsa le England le ƒe 1786 me be yewoasrɔ̃ nu le Eŋlisiawo ƒe abɔwo ŋu.
Ɣedzeƒetɔwo ƒe Atsyɔ̃ɖoɖo na Anyigba
Chinatɔwo ƒe abɔtsotso kpɔ ŋusẽ ɖe Ɣedzeƒetɔwo dzi abe alesi Egipte, Hela, kple Roma tɔwo tɔ kpɔ ŋusẽ ɖe Ɣetoɖoƒetɔwo ƒe ŋkuʋuʋu dzii ene. Gbã la, Chinatɔwo subɔa dzɔdzɔmenuwo, eye wobua tɔsisiwo, agakpewo kple towo be gbɔgbɔwoe wo katã wonye hafi va trɔ ɖe nɔnɔme mawo me eyata ele be woade bubu wo ŋu. Le ema megbe la, Tao, Konfusio, kple Buddha subɔsubɔhawo va kaka ɖe anyigba ma dzi eye woawo hã to woƒe abɔtsotsomɔnuwo vɛ.
Le Japan Ƒua ƒe akpa kemɛ la, Japantɔwo to woawo ŋutɔ ƒe abɔtsoɖaŋuwo vɛ, woléa ŋku ɖe ɖoɖo si nu woaɖo nuwo ɖo ŋu wu abɔa ƒe amadede ŋutɔ eye woɖo teƒe na nusianu le eme pɛpɛpɛ. Be abɔtsola la nana dzɔdzɔmenuwo ƒe anidzedze kple alesi wole hamehamee nate ŋu adze le teƒe sue si abɔa xɔ me la, etsɔa beléle blibo ɖoa kpe siwo wòdea eme lae eye wòdoa nuwo ɖe eme hekea wo le ŋuɖɔɖɔɖo gã me. Àkpɔ esia ƒe kpɔɖeŋu le bonsai (si gɔmee nye “ati si wodo ɖe ze me”), si nye ati sue bibi alo ɖewohĩ le ati vovovowo ɖoɖo ɖe nɔnɔme tɔxɛ aɖe si ŋu wobu akɔnta le pɛpɛpɛ la nu me.
Togbɔ be atsyã si Ɣetoɖoƒetɔwo tsɔ tsoa abɔe to vovo na Ɣedzeƒetɔwo tɔ hã la, edzena le woawo hã tɔ me be Paradiso dzroa wo vevie. Le kpɔɖeŋu me, Japantɔwo ƒe abɔ ŋutinyaŋlɔla Wybe Kuitert ŋlɔ be le Heian ŋɔli (ƒe 794-1185) le Japan la, abɔtsolawo dze agbagba be yewoana yewoƒe abɔwo nahe ame ƒe susu ayi “anyigba dzi paradiso” dzii.
Edzroa Amewo le Afisiafi
Abɔ me nɔnɔ dzroa amewo le afisiafi hekpe ɖe dukɔ siwo nɔ agbe ɖe nuɖuɖufɔfɔ kple adedada ŋu siwo nɔ “dzɔdzɔmebɔwo”—avekɔewo, avetsuwo, kple dzogbewo—me kura hã. Britannica gblɔ tso Aztektɔ siwo tso Mexico kple Inkatɔ siwo tso Peru ŋu be: “Amesiwo va ɖu aʋa dzi la gblɔ be yewokpɔ toŋubɔwo, ativewo, tsidziƒewo, kple tsita siwo woɖo atsyɔ̃ na siwo ŋu wotrɔ asi le nyuie . . . siwo ɖi ɣemaɣi Ɣetoɖoƒetɔwo ƒe abɔwo.
Ẽ, blema ative siwo nɔ Nil-tɔsisia ŋu, Ɣedzeƒetɔwo ƒe atsyɔ̃ɖobɔwo, egbegbe modzakaɖebɔwo, kple numiemiebɔwo—nukae nusiawo ɖe fia? Efia be Paradiso me nɔnɔ dzroa ameƒomea vevie. Esi agbalẽŋlɔla Terry Comito de dzesi “Paradiso ƒe ame dzodzro” sia si tsi susu me na ame la, egblɔ be: “Abɔwo nye teƒe siwo amewo sena le wo ɖokui me be enye yewoƒe dziɖeɖinɔƒe.” Eye amekae madzɔ dzi na be yeagblɔ be, ‘Nye aƒeme le abe Eden Bɔ ene’ o? Gake drɔ̃e dzro koe xexeame katã ƒe Eden zuzu—si manye na kesinɔtɔwo ɖeɖeko o—la nyea? Alo nusi gbɔna dzɔdzɔ ge ŋutɔŋutɔe wònye?
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Alesi nutala aɖe susu be Babilon Bɔ Siwo Tsi ɖe Yame la nɔ
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Blemabɔ aɖe si le Japan
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Versailles, France
Paradiso me nɔnɔ dzro amegbetɔwo vevie le ŋutinya katã me
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
French Government Tourist Office/Rosine Mazin