Tokunɔwo Kafu Yehowa
ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE NIGERIA GBƆ
ƑE GEÐEE nye sia la, esesẽna na Yehowa Ðasefo siwo le Nigeria be woafia Biblia tokunɔwo. Ðasefo siwo se tokunɔwo ƒe gbe ƒe anyimanɔmanɔ gbɔe wòtso. Gake nɔnɔmea le tɔtrɔm. Ðasefo geɖe va le tokunɔwo ƒe gbe srɔ̃m eye wole tokunɔwo gbɔ ɖom azɔ. Yehowa Ðasefowo ƒe nutome gã takpekpe aɖe si wowɔ le Nigeria ƒe ɖeka kple edzivɔe nye esiae nye nu vevi ɖeka si na nuwo trɔ alea.
Ame aɖe si de takpekpe ma le Ota, Nigeria, gblɔ be: “Àte ŋu akpɔ alesi amewo tsi hahahae.” Ame bubu gblɔ be: “Amewo tsi yaa, woƒe nu ku.” Nukae he seselelãme siawo vɛ? Esiae nye zi gbãtɔ si woɖe nuƒowo katã gɔme ɖe tokunɔwo ƒe gbe me le Nigeria. Le takpekpe 96 siwo wowɔ le dukɔ bliboa me le ƒea me dome la, esia ɖeɖeko mee wowɔ nusia le.
Ame akpe geɖe siwo de la dometɔ 43 nye tokunɔwo, amesiwo nɔ nuƒolanɔƒea ƒe miakpa dzi le ŋgɔgbe. Wotsi ʋuƒo gã aɖe ɖe woƒe tame si dzi wotsɔ aŋɔ dzẽ ŋlɔ nu ɖo be, “Tokunɔwo ƒe Gbe.” Edzɔ dzi na vavala tokunɔwo be yewo de. Wo dometɔ ɖeka ŋlɔ be: “Dzidzɔ gã kple aɖatsi bla nye ŋkuwo hafi mele nya siawo ŋlɔm. ‘Etsɔ’ ɖeka koe míenɔ konyi fam esi míese nu tso gbɔgbɔ me mɔnuɖoɖo siwo wowɔ na mía hati Kristotɔ tokunɔ siwo le dukɔ bubuwo me la ŋu. Míenya koŋ be yayra mawo aɖo mía gbɔ le afisia o.”
Amekawoe De?
Tokunɔ geɖe tso Nigeria ƒe akpa ɖesiaɖe va. Ðasefo tokunɔ aɖe kplɔ eƒe Biblia nusrɔ̃vi tokunɔ etɔ̃ vɛ. Tokunɔwo ƒe ƒuƒoƒo bubu aɖe hã si zɔ mɔ kilometa 700 yi eye wogazɔ nenema trɔ gbɔ la, nɔ ʋuɖoga dzram ɖo ɣleti adre sɔŋ do ŋgɔ. Gake esi ɣeyiɣia de woazɔ mɔa la, womete ŋu da ʋu le nutoa ƒe mɔzɔʋu habɔbɔa gbɔ o esi wònye mɔkeɣi ta. Esi nutoa me dziɖuɖu se woƒe kuxia la, ena naira 13,000 ($152, U.S.) wo be woatsɔ adi ʋu bubui!
Ƒome siwo me ɖevi tokunɔwo le la zɔ mɔ yi takpekpe tɔxɛ sia. Nyɔnu aɖe si tso kɔƒe aɖe me la se takpekpea ŋkɔ eye wòkplɔ viaŋutsu tokunɔ vɛ. Eya kple via womenya naneke boo tso tokunɔwo ƒe gbe ŋu o. Esi nusi teƒe wokpɔ na aɖatsi lolo ɖe ŋku dzi na wo ta la, woɖoe kplikpaa azɔ be yewoasrɔ̃ tokunɔwo ƒe gbe.
Vavala akpe geɖeawo dometɔ aɖewo zɔ mɔ kilometa alafa geɖe va be yewoakpɔ alesi tokunɔwo “ase” nuƒoawoe. Kwasiɖagbe ƒe vavalawo nye ame 13,936—si nye ame xexlẽme gbogbotɔ si de nutome gã takpekpe 96 siwo wowɔ le Nigeria. Edzɔ dzi na vavala tokukutɔwo be wonɔ ameha gbogbo ma dome.
Ewɔ Dɔ Ðe Eteƒekpɔlawo Dzi
Emae nye zi gbãtɔ si tokunɔ geɖe nɔ nyanyuia “sem” le tokunɔwo ƒe gbe me. Eye enye zi gbãtɔ si amesiwo sea nu la nɔ alesi wogblɔa tokunɔwo ƒe gbee kpɔm. Vavala ɖeka gblɔ be ewɔ nuku na ye be woɖe nusianu si le ɖoɖowɔɖia dzi la me—hadzidziwo, gbedodoɖawo, gbeƒãɖeɖewo, kple drama gɔ̃ hã! Ame bubu gblɔ be: “Ewu gbɔgblɔ.”
Tokunɔawo ƒe dzidzɔ dze le woƒe hadzidzi me. Wotsɔ woƒe asiwo kafu Yehowa kple dzidzɔ gã. Nu wɔdɔɖeamedzi ŋutɔe wònye na amesiwo sea nu be wokpɔ tokunɔwo wonɔ “ha dzim.” Ena aɖatsi lolo ɖe ame geɖe ƒe ŋku dzi. Ewɔ nuku na vavala aɖe ale gbegbe be wòdo ɣli ŋudzedzekpɔkpɔtɔe be, “O Yehowa!” Ɣeaɖeɣi esi hadzidzi aɖe wu nu la, amesiwo nɔ afisi te ɖe tokunɔwo ƒe akpa dzi ŋu la katã ƒo asikpe zi ɖeka kplokplokplo.
Esi woƒo nyɔnyrɔxɔxɔ nuƒoa vɔ eye nyɔnyrɔxɔlawo nɔ tsotsom la, ɖekakpui aɖe si nɔ tokunɔwo dome hã tsi tre. Amewo ƒe ŋudzedzekpɔnya siwo wogblɔ butubutui la ɖi hoo le nyaselawo dome esime wòwɔ dzesi gblɔ “ẽ” tsɔ ɖo nya eve siwo nuƒola la bia ŋui.
Dzidzɔ ka gbegbee nye si wònye na vavala tokunɔwo be wodo go woƒe gbɔgbɔ me nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo tso dukɔa ƒe akpa bubuwo! Abɔwo kple asibidɛwo nɔ ʋaʋãm dzidzɔtɔe esime tokunɔwo nɔ gbe biam wo nɔewo. Asinana kple adrɛs xɔxɔ tso wo nɔewo gbɔ yi edzi ale gbegbe.
Gbegɔmeɖela (tokunɔwo ƒe gbe gblɔla) asieke tso dukɔa ƒe akpa vovovowo va. Enya kpɔ ŋutɔ esime wotsɔ woƒe asiwo kple abɔwo nɔ dzesi wɔm kple atsyãtɔe ɖe nuƒowo kple hawo dzii. Asikpakpla kɔ, asinana, kple kafukafunyawoe wotsɔ da akpe na woe. Wobia gbe gbogbo aɖewo hã wo: Aleke miesrɔ̃e? Aleke mawɔ asrɔ̃e? Ðe agbalẽwo li siwo fia tokunɔwo ƒe gbea?
Anyigbamamã Yeye Ʋu Ði
Nusiwo ɖe dzesi na tokunɔwo le takpekpea me wu enye agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me si wowɔ ɖe videokasɛt dzi le tokunɔwo ƒe gbe me si woɖe ɖe go. Wode dzi ƒo na ame geɖe wu be woasrɔ̃ tokunɔwo ƒe gbe eye woato nufiafia ƒe kpekpeɖeŋunu sia dzi aɖo tokunɔwo gbɔ le Nigeria katã. Nu mae takpekpea na ame geɖe ɖoe kplikpaa be yewoawɔ.
Nɔvinyɔnu aɖe gblɔ be: “Tsã ne míedo go tokunɔ aɖe le gbeadzisubɔsubɔdɔa me la, ɖeko míedzena toa eŋu yia aƒe si kplɔe ɖo me. Míenya nusi míawɔ azɔ̃.” Esi tokunɔwo ade miliɔn atɔ̃ le Nigeria ta la, dɔ gãe wònye li. Nɔviŋutsu aɖe gblɔ be: “Gɔmedzedzea koe nye esia. Ehiã be míade anyigba yeye tɔxɛ sia azɔ.”
Nu ma tututue dzɔ tso ɣleti siwo kplɔ takpekpea ɖo me. Wole agbagba blibo dzem be woafia Mawu ƒe Nya la ƒe nyateƒeawo tokunɔ miliɔn geɖe siwo le Nigeria. Ele be amesiawo hã nasrɔ̃ nyanyui si ku ɖe xexeme yeye si gbɔna le Mawu Fiaɖuƒea me la ŋu, elabena woada gbe na amewo nukutɔe le afima eye “tokunɔwo ƒe to aʋu.”—Yesaya 35:5.