Nɔ Ŋudzɔ ɖe Tokunɔwo Didi le Wò Anyigbamama me Ŋu
1 Yehowa le amewo kpem be: “Va! . . . Amesi lɔ̃ la, nexɔ agbetsi la no faa.” (Nyaɖ. 22:17) Tokunɔwo ƒe xexlẽme si le dzidzim ɖe edzi le amesiwo le yɔyɔ sia dzi wɔm la dome. Nusi do tso eme enye be le ƒe ʋɛ siwo va yi me la, wowɔ takpekpe gãwo kple sueawo ɖe tokunɔgbe me le Ghana.
2 Togbɔ be tokunɔgbe ƒe ƒuƒoƒowo trɔ susu ɖe gbeƒãɖeɖe na tokunɔ kple amesiwo mete ŋu sea nu nyuie o le woƒe anyigbamamawo me didi ŋu hã la, amesiawo dometɔ geɖewo gali siwo woahiã be woadi le dukɔ sia me ahaɖi ɖase na wo.
3 Kpekpeɖeŋu Kae Nàte Ŋu Ana? Ðe nèkpɔa amewo wonɔa tokunɔgbe dom le dutoƒoa? Ðe nènya ame aɖe le wò dɔwɔƒe alo suku si ƒe ƒometɔ aɖe nye tokunɔa? Nɔ ŋudzɔ ɖe tokunɔwo didi ŋu le wò gbesiagbe dɔwɔnawo me. Gake aleke nàwɔ aka ɖe edzi be Fiaɖuƒegbedasia ɖo wo gbɔ?
4 Ðaseɖiɖi na Wo: Na tokunɔgbe ƒuƒoƒo si te ɖe ŋuwò alo Betel nanya afisi tokunɔa le. Tokunɔ geɖewo tea ŋu wɔa ŋgɔyiyi kabakaba le nyateƒea sɔsrɔ̃ me ne wode ha kple Ðasefo tokunɔwo le hamea ƒe kpekpe siwo wowɔna le tokunɔgbe me la me. Eyata ne tokunɔgbe ƒe ƒuƒoƒo aɖe le miaƒe nutoa me la, ke ele na miaƒe hamea ƒe agbalẽŋlɔla la be wòaɖo tokunɔ siwo le miaƒe anyigbamama me la ŋu nyatakaka ɖe wo.
5 Ke ne ame aɖeke meli ana gbɔgbɔ me kpekpeɖeŋu tokunɔ siwo le miaƒe nutoame o ya ɖe? Kpekpeɖeŋu kae nàte ŋu ana? Nukatae màwɔ tɔtrɔyi aɖaƒo nu kple ƒomea me tɔ si te ŋu sea nu o? Te kpɔ nàɖe video si le tokunɔgbe me na tokunɔa atsɔ anyɔ eƒe ɖetsɔlemee. Gbeƒãɖela aɖewo srɔ̃ tokunɔgbe gɔ̃ hã be woate ŋu aɖe gbeƒã na tokunɔwo memie. (Dɔw. 16:9, 10) Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza kple Sidzedze-gbalẽ siwo le Amerika Tokunɔgbe me ƒe video li. Viɖe geɖe do tso dɔwɔnu siawo zazã le Biblia-nusɔsrɔ̃wo wɔwɔ me xoxo.
6 Ne èle ŋudzɔ ɖe tokunɔwo didi le wò nutoa me ŋu la, àte ŋu ana mɔnukpɔkpɔ wo be woaxɔ agbetsi la ano faa.—Mat. 10:11.