Aleke Modzakaɖeɖe Va Zu?
ALEKE blema Romatɔ siwo wobe woɖo woƒe dekɔnu ƒe kɔkɔƒe kekeake bu wo havi amegbetɔwo ƒe fukpekpe be enye modzakaɖeɖee? Gerhard Uhlhorn ŋlɔ ɖe agbalẽ si nye The Conflict of Christianity With Heathenism me be: “Míate ŋu agblɔ be wɔna yeye siwo ʋãa ame wu siwo wodina ko gbɔe wòtso. Esi nusianu si ate ŋu ado dzidzɔ na ame sɔ gbɔ na amewo ta la, wodi . . . vivisese si womagate ŋu akpɔ le afi bubu aɖeke o.”
Egbea hã ame geɖe dia “wɔna yeye siwo sesẽ wu” ma tɔgbe ke. Enye nyateƒe be ɖewohĩ womakpe ta be yewoakpɔ amewuwu alo agbegbegblẽnɔnɔ teƒe ŋutɔŋutɔ ya o. Gake modzakaɖeɖe si wotiana ɖee fia be ŋutasẽnuwɔwɔ kple gbɔdɔdɔ ma ke xɔ aƒe ɖe woƒe susu me. De ŋugble le kpɔɖeŋu aɖewo ŋu kpɔ.
Sinimawo. Sinimawo ŋuti ɖikela Michael Medved gblɔ be le ƒe siawo me la, film wɔlawo ɖee fia be “yewolɔ̃ nutovowɔwɔ wu.” Egblɔ hã be: “Edze abe susu vevi si le sinimadɔ mee nye be edze be woabu ŋutasesẽ kple aɖaʋadzedze ɖeɖefia ŋu vevie ahade bubu wo ŋu geɖe wu agbagbadzedze be woaɖe ʋuɖɔɖɔ alo dɔmenyowɔwɔ afia ene.”
Television dzi hoʋiʋli zii ɖe film wɔlawo dzi be wowɔa nusianu kloe tsɔ blea amewo dea sinima kpɔkpɔ me. Sinimadɔwɔƒe aɖe ƒe zimenɔla gblɔ be: “Míehiã sinima siwo me sesẽnuwɔwɔ le, si ŋu wodoa vivi ɖo wu eye eƒe nɔnɔme ato vovo sã tso TV dzi wɔna ɖesiaɖe si amewo kpɔna gbɔ. Menye ʋukɔkɔɖi kple ŋutasẽnuwɔwɔ kpakple yakanyagbɔgblɔ ɖeɖefiae míeɖo hafi o, gake esiae hiã be nàwɔ egbea be film la nadzro amewo.” Le nyateƒe me la, sinima me ŋutasẽnu vloetɔ kekeake gɔ̃ hã megatsoa dzika ƒo na ame geɖe o. Sinimadzikpɔla Alan Pakula gblɔ be: “Nukpɔkpɔawo megawɔa naneke le lãme na amewo o. Amesiwo kuna dzi ɖe edzi zi gbɔ zi ene, amewuŋusẽa le dzidzim ɖe edzi ale gbegbe, evɔ mewɔa dɔ aɖeke ɖe wo dzi o. Ŋutasẽnuwɔwɔ kpɔkpɔ meɖia ƒo na wo o.”
Television. Gbɔdɔdɔ ɖeɖefia gaglã le television dzi bɔ fifia le xexeame ƒe akpa geɖe, eye Brazil, Europa, kple Japan hã le eme. Le ƒe ɖeka me la, television kpɔla akpa gãtɔ kpɔa gbɔdɔnuwɔna alo eŋuti numedzodzro si ade 14,000 le ƒe ɖeka me. Numekuha aɖe ka nya ta be: “Gbɔdɔnyawo kple eɖeɖefia gaglã ƒe dzidziɖedzi ɖee fia be edzi maɖe akpɔtɔ o.” Nya siwo womegblɔna le ame dome tsã o abe ƒometɔ kplikplikpli gbɔdɔdɔ, nuveviwɔwɔame le gbɔdɔdɔ me kple lãgbɔdɔdɔ ene zu nusiwo dzi wotona kpɔa ga geɖe.”
Agbalẽ si nye Watching America gblɔ be susu aɖe tae woɖea mɔ woɖea nusianu le television dzi ɖo. Egblɔ be: “Wowɔa ga geɖe le gbɔdɔnuwɔna ɖeɖefia me. . . . Esi television dɔwɔƒe siwo do ka kple television dɔwɔƒe bubuwo kpakple television dzi wɔnawo wɔlawo kpɔe be yewonɔ dzidzɔ dom na nukpɔla geɖe wu dzikudodo na wo la, ʋeʋeʋe la wova dzi woƒe television dzi wɔna siwo te ŋu hea ga geɖe vɛ ɖe edzi esi woɖe mɔ woɖea nu manyomanyo geɖe fiana gaglã wu tsã.”
Video dzi Fefewo. Azã yeye si me woɖea gbɔdɔdɔ ƒe ŋutasẽnu dziŋɔwo fiana le va xɔ ɖe Pac-Man kple Donkey Kong video siwo ŋɔli womeɖea nu gbegblẽ siawo fiana le nenema gbegbe o la teƒe. Nufialagã Marsha Kinder gblɔ be fefe siawo “vɔ̃ɖi kurakura wu television alo sinima. Efiaa ame be mɔ ɖeka kolia si dzi ko woato akpɔ ŋusẽe nye ŋutasẽnuwɔwɔ.”
Esi dzika va tso ame geɖe ƒo ta la, videowɔha xɔŋkɔ aɖe si le United States gblɔa ame hatsotso siwo akpɔ video dzi fefewo kple esiwo makpɔe o. Esi dzi woŋlɔ ɖo kpuie le Eŋlisigbe me be “MA-17”—si fia be ame tsitsiwo” ye akpɔe la menyo na amesiwo mexɔ ƒe 17 haɖe o—anye ŋutasẽnu vɔ̃ɖivɔ̃ɖi, gbɔdɔnyawo, kple busunyagbɔgblɔ. Gake ame aɖewo vɔ̃na be ɖeko esi wobe “ame tsitsiwo” ko nekpɔ adzro ame vevie be yeakpɔ. Ðekakpui aɖe si video kpɔkpɔ dzɔa dzi na vevie gblɔ be: “Ne ƒe 15 ye mexɔ eye mekpɔ woŋlɔ ɖe goa dzi be MA-17 la, madii godoo akpɔ.”
Hadzidzi. Magazine aɖe si dzroa ha siwo ŋu amewo doa vivi ɖo me nyawo me gblɔ be le ƒe 1995 ƒe nuwuwu la, haƒoƒo 40 dometɔ 10 me koe busunyagbɔgblɔ alo atikevɔ̃ɖizazã, ŋutasẽnuwɔwɔ, alo gbɔdɔdɔ ŋu nyawo mele o. St. Louis Post-Dispatch ka nya ta be: “Haƒoƒo siwo ɖevi siwo meɖo ƒewui me o sena la hã nyɔ ŋu ŋutɔ, wo dometɔ geɖe nye tsitretsitsi ɖe agbenyuinɔnɔ ŋuti sewo kple dzixɔsewo ŋu. [Haƒoƒo] si nya sena na ƒewuivi aɖewo la yɔ fũ kple dzikudodo kple mɔkpɔkpɔbuɖeame ƒe seselelãme eye wòna ame sena le eɖokui me be tsɔtsrɔ̃ koe li na xexeame kple hasela la.”
Nusi haƒoƒo siwo woyɔna be death metal, “grunge,” kple “gangsta” dona ɖe ŋgɔe nye ŋutasẽnuwɔwɔ. Eye San Francisco Chronicle ka nya ta be “modzakaɖeha ƒe amegã geɖewo le gbɔgblɔm be haƒoha siwo dzi ŋɔ wu lae ava nɔ tsia dzi.” Dzikudodo kple ku kafuhawo va bɔ ɖe Australia, Europa, kple Japan. Nyateƒee, haƒoha aɖewo dze agbagba be yewoƒe haƒoƒowo megagblẽ nenema gbegbe o. Ke hã la, Chronicle la de dzesii be: “Ðaseɖiɖi ɖee fia be ame geɖe melɔ̃na ƒlea haƒoƒo siwo me nya nyuiwo le o.”
Kɔmpiutawo. Wonye dɔwɔnu xɔasi siwo wozãna tsɔ wɔa dɔ ɖevi geɖewoe. Gake ame aɖewo zãnɛ hã tsɔ kakaa gbegblẽnyawoe. Le kpɔɖeŋu me, Maclean’s magazine ka nya ta be nu gbegblẽ siawo dometɔ aɖewoe nye trɔ̃subɔsubɔ nyɔŋu, gbolowɔwɔ, kple ɖevigbɔdɔdɔ ƒe fotowo kple wo ŋu nyawo—nusiwo atso dzika ƒo na ame tsitsiwo, kaka wòahayi ɖeviwo nye ge.”
Agbalẽwo. Gbɔdɔdɔ kple ŋutasẽsenuwɔwɔ ŋu nyawo yɔ agbalẽ geɖe siwo woƒlena wu me fũ. Woyɔ nuwɔna si va tsia dzi le United States kple Canada be “nyakpakpa nyɔŋu”—wonye ŋutinya gbegblẽ doŋɔdziname siwo wokpa na sɔhɛ siwo xɔ ƒe enyi pɛ ko. Diana West ŋlɔ ɖe New York Teacher me be agbalẽ siawo le “ɖevi suewo ƒe seselelãmewo wum, wole woƒe susu tem ɖe to hafi wòava te tsitsi gɔ̃ hã.”
Dukɔa ƒe Television dzi Ŋutasẽnuwɔwɔ Gbɔkpɔha ka nya ta le woƒe numekuku aɖe me be nukokoedonamegbalẽ siwo wotana le Hong Kong, Japan, kple United States dometɔ geɖe ƒoa nu tso “aʋawɔwɔ sesẽ dziŋɔ nyawo, amelãɖuɖu, ametatsotso, satanasubɔsubɔ, nyɔnugbɔdɔdɔ sesẽe, kple busunyagbɔgblɔ ŋu.” Ðk. Thomas Radecki si nye ha sia ƒe numekukudzikpɔlagã gblɔ be: “Ŋutasẽnuwɔna vloe kple gbɔdɔnya ɖigbɔ siwo le magazine siawo me tsoa dzika ƒo na ame ŋutɔ. Efia alesi gbegbe míeɖe mɔ míaƒe dzitsinya kui.”
Ŋuɖɔɖɔɖo Hiã
Eme kɔ ƒã be amewo kpɔa dzidzɔ ŋutɔ ɖe gbɔdɔdɔ kple ŋutasẽnuwɔwɔwo ŋu egbea, eye edzena le modzakaɖenuwɔlawo ƒe nuwɔna me. Nɔnɔmea ɖi esi ŋu Kristotɔ apostolo Paulo ƒo nu tsoe be: “Esi woƒe dzitsinya ku atri la, wotsɔ wo ɖokui na hadzedze, bene woanɔ makɔmakɔnyenye katã dzi le ŋukeklẽ me.” (Efesotɔwo 4:19) Eyata susu nyui le eme be ame geɖe le nusi nyo wu dim egbea. Èle edima? Ne èle edim la, adzɔ dzi na wò be nànya be àte ŋu akpɔ modzakaɖeɖe tuameɖo abe alesi nyati si kplɔe ɖo afia ene.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 5]
Television Ate Ŋu Ahe Afɔku Vɛ
WOÐE television ɖe go zi gbãtɔ le United States le xexeame katã ƒe adzɔnuɖefiaƒe le ƒe 1939 me le New York. Nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe si nɔ eteƒe la ɖe ɖikeke si nɔ eme ɖe nusi mɔ̃ yeye sia ava zu ŋu gblɔ. Eŋlɔe bena: “Kuxi si le television ŋu enye be ɖeko amewo anɔ anyi ake ŋku ɖi anɔ nu kpɔm; Amerika-ƒomewo makpɔ ɣeyiɣi ɖe eŋu o.”
Eƒe nya meva eme o! Le nyateƒe me, wogblɔ be kaka Amerika-vidzidzi nawu suku nu la, agblẽ ɣeyiɣi geɖe alafa memamã 50 ɖe television kpɔkpɔ ŋu wu esi wòatsɔ anɔ sukuxɔ me. Ðk. Madeline Levine gblɔ le eƒe agbalẽ si nye Viewing Violence me be: “Ðevi siwo kpɔa television atraɖii dzea aglã wu, wobua vɔ̃ ƒe dzɔdzɔ wu, lolona wu, wosusua nu ŋu ʋee ko, womeɖea veveseɖeameŋu gobii aɖeke fiana o, eye woƒe tagbɔ mekɔna tututu dea wo tɔ siwo mekpɔnɛ fũ nu o.”
Aɖaŋu kae wòɖo? “Ele be woafia ɖeviwo be wɔƒe tɔxɛ li na television, abe aƒeme nuzazã bubu ɖesiaɖe ke ene. Míesiaa ɖaƒumɔ̃ gblẽna ɖi ne míaƒe ɖa me ƒu vɔ, alo siaa mɔ̃ si hahaa abolo gblẽna ɖi ne míewɔ eŋudɔ vɔ o. Míenya dɔ tɔxɛ siwo mɔ̃ siawo wɔna kple ɣeyiɣi siwo me míatsi wo. Nu ma kee wòle be míafia mía viwo le television ŋu.”
[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 7]
Alesi Modzakaɖeɖe Le le Xexeame Katã
Nyɔ! bia eƒe nuŋlɔla siwo le xexeame ƒe akpa vovovo be woagblɔ alesi modzakaɖeɖe le le wo gbɔ. Woƒe nya aɖewoe nye esiwo gbɔna.
Brazil: “Gbegblẽm koe television dzi wɔnawo le ɖe edzi. Gake esi wònye dzila geɖe dzona le aƒeme yia dɔ me ta la, wogblẽa ɖeviwo ɖeɖe ɖi be wotsɔa TV kpɔkpɔ ɖea modzakae. Kɔmpiuta dzi wɔna si nye CD-ROM siwo me gbɔgbɔyɔnuwɔnawo le kple video dzi wɔna siwo ku ɖe ŋutasẽnuwɔwɔ ŋu va bɔ.”
Czech Republic: “Tso esime Kɔmiunist-dziɖuɖua mu ko la, modzakaɖeɖe siwo míekpɔ kpɔ o la va xɔ aƒe ɖe dukɔa me, eƒe ɖewoe nye TV dzi wɔna siwo tso Ɣedzeƒedukɔwo me kple amamaɖeɖefotodzraƒewo. Ðekakpui kple ɖetugbiwo dea diskowo, bɔlƒoƒewo, kple ahanoƒewo. Boblododo si gbɔ eme akpa kpakple hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu kpɔa ŋusẽ sesẽ ɖe wo dzi zi geɖe.”
Germany: “Enye nusi wɔ nublanui ŋutɔ be vovo menɔa dzila geɖe ŋu kura wowɔa ɖoɖo ɖe modzakaɖeɖe ŋu na wo viwo o, eyata zi geɖe la, ɖeviawo ŋutɔ yia wo nɔewo gbɔ hena modzakaɖeɖe. Ðewo ɖea wo ɖokui ɖe aga nɔa kɔmpiuta dzi fefewo kpɔm. Bubuwo dea zã bliboa me ɣeɖuƒewo, siwo woyɔna be rave, afisi atike vɔ̃ɖiwo zazã bɔ ɖo.”
Japan: “Nukokoedonamegbalẽwo nye modzakaɖenu vevi na sɔhɛwo kple tsitsiawo, gake zi geɖe la ŋutasẽnuwɔwɔ, agbegbegblẽnɔnɔ, kple yakanyagbɔgblɔ ye bɔ ɖe wo me. Tsatsadada hã va bɔ. Nu ɖefuname bubue nye be ɖetugbivi aɖewo ƒoa ka na telefondɔwɔƒe siwo wodoa bobloe le teƒe geɖe, siwo kpɔa ŋutsu siwo di be yewoadɔ kple nyɔnuwo ƒe nyawo gbɔ. Ðewo ƒoa ka ɖe modzakaɖeɖe ko ta, ke bubuwo ya doa dzi ɖoa gbe ɖi zɔna kple ŋutsuwo ɖe ga ta, esi na wo dometɔ aɖewo wɔa gbolo.”
Nigeria: “Videoɖeƒe siwo ŋu se aɖeke meku ɖo o le ta kekem le Ɣetoɖoƒe Afrika katã. Amesiwo xɔ ƒe ɖesiaɖe, si ŋu ɖeviwo hã kpe ɖo, yia ekpɔƒe le atixɔ siawo me. Amamaɖeɖe kple ŋɔdzinuwoe woɖena zi geɖe le videoawo dzi. Hekpe ɖe eŋu la, film siwo wowɔna le dukɔa me ɖena le TV dzi la nyea gbɔgbɔyɔyɔ zi geɖe.”
South Africa: “Ɣeɖuƒe siwo woɖua ɣe le zã bliboa va le bɔbɔm ɖe afisia, eye zi geɖe la atike vɔ̃ɖiwo bɔna ɖe teƒe siawo.”
Sweden: “Ahanoƒewo kple zã me modzakaɖeƒewo va le agbɔ sɔm ɖe Sweden, eye zi geɖe la nugbegblẽwɔlawo kple atikevɔ̃ɖidzralawoe ƒoa zi ɖe teƒe mawo. Ŋutasẽnuwɔwɔ, gbɔgbɔyɔyɔ, kple agbegbegblẽnɔnɔ bɔna ɖe television kple video dzi modzakaɖeɖe me.”