INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g97 7/8 axa 27-30
  • Ðe Vidzĩ ƒe Tome

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Vidzĩ ƒe Tome
  • Nyɔ!—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mawusubɔsubɔ ƒe Didi Nɔ Menye
  • Srɔ̃ɖeɖe Kple Ƒome
  • Medo Le Haa Me
  • Biblia me Nyateƒea Sɔsrɔ̃
  • Ƒometɔwo ƒe Tsitretsitsi Ðe Ŋunye
  • Kpekpe si Nyemaŋlɔ Be O
  • Te Ðe Gbedodoɖasela La Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • “Yehowa, Èke Ðe Ŋunye!”
    Nyɔ!—2005
  • Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Medze Si Mawu Si Mesubɔna La Azɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1997
g97 7/8 axa 27-30

Ðe Vidzĩ ƒe Tome

GBEÐEKA esi menye nyɔnuvi dzaa aɖe la, ɖekakpui buame aɖe va mía ƒeme le Coeburn, Virginia, U.S.A., eye esime wònɔ nu ƒom na fofonye la, eƒe zɔhɛa nɔ nu ƒom na nye hã be nye mo nagadzaka o. Eƒo nu tso paradisonyigba ŋu, afisi mía kple lã wɔadã siwo mawɔ nuvevim le o la míate ŋu afe le. (Yesaya 11:6-9) Eɖe nu me be nyemagaku gɔ̃ hã o, ke boŋ manɔ agbe tegbee le anyigba dzi afisia ke. Etsɔ si gbɔna la dzrom vevie! Nya si ŋutsua gblɔ tso anyigba dzi nɔnɔ ŋu la wɔ dɔ ɖe dzinye vevie.—Yesaya 25:8; Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

Mawusubɔsubɔ ƒe Didi Nɔ Menye

Dzinyelawo, amesiwo srɔ̃ɖegbenɔnɔ me kuxi geɖe nɔ fu ɖem na la va gbe wo nɔewo le ƒe ʋee aɖewo megbe eye meva nɔ Danye gbɔ. Mawusubɔsubɔ metsɔa fu le lãme nɛ kura o. Eyata metsona le ɖokuinye si dea ɖeviwo ƒe sɔleme le sɔlemeha ɖesiaɖe si tsɔ ɖe míaƒe aƒe gbɔ la me. Eteƒe medidi o, Danye gaɖe srɔ̃ bubu, eye míeʋu kple danye srɔ̃ yi Indiana. Gake le dzomeŋɔli ɖesiaɖe la, metrɔna yia Virginia ɖasrãa fofonye kpɔ.

Papa zu Mormontɔ le woa kple danye ƒe wo nɔewo gbegbe megbe kpuie, eye edze agbagba be yeaƒã ha yeye si me wòɖo ɖe menye. Le ƒe 1960 ƒe dzomeŋɔli esi mexɔ ƒe enyi la, ede mawutsi ta nam. Gake esi menɔ Indiana la, medea sɔleme ɖesiaɖe si tsɔ ɖe míaƒe aƒe gbɔ. Wo dometɔ ɖesiaɖe fia nu be ne míewɔ nu nyui la, míayi dziƒo eye ne vɔ̃e míewɔ la, míayi dzomavɔ me, afisi woawɔ funyafunya mí le. Esi nyemeka ɖe edzi be ame aɖeke ase nye didi vevie be manɔ anyigba dzi ke menye dziƒo o la gɔme o ta la, nyemegblɔe na ame aɖeke o.

Le nye ƒe 11 xɔxɔ me la, Fofonye ʋu yi Oregon. Ena metɔtɔ hedo dziku vevie. Mawudzimaxɔsela kple ahanomunɔtɔe danye srɔ̃ nye, eye eɖoa gome nam vevie le nye dzixɔse ta. Eyɔam be Aƒenɔvi Kɔkɔe, eye ne mewo avi la, egblɔna be: “Nukatae màdo gbe ɖa ayɔ wò Mawu wòakpe ɖe ŋuwò o?” Edze abe aƒea me tɔ aɖeke metsɔ ɖeke le Mawu ƒe nya me o ene. Ƒe mawo nye ɣeyiɣi dziŋɔ sesẽwo. Woƒoam, dzuam, hedɔa gbɔnye sesẽe. Gbedodoɖa na Mawu na nye akɔ fana elabena zi geɖe la, mekpɔnɛ be eya koe nye amesi le tanye kpɔm.

Danye dzo le srɔ̃a evelia gbɔ eye nye fuwɔamewo nu tsi. Gake míeda ahe, eye mía dzi kpɔkpɔ sesẽ na Danye. Esime mexɔ ƒe 13 la, míetrɔ yi Virginia ɖasrã danye gã kpɔ. Enye nyɔnu Baptistɔ si nyoa dɔme heɖia anukware. Melɔ̃e vevie. Esi wòbia tso asinye be makplɔ ye ayi sɔleme la, melɔ̃. Danye gɔ̃ hã yi kpli mí, eye meɖo ŋku alesi wòvivina be mía kple nye ƒomea míenɔ afima la dzi. Esi míaƒe sasrãkpɔa wu enu la, tɔtrɔ ayi aƒe do ŋɔdzi nam. Menɔ vɔvɔ̃m be ne metrɔ yi la, mava nɔ agbe gbegblẽ. Eyata meɖe kuku na danye gã be wòaxɔm manɔ egbɔ, eye Danye ɖe mɔ nam.

Danye gã la ƒle King James Biblia nam. Nyemelɔ̃a nu le egbɔ kura o, eye mexlẽnɛ zã sia zã. Mexlẽe le Biblia ƒe ta mamlɛa me be “ne ame aɖe tsɔ nane kpe ɖe nya siawo ŋuti la, ekema Mawu atsɔ fuwɔame, siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la, akpe ɖe eŋuti nɛ.” (Nyaɖeɖefia 22:18, 19) Eyata mebia ɖokuinye se be, ‘Aleke maxɔ edzi ase be Mormon ƒe Agbalẽ nye Ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo ƒe akpa aɖe?” Eyata meɖoe be mazu Baptistɔ.

Togbɔ be meka ɖe edzi be eve Fofonye esi meŋlɔ agbalẽ gblɔ nye nyametsotsoa nɛ hã la, nya si wògblɔ koe nye be edzɔ dzi na ye ya be mele sɔleme dem. Zi geɖe la, mekplɔa míaƒe Baptist-osɔfo ɖo yia amewo ƒe aƒewo me ɖakpea wo vaa míaƒe kpekpewoe le avɔgbadɔ me. Mebui be Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm menɔ to amewo gbɔ yiyi me le woƒe aƒewo me kple mawunya gbɔgblɔ na wo abe alesi Yesu wɔe ene.

Gake didi vevie ganɔ menye ɣesiaɣi be manɔ agbe le paradisonyigba dzi, ke menye dziƒo o. Ke meva xlẽ Biblia me nya siwo gbɔna, si na mɔkpɔkpɔm: “Mibia, eye woana mi; midi, eye miakpɔ, miƒo ʋɔa, eye woaʋui na mi; elabena amesiame, si biaa nu la, exɔa nu; eye amesi dia nu la, ekpɔa nu; eye amesi ƒoa ʋɔ la, woʋunɛ nɛ.”—Mateo 7:7, 8.

Srɔ̃ɖeɖe Kple Ƒome

Esi ƒe trɔ la, meʋu dzo yi ɖanɔ Danye gbɔ le Indiana. Esi mekpɔtɔ nɔ nye ƒe 15 ko me la, meɖe srɔ̃, fɔ fu, eye meɖo bɔs dze mɔ yina California ƒe dzigbe gome. Nyemenya srɔ̃nye ƒomeawo nyuie o, evɔ medi be woaxɔm. Pentekostetɔwoe wonye, eye srɔ̃nye nyɔnutɔ gblɔ aɖe yeye gbɔgblɔ ƒe nunana ŋu nya nam. Eyata esi mekplɔ wo ɖo yi gbedoɖaƒe zã aɖe me la, medo gbe ɖa be woaɖe mɔ nam magblɔ aɖe yeye.

Zi ɖeka kasia, seselelãme si meva nam kpɔ o la xɔ menye le gbedoɖaƒea. Meva nɔ dzodzom nyanyanya, eye nye aɖe te nya aɖewo gbɔgblɔ blablabla. Mawunyagblɔla la do ɣli be gbɔgbɔ nɔ dodom tso menye, eye wòtsɔ asi nɔ dzime ɖom nam. Esia megbe la, amesiame kpla asi kɔ nam hegblɔ alesi gbegbe wòdzɔ dzi na wo be Mawu zãm le mɔ sia nu nam. Gake metɔtɔ le ɖokuinye me hevɔ̃. Nyemenya nya si megblɔ gɔ̃ hã o.

Ema megbe kpuie la, meva lé ku vevie le mía vi ŋgɔgbea dzidzi me. Míaƒe osɔfo gblɔ na srɔ̃nye be esi menye Kristotɔ o tae Mawu le nye kulélea dzim ɖe edzi. Srɔ̃nye tsɔ avi hehehe va gblɔ nam be ne meka ɖe edzi be yeƒe mawutsidedetae ana nye kulélea dzi naka aɖe la, ke yeade tsi ta. Megblɔ nɛ be kakaɖedzi blibo le asinye be Mawu medoa ŋɔdzi na ame be wòasubɔ ye o.

Medo Le Haa Me

Le Kwasiɖa aɖe gbe esi osɔfoa gblɔ mawunya vɔ la, ebia tso hamea si be woadzɔ nu. Ehiã be woadzra sɔlemexɔa ɖo le nusi anyigba si ʋuʋu eteƒe medidi o gblẽ le eŋu ta. Esi wotsɔ nudzɔgba nɔ tsatsamee la, meda ga si katã le asinye ɖe eme. Esi osɔfoa xlẽ gaa vɔ la, nya koe wògaƒo ɖe wo nu be woagade asi kotoku me adzɔ nu akpee tso dzime woatsɔ awɔ dɔ sia si dze lae, le esi teƒe be wòada akpe na hamea. Egana wotsɔ agba la tsae. Ga vɔ le asinye, eyata ɖeko metsɔ ŋukpe gã wɔ kaba tsɔ agbaa na amesi nɔ axanye. Osɔfoa gaxlẽ ga la kabakaba, eye akpemadamada na woe la, egagblɔ be ga la mesɔ gbɔ o. Egblɔ be: “Le nyateƒe me la, ame aɖeke madzo o negbe ɖe míekpɔ ga si hiã hena Mawu ƒe dɔ la wɔwɔ hafi.”

Srɔ̃nye nɔ lalayem le gota, eye menya be etsi dzi vevie. Menye eya ɖeka koe tsi dzi o. Osɔfoa ƒe akpemadamada na nye hã metsi dzi vevie. Eyata mekɔ vinye ɖe axame henɔ avi fam zɔ do le sɔlemexɔa me le wo katã ŋkume. Meka atam na ɖokuinye tso ɣemaɣi be nye afɔ eve magaɖo sɔlemexɔ aɖeke me gbeɖe o. Togbɔ be medzudzɔ sɔlemedede hã la, nyemedzudzɔ Mawu dzi xɔxɔ se o. Megaxlẽa Biblia hedzea agbagba be manye srɔ̃nyɔnu ɖɔʋu.

Biblia me Nyateƒea Sɔsrɔ̃

Le mía vi evelia dzidzi vɔ megbe la, mía xɔlɔ̃ siwo nɔ ʋuʋum yi Texas la gblɔ na woƒe aƒea tɔ be wòahaya aƒe si me wonɔ la na mí. Esi xɔ̃nye Pat nɔ dzodzom la, egblɔ be nyɔnu aɖe nyi fe le ye si eye ele etsɔ ge vɛ. Pat bia tso asinye be maɖoe ɖe ye le Texas. Le ŋkeke ʋee aɖewo megbe la, nyɔnu eve va ƒo ʋɔ na mí. Mesusu be ga la xe gee wova, eyata mena woge ɖe aƒea me enumake. Megblɔ na wo be Pat ʋu dzo gake egblɔ nam be wole vava ge. Nyɔnuawo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Charlene Perrin gblɔ be: “Oo, Pat wɔe nyuie ŋutɔ. Míekpɔ dzidzɔ ŋutɔ le nusɔsrɔ̃ kplii me.”

Mebia be: “Nuka? Nusɔsrɔ̃a? Mienya nya ka gblɔm miele o.” Charlene ɖe eme be yewodze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple Pat. Esi wose be Pat ʋu dzo la, Charlene biam be Biblia sɔsrɔ̃ adzɔ dzi nam hã. Metsɔ kakaɖedzi ɖo eŋu be: “Ẽ, edzɔ dzi nam. Mafia nusianu si dim miele be yewoanya la mi.” Biblia si mexlẽ va yi la dze ŋunye ŋutɔ, eye mesusu be mate ŋu ade dzi ƒo na wo.

Charlene tsɔ agbalẽ si nye Nyateƒe, Si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Mee la fiam, eye míexlẽ Psalmo 37:9: “Woatsrɔ̃ ame vlowo, ke amesiwo kpɔa mɔ na Yehowa la, woanyi anyigba la dome.” Nye nu koe ku. Nye ŋutɔ nye Biblia gblɔ be amewo anyi anyigba la dome. Le ema megbe la, mefɔ biabiawo ɖe wo dzi. Charlene ko alɔgbɔnu gblɔ be: “Gbɔ dzi ɖi! Míatsɔe ɖekaɖeka.” Eɖe eme be ehiã be yewoanɔ Biblia srɔ̃m edziedzi ɖe ɖoɖo nu. Enumake ekpem va Fiaɖuƒe Akpata me, si nye alesi woyɔna na Yehowa Ðasefowo ƒe takpeƒee.

Megblɔ nudzɔgba tsɔtsɔ tsae si teƒe mekpɔ ŋu nya na Charlene eye be nyemegadi be made sɔleme azɔ o. Edzro Mateo 10:8 me kplim, afisi gblɔ be: “Faa miexɔe, faa minae.” Egblɔ be wometsɔa nudzɔgba tsanae le Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo me o, eye be nudzɔdzɔ ɖesiaɖe nye lɔlɔ̃nu faa. Egagblɔ be woda nudzɔɖaka ɖe akpataa me eye amesiwo di la ate ŋu adzɔ nu ɖe eme faa. Metso nya me be magado subɔsubɔha kpɔ zi mamlɛa.

Esi meva nɔ nu srɔ̃m la, mese nusitae nye aɖe yeye gbɔgblɔ le Pentekoste-ha la me ɖe fu nam vevie nenema la gɔme. Kristotɔ gbãtɔwoe wotsɔ gbe vovovowo gbɔgblɔ ƒe nunana si tso Mawu gbɔ na be wòanye ɖaseɖiɖi be eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe le wo dzi. Nunana wɔnuku sia gakpɔ tameɖoɖo si nye be woagblɔ Biblia me nyateƒeawo na dukɔ vovovo me tɔwo, siwo va kpe ta le Pentekoste-ŋkekea dzi le ƒe 33 M.Ŋ. me la gbɔ. (Dɔwɔwɔwo 2:5-11) Gake Biblia gblɔ be gbe bubuwo gbɔgblɔ si Mawu na la nu ayi, eye edze ƒã be enu yi hã le apostoloawo ƒe ku megbe. (Korintotɔwo I, 13:8) Gake be Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo nagbã ŋku na amewo ƒe tamesusu la, wona ame aɖewo gblɔa nya tramawo blablabla, le mɔ si na ame geɖe xɔe se be Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe le wo dzi la nu.—Korintotɔwo II, 4:4.

Ƒometɔwo ƒe Tsitretsitsi Ðe Ŋunye

Eteƒe medidi o, meva se tame si Mawu ɖo ɖe anyigbaa ŋu gɔme eye be mele be manye xexe vɔ̃ɖi sia ƒe akpa aɖeke o. (Yohanes 17:16; 18:36) Meva srɔ̃e hã be ele be matso kadodo ɖesiaɖe me kple Babilon Gã la, si nye kpɔɖeŋunu si wozã le Biblia me na alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒe. (Nyaɖeɖefia 18:2, 4) Esi megblɔ na Fofonye be mele nyɔnyrɔ xɔ ge, fifia ya azu Yehowa Ðasefo la, edze agbo vevie. Eɖe kuku nam be magazu Ðasefo o. Emae nye zi gbãtɔ si mekpɔe wòfa avi kpɔ. Nye hã mewo avi kplii, elabena nyemedi kura be mawɔ nu wòavee o. Gake menya be nyateƒea ŋue meke ɖo eye be nyemate ŋu atrɔ megbe ade Yehowa o.

Míaƒe ƒome bliboa tsi tre ɖe nye Yehowa Ðasefo zuzu ŋu. Medzudzɔ kpekpewo dede vie. Esia na ƒometɔwo dzudzɔ tsitretsitsi ɖe ŋunye, gake ena melé blanui. Menya be ŋunye mafa o negbe ɖe mele Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔm ko hafi. Gbeɖeka le nye ŋdɔ me ɖiɖiɖemeɣi le dɔ me la, meyi Charlene ƒeme gblɔ nɛ be medi be maxɔ nyɔnyrɔ. Ebia be: “Mèkpɔe be ehiã be nàgadze kpekpewo dede gɔme gbã hafi oa?” Megblɔ nɛ be fifia ya meɖoe kplikpaa be naneke magamã mía kple Yehowa dome o. Mexɔ nyɔnyrɔ le September 19, 1973 dzi.

Ƒe 23 kple edzivɔe nye sia fifia. Dzidzɔtɔe la, míaƒe ƒomea va dea bubu nye nyametsotsoa ŋu tso ɣemaɣi, eye wo dometɔ aɖeke meɖea fu nam be mado le nyateƒea me o, esi doa dzidzɔ nam ŋutɔ. Ke hã vaseɖe fifia la, vinyenyɔnu xoxoetɔ, Kim, koe zu Ðasefo. Eƒe Yehowa subɔsubɔ nuteƒewɔwɔtɔe nye dzideƒo gã aɖe nam ƒe geɖe.

Kpekpe si Nyemaŋlɔ Be O

Esi meɖi tsa va Coeburn, Virginia, le ƒe 1990 me la, mebia tso Danye si be wòatɔ ɖe Fiaɖuƒe Akpata gbɔ bene makpɔe ɖa be ga ka mee wodzea kpekpewo gɔme le Kwasiɖagbe hã. Esi míege ɖe mɔ si wotona ɖoa akpataa gbɔ dzi la, egblɔ be aƒe aɖe si nɔ akpataa megbe tututu le ketekegakpoa godo mee míenɔ va yi. Dzo fiã aƒea fifia, eye dzodoƒedzudzɔtoƒe si wotsɔ anyikpe wɔe koe susɔ. Egblɔ be: “Ðevi dzaa koe nènye ɣemaɣi, mèxɔ ƒe etɔ̃ alo ene hã o.”

Wotsɔ vividoɖeameŋu xɔm le Fiaɖuƒe Akpataa me Kwasiɖagbe. Esi mía kple Stafford Jordan míenɔ dze ɖom la, megblɔ nɛ be esime menɔ ɖevime la, menɔ aƒe si nɔ Fiaɖuƒe Akpataa megbe kpɔ la me. Ekpɔ nye ŋkume dũu. Egblɔ kple ɣli be: “Meɖo ŋku dziwò! Ènye nyɔnuvi sue dzaa aɖe si ɖa tro ɖe ta na si ƒe kɔkɔme nɔ ale [etsɔ eƒe asi dzidzee]. Anyigbamamã sia mee míenɔ dɔ wɔm le esime nye zɔhɛ ɖo dze kple fofowò. Medze agbagba nɔ nu ƒom na wò tso Paradiso ŋu be matsɔ ana wò mo nagadzaka o.”

Nye nu koe ku. Nye gbe me xe esi menɔ nye Biblia me nyateƒea didi gblɔm nɛ. Megblɔ nɛ be: “Esime menye vidzĩ ko la, èƒã nyateƒea ƒe nukuwo ɖe dzi fẽ la me!” Azɔ egblɔ nam be nye ƒometɔ aɖe li tso danye fofo ƒomea me, si ŋkɔe nye Stephen Dingus, si nye Ðasefo nuteƒewɔla aɖe. Ƒomea meƒo nu tso eŋu kpɔ o le esi wotsi tre ɖe eŋu vevie ta. Nɔviŋutsu Jordan gblɔ be: “Ðe wòakpɔ dzidzɔ ɖe ŋuwò ŋutɔŋutɔ hafi.”

Ne menyè kɔ kpɔ ƒe geɖe siwo metsɔ nɔ Yehowa ƒe habɔbɔa mee la, medaa akpe vevie ɖe lɔlɔ̃ kple dɔmenyo si woɖe fiam la ta. Ẽ, ɣeaɖewoɣi ne mele Fiaɖuƒe Akpata me le ƒomewo kpɔm wole Yehowa subɔm ɖekae la, enana meléa blanui vie, elabena zi geɖe la nye ɖeka koe nɔa anyi. Gake meɖoa ŋku edzi enumake be Yehowa li kplim. Enɔ ŋku lém ɖe ŋunye ɣesiaɣi, eye esi wòɖo ɣeyiɣi si me nye dzi ate ŋu axɔ nyateƒe si wogblɔ ɖe tome nam le ɖevime ƒe geɖee nye sia la, ena wòmie hetsi nyuie.

Megblɔ be: “Akpe na wò, Nɔviŋutsu Jordan, be nègblẽ wò ɣeyiɣi ƒo nu tso Paradiso ŋu na nyɔnuvi sue kpɔdzidzɔ ma!”—Abe alesi Loise Lawson gblɔe ene.

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Mía kple Stafford Jordan esi megado goe ake le ƒe 1990 me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe