INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w12 7/1 axa 8-10
  • Te Ðe Gbedodoɖasela La Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Te Ðe Gbedodoɖasela La Ŋu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Wò Ŋutɔ Dzro Kpeɖodziawo Me
  • Ame Kae Nye Gbedodoɖasela La?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Ðe Vidzĩ ƒe Tome
    Nyɔ!—1997
  • Nukatae Wòle Be Nàdo Gbe Ða?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Alesi Nàwɔ Ate Ðe Mawu Ŋu
    Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
w12 7/1 axa 8-10

Te Ðe Gbedodoɖasela La Ŋu

AME siwo gblɔna be yewoxɔ Mawu dzi se la dometɔ geɖe metu woƒe dzixɔse sia ɖe kpeɖodzi sẽŋu aɖeke dzi o. Eye womenya nu si tae subɔsubɔhawo wɔa nu gbegblẽ zi geɖe, alo nu si tae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ɖo la o. Wo tɔ koe nye be woado gbe ɖa na Mawu si womenya o.

Gake wò ya àte ŋu ate ɖe Mawu ŋu wu. Àte ŋu atu wò xɔse ɖe nu siwo gɔme nàva se tso Mawu ŋu siwo ana nàlɔ̃e ahade asixɔxɔ eŋu la dzi. Kpeɖodziwo dzie wotua xɔse akuakua ɖo. (Hebritɔwo 11:1) Ne èsrɔ̃ Mawu ŋuti nyateƒea la, àva dze sii, eye àte ŋu aƒo nu nɛ abe xɔlɔ̃ ene. De ŋugble le ame siwo nɔ gbe dom ɖa na Mawu togbɔ be womeka ɖe edzi be eli o la ƒe nuteƒekpɔkpɔwo ŋu kpɔ.

◼ Patricia, si ƒe nya míegblɔ le nyati gbãtɔ me. “Gbe ɖeka esi menɔ xɔ̃nye siwo ade abe ame ewo ene dome la, wode asi dzeɖoɖo me tso mawusubɔsubɔ ŋu. Do ŋgɔ la, megblɔe na wo be esi fofonye, si nye mawudzimaxɔsela, kple Yehowa Ðasefo aɖe si va mía ƒe me nɔ nu me dzrom la, medo go le aƒea me le woƒe dzeɖoɖoa ta. Xɔ̃nyeawo dometɔ ɖeka gblɔ be, ‘Ðewohĩ Yehowa Ðasefowoe le nyateƒea gblɔm.’

“Bubu hã gblɔ be, ‘Ðe manyo be míade woƒe kpekpeawo dometɔ ɖeka kpɔ oa?’ Míewɔ abe ale si wògblɔe ene. Togbɔ be míenɔ ɖi kem hã la, mía dometɔ aɖewo yi edzi nɔ kpekpeawo dem le esi Ðasefoawo do vivi ɖe mía ŋu nyuie ta.

“Ke le Kwasiɖa aɖe gbe la, mese nya aɖe le kpekpeawo me si na nye susu trɔ. Nuƒolaa ɖe nu si tae amewo kpea fu ɖo la me. Do ŋgɔ la, nyemenyae be le gɔmedzedzea me la, wowɔ amegbetɔwo wode blibo, hafi to ame ɖeka dzi mí katã míenyi nu vɔ̃ kple ku ƒe dome o. Nuƒolaa ɖe nu si tae wòhiã be Yesu naku hafi nu si dome ame gbãtɔ gblẽ la nagasu ameƒomea si la me.a (Romatɔwo 5:12, 18, 19) Nu sia nu me va kɔ nam zi ɖeka. Megblɔ le susu me be, ‘Mawu aɖe li si tsɔ ɖe le eme na mí vavã.’ Meyi Biblia sɔsrɔ̃a dzi, eye kasia meva se le ɖokuinye me zi gbãtɔ le nye agbe me be mate ŋu ado gbe ɖa na ame aɖe si li ŋutɔŋutɔ.”

◼ Allan, si hã ƒe nya míegblɔ le nyati gbãtɔ me. “Gbe ɖeka Yehowa Ðasefowo va míaƒe aƒe me, eye srɔ̃nye xɔ wo, elabena nya si wogblɔ tso agbe tegbee nɔnɔ le anyigba dzi ŋu la do dzidzɔ nɛ. Esia ve dɔme nam. Eya ta medzo le amedzroawo gbɔ, eye meyɔ srɔ̃nye va dzodoƒea hegblɔ nɛ be, ‘Mègana woable wò o. Nu ka tae nàxɔ nya mawo dzi ase?’

“Eɖo eŋu nam be, ‘Ekema yi nàɖee afia wo be woƒe nyaa mele eme o.’

“Metee kpɔ gake nyemete ŋui o. Ke hã, wowɔ nu ɖe ŋunye nyuie, eye wotsɔ agbalẽ aɖe si ƒo nu tso ale si agbea wɔ va dzɔe ŋu la nam. Agbalẽa ƒe numeɖeɖe siwo me kɔ kple kpeɖodzi sẽŋuawo na mekpɔe be ele be masrɔ̃ nu geɖe tso Mawu ŋu. Ðasefowo va nɔ Biblia srɔ̃m kplim, eye eteƒe medidi o, meva kpɔe be nu si Biblia gblɔ la to vovo sãa na nu siwo katã mesusu tso mawusubɔsubɔ ŋu. Biblia sɔsrɔ̃ wɔe be meva nɔ gbe dom ɖa tso dzi me wu tsã. Nɔnɔme manyomanyo aɖewo nɔ ŋunye, eya ta medo gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋunye. Meka ɖe edzi be eɖo gbedodoɖa mawo ŋu.”

◼ Andrew, si le England. “Togbɔ be meka ɖe nye nukpɔsusuwo dzi, eye mekpɔ dzidzɔ ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya ŋu hã la, esi amewo gblɔna be kpeɖodzi li be xexea dzɔ le eɖokui si la ta koe nye hã mexɔ nya ma dzi se ɖo. Eye nu baɖa wɔwɔ siwo xɔ aƒe ɖi la tae nyemexɔ Mawu dzi se o ɖo.

“Gake ɣeaɖewoɣi la, megblɔna be: ‘Ne Mawu li vavã la, ke madi be mase tameɖoɖo si le agbea ŋu gɔme. Nu ka tae nu vlo wɔwɔ kple aʋawɔwɔ bɔ alea?’ Ɣeaɖewoɣi ne meɖo xaxa me la, medoa gbe ɖa biaa kpekpeɖeŋu, gake nyemenyana ame si menɔ nua ƒom na o.

“Gbe ɖeka ame aɖe tsɔ agbalẽvi aɖe si Yehowa Ðasefowo ta, si ƒe tanyae nye Ðe Xexeme Sia Akpɔtɔ Anɔ Anyia? na srɔ̃nye. Mede ŋugble le biabia ma tututu ŋu zi geɖe va yi. Agbalẽvi ma na metrɔ susu ɖe Biblia ŋu, eye mebia ɖokuinye be, ‘Ðe manyo be madzro ŋuɖoɖo siwo wòna la me akpɔ oa?’ Emegbe esi meyi mɔkeke la, ame aɖe tsɔ agbalẽ si nye The Bible​—God’s Word or Man’s?b (La Bible: Parole de Dieu ou des hommes?) nam. Esi mede dzesii be Biblia me nyawo wɔ ɖeka kple dzɔdzɔmeŋutinunya si ŋu kpeɖodzi le la, mekpɔe be ele be masrɔ̃ Biblia nyuie. Eya ta esi Yehowa Ðasefo aɖe gblɔ be yeasrɔ̃e kplim la, melɔ̃. Esi meva nɔ Yehowa ƒe tameɖoɖowo gɔme sem wu la, mese le ɖokuinye me be enye ame ŋutɔŋutɔ nam, eye mate ŋu aƒo nu nɛ faa le gbedodoɖa me.”

◼ Jan, ame si wodzi ɖe Protestant-ha aɖe me le London. “Subɔsubɔhawo ƒe alakpanuwɔwɔwo kple ale si fukpekpe bɔe la na medzudzɔ mawusubɔsubɔ. Azɔ hã, medzudzɔ suku heva tsɔ hadzidzi kple dzitaaƒoƒo ɖo dɔe. Ɣeyiɣi sia mee medo go ɖekakpui si ŋkɔe nye Pat. Edzilawo nye Katolikotɔwo, gake eya hã va zu dzimaxɔsetɔ abe nye ke ene.

“Mía kple Pat kpakple ame bubu siwo hã dzudzɔ suku, siwo kpɔa dzidzɔ ɖe Ɣedzeƒetɔwo ƒe mawusubɔsubɔ ŋu la va tsi aƒe aɖe si me amewo magale o la me. Míehea nya tso tameɖoɖo si le agbea ŋu gaƒoƒo geɖe va se ɖe esime zã tsi. Togbɔ be mía kple Pat míexɔ Mawu dzi se o hã la, míeka ɖe edzi be ‘agbedzɔƒe’ aɖe li.

“Esi míeva ʋu yi dziehe England be míadi hadzidzidɔ le afi ma awɔ lae míedzi mía viŋutsuvia. Edze kpokpo le zã aɖe me, eye kasia mede asi gbedodoɖa me na Mawu si dzi nyemexɔ se o la. Ema megbe kpuie la, masɔmasɔ aɖe ɖo mía kple Pat dome, eye metsɔ vidzĩa ɖe asi heʋu dzo le egbɔ. Megado gbe ɖa ake kple susu be ɖewohĩ ame aɖe li si le esem. Le nye manyamanya me la, Pat hã wɔ nenema ke.

“Emegbe le ŋkekea me la, Yehowa Ðasefo eve va ƒo ʋɔ na Pat hexlẽ Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo siwo sɔ na agbenɔnɔ la dometɔ aɖewo nɛ. Pat ƒo ka nam biam be malɔ̃ be Ðasefoawo nava srɔ̃ Biblia kple mí ame evea hã. Eteƒe medidi o, míeva de dzesii be, ele be míaɖe srɔ̃ le se nu hafi míaƒe nu nadze Mawu ŋu. Esia dze nu sesẽ na mí ŋutɔ, elabena mía dome menɔ nyonyom o.

“Míedi be míasrɔ̃ nu geɖe tso ale si Biblia me nyagblɔɖiwo va emee, nu si tae fukpekpe li kple nu si Mawu Fiaɖuƒea nye ŋu. Vivivi la, míeva de dzesii be Mawu tsɔ ɖe le eme na mí, eye míedi be míawɔ eƒe nyawo dzi. Míeva ɖe mía nɔewo. Nunya si le Mawu ƒe Nyaa me la kpe ɖe mía ŋu míehe mía vi etɔ̃awo. Míeka ɖe edzi be Yehowa se míaƒe gbedodoɖawo.”

Wò Ŋutɔ Dzro Kpeɖodziawo Me

Ame siwo ƒe nya míegblɔ le nyati sia me, kpakple ame miliɔn bubu geɖewo de dzesi alakpasubɔsubɔ ƒe alakpanuwɔwɔwo, eye wova nya nu si tae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li. Ðe nède dzesii be le wo katã gome la, Biblia me nyawo ŋuti gɔmesese nyuitɔae na wova ka ɖe edzi be vavãe Yehowa sea gbedodoɖawoa?

Àdi be yeadzro nu siwo ɖo kpe edzi be Mawu li la mea? Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoakpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃ nyateƒea ku ɖe Yehowa, ‘Gbedodoɖasela’ la ŋu ahate ɖe eŋu kplikplikpli.—Psalmo 65:3.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Ne èdi be yeaxlẽ nu geɖe tso ale si Yesu ƒe kua nye avuléle ɖe míaƒe nu vɔ̃wo tae ŋu la, kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 5 lia. Yehowa Ðasefowoe tae.

b Yehowa Ðasefowoe tae.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 10]

“Esi meva nɔ Yehowa ƒe tameɖoɖowo gɔme sem wu la, mese le ɖokuinye me be enye ame ŋutɔŋutɔ nam, eye mate ŋu aƒo nu nɛ faa le gbedodoɖa me”

[Nɔnɔmetata ŋu nya si le axa 9]

Kpeɖodziwo, kple didi be woanya Mawu ŋuti nyateƒea dzie wotua xɔse akuakua ɖo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe