INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g97 7/8 axa 22-23
  • Ðe Dzɔdzɔmeŋutinunya Kple Biblia Wɔ Ðeka?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Dzɔdzɔmeŋutinunya Kple Biblia Wɔ Ðeka?
  • Nyɔ!—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Nukunuwo Mesɔ Ðe Dzɔdzɔmeŋutinunya Nu Oa?
  • Ðe Biblia Tsi Tre Ðe Dzɔdzɔmeŋutinunya Ŋua?
  • Sidzedze si tso Amesi Kɔkɔ Wu Gbɔ
  • Ale Si Dzɔdzɔmeŋutinunya Ðea Vi Na Wòe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Dzɔdzɔmeŋutinunya—Mɔ si Dzi Ameƒomea To Le Nyateƒea Dim
    Nyɔ!—1993
  • Aleke Xexea Kple Agbe Wɔ Va Dzɔ?
    Nyɔ!—2002
  • Ðe Agbalẽ Sia Wɔ Ðeka Kple Dzɔdzɔmeŋutinunyaa?
    Agbalẽ si Nyo na Amesiame
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1997
g97 7/8 axa 22-23

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Ðe Dzɔdzɔmeŋutinunya Kple Biblia Wɔ Ðeka?

TSO yameʋuwo kple atombɔmbwo dzi vaseɖe asitɔtrɔ le lãmenugbagbeviwo ŋu kple ewɔwɔ be alẽ nadzi vi manye atsu alo nɔe hã o, dzi le míaƒe ƒe alafa 20 lia sia me na wònye ɣeyiɣi si me dzɔdzɔmeŋutinunya xɔ aƒe ɖo. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo na amewo de dzinu dzi, woɖe sakpate ɖa, wogbugbɔ trɔ asi le agbledede ŋu, eye wona nyatakakamɔnu si tsɔna eye wòdea xexeame katã la ɖo ame biliɔn geɖe gbɔ. Eyata mewɔ nuku be amewo lɔ̃na ɖe nya siwo dzɔdzɔmeŋutinunyalawo gblɔna dzi o. Gake nya kae le dzɔdzɔmeŋutinunyalawo si woagblɔ tso Biblia ŋu? Eye nya ka Biblia hã gblɔ na mí tso dzɔdzɔmeŋutinunya ŋu?

Ðe Nukunuwo Mesɔ Ðe Dzɔdzɔmeŋutinunya Nu Oa?

Mía ŋɔli me numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Amesiwo dzɔdzɔmeŋutinunya dzɔa dzi na xɔe se be ‘nanee naa nane dzɔna.’ Woka ɖe edzi be woate ŋu ado afɔ na nusianu.” Biblia-srɔ̃lawo hã lɔ̃na ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe gɔmeɖose siwo ŋu kpeɖodzi le dzi. Gake wode dzesii be Biblia ƒo nu tso nukunu siwo womate ŋu anɔ te ɖe dzɔdzɔmeŋutinya dzi aɖe me le fifi nunya nu o ŋu zi geɖe. Eƒe kpɔɖeŋu aɖewoe nye ɣe ƒe tɔtɔ ɖe teƒe ɖeka le Yosua ŋɔli kple Yesu ƒe zɔzɔ le tsi dzi. (Yosua 10:12, 13; Mateo 14:23-34) Gake wogblɔ be Mawu ƒe ŋusẽ si wɔ dɔ gbɔ dzɔdzɔme tɔ ŋu mee nukunu siawo tso.

Nya vevi aɖee nye sia. Ne ɖe Biblia gblɔ be amewo ate ŋu azɔ tsi dzi Mawu ƒe kpekpeɖeŋu manɔmee alo be ɣe ƒe zɔzɔ le dziŋgɔli me si dzena ƒã la ate ŋu atɔ nanekemadzɔmadzɔe la, adze abe ɖe wòtsi tre ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya me nyateƒenyawo ŋu ene. Gake esi wògblɔ be Mawu ƒe ŋusẽ mee nu mawo dzɔ le la, menye ɖe wòtsi tre ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya ŋu o ke boŋ nusi gɔme dzɔdzɔmeŋutinunyalawo mate ase o la ŋue wòle nu ƒom le.

Ðe Biblia Tsi Tre Ðe Dzɔdzɔmeŋutinunya Ŋua?

Ke afisiwo Biblia la ƒo nu tso amewo ƒe agbemenudzɔdzɔ dzrowo ko ŋu alo ƒo nu le numiemiewo, lãwo, alo dzɔdzɔmenu siwo dzɔna ɖaa ŋu ya ɖe? Ewɔ nuku be ne wode ŋugble le nya bubu siwo ƒo xlã nya siwo Biblia gblɔ ŋu la, womekpɔa nya si dzi woɖo kpee be etsi tre ɖe dzɔdzɔmeŋutinya ŋu la ƒe kpɔɖeŋu aɖeke o.

Le kpɔɖeŋu me Biblia zãa hakpanya siwo ɖea alesi amesiwo nɔ agbe le ƒe akpe geɖe siwo va yi me bua nuwo ŋui fiana. Esi Hiob ƒe agbalẽ gblɔ be Yehowa xa dziŋgɔli alo wɔe “abe ahuhɔ̃e, si me kɔ keŋ ene” la, eɖɔ dziŋgɔli be ele abe ahuhɔ̃e si daa dzo ene wòsɔ nyuie. (Hiob 37:18) Mele be nàtsɔ kpɔɖeŋu si wowɔ la gbadzaa ko o abe alesi màse kpɔɖeŋu si wowɔ le anyigba ŋu be “woɖo egɔme anyi” alo be “dzogoedzikpe” le esi gɔme ɖe nya la nu tututu o ene.—Hiob 38:4-7.

Nya sia le vevie elabena numeɖela geɖe tsɔ kpɔɖeŋu mawo gbadzaa ko nenema. (Kpɔ Samuel II, 22:8; Psalmo 78:23, 24.) Woƒo nya ta be Biblia fia nane abe nya si gbɔna si woyɔ tso The Anchor Bible Dictionary me ene.

“Wosusu be anyigba si dzi ameƒomea le la nye nu nogo, sesẽ aɖe si ɖewohĩ enye agba si le tsatsam le tsi gbanaa aɖe dzi. Tsi bubu aɖe si le dziŋgɔlia me si hã le gbanaa nenema ke la le akasanu kple anyigba dzi tɔ sia, eye eya mee tsi dzana tsonɛ to do kple tsimɔ siwo le dziƒo tsidzɔƒea ŋu me. Wotɔ dzinu, ɣe, kple ɣleti bubuwo ɖe anyigba tame wòxa gobaa. Nusiae nye ‘dziƒolili,’ (rāqîa‛) nyanyɛ si ŋu nunɔlawo ƒoa nu tsoe.”

Edze ƒã be nuɖɔɖɔ sia mewɔ ɖeka kple egbegbe dzɔdzɔmeŋutinunya o. Gake ɖe nya sia ɖe Biblia ƒe nufiafia le dziƒo ŋu fia nyuiea? Kura o. The International Standard Bible Encyclopaedia gblɔ be Hebritɔwo ƒe xexeame ɖɔɖɔ alea “nɔ te ɖe susu siwo bɔ ɖe Europa le Titinaɣeyiɣiawo me koŋ dzi geɖe wu be wòanɔ te ɖe nya siwo wogblɔ ŋutɔŋutɔ ɖe N[ubabla] X[oxoa] me dzi.” Afikae titinaɣeyiɣi me nukpɔsusu mawo tso? Abe alesi David C. Lindberg ɖe eme le The Beginnings of Western Science me ene la, blema Hela xexemenunyala Aristotle si ƒe agbalẽwo dzi wotu titinaɣeyiɣi me nusɔsrɔ̃ geɖe ɖo la ƒe xexemedzɔtsoƒe ŋuti nusɔsrɔ̃ dzi koŋ wotu wo ɖo.

Ne ɖe Mawu na woŋlɔ Biblia ɖe gbegbɔgblɔ si avivi ƒe alafa 20 lia me dzɔdzɔmeŋutinunyala nu me la, anye ne maɖe vi aɖeke o eye wòahe amewo ƒe susu ɖa le edzi. Ðe dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe nyagbɔkpɔmɔnuwo teƒe la, Biblia zã kpɔɖeŋu siwo me kɔ nyuie siwo woɖe tso amesiwo ŋlɔ eme nyawo ɖi zi gbãtɔ la ƒe gbesiagbegbenɔnɔ me—esiwo nye nɔnɔme siwo ʋãa amewo le ɣeyiɣi ɖesiaɖe me egbea gɔ̃ hã.—Hiob 38:8-38; Yesaya 40:12-23.

Sidzedze si tso Amesi Kɔkɔ Wu Gbɔ

Gake dzɔdzɔmeŋutinunya si menɔ nyanya na amesiwo nɔ anyi ɣemaɣi o la dze le Biblia ƒe akpa aɖewo. Hiob gblɔ be Mawu “keke [dziehe] ɖe ya me, eye meku anyigba ɖe naneke ŋu o.” (Hiob 26:7) Anyigba si womeku “ɖe naneke ŋu o” ƒe susua to vovo sã na blematɔ akpa gãtɔ siwo gblɔ be atiglinyiwo alo ƒumeklowo dzie wòle la ƒe nya kpakpawo. Dzadzɛnyenye ŋuti nudidiwo nɔ Mose ƒe Sea me siwo de ŋgɔ sã wu atikewɔwɔŋununya si nɔ anyi ɣemaɣi. Ðikeke mele eme o be ɖoɖo siwo wowɔ be woaɖe amesiwo ŋu wobu be anyidɔ le ɖa le amewo dome kple sedede be woagaka asi ame kuku ŋu o la kpɔ Israel-vi geɖe ƒe agbe ta. (Mose III, 13; Mose IV, 19:11-16) Wogblɔ le Asiriatɔwo ƒe atikewɔwɔ si to vovo na esia sã la ŋu be enye “mawusubɔsubɔ, afakaka, kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋuti nusɔsrɔ̃ si wotsɔ wɔ ɖeka” eye eƒe akpa aɖewoe nye avumi kple amegbetɔ ƒe aɖuɖɔ tsɔtsɔ da dɔe.

Dzɔdzɔmeŋutinunya me nyatakaka deŋgɔ siwo de pɛpɛpɛ le Biblia me, abe alesi woakpɔ mɔ be wòanɔ le agbalẽ si Wɔla la na woŋlɔ me ene, togbɔ be metsɔ dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe numeɖeɖe deto siwo gɔme manya se na blematɔwo alo atɔtɔ wo gɔ̃ hã yɔ emee o hã. Naneke mele Biblia me si tsi tre ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya me nyateƒenya siwo le nyanya ŋu o. Gake nya geɖe le Biblia me si mewɔ ɖeka kple nufiafia siwo ŋu kpeɖodzi mele o la o, si ƒe ɖee nye nɔnɔmetɔtrɔnufiafia.

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

NASA

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Nya si Hiob gblɔ be ‘womeku anyigba ɖe naneke ŋu o’ ɖe sidzedze si menɔ nyanya na eŋɔlimetɔwo o fia

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe