INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g97 7/8 axa 17-21
  • Alesi Míedi Dzɔdzɔenyenyee

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Alesi Míedi Dzɔdzɔenyenyee
  • Nyɔ!—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kuxi Siwo Le Sɔlemehawo Ŋu
  • Nye Asrafozuzu Kple Srɔ̃ɖeɖe
  • Nye Tsitretsitsi Ðe Eŋu Dzimesesẽtɔe
  • Wokpɔ Dzɔdzɔenyenye si Dim Menɔ Gbɔ Nam
  • Woɖo Nye Dzi Gbɔ Mlɔeba
  • Ɣeyiɣiawo Katã ƒe Subɔsubɔdɔa Wɔwɔ
  • Ɣeyiɣi si me Woakpɔ Dzɔdzɔenyenye Blibo
  • Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
Nyɔ!—1997
g97 7/8 axa 17-21

Alesi Míedi Dzɔdzɔenyenyee

ABE ALESI ANTONIO VILLA GBLƆE ENE

Le ƒe 1836 me la, Texastɔ Alamo taʋlilawo katã—siwo ƒe xexlẽme mede 200 o—tsrɔ̃ ɖe Mexico-ʋakɔ aɖe si ŋutsu siwo ade 4,000 nɔ la si me. Le ema megbe la, wozã nyagbɔgblɔ “Ðo Ŋku Alamo Dzi” tsɔ de dzo ɖokuisinɔnɔ, si wova xɔ emegbe le ƒe ma me, ƒe aʋa la me. Le ƒe 1845 me la, teƒe si nɔ Mexico tsã la va zu United States ƒe akpa aɖe, eye Mexicotɔwo va kpɔ be dukɔ si me womelɔ̃ yewoƒe nya le o mee yewova le. Wogaɖoa ŋku gbe vovovo dodo ŋuti dzrehehewo dzi kokoko.

WODZIM le ƒe 1937 me le Texas si medidi boo tso San Antonio, afisi Alamo nɔ gbɔ o. Le ŋkeke mawo me la, woŋlɔa nu ɖe tsileƒewo, tsinoƒewo, kple dutoƒonuzazã bubu ŋu be “Yevuwo Ðeɖe Ko” kple “Ame Bubuwo.” Eteƒe medidi kura hafi meva see be mí amesiwo nye Mexico-vidzidziwo hã kpe ɖe “Ame Bubuwo” ŋu o.

Esi menɔ sinima aɖe kpɔm le sinimakpɔƒe la, gota koe woɖe mɔ na Mexicotɔwo kple ameyibɔwo be woanɔ, ke menye takpexɔ la ŋutɔŋutɔ ya me o. Nuɖuɖudzraƒe kple dɔwɔƒe geɖe melɔ̃na dzraa nu na Mexicotɔwo o. Gbeɖeka esi srɔ̃nye Velia, kpakple nɔvianyɔnu woyi ɖa wɔ ge le ɖawɔƒe aɖe la, ɖawɔƒea dzikpɔlawo megblɔ nudzeamewɔwɔtɔe gɔ̃ hã be: “Míexɔa Mexicotɔwo ɖe afisia o.” Ðeko wonɔ wo kom vaseɖe esime ŋu kpe Velia kple nɔvianyɔnua wodzo.

Ɣeaɖewoɣi yevuŋutsuwo—zi geɖe ne wono aha mu—dia Mexico-nyɔnu siwo ame geɖe buna agbegbegblẽnɔlawoe tso dzɔdzɔme la. Megblɔna na ɖokuinye be, ‘Womelɔ̃na míezãa tsileƒe alo tsinoƒe kpli wo o, evɔ wohelɔ̃na mlɔa aba dzi kple Mexico-nyɔnuwo ya.’ Gbã la, nu madzɔmadzɔ wɔwɔ siawo na metsia dzodzodzoe, eye emegbe meva tsia tre ɖe wo ŋu.

Kuxi Siwo Le Sɔlemehawo Ŋu

Subɔsubɔhawo ƒe alakpanuwɔwɔ gado dziku nam ɖe edzi wu. Yevuwo, ameyibɔwo, kple Mexicotɔwo wɔa sɔleme vovoe. Esime menye Katolikotɔ nɔ dzadzram ɖo ɖe nye Nuɖuɖu Kɔkɔe xɔxɔ ŋu zi gbãtɔ la, nunɔla la tsɔ agbalẽkotoku siwo dzi woŋlɔ ɣletiŋkekewo ɖo nam be matsɔ na fofonye. Wobia tso mía si be míatrɔ agbalẽkotoku si me wode nudzɔdzɔe la agbɔe kwasiɖa ɖesiaɖe. Ema megbe kpuie ko la, nunɔla la gblɔ nam be: “Gblɔ na fofowò be agbalẽkotokuawo mele mía gbɔ ɖom o.” Nya siwo fofonye do dziku gblɔ la wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ: “Ema koe wonya—ga!”

Edzɔna zi geɖe be ŋukpenanyawo dzɔna si me mawunyagblɔlawo kplɔa nyɔnu siwo le woƒe hamewo me la sinae. Nuteƒekpɔkpɔ siawo tɔgbe na megblɔna zi geɖe be: “Taɖodzinu eve koe le mawusubɔsubɔha si—eyae nye be woaxɔ ga le asiwò loo alo woaxɔ srɔ̃wò.” Eyata ne Yehowa Ðasefowo va gbɔnye la, menyãa wo, hegblɔna be: “Ne mawusubɔsubɔ dzrom la, nye ŋutɔe adii.”

Nye Asrafozuzu Kple Srɔ̃ɖeɖe

Le ƒe 1955 me la, mege ɖe United States ƒe Yamesrafowo, si mesusu be ne medze agbagba vevie le nye dɔwɔwɔ me la, makpɔ bubu si wotem le nye Mexicotɔnyenye ta la me. Esi meva nɔ vevie dom nu la, nye ŋkɔ va nyɔ, eye ʋeʋeʋe la wotsɔm ɖo adzɔnuwo dodokpɔ nu. Dɔ sia ƒe akpa aɖee nye be malé ŋku ɖe asrafowo ƒe dɔdzikpɔƒe bubuwo ŋu.

Le ƒe 1959 me la, meɖe Velia. Mawusubɔsubɔ doa dzidzɔ na Velia vevie tso ɣeaɖeɣi ke. Gake sɔleme vovovo siwo wòde ƒe nuwɔna ɖe dzi le eƒo. Gbeɖeka le ƒe 1960 me esi nu te ɖe edzi vevie la, edo gbe ɖa be: “Taflatse, Mawu, ne èli la, ke na manya. Medi be manya wò.” Gbemagbe ke la, Yehowa Ðasefo aɖe va mía ƒeme le Petaluma, California.

Gake le ema megbe kpuie la, Velia megado go Ðasefoawo kpɔ o le tɔtrɔ si va nye asrafodɔa me ta. Ke le ƒe 1966 me esime menɔ Vietnam la, egadze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kpli wo le Seminole, Texas. Esi metrɔ tso Vietnam gbɔ va aƒe le ƒe si kplɔe ɖo ƒe gɔmedzedze la, esi mekpɔe wònɔ Biblia srɔ̃m kple Ðasefowo la, medzɔ dzi nam o.

Nye Tsitretsitsi Ðe Eŋu Dzimesesẽtɔe

Mebu be wole Velia ble ge ade mawusubɔsubɔ me eye woana dzi naɖe le eƒo. Eyata menɔ nusɔsrɔ̃a teƒe henɔ to dzi be mɔnukpɔkpɔ aɖe nasu asinye maklo nu le alakpanuwɔwɔ suetɔ kekeake dzi. Esi nyɔnua gblɔ be Ðasefowo medea nu dunya me o la, metso nya ɖe enu be: “Dɔ kae srɔ̃wò wɔna?”

Eɖo eŋu be: “Ðetigblee wòdena.”

Meɖo eŋu dadatɔe be: “Ahã, ɖetifue wotsɔ tɔa asrafowuwoe ɖe. Eyata miele asi kpem ɖe aʋawɔwɔ ŋu!” Nye gbe va nɔ sesẽm eye megbe nugɔmesese.

Togbɔ be le ƒe 1967 ƒe June me nye asrafodɔ yeye ɖem yi keke Minot, le Dakota ƒe Dziehe hã la, Ðasefo siwo le afima va Velia gbɔ gadze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kplii. Meva tsi tre ɖe eŋu hewɔa ɖevinu. Meɖonɛ koŋ gbɔna le gaƒoƒo si me wosrɔ̃a nua heléa ʋɔ tuna sesĩe, zɔna klokloklo le atrakpuiawo dzi, ɖea nye afɔkpawo ƒua gbe sesĩe ɖe anyigba, hetea asi ɖe gaze si tsi kplɔna dzonae dzi zi geɖe.

Velia nya nuƒoƒo na ame eye wònye srɔ̃nyɔnu ɖokuibɔbɔla si mewɔa naneke le eɖokui si ne megblɔe nam hafi o. Togbɔ be metsɔ dzi kpekpe ɖe mɔ ɖe Biblia sɔsrɔ̃ ŋu nɛ hã la, enya be anye avu kple kɔ na ye be yeade Ðasefowo ƒe kpekpewo. Ne mede dzi ƒo nɛ be wòade la, eɖoa eŋu ɣesiaɣi be: “Atse meblem o. Nyemedi be mawɔ nu wòave Tony o.”

Gake gbeɖeka Velia xlẽe le Biblia me be: “Migawɔ nusi ave Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la o.” (Efesotɔwo 4:30) Ebia be: “Nya sia gɔme ɖe?” Ðasefo si nɔ nusɔsrɔ̃a dzi kpɔm la gblɔ be: “Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe ʋã amewo woŋlɔ Biblia la. Eyata ne míewɔ ɖe Biblia me nyawo dzi o la, ekema míele dziku dom na Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo medea kpekpewo o, evɔ wonya be Mawu ƒe Nya gblɔ be ele be míade hafi.” (Hebritɔwo 10:24, 25) Nya sia koe hiã be wòaʋã dzi na Velia. Tso ɣemaɣi ko la edea kpekpe ɖesiaɖe togbɔ be metsia tre ɖe eŋu gake.

Megblɔna nɛ kple dziku be: “Aleke nàdzo le aƒeme esi mèɖa fiẽnu nam o?” Eteƒe medidi hafi Velia va nya alesi wòaɖa nye fiẽnuɖuɖu dzo nanɔ eme aɖo kplɔ̃e nam o. Eyata megava doa taflatse bubuwo be: “Mèlɔ̃ mía kple ɖeviawo o. Egblẽa mí ɖi dzona yia kpekpewo.” Alo ne metsi tre ɖe Ðasefowo ƒe dzixɔsewo ŋu eye Velia le agbagba dzem tufafatɔe be yeaʋli wo ta la, megblɔna nɛ be enye bocona—“nukpoliƒola”—heyɔnɛ be enye bocona mabuame kple ɖokuimabɔbɔla.

Ke hã kpekpewo dede dzi koe Velia ganɔ, eye zi geɖe la aɖatsi nɔa mo nɛ wòtsɔ dzonae le aƒeme le alesi medzunɛ ta. Gake mewɔna ɖe gɔmeɖose aɖewo dzi ya. Nyemeƒo srɔ̃nye kpɔ alo wòayi susu me va ge nam be madzo le egbɔ le xɔseha yeye si me wòɖo ta o. Gake metsia dzi vevie ya be ɖewohĩ eƒe nu anyo ŋutsu dzeɖɛkɛ aɖe ŋu le kpekpe mawo. Egakpɔtɔ nɔ susu me nam megblɔna kokoko ne subɔsubɔnyawo do mo ɖa be, ‘Ga alo srɔ̃wòe woaxɔ le asiwò.’ Ne Velia le dzadzram ɖo ɖe kpekpewo yiyi ŋu la, mehea nya gblɔna be: “Èle ɖokuiwò dzram ɖo be nànya kpɔ na ame aɖe, ke menye na nye ya o.” Eyata esi metso nya me zi gbãtɔ be made kpekpewo la, megblɔ be: “Nye hã mayi—gake be matsɔ alé ŋku ɖe nusi nèyi ɖawɔna ŋu ko tae!”

Gake susu si ta koŋ meyi enye be ne makpɔ nane le Ðasefowo ŋu agblɔ. Le kpekpe gbãtɔ siwo mede ƒe ɖeka me la, woƒo nu tso srɔ̃ɖeɖe “le Aƒetɔ la me ko” ŋuti. (Korintotɔwo I, 7:39) Esi míegbɔ va aƒeme la, mehe nya vevie be: “Èkpɔea! Ðeko wole abe amesiame ko ene pɛpɛpɛ—wobu susu vɔ̃ ɖe amesiame si mele woƒe xɔsea me o ŋu.” Velia tsɔ tufafa gblɔ be: “Gake menye woawoe le egblɔm o, Biblia ye gblɔe.” Metsi nya ɖe enu enumake ŋlɔ kɔ tu gli gblɔ kple ɣli be: “Bocona gadze eƒe dɔ gɔme!” Le nyateƒe me la, dzi ɖe le ƒonye elabena menya be eƒe nya la le eme.

Meyi kpekpewo kple Ðasefowo ƒe agbalẽwo xexlẽ dzi, gake susu si koŋ nɔ asinye enye be matsɔ adi vodada le wo ŋui. Meva te nyaŋuɖoɖo gɔ̃ hã le kpekpewo me—gake be matsɔ afia be menye Mexicotɔ mumue menye o ta ko.

Wokpɔ Dzɔdzɔenyenye si Dim Menɔ Gbɔ Nam

Le ƒe 1971 me la, nye asrafodɔ ɖem yi Arkansas. Meyi kpekpewo dede dzi kple Velia, amesi xɔ nyɔnyrɔ le December 1969 me tsɔ ɖo kpe eƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa dzii. Nyemegatsia tre ɖe eŋu o, gake nyemeɖea mɔ na ame aɖeke wòsrɔ̃a Biblia kplim o. Biblia-srɔ̃gbalẽwo xexlẽ na nye sidzedze dzi ɖe edzi ŋutɔ. Ke hã la, sidzedze dzro koe wònye nɔ tame nam—didi si nɔ menye be manye amesi dzea agbagba wu le nusianu me ƒe akpa aɖe ko wònye. Gake ʋeʋeʋe la, hadede kple Yehowa Ðasefowo va te ŋusẽ kpɔkpɔ ɖe nye dzi dzi.

Le kpɔɖeŋu me, mede dzesii be ameyibɔwo hã fiaa nu le hame ƒe kpekpewo me. Gake le gɔmedzedzea me megblɔna na ɖokuinye be, ‘Xɔ me afisia koe wowɔa nusia le.’ Gake esi míeyi takpekpe si wowɔ le bɔlƒoƒe aɖe la, ameyibɔwo hã ƒe gomekpɔkpɔ le nuƒoawo ƒoƒo me na nye nu ku. Meva lɔ̃ ɖe edzi be Ðasefowo medea vovo amewo me o. Wonɔa agbe ɖe dzɔdzɔenyenye vavãtɔ nu.

Meva kpɔe dze sii hã be lɔlɔ̃ vavã le Yehowa Ðasefowo me na wo nɔewo. (Yohanes 13:34, 35) Eye esi menɔ wo dome míenɔ woƒe Fiaɖuƒe Akpata tum la, mekpɔ be ɖeko wole abe ame bubuwo ene. Mekpɔ be ɖeɖi tea wo ŋu, wowɔa vodada, eye woʋlia nya gɔ̃ hã ne nuwo meyi nyuie o. Le esi teƒe be blibomademade siawo naɖem ɖe aga la, meva kpɔ be wo dome nɔnɔ na meɖea dzi ɖi wu. Ðewohĩ esi mekpɔe dze sii be mɔkpɔkpɔ mebu ɖem o togbɔ be mewɔa vodada geɖe hã tae.

Woɖo Nye Dzi Gbɔ Mlɔeba

Meva kpɔe dze sii zi gbãtɔ be ƒomedodo va le mía kple Yehowa dome esime Gbetakpɔxɔ ɖe nu me le ƒe 1973 me be sigaretnono nye ‘ɖiƒoƒo ŋutilã la’ eye wònye nu gbegblẽ si ta woaɖe ame le ha me ɖo. (Korintotɔwo II, 7:1) Ɣemaɣi la, menoa sigaret go ɖeka alo eve gbesiagbe. Mete kpɔ zi geɖe do ŋgɔ be madzudzɔ gake medze edzi o. Gake fifia ɣesiaɣi si enono dzrom la, medoa gbe ɖa ɖe tame na Yehowa be wòakpe ɖe ŋunye madzudzɔ numãme ƒoɖi sia. Ewɔ nuku na amesiame be nyemeganoe kpɔ o.

Nye dzudzɔxɔxɔ le asrafodɔ me ƒe ɣeyiɣi de le July 1, 1975 dzi. Mekpɔ be ne medi be mawɔ nusi Biblia fiana dzi la, ke ahiã be matsɔ nye agbe aɖe adzɔgbe na Yehowa. Womesrɔ̃ Biblia kplim kpɔ o, eyata enye nusi wɔ mo yaa ŋutɔ na hamemegãwo esi megblɔ na wo le June 1975 me be medi be maxɔ nyɔnyrɔ ne nye asrafodɔ wu enu teti ko. Wogblɔ be ahiã gbã be mawɔ ɖe se si Yesu de be woawɔ gbeƒãɖeɖedɔ la dzi. (Mateo 28:19, 20) Mewɔ nusia le July ƒe Memleɖa gbãtɔ gbe. Gbemagbe ke la, mekpe kple hamemegã aɖe heɖo Biblia me nya siwo wobiaa amesiwo di be yewoaxɔ nyɔnyrɔ la ŋuti. Le kwasiɖa etɔ̃ megbe la, mexɔ nyɔnyrɔ.

Esi mía vi etɔ̃awo—Vito, Venelda, kple Veronica—kpɔ be mexɔ nyɔnyrɔ ko la, wova nɔ ŋgɔ yim kabakaba le gbɔgbɔ me. Le ƒe eve si kplɔe ɖo me la, xoxoetɔ eveawo xɔ nyɔnyrɔ, eye ɖevi tɔ hã va xɔ nyɔnyrɔ ƒe ene megbe. Ne mele nu ƒom na amesiwo nya Biblia me nyateƒea evɔ wometsɔe le dɔ wɔmee o la, megblɔa nusiwo ado tso woƒe nyateƒea ŋudɔmawɔmawɔ me na wo. Megblɔna na wo be togbɔ be wo viwo make nu agblɔe o hã la, nusi wosusunae nye, ‘Ne nyateƒea mele vevie na Fofonye o la, ke mele vevie na nye hã o.’

Ɣeyiɣiawo Katã ƒe Subɔsubɔdɔa Wɔwɔ

Míaƒe ƒome bliboa katã dze ɣeyiɣiawo katã ƒe mɔɖeɖedɔa gɔme le Marshall, Arkansas. Mía kple Velia míedze egɔme le ƒe 1979 me, eye mía viwo hã va kpe ɖe mía ŋu le ƒe siwo kplɔe ɖo me ne wo dometɔ aɖe wu eƒe suku kɔkɔ dede nu vɔ ko.

Le ƒe 1980 ƒeawo gɔmedzedze la, míesee be Biblia me sidzedze ƒe dɔ le Ecuadortɔ siwo le Anyiehe Amerika wum eye míeɖoe be míaʋu ayi. Le ƒe 1989 me la, mía viwo tsi te ŋu kpɔa wo ɖokui dzi. Eyata míezɔ mɔ kpuie le ƒe ma me yi Ecuador be ‘míaɖatsa ŋku le anyigba la dzi.’—Tsɔe sɔ kple Mose IV, 13:1, 2.

Míeɖo Ecuador le April 1990 me, si nye mía nɔƒe yeyea. Esi ga menɔ mía si sɔ gbɔ o ta—dzudzɔxɔxɔ le asrafodɔ me fetu dzie míenɔ agbe ɖo—eva hiã be míazã ga nyuie. Gake dzidzɔ si le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me le anyigbamamã sia si tsea ku le gbɔgbɔ me la ƒo ga si míetsɔ sa vɔe la ta sãa. Gbã la, míewɔ dɔ le melidzeƒedu si nye Manta me, afisi mía dometɔ ɖesiaɖe wɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ siwo ade 10 vaseɖe 12 le kwasiɖa ɖesiaɖe. Emegbe le ƒe 1992 me la, medze nutome sue dɔwɔwɔ gɔme kple srɔ̃nye. Míesrãa hame vovovo kpɔna kwasiɖa ɖesiaɖe.

Ɣeyiɣi si me Woakpɔ Dzɔdzɔenyenye Blibo

Ne míagblɔ nusi dzɔ va yi la, mía kple Velia míete ŋu kpɔe be numadzɔmadzɔwɔwɔ siwo teƒe míekpɔ esime míenɔ tsitsim la kpena ɖe mía ŋu fifia le míaƒe subɔsubɔdɔa me. Míenɔa ŋudzɔ ɣesiaɣi be míagado vlo ame aɖe si da ahe alo menya agbalẽ tututu de mía nu alo gblɔa gbe bubu o. Míekpɔe hã be wowɔa nu madzɔmadzɔ ɖe mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔ geɖe ŋu, siwo gavɔ̃ɖi kura wu esiwo me míeto la. Gake wometoa nyatoƒoe o. Woƒe ŋku nɔa Mawu ƒe Fiaɖuƒe si gbɔna la dzi vevie, eye nusia wɔwɔe míawo hã míesrɔ̃. Míedzudzɔ dzɔdzɔenyenye didi le nuɖoanyi sia me; ɖe ema teƒe la, míezãa míaƒe agbe tsɔ fiaa asi madzɔmadzɔnyenye gbɔkpɔnu ɖeka kolia si nye Mawu ƒe Fiaɖuƒea, na amewo.—Mateo 24:14.

Míesrɔ̃e hã be ele be mía dometɔ siwo kpɔa numadzɔmadzɔwɔwɔ dzea sii kaba la nakpɔ nyuie be míagadi dzɔdzɔnyenye deblibo tso Mawu ƒe amewo gbɔ o. Nusitae nye be mía dometɔ aɖeke mede blibo o eye nu gbegblẽ nya wɔna na mí bɔbɔe. (Romatɔwo 7:18-20) Gake míate ŋu agblɔ kple anukwareɖiɖi be míeke ɖe dukɔwo dome nɔviwo ƒe habɔbɔ si me lɔlɔ̃ le, si me tɔwo dzea agbagba wɔa nusi sɔ alesi gbegbe woate ŋui la ŋuti. Míaƒe mɔkpɔkpɔe nye be mía kple Mawu ƒe ame siwo le afisiafi míage ɖe Mawu ƒe xexe yeye si me dzɔdzɔenyenye anɔ la me ɖekae.—Petro II, 3:13.

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Metsia nya ɖe enu enumake heŋlɔa kɔ tua gli

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Mía kple Velia, esi mege ɖe yamesrafoha me

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Mía kple Velia le ƒe 1996 me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe