Kpe ɖe Viwòwo Ŋu Be Agbe Nadze Edzi Na Wo
DZILA geɖewo tsaa asi afisiafi be woakpɔ vihehe ŋu biabiawo ƒe ŋuɖoɖowo, evɔ le nyateƒe me, ele wo gbɔ pɛ le woawo ŋutɔ woƒe aƒeme hafi. Biblia le ƒome gbogbo aɖewo si gake agbalẽti dzi ko wòtsina léa fúfu evɔ wònye ɖe wòle be woazãe atsɔ ahe wo viwoe hafi.
Nyateƒee, ame geɖe megakana ɖe Biblia dzi egbea be ate ŋu afia ƒomegbenɔnɔ ame o. Wogblɔna be ezu tsigãdzinu, edo xoxo, alo eƒe nya dzi sẽ akpa. Gake ne míelé ŋku ɖe eŋu nyuie la, míakpɔe be agbalẽ si ŋu viɖe le na ƒomewoe Biblia nye. Mina míakpɔe ɖa azɔ.
Nɔnɔme Nyuitɔ
Biblia gblɔ na vifofo be wòabu viawo “abe amiti fẽwo ene le [eƒe] kplɔ̃ ŋu godoo.” (Psalmo 128:3, 4) Ati fẽwo matsi ava atse ku ne womelé be na wo, ɖe wo ŋu nyuie, na nunyiame, ke, kple fafa siwo sɔ la wo o. Nenema ke be woakpɔ dzidzedze le vinyinyi me la, ebia dɔwɔwɔ kple beléle. Ehiã be nɔnɔme nyuitɔwo nanɔ anyi si me woanyi ɖeviwo le bene woatsi alesi dze.
Nu vevi gbãtɔ si hiã le nɔnɔme ma mee nye lɔlɔ̃—le atsu kple asi dome kpakple le dzilawo kple ɖeviwo dome. (Efesotɔwo 5:33; Tito 2:4) Ƒome geɖe me tɔwo lɔ̃a wo nɔewo gake womekpɔnɛ be ehiã be yewoaɖe lɔlɔ̃ ma afia o. Gake bu nya sia ŋu kpɔ: Ðe nàte ŋu agblɔe wòasɔ be yegblɔ nya si le ye si na ye xɔlɔ̃ ne èŋlɔ lɛtawo nɛ evɔ mèŋlɔ eƒe adrɛs ɖe edzi alo mètu stamp edzi o, alo ègblẽe ɖi mèɖoe ɖee oa? Nenema ke Biblia fia be lɔlɔ̃ vavãtɔ menye seselelãme si doa dzidzɔ na ame ƒe dzi ko o; eɖea eɖokui fiana le nyagbɔgblɔ kple nuwɔna me. (Tsɔe sɔ kple Yohanes 14:15 kpakple Yohanes I, 5:3.) Mawu ɖo eƒe kpɔɖeŋu esi wòɖe alesi wòlɔ̃ Via gblɔ, be: “Amesia enye Vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu lena o la, si dzea ŋunye!”—Mateo 3:17.
Kafukafu
Aleke dzilawo awɔ aɖe lɔlɔ̃ sia afia wo viwo? Gbã la, midi nɔnɔme nyui si le wo me. Ele bɔbɔe be woakpɔ ɖeviwo ƒe vodada. Woƒe matsimatsi, nuteƒemakpɔmakpɔ, kple ɖokuitɔdidi adze le mɔ vovovo nu, gbesiagbe. (Lododowo 22:15) Gake woawɔ nu nyui geɖe hã gbesiagbe. Ka dzie wò susu anɔ? Menye míaƒe vodadawo ŋue Mawu léa ŋku ɖo o, eɖoa ŋku nu nyui siwo míewɔna boŋ dzi. (Psalmo 130:3; Hebritɔwo 6:10) Ele be míawɔ nu ɖe mía viwo ŋu nenema ke.
Ðekakpui aɖe gblɔ be: “Le ɣeyiɣi siwo katã metsɔ nɔ aƒemee me la, nyemeɖo ŋku edzi be wokafu mí le mɔ aɖeke nu kpɔ o—eɖanye ɖe míaƒe dɔwɔwɔwo le aƒeme alo suku ta o.” Dzilawo, migaŋe aɖaba ƒu nusia si mia viwo hiã vevie la dzi o! Ele be woakafu ɖevi ɖesiaɖe edziedzi ɖe nu nyui siwo wòwɔna la ta. Ana be mabɔ be ‘dzi naɖe le wo ƒo’ le esi wotsɔe be yewomete ŋu wɔa naneke wònyona dea edeƒe o ta o.—Kolosetɔwo 3:21.
Dzeɖoɖo
Mɔ nyui bubu si nu nàɖe lɔlɔ̃ afia viwòwo le ye nye be nàwɔ ɖe nuxlɔ̃ame si le Yakobo 1:19 dzi, be, ‘Ðe abla le nusese me, nànɔ blewu le nuƒoƒo me, nànɔ blewu hã le dziku me.’ Ðe nènaa viwòwo gblɔa woƒe dzimenya eye nèɖoa to nyuie sea nya si le wo si si wodi be yewoagblɔa? Ne viwòwo nya be hafi yewoawu yewoƒe nuƒoa nu gɔ̃ hã àka ŋkume na yewo alo àkpɔ dziku ne ènya alesi tututu yewosena le yewo ɖokui me la, ke ɖewohĩ woaɣla woƒe seselelãmewo ɖe wò. Gake ne wonya be àke to ase yewoƒe nya la, anɔ bɔbɔe na wo be woadi be yewoagblɔ yewoƒe nya ɣaɣlawo na wò.—Tsɔe sɔ kple Lododowo 20:5.
Gake ne wogblɔ seselelãme siwo nènya be womenyo o ɖe? Ðe wòle be nàtsɔ dziku aɖo eŋui, aka ŋkume nɛ, alo ahe to nɛa? Nyateƒee, ne ɖeviwo gblɔ dzikunya aɖewo la, asesẽ be ‘nànɔ blewu le nuƒoƒo me, anɔ blewu le dziku me hã.’ Gake gabu kpɔɖeŋu si Mawu ɖo ɖi le wo kple viawo dome ŋu kpɔ. Ðe wòklẽa ŋku dea viawo, ale be wovɔ̃na be yewoagblɔ alesi tututu yewosena le yewo ɖokui me nɛa? Ao! Psalmo 62:9 gblɔ be: “Mi dukɔ la, miɖo ŋu ɖe [Mawu ŋu] ɣeawokatãɣi, mitrɔ miaƒe dzi ƒo ɖe eŋku me; Mawu enye míaƒe sitsoƒe!”
Eyata esi Abraham tsi dzi ɖe Mawu ƒe nyametsotso be yeatsrɔ̃ du siwo nye Sodom kple Gomora ŋu la, mehe ɖe megbe le gbɔgblɔ na Fofoa si le dziƒo be, “Esia nede megbe xaa tso gbɔwò . . . Ðe xexeame ƒe ʋɔnudrɔ̃la madrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe oa?” Yehowa meka mo na Abraham o; Eɖo toe eye wòfa dzi nɛ. (Mose I, 18:20-33) Mawu gbɔa dzi ɖi eye wòfa tu ale gbegbe, ne viawo gblɔ woƒe seselelãme siwo mesɔ eye susu mele wo me le go aɖeke me kura o gɔ̃ hã.—Yona 3:10–4:11.
Ele be dzilawo hã nawɔe be wo viwo navo le wo ɖokui me be yewoagblɔ nya si le yewoƒe dzi ƒe gogloeaƒe, eɖanye aleke gbegbe nya mawo aɖe fu na amee hã o. Eyata ne viwò tsɔ dzitsitsi va gblɔ dzikunya aɖe na wò la, see nɛ. Ðe nyanyra ɖe ɖevia dzi teƒe la, lɔ̃ ɖe eƒe seselelãmewo dzi nɛ eye nàna wòagblɔ nusiwo tae wòse le eɖokui me nenema. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu agblɔ be: ‘Ewɔ abe ɖe nèkpɔ dziku ɖe asimasi ŋu ene. Àdi be yeagblɔ nusi dzɔ nama?’
Dzigbɔgbɔ Ði le Dziku Me
Nyateƒee, dzila aɖeke mete ŋu gbɔa dzi ɖi de Yehowa nu o. Eye vavãe, ɖeviwo ate ŋu ado dziku na wo dzilawo wu gbɔgblɔ. Ne dzi kua wò ɖe viwòwo ŋu ɣeaɖewoɣi la, megana wòawɔ na wò be mènye dzila nyui o. Ɣeaɖewoɣi tɔwò adzɔ be dzi naku wò. Mawu ŋutɔ hã kpɔa dziku ɖe viawo ŋu wòsɔna, ekpɔnɛ ɖe amesiwo wòlɔ̃na vevie dometɔ aɖewo gɔ̃ hã ŋu. (Mose II, 4:14; Mose V, 34:10) Gake eƒe Nya fia mí be míaɖu míaƒe dziku dzi.—Efesotɔwo 4:26.
Alekee? Ɣeaɖewoɣi ade dziwò be nàɖe asi le nyaa ŋu sẽ be wò dzikua nu nafa. (Lododowo 17:14) Eye nenɔ ŋku dzi na wò be, Ðevie! Mègakpɔ mɔ be ɖevi awɔ nu alo abu tame abe ame tsitsi ene o. (Korintotɔwo I, 13:11) Nusita viwò wɔa nu le mɔ aɖe nu gɔmesese ate ŋu ana wò dziku nu nafa. (Lododowo 19:11) Mègaŋlɔe be gbeɖe be vovototo gã aɖe le nane mawɔmawɔ nyuie kple vi vɔ̃ɖi nyenye dome o. Ne ènyrana ɖe ɖevi be enye ɖevi gbegblẽ la, ate ŋu ana wòasusu be, ‘Nukata kura maganɔ agbagba dzem be manye vi nyui?’ Gake ne èɖɔa ɖevia ɖo lɔlɔ̃tɔe la, akpe ɖe eŋu be wòagawɔ nusi wòwɔna nyuie wu ɣebubuɣi.
Egbɔkpɔkpɔ be Bubu Kple Ðoɖodziwɔwɔ Nanɔ Anyi
Kuxi sesẽ siwo dzea ŋgɔ dzilawo dometɔ ɖekae nye alesi woafia ɖoɖodziwɔwɔ kple amebubu wo. Le egbe xexe sia si me woɖea mɔ ɖe agbenɔnɔ ƒomevi ɖesiaɖe ŋu le me la, ame geɖe biana ne esɔ kura be woaxe nanewo ƒe mɔ na ɖeviwo. Biblia ɖo eŋu be: “Ati kple mokaname dzea nunya ame, ke ɖevi tsibodome dea ŋukpe mo na dadaa.” (Lododowo 29:15) Ame aɖewo medina be yewoase “ati” ŋkɔ kura o kple susu be efia fu ƒomevi aɖe wɔwɔ vi. Gake menye nenemae o. Hebrigbe me nya si wozãna na “ati” la fia atitɔɖeŋu, abe ati si lãkplɔlawo tsɔ fiaa mɔ woƒe alẽwoe ene—menye be woatsɔ awɔ anyra le wo ŋu o.a Eyata ati la nye kpɔɖeŋu na amehehe.
Gɔmesese si koŋ le amehehe ŋu le Biblia mee nye nufiafia. Eyatae Lododowo ƒe agbalẽa gblɔ zi gbɔ zi ene be ‘woase amehehe’ ɖo. (Lododowo 1:8; 4:1; 8:33; 19:27) Ele be woafia ɖeviwo be teƒeɖoɖo le nunyuiwɔwɔ me eye be dzɔgbevɔ̃e ye nugbegblẽwɔwɔ hena vɛ. Tohehe akpe ɖe eŋu be nane si wogbe nɛ la natsi susu me nɛ, abe alesi teƒeɖoɖowo—abe kafukafu ene—ate ŋu ana nunyuiwɔwɔ natsi susu me nɛ ene. (Tsɔe sɔ kple Mose V, 11:26-28.) Enyo be dzilawo nasrɔ̃ Mawu ƒe kpɔɖeŋu le tohehe me, elabena egblɔ na eƒe amewo be yeahe to na wo ‘ɖe ɖoɖo nu.’ (Yeremya 46:28) Nyagbename ʋee aɖewo ko su na ɖevi aɖewo be woawɔ nu nyui. Ðewo hiã nane si sẽ wu. Gake tohehe ‘ɖe ɖoɖo nu’ mana woawɔ naneke ɖevia si agblẽ nu boo aɖeke le eƒe seselelãme alo eya ametia ŋutɔ ŋu o.
Ele be woafia liƒo kple seɖoƒewo ɖeviwo le amehehe si da sɔ me. Wogblɔ esiawo dometɔ geɖe ɖe Mawu ƒe Nya la me kɔte. Biblia fia bubudede anyigba ƒe liƒowo ŋu. (Mose V, 19:14) Eɖo agbenɔnɔliƒowo hã ɖi si wɔe be wònye nu gbegblẽ be woalɔ̃ ŋutasesẽnuwɔwɔ alo woabua awɔ nuvevi ame nɔvi. (Psalmo 11:5; Mateo 7:12) Eɖo gbɔdɔdɔliƒowo da ɖi esi wòde se ɖe ƒometɔ kpamkpam gbɔdɔdɔ nu. (Mose III, 18:6-18) Eɖo liƒo ɖi ɖe amewo kple seselelãmewo hã ŋu, esi wògbe na mí be míagayɔ ŋkɔ vɔ̃ na ame alo azã dzugbe ƒomevi bubuwo ɖe wo ŋu o. (Mateo 5:22) Liƒo kple seɖoƒe siawo fiafia ɖeviwo—le nya kple kpɔɖeŋu siaa me—le vevie hena ƒomegbe si me dzidzɔ le la nɔnɔ.
Nu bubu si akpe ɖe ame ŋu be ɖoɖodziwɔwɔ kple bubudedeameŋu nanɔ ƒomea mee nye ƒomea me tɔwo ƒe ɖoƒe nyanya. Ðoƒe mawo medze nyuie le ƒome aɖewo me egbea o alo wotɔtɔ wo. Le ɖewo me la, dzila aɖe agblɔ kuxi manyatalenuwo na ɖevi, kuxi siwo ŋu ɖevia menya naneke le o. Le bubuwo me la, wowɔa vi na ɖeviwo wozua tɔɖoɖenunulawo, woawoe va tsoa nya me na ƒome bliboa. Nusiawo mesɔ o eye wogblẽa nu. Enye dzilawo ƒe agbanɔamedzi be woakpɔ wo vi suewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo—eɖanye le ŋutilã, seselelãme, alo gbɔgbɔ me gome o—menye ɖeviwo na dzilawo o. (Korintotɔwo II, 12:14; Timoteo I, 5:8) Bu Yakob, amesi trɔ eƒe ƒome blibo la kple amesiwo kpe ɖe eŋu la ƒe azɔli ale be nuwo magasesẽ akpa na ɖeviwo o la ƒe kpɔɖeŋu ŋu kpɔ. Enya afisi woƒe ŋutete se ɖo eye wòwɔ nu wòsɔ ɖe enu.—Mose I, 33:13, 14.
Fɔléle Ðe Gbɔgbɔmenuwo Ŋu
Naneke megale vevie na ƒome kpɔdzidzɔ ƒe agbenɔnɔ de woƒe gbɔgbɔmemenyenye nu o. (Mateo 5:3) Gbɔgbɔmeme zuzu ƒe ŋutete gã aɖe le ɖeviwo si. Biabiawo le wo si zã: Nukatae míele agbe ɖo? Amekae wɔ anyigba kple lã, ati, kple atsiaƒu siwo le edzi? Nukatae amewo kuna ɖo? Nukae dzɔna emegbe? Nukatae dzɔgbevɔ̃e dzɔna ɖe ame nyuiwo dzi? Ewɔ abe ɖe seɖoƒe meli na woƒe biabiawo o ene. Zi geɖe dzilawo boŋ ye medina be yewoabu nu mawo ŋu o.b
Biblia xlɔ̃ nu dzilawo be woadi ɣeyiɣi ɖe wo viwo ŋu ana gbɔgbɔmehehe wo. Nya si wògblɔ le vihehe ŋu nya se ŋutɔ, ɖeko wòle abe dzilawo kple ɖeviwo dome dzeɖoɖo ene. Dzilawo ate ŋu afia nu wo viwo tso Mawu kple eƒe Nya la ŋu ne wo kple ɖeviawo le zɔzɔm, ne wole aƒeme kple wo, le woƒe anyimlɔɣi—ɣesiaɣi si wòanya awɔ ko.—Mose V, 6:6, 7; Efesotɔwo 6:4.
Menye gbɔgbɔmenuwo koe Biblia gblɔ be woafia wo ko evɔ o. Ena dɔwɔnu siwo ahiã wò la hã. Ne èbu eŋu kpɔ la, aleke nàwɔ aɖo nya siwo ɖeviawo bia siwo míegblɔ ɖe etame la ŋu? Ŋuɖoɖoawo le Biblia me. Wo me kɔ, wovivina ale gbegbe, eye wonaa mɔkpɔkpɔ ame le mɔkpɔkpɔmanɔamesi xexe sia me. Esi gade ame dzi wu la, Biblia ƒe nunya anye seke sesẽtɔ kekeake na viwòwo, esiae nye mɔfiame si ŋu kakaɖedzi le wu le egbe ɣeyiɣi sia si me tɔtɔ xɔ aƒe ɖo me. Na nu ma wo, eye agbe adze edzi na wo bliboe—fifia va ke ɖe etsɔme.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Kpɔ September 8, 1992, ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ!, axa 26-7.
b Wotrɔ asi le agbalẽ si nye Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona ŋu hena ƒomenusɔsrɔ̃ eye srɔ̃ɖeɖe kple vinyinyi ŋuti mɔfiame nyui geɖe siwo tso Biblia me le eme. Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ye tae.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 11]
Di mɔnu aɖe si nàkafu viwò edziedzi ɖe eƒe nu nyui si wòwɔna ta
[Aɖaka si le axa 9]
Alesi Nàwɔ Akpe Ðe Ðeviwo Ŋu be Agbe Nadze Edzi na Wo
• Na woasee le wo ɖokui me be wolɔ̃ yewo eye yewohiã
• Kafu wo edziedzi. Tɔ asi nu nyui si wowɔ dzi
• Nye toɖola nyui
• Ne dzi ku wò la, tɔ sẽ ɣeyiɣi aɖe nava yi
• Ðo liƒo kple seɖoƒe siwo me kɔ, siwo dzi woawɔ ɖo
• Trɔ asi le hehenana ŋu wòasɔ ɖe ɖevi ɖesiaɖe ƒe nuhiahiãwo nu
• Mègakpɔ mɔ na nusi gbɔ viwò ƒe ŋutete ŋu tso egbɔ o
• Kpɔ woƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ to Mawu ƒe Nya sɔsrɔ̃ edziedzi me
[Aɖaka si le axa 10]
Ele Ŋgɔ Sasasã na Eƒe Ɣeyiɣia
BIBLIA ƒe gɔmeɖosewo kpe ɖe blema Israel-viwo ŋu be woƒe ƒomegbenɔnɔ nyo wu dukɔ siwo ƒo xlã wo tɔ sasasã. Ŋutinyaŋlɔla Alfred Edersheim gblɔ be: “Le Israel-dukɔa godo la, ƒã hafi wòasɔ be woaƒo nu le ƒomegbenɔnɔ, alo le ƒome gɔ̃ hã ŋu, le alesi míese nya siawo gɔmee nu.” Le kpɔɖeŋu me, le blema Romatɔwo dome la, sea na ŋusẽ vifofo be wòazã eƒe ŋusẽ alesi dze eŋui le ƒomea me. Ate ŋu adzra viawo kluvii, ana woawɔ dɔ abe agbatedɔwɔlawo ene, alo kura gɔ̃ hã wòawu wo—tohehe aɖeke maxɔmaxɔe.
Romatɔ aɖewo bu Yudatɔwo ame tovowoe le alesi wowɔa nu tufafatɔe na wo viwoe ta. Le nyateƒe me, ƒe alafa gbãtɔ me Romatɔ ŋutinyaŋlɔla Tacitus ŋlɔ fuléamenya aɖe ɖe Yudatɔwo ŋu be woƒe kɔnuwo “tɔ ŋku henyɔ ŋu hã.” Emegbe eyɔ “kɔnu” mawo ƒe ɖewo. Wo dometɔ ɖekae nye be: “Enye hlɔ̃nu le wo gbɔ be woawu vidzĩ kokoe.”
Dzidzenu siwo kɔ boo wue le Biblia me. Efia Yudatɔwo be nu xɔasie ɖeviwo nye—le nyateƒe me, ele be woabu wo domenyinu si tso Mawu ŋutɔ gbɔe—eye nenema hãe wòle be woawɔ nu ɖe wo ŋui. (Psalmo 127:3) Edze ƒã be wo dometɔ geɖe nɔ agbe ɖe nuxlɔ̃ame ma nu. Edze le woƒe gbegbɔgblɔ gɔ̃ hã me nenema. Edersheim de dzesii be le ŋkɔ siwo woyɔna na viŋutsu kple vinyɔnu megbe la, ŋkɔ asieke bubu gali le blema Hebrigbe me woyɔna na ɖeviwo, wo dometɔ ɖesiaɖe fia afisi woɖo le woƒe tsitsime. Le kpɔɖeŋu me, ŋkɔ nɔ vinono si eye ŋkɔ bubu nɔ vitsono si. Ŋkɔ bubu li na ɖevi siwo tsi wu vie si fia be kelili kple ŋusẽ le wo si sum. Eye ŋkɔ si gɔmeɖeɖe tẽe nye ‘woaʋuʋu ame ɖokui ne nu naɖe le ame ŋu’ li woyɔna na ɖevi siwo gatsi wu. Edersheim gblɔ be: “Ðikekemanɔmee la, amesiwo léa ŋku ɖe ɖevi ƒe agbenɔnɔ ŋu nyuie nenema gbegbe be woayɔ ŋkɔ si fia afisi wotsi ɖo le woƒe agbenɔnɔ me la kple wo viwo dome anɔ kplikplikpli ŋutɔ.”