INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g98 1/8 axa 18-19
  • Kaba—Afrikatɔwo Ƒe Awudodo Ƒe Atsyã Dzeani

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kaba—Afrikatɔwo Ƒe Awudodo Ƒe Atsyã Dzeani
  • Nyɔ!—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ame Geɖe Va Le Kaba Dom
  • Nudodo Siwo Vaa Tsia Dzi Ƒomevi Vovovowo
    Nyɔ!—2003
  • Ðe Wò Awudodo Dea Bubu Mawu Ŋua?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Nudzeamewɔwɔ le Awudodo Kple Dzadzraɖo Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • Awu Siwo Ƒomevi Míedona Ðe Wòle Vevie Ŋutɔŋutɔa?
    Nyɔ!—1999
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1998
g98 1/8 axa 18-19

Kaba—Afrikatɔwo Ƒe Awudodo Ƒe Atsyã Dzeani

AÐE ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE GHANA GBƆ

KABA—àte ŋu akpɔe le afisiafi kloe le Ghana afisia kple Ɣetoɖoƒe Afrika-dukɔ bubu siwo do liƒo kplii me. Wodonɛ yia wɔna tɔxɛ vovovowo wɔƒe—tso kuteƒewo dzi vaseɖe Kristotɔwo ƒe kpekpe dodzidzɔnamewo dzi. Eye wotɔna kaba ɖe atsyã kple amadede vovovowo me.

Nuka koŋue nye kaba? Nyɔnuwo ƒe nudodo nyanyɛ aɖe si wodoa atsyã nae wònye. Enye dziwui si didi tso kɔgbɔ va ɖo alime. Ke hã menye eya ɖeka koe wodona o. Avɔ nyanyɛ si woyɔna be wax alo java si ƒe didime nye meta eve kpena ɖe eŋu. Woyɔa avɔ sia si wotana tso ali va ɖo afɔkɔe la be etetɔ. Ne wogata bubu si hã nye meta eve si woyɔna be taɖedzi la ɖe edzi ko hafi wòdea blibo. Woate ŋu azã taɖedzi la atsɔ abla ta alo atsɔe akpa vii.

Afrika koŋue wodoa kaba le, gake woyɔa ŋkɔ vovovowo nɛ le Afrika-nyigba bliboa dzi. Liberiatɔwo yɔnɛ be lappa. Woyɔnɛ be genwu le Benin. Sierra Leone tɔwo yɔnɛ be docket kple lappa. Gake wova nya kaba le Afrika-nyigbawo dzi medidi boo o. Le kpɔɖeŋu me, le Ghana afisia la, atsyã si woyɔna be dansenkran ŋue Akan-nyɔnuwo kpɔa dzidzɔ ɖo tsã. Avɔ tsotso evee wotsɔna tɔna esiae, eye wonyea ɖeka tɔgbe ɣeaɖewoɣi. Wotaa ɖeka saa alidziblaka ɖe edzi. Wogbaa evelia si lolona wu la ɖe miabɔ dzi wòtoa dzime kple akɔta. Wowɔa ɖa ɖe atsyã tɔxɛ aɖe si hã woyɔna be dansenkran la me ɖe eŋu.

Gake esi wova te nutɔmɔ̃ zazã la, Afrika-nyɔnu aɖewo dze egɔme nɔ awu siwo ɖi Ɣetoɖoƒedukɔwo me nyɔnuwo ƒe dziwui la tɔm. Nusitae nye be wòatsyɔ woƒe abɔta abe alesi Ɣetoɖoƒe-nyɔnuwo wɔnɛ ene. Ŋutinya aɖe gblɔ be esesẽ na ame aɖewo be woagblɔ Eŋlisigbe me nya cover the shoulders, (tsyɔ nu abɔta). Ale nya “cover” va zu kaba.

Ame Geɖe Va Le Kaba Dom

Nyɔnuwo yia edzi doa kaba, tso ɔfisdɔwɔlawo dzi vaseɖe agbledelawo dzi. Le nyateƒe me la, wova le etɔm le ɖoɖom ɖe dukɔ bubuwo me gɔ̃ hã! Gake nyitsɔ laa koe edodo va bɔ nenema.

Nusitae dometɔ ɖekae nye be menye nyɔnuwo katãe kpɔ dzidzɔ ɖe kaba ƒe atsyã siwo nɔ tsia dzi ƒe 40 alo esiwo ade nenema siwo va yi ŋu o. Hadome kpekpeɖeŋu dɔwɔla aɖe si xɔ dzudzɔ le dɔ me si ŋkɔe nye Agnes, amesi xɔ ƒe 62 la gblɔ na Nyɔ! be atsyã xoxo mawo dometɔ aɖewo “ɖi kokoe” ŋutɔ. Le nyɔnu bubuwo gome la, dzigbɔɖi kple aɖaŋu si hiã le kaba dodo, kple etetɔ kpakple taɖedzia tata me la glo wo. Elizabeth si tɔa awu le agbɔsɔsɔ me dzrana la ɖo ŋku edzi be: “Esesẽ na mí ɖetugbiwo ɣemaɣi be míasrɔ̃ alesi wotaa avɔ kple taɖedzi lae.” Egblɔ be: “Nyemete ŋu srɔ̃ alesi wotanɛ gbeɖe o.”

Vovototo dede hadomeɖoƒewo me hã wɔ akpa vevi aɖe le alesi ame geɖe mekpɔ dzidzɔ ɖe awu sia ŋu o me. Serwah si xɔ ƒe 65 gblɔ na Nyɔ! be vaseɖe nyitsɔ laa la, ame geɖe bui be agbalẽnyalawoe doa awu siwo wotɔ ɖe Ɣetoɖoƒetɔwo ƒe atsyã dzi, eye kaba hã nye agbalẽmanyalawo tɔ.

Gake gbetete ɖe dekɔnu ƒe vevienyenye dzi na Afrika-nyɔnu geɖe gbugbɔ bu kaba dodo ŋu. Awutɔlawo hã trɔa asi le awua ŋu ale be ame geɖe va le dzidzɔ kpɔm ɖe eŋu. Nusiwo wowɔ dometɔ ɖekae nye be woto eƒe atsyã yeye aɖe vɛ si woyɔna be slit. Esi wotɔnɛ wònɔa abe skɛt ene gake wòdidina ɖoa afɔkɔe ta la, eɖe alesi nyɔnu aɖewo mete ŋu taa avɔ kple taɖedzia nyuie o ƒe kuxia ɖa. Adzɔnuwo kple awuwo ɖefiaƒewo hã wɔ akpa gã aɖe le asixɔxɔ dede kaba ŋu me.

Le nyateƒe me la, wotɔ atsyã yeye aɖewo be woade dzodzro ame me, abe alesi wòle le dukɔ geɖe ƒe awudodowo me ene. Clara si xɔ ƒe 69 gblɔ be edze abe nudodo si me ame ƒe teƒeteƒewo dzena le la gblẽa “nusita wotɔa kaba ɖo tsã” la me ene si nye be “wòatsyɔ abɔta gɔ̃ hã.” Eyata Kristotɔ nyɔnuwo naa apostolo Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖoa nɔa woƒe susu me be: “Nenema ke nyɔnuwo nado awu ɖe nɔnɔme nyui me, eye woawɔ leke na wo ɖokui le ŋukpekpe kple ɖokuidziɖuɖu me.”—Timoteo I, 2:9; Korintotɔwo I, 10:29.

Le nyɔnu siwo tiaa atsyãwo le nunya me gome la, kaba ate ŋu anye awudodo ƒe atsyã dzeani si sɔ be woado. Eye togbɔ be awu geɖe siwo wotɔ ɖe Afrika-dekɔnu ƒe atsyãwo nu va zu tsigãdziwuwo hã la, kaba ya gali wònye awu si ɖea Afrikatɔwo ƒe dekɔnu kple nɔnɔme fiana le mɔ nyui dzeani aɖe nu.

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Wozã taɖedzia tsɔ bla ta le afisia

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Wotsɔ taɖedzia kpa vii

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe