INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g97 11/8 axa 20-21
  • Etsɔme Nyui Aɖe li Na Mía Viwo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Etsɔme Nyui Aɖe li Na Mía Viwo
  • Nyɔ!—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Amesiwo Tsɔ Ðe Le Eme
  • Etsɔme Nyui si Ŋugbe Mawu Do
  • Aʋawɔwɔ
    Nyɔ!—2017
  • Xexe si me Aʋawɔwɔ Manɔ O Ava Kpuie
    Nyɔ!—1996
  • Woatɔ Te Aʋawɔwɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Ale Si Mawu Bua Aʋawɔwɔe Egbea
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1997
g97 11/8 axa 20-21

Etsɔme Nyui Aɖe li Na Mía Viwo

TSO esime Xexemeʋa II ke la, xexemedziɖuɖuwo wɔ nubabla vovovowo hede asi wo te be yewoatsɔ akpɔ dumevi dzrowo ta le aʋawɔwɔ me. Nubabla siawo dometɔ aɖewo ɖe mɔ be woaɖo atike kple nuɖuɖu ɖe ɖeviwo. Dukɔ geɖe da asi ɖe edzi be woakpɔ ɖeviwo ta tso wo gbɔ dɔdɔ, fu wɔwɔ wo, kple ʋunyaʋunyawɔwɔ me. Wolɔ̃ ɖe edzi hã be mele be woaxɔ amesiwo mexɔ ƒe 15 haɖe o ɖe asrafohawo me o.

The State of the World’s Children 1996 si nye Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Habɔbɔ si Kpɔa Ðeviwo ƒe Nyawo Gbɔ ƒe nyatakaka aɖe kafu se siawo be wonye “nu ɖedzesi akuakuawo” eye egblɔ kpe ɖe eŋu be: “Anɔ bɔbɔe be dunyahela siwo nya be dzidzenuwo li woate ŋu atsɔ adrɔ̃ ʋɔnu yewo emegbe la nabu dzidzenu mawo ŋu le woƒe ɖoɖowo wɔwɔ me.”

Le nyateƒe me la, dunyahelawo kpɔnɛ hã be zi geɖe la dukɔ siwo ɖo tame ɖeka la mete ŋu kpɔa egbɔ be wowɔ ɖe se mawo dzi o eye womedi be yewoakpɔ egbɔ hã o. Eyata wolɔ̃ ɖe edzi le nyatakakaa me be “le alesi woŋea aɖaba ƒua gɔmeɖose siawo dzii ta la, ele bɔbɔe be woado vlo se siwo dukɔwo wɔ ɖeka de la.”

Ganyawo hã li. Le ƒe 1993 me la, wowɔ aʋa le dukɔ 79 me. Wo dometɔ 65 nye dukɔ dahewo. Afikae dukɔ dahe siawo kpɔ aʋawɔnuwo tsoe tsɔ wɔ aʋae? Akpa gãtɔ tso dukɔ siwo si ga le gbɔ. Eye dukɔ atɔ̃ kawoe dzraa aʋawɔnuwo na dukɔ madeŋgɔ wu ɖesiaɖe? Woawoe nye dukɔ atɔ̃ siwo wotia koŋ be wonye Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dedienɔnɔ Ŋuti Aɖaŋuɖoha la!

Amesiwo Tsɔ Ðe Le Eme

Gake ame aɖewo li siwo tsɔ ɖe le fu siwo ɖeviwo kpena le aʋawɔwɔ me la me vevie. Ame ɖekaɖekawo kple habɔbɔwo kpena ɖe ɖevi siwo ŋu aʋawɔwɔ gblẽ nu le ŋu lɔlɔ̃tɔe. Le kpɔɖeŋu me Yehowa Ðasefowo, amesiwo mekpɔa gome le aʋawɔwɔ me o la, wɔ nenema. Gake hafi woatsi fu wɔwɔ ɖeviwo le aʋawɔwɔ me nu la, ele be woaɖe aʋawɔwɔ ŋutɔ ɖa ŋutɔŋutɔ, si nye mɔkpɔkpɔ si adze abe ɖe mate ŋu ava eme o ene. Esi wònye mamã kple aʋawɔwɔ le ameƒomea dome tso gbaɖegbe ke ta la, ame geɖe gblɔna be amegbetɔwo mate ŋu ahe ŋutifafa si axɔ anyigba dzi katã vɛ gbeɖe o. Le go sia me la, woƒe nya dzɔ.

Amewo gblɔna hã be Mawu made nu dukɔwo ƒe nyawo me alo ahe ŋutifafa si anɔ anyi ɖaa va anyigba dzi gbeɖe o. Le go sia me la, woƒe nya medzɔ o.

Mía Wɔla, Yehowa Mawu, tsɔa ɖe le nusiwo le edzi yim le anyigba dzi me vevie. Yehowa bia le eƒe Nya, Biblia, me be: “Ðe ame vɔ̃ɖi ƒe ku vivia nunyea? negbe ne etrɔ tso eƒe mɔwo dzi, be wòanɔ agbe la koe!” Mawu ɖo eŋu gbeteteɖedzitɔe be: “Ame ƒe ku mevivia nunye o.”—Xezekiel 18:23, 32.

Bu eŋu kpɔ: Ne mía Wɔla nublanuikpɔla la di be ame tsitsi vɔ̃ɖiwo gɔ̃ hã natrɔ dzime ahanɔ agbe la, ekema edi godoo be ɖeviwo hã nanɔ agbe eye woase vivi le agbe me! Ke hã mía Mawu lɔ̃ame la mazi kpi akpɔ ame vɔ̃ɖiwo ɖaa o. Mawu ƒe Nya do ŋugbe be: “Woatsrɔ̃ ame vlowo. . . . Ekpɔtɔ vie ko ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o.”—Psalmo 37:9, 10.

Yesu Kristo, amesi ɖe Fofoa si le dziƒo ƒe amenyenye fia bliboe la, lɔ̃ ɖeviwo eye egblɔ be “nenem mewo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la.” (Mateo 19:14) Ðeviwo tsɔtsɔ sa vɔe na aʋawɔwɔ ƒe mawuwo nyɔ ŋu na Yehowa Mawu kple Via, Yesu Kristo.—Tsɔe sɔ kple Mose V, 18:10, 12.

Etsɔme Nyui si Ŋugbe Mawu Do

Mawu ɖe mɔ ɖe aʋawɔwɔ kple fukpekpe ŋu le ƒe alafa siwo va yi me ale be woaɖo kpe nyateƒenya si nyagblɔɖila Yeremya gblɔ dzi tegbee: “Yehowa, menyae be, amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.” (Yeremya 10:23) Biblia do ŋugbe be eteƒe madidi o Yehowa “[atsi] aʋawɔwɔwo nu vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu ke” atsɔ aʋli eƒe xexeame katã ƒe dziɖulanyenye tae. (Psalmo 46:10) Wogblɔe ɖi le Biblia me hã be ɣeyiɣi aɖe ava esime “[amewo atsɔ] woƒe yiwo atu kodziwoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe; dukɔ [magatsɔ] yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ hã azɔ o.”—Yesaya 2:4.

Nukae adzɔ ɖe amesiwo tsrɔ̃ le aʋawɔwɔ me dzi? Ðe mɔkpɔkpɔ aɖe li na woa? Yesu do ŋugbe be ame kukuwo atsi tre ava anyigba si dzi aʋawɔwɔ mele o dzi, esi wògblɔ be: “Gaƒoƒo gbɔna, le esi me amesiwo katã le yɔdowo me [ado] go.” (Yohanes 5:28, 29) Nenema ke apostolo Paulo gblɔe kakaɖedzitɔe be: “Tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.”—Dɔwɔwɔwo 24:15.

Mawu ƒe ŋugbedodowo ava eme godoo. Ŋusẽ le esi be wòawɔ nusianu si ƒe tame wòɖo ade goe eye eɖoe kplikpaa be yeawɔe hã. (Yesaya 55:11) Esi Yehowa gblɔ be yeaɖe aʋawɔwɔ ɖa la, ɖe wòɖoe be yeaɖee ɖa. Ne edo ŋugbe be yeafɔ amesiwo ku ɖe tsitre la, afɔ wo godoo. Abe alesi mawudɔla Gabriel gblɔe ene la, “naneke mesẽ na Mawu o.”—Luka 1:37.

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Ne aʋawɔwɔ megali o la, ɖeviwo katã ase vivi le agbe ɖɔʋu nɔnɔ me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe