INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g97 11/8 axa 23-25
  • Nukata Nɔvinye Ðeɖeko Gbɔe Wokpɔna Ɣesiaɣi?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nukata Nɔvinye Ðeɖeko Gbɔe Wokpɔna Ɣesiaɣi?
  • Nyɔ!—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nusita Wodea Ame Aɖewo Dzi Wu
  • Numawɔmawɔ Ðe Amewo Ŋu Sɔsɔe—Numadzɔmadzɔwɔwɔ Yea?
  • Nugɔmeselanyenye Sɔsrɔ̃
  • Aleke Mawɔ ne Wolɔ̃a Nɔvinye Wum?
    Nyɔ!—1997
  • Nu Ka Tae Wòle Be Manɔ Ŋutifafa Me Kple Nɔvinyewo?
    Sɔhɛwo Biana Be
  • Nukae Mate Ŋu Awɔ Ado le Nɔvinye ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedzi Te?
    Nyɔ!—2003
  • Nukata Wobua Fɔ Nye Ðeka Ɣesiaɣi?
    Nyɔ!—1997
Nyɔ!—1997
g97 11/8 axa 23-25

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Nukata Nɔvinye Ðeɖeko Gbɔe Wokpɔna Ɣesiaɣi?

“Nusi ɖea fu nam enye be ne nɔvinyeŋutsuwo kple nɔvinyenyɔnuwo wɔ nu gbegblẽ aɖe la, woléa fɔ ɖe wo ŋu ale gbegbe—ɖɔɖɔɖo kple tohehe siaa. Gake esi wòzu be nye ya meɖoa to ta la, womedea nu eme nam o.”—Kay si xɔ ƒe 18.a

“Wokpɔa nɔvinyeŋutsuwo kple nɔvinyenyɔnuwo gbɔ geɖe wu gbɔnye eye wowɔa nu ɖe wo ŋu nyuie wu. Zi geɖe ne woahe susu ava dzinye la, ke mokakae wòanye. Ne makpɔe be wokaa mo na woawo hã la, asɔe nam wu.”—Ruth si xɔ ƒe 15.

“Ewɔna nam be wonaa mɔnukpɔkpɔwo fonyewo kple danyewo hekpɔa wo gbɔ wu ene.”—Bill si xɔ ƒe 13.

TSO gbesigbe wodzi mí ko la, ehiã mí katã be mía dzilawo nalé fɔ ɖe mía ŋu. Eye ne ewɔ na wò be womele fɔ lém ɖe ye ŋu abe alesi dze o ene la, eme kɔ be ave wò ahado dziku na wò. Edzɔna alea vevietɔ ne wòwɔ abe nɔviwò—tsitsitɔ, suetɔ, esi ɖɔʋu wu, alo esi ƒe to sẽ wu gɔ̃ hã—ŋu koe woléa fɔ ɖo ɣesiaɣi ene. Ðewohĩ awɔ na wò abe alesi wòwɔ na Dawid gɔ̃ hã ene, esime wòŋlɔ be: “Woŋlɔm be le dzi me abe ame kuku ene, eye meɖi ze gbagbã.”—Psalmo 31:13.

Ate ŋu ave wò ne èkpɔe be wotsɔ beléle si wò ŋutɔ hã nèdi hafi le nɔviwò nam. Gake ɖe wòfia kokoko be womelɔ̃a wò ya oa? Mele nenema kura o. Ɣeaɖewoɣi le esi ŋutete tɔxɛ aɖewo le sɔhɛ aɖewo ŋu alo wodoa vivi ɖe ame ŋu tae wokpɔa wo gbɔ wu ɖo. Kenneth si xɔ ƒe 11 gblɔ be: “Togbɔ be klass etɔ̃lia ko mee tsɛnye Arthur le hã la, ele klass atɔ̃lia me tɔwo ƒe haƒoha me. Ebi le lãmesẽfefewo kple akɔnta wɔwɔ me hã. Le nyateƒe me la, exɔa dodokpɔdzeside gbãtɔ le dodokpɔ ɖesiaɖe me le suku. Ɣeaɖewoɣi mebuna be amewo lɔ̃a eƒe nya wum, gake nyemeʋãa ŋui o. Ðewohĩ meʋãa ŋui vie ya.”

Azɔ sɔhɛ aɖewo dzilawo zãa woƒe ɣeyiɣi gbogbotɔ ɖe wo ŋu le esi woawoe tsi wu ta—alo woawoe nye ɖevitɔwo ta. Biblia gblɔ le ɖekakpui Yosef ŋu be: “Israel lɔ̃ Yosef wu viaŋutsu bubuawo katã, elabena edzii le eƒe amegãkuku me.” (Mose I, 37:3, 4) Gake Todd si xɔ ƒe 18 kpɔe be wolɔ̃a ye fo le esi eyae nye tsitsitɔ ta. Egblɔ be: “Wogblɔ na mí ɣeaɖeɣi be míatsɔ ɖevimefoto aɖe si nyo mía ŋu wu ɖesiaɖe vɛ hena suku ƒe wɔna aɖe. Nye ŋutɔ nye foto ʋee aɖewo koe mekpɔ evɔ fonye tɔwo ya sɔ gbɔ wu. Eme mekɔ nam o.”

Gake zi geɖe wokpɔa ame nɔvi aɖe gbɔ wu le esi kuxi aɖewo le eŋu ta—ɖewohĩ wò ya mènya naneke tso kuxiawo ŋu o. Cassandra si xɔ ƒe 22 fifia gblɔ be: “Esi mexɔ ƒe 16 la, nane nɔ sesẽm na fonye vevie. Eya ŋutɔ meka ɖe edzi be yeƒe didie wònye be yeasubɔ Yehowa o, ale be dzinyelawo ƒe susu katã kloe va nɔ eŋu. Nyemese egɔme ɣemaɣi o. Mesusu be ɖe wometsɔ ɖeke le eme nam kura o. Ena melé blanui eye wòwɔ abe ɖe nyemeɖi naneke o ene—medo dɔmedzoe hã.”

Nusita Wodea Ame Aɖewo Dzi Wu

Gake ɣeaɖewoɣi la, ameŋkumekpɔkpɔe dzilawo ɖena fiana. Vidada aɖe ʋu eme be: “Menya be vinyeŋutsu, Paul, nya be míedoa vivi ɖe mía vinyɔnua ŋu eye evea dɔme nɛ. Egblɔe na mí kã be, ‘Mia kple Papa miekpɔa mia nɔewo ƒe ŋkume ne Liz gblɔ nya aɖe.’ Gbã la, míenya nusi wòwɔnɛ o. Emegbe míeva de dzesii be míekpɔa mía nɔewo ŋkume enuenu tsɔ fiana be ‘nyɔnuvi nyui aɖee nye ma.’ Tso esime wòna míenya ko la, míedze agbagba vevie be míagawɔe azɔ o.”

Gake nuka koŋ tae dzilawo dea akpa ɖeka dzi wu? Ate ŋu atso alesi wohe woe gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, ne dɔmlɔe ye dawò nye la, ɖewohĩ aku ɖe via ɖevitɔ ŋu wu. Ava nɔ ɖevi ma dzi dem le manyamanya me. Alo ƒomedodo ate ŋu ava nɔ ɖevi si wo kplii ƒe nɔnɔme sɔ alo wo kplii wolɔ̃a nu ɖeka tɔgbe dome wu. Bu nusi Biblia gblɔ le Isak kple Rebeka ŋu ku ɖe wo vi venɔviwo, Yakob kple Esau ŋu kpɔ: “Esi ɖeviawo va tsi la, Esau zu adela, eye wòlɔ̃a gbe me nɔnɔ; ke Yakob enye ame fafa, eye wòlɔ̃a agbadɔ me nɔnɔ. Eye Isak lɔ̃a Esau, elabena adelã vivia enu; ke Rebeka ya lɔ̃a Yakob.”—Mose I, 25:27, 28.

Nukae wòle be nàwɔ ne edze abe ɖe dziwòlawo dea nɔviwòwo dometɔ ɖeka dzi wu?b Àte ŋu adze agbagba agblɔ nya la kple gbe bɔbɔe, fɔmabuametɔe. (Lododowo 15:22) Ne èɖo to wo amebubutɔe la, àte ŋu anya alesi wosusu le nyaa ŋu. Awɔe be wò dzi nafa. (Lododowo 19:11) Ƒewuivi aɖe gblɔ be: “Eɖea fu nam ŋutɔŋutɔ be Danye tena ɖe nɔvinyeŋutsua ŋu wu ŋunye. Esi mebiae la, eɖe eme nam be esi wòtsɔ Papa ƒe afɔ tae ye tena ɖe eŋu ɖo. Eye esi nye hã metsɔ yeƒe afɔ tae Papa tena ɖe ŋunye ɖo. Nenema ke esi mía kple ye míeɖi mía nɔewo le nu geɖe me tae míedoa dziku na mía nɔewo ɖo. Eye esi fofonye kple nɔvinyeŋutsua woɖi wo nɔewo geɖe ŋutɔ tae wobia dzi ɖe wo nɔewo ŋu ɖo. Esi wòɖe eme nenema—togbɔ be medzɔ dzi nam boo o hã—la, metsɔe nenema.”

Numawɔmawɔ Ðe Amewo Ŋu Sɔsɔe—Numadzɔmadzɔwɔwɔ Yea?

Gake nuka koŋ tae dzilawo mawɔ nu kple amesiame sɔsɔe o? Beth si xɔ ƒe 18 fifia gblɔ be: “Esi mexɔ ƒe 13 la, mesusu be ele be woawɔ nu ɖe mía kple nɔvinyeŋutsua ŋu sɔsɔe—nusianu nasɔ pɛ. Gake dzinye koe wobluna ɖo, evɔ womekaa ŋkume nɛ le naneke ŋu o. Eye ekpɔa ɣeyiɣi geɖe nɔa Papa gbɔ wodzraa ʋu ɖo. Ewɔ nam be mesɔ kura o.”

Gake numawɔmawɔ ɖe ame ŋu sɔsɔe menye numadzɔmadzɔwɔwɔ kokoko o. Bu alesi Yesu Kristo wɔ nu ɖe eƒe apostolowo ŋu kpɔ. Ðikeke mele eme o be elɔ̃ ame 12 la katã, gake wo dometɔ 3 koe wòyɔ wova kpɔ nudzɔdzɔ tɔxɛ aɖewo teƒe, siwo ƒe ɖewoe nye Yairo vinyɔnua fɔfɔ ɖe tsitre kple nɔnɔmetɔtrɔa. (Mateo 17:1; Marko 5:37) Gakpe ɖe eŋu la, Yesu dze xɔ̃ Yohanes etɔxɛe eye tsi metoa wo dome o. (Yohanes 13:23; 19:26; 20:2; 21:7, 20) Ðe wònye numawɔmawɔ sɔsɔea? Nenema tututue. Ðe mesɔ oa? Menye nenema kura o. Elabena togbɔ be Yesu tena ɖe wo dometɔ aɖewo koŋ ŋu hã la, meŋe aɖaba ƒu apostolo bubuawo ƒe nuhiahiãwo dzi o.—Marko 6:31-34.

Nenema ke wòate ŋu anye be wotrɔna ɖe nɔviwòwo dometɔ aɖe ŋu etɔxɛe le eƒe dzɔdzɔmeŋutetewo, amenyenye, alo nuhiahiãwo ta. Ate ŋu ave wò ne èkpɔe. Gake biabia lae nye be, Ðe wole aɖaba ŋem ƒu wò nuhiahiãwo dzi nyateƒea? Ne èdi be ye dzilawo naɖo aɖaŋu na ye, woakpe ɖe ye ŋu, alo woado alɔ ye la, ɖe wowɔnɛa? Ne nenemae la, ɖe nàte ŋu agblɔ nyateƒetɔe be wowɔa numadzɔmadzɔ ɖe ye ŋua? Biblia de dzi ƒo na mí be míawɔ nu ɖe amewo ŋu ‘le woƒe hiahiãwo nu.’ (Romatɔwo 12:13) Esi mia kple nɔviwòwo mieto vovo eye miaƒe nuhiahiãwo le vovovo ta la, dziwòlawo mate ŋu awɔ nu ɖe mi katã ŋu sɔsɔe ɣesiaɣi o.

Eyata Beth si ƒe nya míegblɔ va yi la va kpɔe be menye ɣesiaɣie nuwɔwɔ na amewo sɔsɔe nyea nusi dze o, eye nusi dze wɔwɔ menɔa ɖeka ɣesiaɣi o. Egblɔ be: “Meva se egɔme be mía kple nɔvinyeŋutsua míenye ame vovovo eve eye ele be nuwɔwɔ ɖe mía ŋu nato vovo. Ne metrɔ kpɔ megbe la, ewɔ nuku nam be nyemekpɔe nenema esi menye ɖevi o. Ewɔ nam abe nenema koe wobua nu ŋui le ɖevime ene.”

Nugɔmeselanyenye Sɔsrɔ̃

Ẽ, ‘alesi nèbua nu ŋui’ wɔa geɖe le alesi nètrɔna ɖe wò nɔnɔmea ŋui me. Wò seselelãmewo ate ŋu ana nàkpɔ nuwo bubui, abe alesi wokpɔa nu toa gaŋkui ƒe ahuhɔ̃e si wode amae me ene. Eye alesi nàse le ɖokuiwò me be ye dzila natrɔ ɖe ye ŋu ahade dzi ƒo na ye la nu sẽna. Stephen Bank kple Michael Kahn siwo nye numekulawo gblɔ be: “Ne dzilawo te ŋu wɔ numanyawɔea ale be wowɔa nu ɖe wo vi vovovoawo ŋu sɔsɔe hã la, ɖeviawo dometɔ ɖesiaɖe akpɔe be ye dzilawo le ɖevi kemɛawo dzi dem wu.”

Le kpɔɖeŋu me, gabu nya siwo sɔhɛ etɔ̃ siwo míeyɔ le gɔmedzedzea me gblɔ ŋu kpɔ. Adze abe ɖe woƒe nɔnɔmea wɔ nublanui ene gake nu ɖekae nye be: Tɔ ɖeka nɔ ɖeka viwoe wonye! Ẽ, wo dometɔ ɖesiaɖe susu be wole fɔ lém ɖe ame kemɛawo ŋu wu eye be womele nu dom ye ya ŋu o! Efia be zi geɖe la, alesi míebua nuwo ŋui trona vie. Lododowo 17:27 gblɔ be: “Ame ɖɔŋuɖo enye nugɔmesela.” Be woanye nugɔmesela fia be woabu nu ŋu abe alesi tututu nua le ene ɖokuitɔmadimadii, menye be woanɔ te ɖe seselelãme dzi o. Nugɔmesese akpe ɖe ŋuwò be nàkpɔe be togbɔ be dziwòlawo mawɔ nu ɖe mi katã ŋu sɔsɔe o hã la, wotsɔ ɖe le mi katã ƒe nyonyo me tso dzime! Sidzedze nusia akpe ɖe ŋuwò be màdo dziku ahanɔ nu xam o.

Ke ne nyateƒee wònye be womele gbɔwò kpɔm abe alesi dze na wò o ɖe? Nukae nàwɔ? Míadzro nya sia me le Nyɔ! ƒe tata aɖe si agava me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

b Nyati aɖe si ava emegbe adzro alesi woanɔ te ɖe ameŋkumekpɔkpɔ nu me bliboe.

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Numawɔmawɔ sɔsɔe adze abe numadzɔmadzɔwɔwɔ ene

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe