Sɔhɛwo Biana Be . . .
Aleke Mawɔ ne Wolɔ̃a Nɔvinye Wum?
“Ƒe evee metsɔ tsi wu nɔvinyenyɔnu eye eya gbɔ ko wokpɔna ɣesiaɣi. . . . Mesɔ kura o.”—Rebecca.a
ZI ALESI wokpɔa nɔviwòŋutsu alo nɔviwònyɔnu gbɔ geɖe wui la, zi nenemae nàsee le ɖokuiwò me be wogblẽ ye ɖi. Eye ne ŋutete tɔxɛ aɖewo le nɔviwò aɖe si, ele kuxi sesẽwo me tom, alo eƒe didiwo alo nɔnɔmewo sɔ kple dziwòlawo tɔ la, ke ɖewohĩ àʋli vevie hafi woatrɔ susu ɖe wò hã ŋuwò vie! Zi alesi nèbua eŋui la, zi nenemae wòate ŋu ave wò ahado dziku na wòe.b
Gake Biblia xlɔ̃ nu mí be: “Dzi neku mi, ke migawɔ nuvɔ̃ o! Miƒo nu le dzi me le miaƒe abawo dzi, eye mizi ɖoɖoe!” (Psalmo 4:5) Ne nu ɖe fu na wò eye nèdo dziku la, enɔa bɔbɔe ŋutɔ be nàgblɔ nya alo awɔ nusi ɖewohĩ ava ve wò emegbe. Ðo ŋku alesi Kain do dɔmedzoe le esi Mawu ve nɔvia Abel nu ta dzi. Mawu xlɔ̃ nui be: “Nuvɔ̃ de xa ɖe ʋɔtru nu, eye wòɖo tame aɖe ɖe ŋuwò; ke wò la ɖu edzi!” (Mose I, 4:3-16) Kain mete ŋu ɖu eƒe seselelãmewo dzi o, eye afɔkue do tso eme!
Enye nyateƒe be màva zu amewula abe Kain ene ya o. Ke hã ne wokpɔa ame aɖe gbɔ wu wò la, ate ŋu anyɔ seselelãme kple susu manyomanyowo ɖe mewò. Eyata ɖewohĩ afɔkuwo de xa ɖe wò ʋɔtru nu! Wo dometɔ aɖewo ɖe? Eye aleke nàwɔ aɖu nɔnɔme sia dzi?
Kpɔ Wò Aɖe Dzi!
Esime Beth xɔ ƒe 13 la, esusui be ye dzilawo dea ye nɔviŋutsu dzi eye womewɔa nu ɖe ye ŋu nyuie o. Eɖo ŋku edzi be: “Mía kple danye míedoa ɣli ɖe mía nɔewo ta, gake nu nyui aɖeke medo tso eme o. Nyemeɖoa to nya si gblɔm wònɔ o, eye eya hã mesea nya si gblɔm mele o, eyata meɖe vi aɖeke o.” Ðewohĩ wò hã èkpɔe be ɖeko aƒadodo ɖe ame ta gagblẽa nɔnɔmea ɖe edzi boŋ. Efesotɔwo 4:31 gblɔ be: “Mina woaɖe veve heliheli kple dɔmedzoe kple dziku kple ɣlidodo kple busubɔbɔ katã kpakple nu tovo wɔwɔ katã hã ɖa le mia dome.”
Mehiã be nàdo ɣli hafi aɖe wò susu agblɔ o. Eɖea vi zi geɖe ne wogblɔe le dɔmefafa me, eɖanye nɔnɔme ka ke mee o. Lododowo 25:15 gblɔ be: “Dzigbɔɖie xɔa nu le fia si, eye aɖe fafɛ gbãa ƒuwo.” Eyata ne edze abe dziwòlawo kpɔa nɔviwò gbɔ wu wò la, mègado aƒa tsɔ wɔ nutsotsowoe o. Lala ɣeyiɣi si sɔ nava, eye nàƒo nu na wo le dɔmefafa kple bubu me.—Tsɔe sɔ kple Lododowo 15:23.
Ne ètsɔ susu ɖo dziwòlawo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu alo doa vlo wo ɖe alesi woƒe nuwɔna “mesɔ o” ta la, ɖeko nàna woahe ɖe megbe alo ana woanɔ wo ɖokui ta ʋlim. Lé ŋku ɖe nusi woƒe nuwɔnawo gblẽ le ŋuwò boŋ ŋu. (‘Eveam ŋutɔ ne miekpɔa gbɔnye o.’) Anɔ eme godoo be aʋã wo woabu wò seselelãmewo ŋu vevie. Azɔ hã, ‘ɖe abla le nusese me.’ (Yakobo 1:19) Ðewohĩ susu nyui aɖewo tae dziwòlawo kpɔa nɔviwòa gbɔ geɖe wu. Ðewohĩ kuxi aɖewo le eŋu siwo mele nyanya na wò o.
Ke ne dɔme vea wò eye nètsɔa dzitsitsi ƒoa nu le dziku me ya ɖe? Lododowo 25:28 tsɔ “amesi mate ŋu aɖu eƒe gbɔgbɔ dzi o” sɔ kple du “si wogbã gli le eŋu”; eya ŋutɔ ƒe seselelãme madebliboawo ate ŋu agblẽ nu le eŋu. Gake wò seselelãmewo dzi ɖuɖu fia alesi gbegbe nèsẽ ŋui! (Lododowo 16:32) Ekema nukata màlala be wò dzi nafa, ɖewohĩ nàlala ŋu nake, hafi aɖe wò seselelãme agblɔ o? Ðewohĩ àkpɔe hã be enyo be yeadzo le teƒea, aɖanɔ zɔzɔm alo anɔ kamedenu aɖewo wɔm. (Lododowo 17:14) Ne èkpɔ wò nuƒoƒo dzi nyuie la, awɔe be màgblɔ nya si ave ame alo esi me nunya mele o.—Lododowo 10:19; 13:3; 17:27.
Tomaɖomaɖo Le Aye Me
Mɔ̃ bubu si wòle be nàƒo asa nae nye tomaɖomaɖo. Marie si xɔ ƒe 16 de dzesii be ne ye nɔviŋutsu suea do kplamatse ƒomea ƒe Biblia nusɔsrɔ̃ la, womehea to nɛ gbeɖe o. Esi nusia si dze amedzidede la ɖe dzi le eƒo la, “edze aglã,” eye megakpɔa gome le nusɔsrɔ̃a me o. Ðe wòdzɔ ɖe dziwò kpɔ be mègadea nu amewo ŋu o alo mèwɔa nu kple wo aduadu o ne èkpɔe be womewɔ nu ɖe ye ŋu nyuie oa?
Ne nenemae la, ke de dzesii be ayemenuwɔwɔ alea tsi tre ɖe Biblia ƒe sedede be nàde bubu dziwòlawo ŋu ahaɖo to wo la ŋu. (Efesotɔwo 6:1, 2) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, tomaɖomaɖo gblẽa wò ƒomedodo kple dziwòlawo me. Enyo wu be nàƒo nu tso wò kuxiwo ŋu na dziwòlawo. Lododowo 24:26 ɖee fia be “amesi ɖoa nya ŋu tututu” la ŋue ame bubuwo dea bubui. Esi Marie dzro nya la me kple dadaa la, wova se nu gɔme na wo nɔewo eye nɔnɔmea va nɔ kakam ɖe eme.
Ðokuiɖeɖeɖeaga ƒe Afɔku La
Mɔ manyomanyo bubu si wotsɔ kpɔa amedzidede gbɔe nye be nàɖe ɖe aga tso wò ƒomea ŋu alo be nàde ha kple dzimaxɔsetɔwo. Nusiae dzɔ ɖe Cassandra dzi: “Meɖe ɖokuinye ɖe aga tso nye ƒomea ŋu eye menɔa xexeme xɔlɔ̃ siwo medze le suku la gbɔ wu. Ŋutsu xɔlɔ̃wo gɔ̃ hã nɔ asinye, eye dzinyelawo menya o. Emegbe nu va te ɖe dzinye vevie eye nye dzitsinya bu fɔm elabena menya be menye nu nyui wɔm mele o. Medi be maɖe asi le nɔnɔme ma ŋu gake nyemenya alesi tututu mawɔ agblɔe na dzinyelawo o.”
Afɔku le eme be nàɖe ɖokuiwò ɖe aga tso wò ƒomea kple haxɔsetɔwo gbɔ—vevietɔ ne nu ɖe fu na wò eye mèle nuwo ŋu bum nyuie o. Lododowo 18:1 xlɔ̃ nu be: “Amesi ɖe eɖokui ɖe aga le eya ŋutɔ ƒe dzodzro yome dim la, etsia tre ɖe nunyanyawo katã ŋu.” Ne tete ɖe dziwòlawo ŋu sesẽna na wò le ɣeyiɣi sia me la, ke di xɔlɔ̃ Kristotɔ si le abe esi ŋu woƒo nu tsoe le Lododowo 17:17 ene be: “Xɔlɔ̃ lɔ̃a ame ɣesiaɣi, eye wòtrɔna dzɔa ame nɔvi le hiã me.” Zi geɖe la, míekpɔa ‘xɔlɔ̃ vavãtɔ’ siawo bɔbɔe le hamea me tɔ siwo tsi le susu me la dome.
Cassandra kpɔ ‘xɔlɔ̃ vavãtɔ’ esime kuxiwo dze ŋgɔe: “Esime nutome sue dzikpɔla [subɔla mɔzɔla] va srã míaƒe hamea kpɔ la, dzinyelawo de dzi ƒo nam be mawɔ dɔ kplii. Wo kple srɔ̃a bɔbɔ wo ɖokui ŋutɔ, eye wotsɔ ɖe le eme nam ŋutɔŋutɔ. Mete ŋu gblɔ nye nya ɖesiaɖe na wo. Nyemese le ɖokuinye me be woabu fɔm o. Wokpɔe be Kristotɔ ƒe vi nyenye ɖeɖeko mefia be nède blibo o.” Woƒe dzideƒoname kple aɖaŋuɖoɖo nyuiwoe nye nusi tututu dim Cassandra nɔ!—Lododowo 13:20.
Ŋuʋaʋã ƒe Afɔku La
Lododowo 27:4 xlɔ̃ nu mí be: “Dziku la, nu nyanyrãe, eye dɔmedzoe dzea agbo; ke ameka ate ŋu anɔ te ɖe ŋuʋaʋã nu?” Sɔhɛ aɖewo tsi klokloklo wɔ nanewo le esi wobiãa ŋu wo nɔvi siwo gbɔ wokpɔna wu heʋãa ŋu wo ta. Nyɔnu aɖe ʋu eme be: “Esime menɔ sue la, ɖa sue hẽ aɖe si le kpui ye nɔ tanye eye nɔvinyenyɔnu tɔ ya sɔ gbɔ fũ henye aŋutiɖiɖi ƒe amadede si dze ani ŋutɔ eye wòdidi ɖo keke eƒe alime ke. Fofonye kafua eƒe ɖa ɣesiaɣi. Eyɔnɛ be enye yeƒe ‘Tugbewofia.’ Gbeɖeka zãme esime wònɔ alɔ̃ dɔm la, metsɔ sakisi si danye zãna le awutɔtɔ me, mezɔ dzadzadza yi eƒe aba gbɔ eye melã eƒe ɖa geɖe alesi mate ŋui.”—Siblings Without Rivalry, si Adele Faber kple Elaine Mazlish ŋlɔ.
Eyata mewɔ nuku o be woɖɔ ŋuʋaʋã le Biblia me be enye ‘ŋutilã ƒe dɔwɔwɔ vɔ̃ɖiawo’ dometɔ ɖeka. (Galatiatɔwo 5:19-21; Romatɔwo 1:28-32) Gake ‘ŋuʋaʋã ƒe dzodzroa’ le mí katã mía me. (Yakobo 4:5) Eyata ne èkpɔe be yele mɔnu dim be yeade ye nɔvi nya me, yeana wòadze ame vɔ̃ɖi, alo yeato mɔ bubu aɖe nu aɖi gbɔe la, ke ɖewohĩ ŋuʋaʋã “de xa ɖe ʋɔtru nu,” hele agbagba dzem be yeaɖu dziwò!
Nukae wòle be nàwɔ ne èkpɔe be seselelãme gbegblẽ siawo xɔ aƒe ɖe ye me? Gbã, dze agbagba nàdo gbe ɖa na Mawu abia eƒe gbɔgbɔa. Galatiatɔwo 5:16 gblɔ be: “Mizɔ le Gbɔgbɔ me, eye miele ŋutilã la ƒe nudzodzro dzi wɔ ge o.” (Tsɔe sɔ kple Tito 3:3-5.) Ðewohĩ anyo hã be nàbu alesi tututu nèbua nɔviwòe hã ŋu. Ðe nàte ŋu agblɔe le nyateƒe me be lɔlɔ̃ aɖeke mele ye me na ame ma oa—togbɔ be nèdo dziku ɖe eŋu hã? Ŋɔŋlɔawo gblɔ na mí be “lɔlɔ̃ la meʋãa ŋu o.” (Korintotɔwo I, 13:4) Eyata mèganɔ susu gbegblẽ siwo nyɔa ŋuʋaʋã ɖe ame me la ŋu bum o. Dze agbagba nàkpɔ dzidzɔ kple ame ma ne dziwòlawo le egbɔ kpɔm etɔxɛe.—Tsɔe sɔ kple Romatɔwo 12:15.
Dzeɖoɖo kple dziwòlawo hã ate ŋu aɖe vi le go sia me. Ne wova kpɔe be ehiã be yewoakpɔ gbɔwò geɖe wu la, akpe ɖe ŋuwò geɖe ŋutɔ be nàɖu ŋuʋaʋã ƒe seselelãme si le mewò ɖe nɔviwòwo ŋu dzi. Ke ne nɔnɔmea meka ɖe eme le aƒeme o eye woyia edzi kpɔa nɔviwò gbɔ wu wò ya ɖe? Mègado dziku ɖe dziwòlawo ŋu, ado aƒa ɖe wo ta, alo adze aglã ɖe wo ŋu o. Dze agbagba nàna asikpekpeɖeameŋu kple toɖoɖo ƒe nɔnɔme nanɔ asiwò. Ne ehiã la, di kpekpeɖeŋu tso Kristo-hamea me tɔ tsitsiwo gbɔ. Ƒo ye katã ta la, te ɖe Yehowa Mawu ŋu. Ðo ŋku hakpala la ƒe nyawo dzi be: “Fofonye kple danye wogblẽm ɖi, ke Yehowa xɔm.”—Psalmo 27:10.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.
b Kpɔ nyati si nye “Nukata Nɔvinye Ðeɖeko Gbɔe Wokpɔna Ɣesiaɣi?” le Nyɔ! ƒe tata si nye November 8, 1997 tɔ me.
[Nɔnɔmetata si le axa 15]
Ne èɖe eme be yekpɔe be wogblẽ ye ɖi la, ɖewohĩ aɖɔ kuxia ɖo