INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g97 12/8 axa 17
  • Ku Yibɔ ƒe Dɔvɔ̃a Mehe Nuwuwua Vɛ O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ku Yibɔ ƒe Dɔvɔ̃a Mehe Nuwuwua Vɛ O
  • Nyɔ!—1997
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ku Yibɔ La—Dɔvɔ̃ si Do le Europa le Titinaɣeyiɣiwo Me
    Nyɔ!—2000
  • Agbagbadzedze tso Blema Ke be Woanɔ Lãmesẽ Me
    Nyɔ!—2004
  • Fukpekpe 10 La
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Dɔvɔ̃wo le Ƒe Alafa 20 lia Me
    Nyɔ!—1997
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1997
g97 12/8 axa 17

Ku Yibɔ ƒe Dɔvɔ̃a Mehe Nuwuwua Vɛ O

LE ƑE 1347 ƒe October me la, meli siwo nye asitsaʋuwo tso Ɣedzeƒe va ɖi go ɖe Messina-tɔdziʋudzeƒe le Sicily. Ʋua kulawo lé dɔ nɔ kukum. Nutete yibɔ siwo lolo abe koklozi ene eye wònɔa ʋu kple tsi ɖim la nɔ wo ŋu. Ƒudzimɔzɔlaawo se veve vevie eye woku le ŋkeke geɖe megbe ne dɔa ƒe dzesi gbãtɔwo dze vɔ.

Alegeli siwo le melia me yi ɖawɔ ɖeka kple wo tɔ siwo le dua me. Axɔ̃ siwo me dɔlékui aɖe si te ŋu wua ame le la nɔ alegeliawo ŋu. Ale wɔ dɔxɔleameŋu si woyɔna be Ku Yibɔ ƒe dɔvɔ̃ la kaka, wònye dɔléle vɔ̃ɖitɔ kekeake le Europatɔwo ƒe ŋutinya me vaseɖe ɣemaɣi.

Mɔ eve nue dɔvɔ̃a to kaka. Ðekae nye be ne axɔ̃ si me dɔlékuia le ɖo ame la, dɔa kakana ɖe ʋua me eye wònaa nu tea ame eye ʋu ɖuɖuna ɖe amea me. Eveliae nye be ne dɔnɔawo kpe kpe alo nyẽ la, ame bubuwo xɔnɛ eye wògena ɖe woƒe dzitodzitowo me. Esi amewo xɔ dɔa to mɔ evea siaa nu ta la, ekaka kabakaba hewu ame ŋɔdzitɔe. Le ƒe etɔ̃ ko me la, ewu Europanɔlawo me mamã ene ƒe akpa ɖeka; ɖewohĩ ame miliɔn 25 ye ku.

Ame aɖeke menya alesi ame xɔa dɔlélea tso ame bubu ŋu ɣemaɣi o. Ame aɖewo bui be aɖie le yame, ɖewohĩ le anyigbaʋuʋu aɖe alo ɣletinyigbawo ƒe nɔƒe ɖɔliɖɔli si mebɔ o ta. Ame bubuwo susu be amewo xɔa dɔa ne wonya kpɔ ame aɖe si ŋu wòle ko. Togbɔ be susu vovovowo nɔ amewo si hã, edze ƒã be woxɔa dɔlélea le ame ŋu bɔbɔe. Fransetɔ atikewɔla aɖe gblɔ be edze abe ame ɖeka si ŋu dɔlélea le “ate ŋu adee amewo katã ŋu le xexeame godoo ene.”

Amewo menya alesi woawɔ axe mɔ ɖe enu alo adae o. Ame geɖe bu Biblia me nyagblɔɖi siwo ƒe ɖewo woŋlɔ ɖe Luka 21:11, si gblɔe ɖi be dɔvɔ̃wo ava le nuwuɣia me la ŋu. Togbɔ be amewo dzɔ ga fũ le sɔlemewo hã la, dɔvɔ̃a yi edzi. Italytɔ aɖe ŋlɔ ɣemaɣi be: “Womegaƒoa sɔlemegawo ɖe ku ŋu o eye eɖanye ameka kee ku o, womefana nɛ o elabena amesiame nɔ mɔ kpɔm na ku . . . amewo gblɔ be, ‘Xexeame ƒe nuwuwue nye sia,’ eye woxɔe se nenema hã.”

Gake menye nuwuwua enye ema o. Kaka ƒe alafa 14 lia nawu enu la, dɔvɔ̃ ma nu tso. Xexeame gakpɔtɔ li.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 17]

Archive Photos

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe