INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g97 12/8 axa 18-22
  • Dɔvɔ̃wo le Ƒe Alafa 20 lia Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dɔvɔ̃wo le Ƒe Alafa 20 lia Me
  • Nyɔ!—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dɔléle Xoxowo Nu Va Sẽ Wu
  • Dɔléle Kple Ahedada
  • Dɔléle Yeye Siwo Ŋu Woke Ðo
  • Nusiwo Dea Dɔlékuiwo Dzi
  • Xexe Si Me Dɔléle Manɔ O
    Nyɔ!—2004
  • Xexeame Ƒe Lãmesẽnyawo—Vovototo Si Le Lolom Ðe Edzi
    Nyɔ!—1995
  • Dzidzedzekpɔkpɔ Kple Kpododonu le Aʋa si Woho ɖe Dɔléle ŋu Me
    Nyɔ!—2004
  • Agbagbadzedze tso Blema Ke be Woanɔ Lãmesẽ Me
    Nyɔ!—2004
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1997
g97 12/8 axa 18-22

Dɔvɔ̃wo le Ƒe Alafa 20 lia Me

KU YIBƆ ƒe dɔvɔ̃ si to le Europa le ƒe alafa 14 lia me mehe xexeame ƒe nuwuwu vɛ abe alesi ame geɖe gblɔe ene o. Ke míaƒe ɣeyiɣia me ya ɖe? Ðe dɔvɔ̃wo kple dɔléle siwo le míaƒe ŋkekea me fia be míele ɣeyiɣi si Biblia yɔ be “ŋkeke mamleawo” la mea?—Timoteo II, 3:1.

Ðewohĩ àɖo eŋu be, ‘Kura o.’ Ŋgɔyiyi siwo wowɔ le atikewɔwɔ kple dzɔdzɔmeŋutinunya me kpe ɖe mía ŋu geɖe míenya dɔlélewo kple wo dada fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖesiaɖe le amegbetɔ ƒe ŋutinya me. Atikeŋutinunyalawo to dɔlékuiwutikewo kple abɔtasitike hamehame geɖe vɛ—wonye aʋawɔnu sẽŋu siwo wotsɔ kpea aʋa kple dɔlélewo kple dɔlékui siwo hea wo vɛ. Ŋgɔyiyi siwo va le amewo gbɔ kpɔkpɔ le kɔdzi kpakple asitɔtrɔ le tsi, dzadzɛnyenye, kple nuɖuɖu ŋudɔwɔwɔ me ŋu hã wɔ akpa aɖe le avuwɔwɔ kple dɔxɔleameŋuwo me.

Le ƒe bla nane siwo va yi nyitsɔ laa me la, ame geɖe susu be avuwɔwɔa ɖo eƒe nuwuwu vɔ. Wotsi sakpate nu, eye wotɔ ŋku dɔléle bubuwo be woaɖe wo ɖa. Atikewo ɖu dɔléle gbogbo aɖewo dzi nyuie. Lãmesẽŋutinunyalawo tsɔ kakaɖedzi kpɔ mɔ be nuwo aganyo wu le etsɔme. Woaɖu dɔxɔleameŋu dzi; woaɖu dɔléle geɖe dzi ɖekaɖeka. Atikewɔwɔŋutinunya aɖu aʋaa dzi.

Gake meɖu edzi o. Egbea dɔxɔleameŋue ganye nusi wua amewo wu ɖesiaɖe le xexeame, eye ewu ame miliɔn 50 kple edzivɔ le ƒe 1996 ɖeɖeko me. Nusi va le xɔxɔm ɖe kakaɖedzi si nɔ amewo si tsã teƒee nye dzitsitsi ɖe etsɔme ŋu si le dzidzim ɖe edzi. The World Health Report 1996 si Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ (WHO) ta la, xlɔ̃ nu be: “Ŋgɔyiyi si míekpɔ le amegbetɔ ƒe lãmesẽ dodoɖeŋgɔ me le ƒe bla nanewo me nyitsɔ laa la ɖo afɔku me fifia. Míeɖo xexeame katã ƒe afɔku aɖe ƒe agbo nu le dɔxɔleameŋu gome. Dukɔ aɖeke meto le eme o.”

Dɔléle Xoxowo Nu Va Sẽ Wu

Nusiwo ta wotsi dzie nye be dɔléle nyanyɛ aɖewo siwo wobu tsã be woɖe wo ɖa la gale mo dom ɖa ake le nɔnɔme siwo nu sẽ wu eye wo dada sesẽ wu me. Eƒe kpɔɖeŋu aɖee nye yɔmekpe, si nye dɔléle si wobu tsã be wotsi enu keŋkeŋ kloe le dukɔ deŋgɔwo me. Gake yɔmekpe mevɔ o; fifia ewua ame siwo ade miliɔn etɔ̃ ƒe sia ƒe. Ne womegatrɔ asi le edziɖuɖu ƒe mɔnuwo ŋu o la, wole mɔ kpɔm be ame siwo ade miliɔn 90 axɔ dɔlélea le ƒe 1990 ƒe ƒeawo me. Yɔmekpe si mesea atike o le kakam le dukɔ geɖe me.

Dɔléle siwo gale dodom ƒe kpɔɖeŋu bubu aɖee nye asrã. Ƒe 40 enye si va yi la, ɖɔktawo nɔ mɔ kpɔm be yewoatsi asrã nu kaba. Egbea dɔlélea wua ame siwo ade miliɔn eve ƒe sia ƒe. Asrã nye dɔ mavɔe le dukɔ siwo wu 90 me, alo enɔa wo me ɣesiaɣi, eye edzea xexeamenɔlawo ƒe akpa 40 le alafa me dzi. Lãwutikewo megate ŋu wua mũ siwo me asrãdɔlékuiawo le o, eye dɔlékuiawo ŋutɔ va le te nɔm ɖe atikewo nu ale gbegbe be ɖɔktawo vɔ̃ be esusɔ vie yewomagate ŋu ada asrã ƒomevi aɖewo o.

Dɔléle Kple Ahedada

Dɔléle bubuwo le amewo wum madzudzɔmadzudzɔe togbɔ be atike nyuiwo li woatsɔ ada woe hã. Le kpɔɖeŋu me, bu dzimeƒutetedɔ ŋu kpɔ. Abuidotikewo li woatsɔ axe mɔ ɖe dzimeƒu kple ahɔhɔ̃ ƒe tete nu eye atikewo li woatsɔ adae. Dɔ sia do le Afrika le Sahara ƒe anyigbe le ƒe 1996 ƒe gɔmedzedze me. Ðewohĩ mèse nya boo aɖeke tso eŋu o; ke hã ewu ame 15,000 kple edzivɔ—woƒe akpa gãtɔ nye ame dahewo, vevietɔ ɖeviwo.

Dzitodzito me dɔlélewo, abe axamedɔ ene wua ame miliɔn ene ƒe sia ƒe, eye woƒe akpa gãtɔ nye ɖeviwo. Gbaɣi wua ɖevi miliɔn ɖeka ƒe sia ƒe, eye kɔkɔdzayi wua ɖevi 355,000 bubuwo. Woate ŋu atsɔ abɔtasitike siwo mexɔ nu boo aɖeke o axe mɔ ɖe ame gbogbo siawo ƒe ku nu hafi.

Mĩtsinyenye si vɔa tsi le lãme na ame wua ɖevi siwo ade akpe enyi gbesiagbe. Woate ŋu ato beléle na ame ɖokui dzi alo woana tsinono dzadzɛ alo dze kple sukli tsi amewo atsɔ axe mɔ ɖe amesiawo katã kloe ƒe ku nu hafi.

Dukɔ madeŋgɔwo mee amesiawo ƒe akpa gãtɔ kuna le, afisi ahedada bɔ ɖo. Ame siwo ade miliɔn 800—si nye xexeamenɔlawo katã ƒe akpa gã aɖe—mete ŋu kpɔa mɔnu wodaa dɔ na wo o. The World Health Report 1995 gblɔ be: “Wode dzesi nusi wua ame wu ɖesiaɖe si nye nusi koŋ gbɔ lãmegbegblẽ kple fukpekpe tsona wu nu bubu ɖesiaɖe le xexeame katã la ɖe Dukɔwo Dome Dɔlélehatsotsowo ƒe nuŋlɔɖia dzi wònye nu mamlɛtɔ kloe. Dzesidenu si wonae enye Z59.5—ahedada kolikoli.”

Dɔléle Yeye Siwo Ŋu Woke Ðo

Dɔléle bubuwo hã nye esiwo do yeyee, eye nyitsɔ laa koe wode dzesi wo. WHO gblɔ nyitsɔ laa be: “Ne mede ɖeke o hã la, dɔléle yeye 30 ye to le ƒe 20 siwo va yi me siwo na ame miliɔn alafa geɖe ƒe lãmesẽ ɖo afɔku me. Womete ŋu wɔa naneke le dɔléle siawo dometɔ geɖe ŋu o, woƒe atike alo abɔtasitike meli o eye kakaɖedzi boo aɖeke meli be woate ŋu axe mɔ ɖe wo nu alo alé wo nu o.”

Le kpɔɖeŋu me bu HIV kple AIDS ŋu kpɔ. Amewo menya nu tso eŋu le ƒe siwo ade 15 siwo va yi ko me o, gake fifia wole amewo ŋu le anyigba ɖesiaɖe dzi. Fifi laa la, ame tsitsi siwo ade miliɔn 20 ŋue HIV le, eye amesiwo wu miliɔn 4.5 xɔ AIDS. Human Development Report 1996 gblɔ be AIDS ye nye nusi wua ame tsitsi siwo xɔ vaseɖe ƒe 45 wu le Europa kple Dziehe Amerika. Ame siwo ade 6,000 xɔnɛ gbesiagbe le xexeame katã—ame ɖeka le sɛkɛnd 15 ɖesiaɖe me. Wonɔ te ɖe alesi nɔnɔmea le fifia dzi bu akɔnta be AIDS-xɔlawo ƒe xexlẽme anɔ dzi yim kabakaba. United States dɔwɔƒe aɖe gblɔ be kaka ƒe 2010 naɖo la, wole mɔ kpɔm be amewo ƒe agbenɔƒewo aɖiɖi ava ɖo ƒe 25 le Afrika kple Asia dukɔ siwo me ame geɖe xɔ AIDS le.

Ðe AIDS nye dɔléle tɔxɛ si tɔgbe meli o, alo ɖe wòate ŋu adzɔ be dɔvɔ̃ bubuwo nado ava gblẽ nu nenema alo woavɔ̃ɖi wuia? WHO ɖo eŋu be: “Ðikeke mele eme o be dɔléle aɖewo li siwo míenya haɖe o gake woate ŋu agblẽ nu abe AIDS ene le etsɔme.”

Nusiwo Dea Dɔlékuiwo Dzi

Nukata lãmesẽŋutinunyalawo tsi dzi ɖe dɔvɔ̃ siwo ado le etsɔme ŋu? Susu ɖekae nye alesi amewo le agbɔ sɔm ɖe edzi le dugãwo me. Ƒe alafa ɖeka enye si va yi la, xexeamenɔlawo katã ƒe akpa 15 le alafa me koe nɔ dugãwo me. Gake wobu akɔnta be kaka ƒe 2010 naɖo la, xexeamenɔlawo ƒe afã kple edzivɔ anɔ dugãnutowo me, vevietɔ le dukɔ siwo mede ŋgɔ boo o ƒe du lolowo me.

Dɔlékui siwo woxɔna le ame ŋu dzina le teƒe siwo amewo sɔ gbɔ ɖo fũ. Ne aƒe nyuiwo kple tsi ƒoɖiwo toƒe kpakple tsi nyui kple atikewɔƒe nyuiwo le dugã me la, eɖea dɔvɔ̃wo dzi kpɔtɔna. Gake dugã siwo le dukɔ dahewo me tɔwoe le dzidzim ɖe edzi kabakaba wu. Nugododeƒe ɖekae li na ame 750 alo amesiwo wu nenema le dugã aɖewo me. Aƒe nyuiwo kple tsinono nyui kpakple dɔdaƒewo mele dugãnuto geɖe me o. Ne ame akpe alafa geɖe tege ɖe teƒe ƒoɖiwo la, enɔa bɔbɔe ŋutɔ be dɔléle nakaka ɖe wo me.

Ðe esia fia be du lolo dahe siwo me amewo sɔ gbɔ ɖo fũ me koe dɔvɔ̃wo ado ɖo le etsɔmea? Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Archives of Internal Medicine ɖo eŋu be: “Ele be míase egɔme nyuie be saɖaganutometɔwo ƒe ahedada kolikoli, mɔkpɔkpɔmanɔamesi le ganyawo me, kple wo me tsonuwoe dzia dɔxɔleameŋuwo wu eye ameƒome mamlɛa ƒe mɔ̃ɖaŋununya mete ŋu léa enu o.”

Mele bɔbɔe be woana dɔléle natsi nuto ɖeka me o. Ame gbogbowo tsana dea teƒeteƒewo ɖaa. Ame siwo ade miliɔn ɖeka tsoa dewo gbesiagbe. Ame miliɔn ɖeka ɖia tsa yia dukɔ siwo me ganyawo nyo le kple esiwo da ahe me kwasiɖa ɖesiaɖe. Ne amewo le teƒeteƒewo yim la, dɔlékui wuameawo nɔa wo ŋu wotsɔ nɔa yiyimee. The Journal of the American Medical Association gblɔ be: “Fifia ele be woabu dɔléle si ado le teƒe ɖesiaɖe be enye afɔku na dukɔ akpa gãtɔwo, kple vevietɔ esiwo me amewo tsoa dukɔ vovovowo me yina.”

Eyata togbɔ be wowɔ ŋgɔyiyi le atikenyawo me le ƒe alafa 20 lia me hã, dɔvɔ̃wo yi edzi le ame geɖe wum, eye ame geɖe le vɔvɔ̃m be agavɔ̃ɖi wu le etsɔme. Gake nya kae Biblia gblɔ le etsɔme ŋu?

[Nya si ɖe dzesi si le axa 18]

Dɔxɔleameŋue wua ame wu le xexeame katã, eye ewu ame miliɔn 50 le ƒe 1996 ɖeɖeko me

[Aɖaka si le axa 20]

Tenɔnɔ Ðe Dɔlékuiwutikewo Nu

Dɔxɔleameŋu geɖe dada va le sesẽm ɖe edzi elabena wova le te nɔm ɖe dɔlékuiwutikewo nu. Nusi dzɔnae nye si: Ne dɔlékuiwo ge ɖe ame aɖe ƒe lãme la, wonɔa dzidzim ɖe edzi ɖaa, eye wo viwo nyia woƒe nɔnɔmewo dome. Ne wodzi dɔlékui yeye ɖesiaɖe la, ate ŋu adzɔ be nɔnɔme si dome wònyi nato vovo—enye tɔtrɔ sue aɖe si ana nɔnɔme yeye aɖe nava nɔ dɔlékui yeyea ŋu. Ƒã hafi dɔlékui xɔa domenyiŋusẽ le mɔ si nu ana wòate ŋu anɔ te ɖe dɔlékuiwutike nu. Gake dɔlékuiwo dzina ɖe edzi biliɔn geɖe, ɣeaɖewoɣi wodzina ɖoa dzidzime etɔ̃lia ke, le gaƒoƒo ɖeka me. Esia na nusi wɔ abe mate ŋu adzɔ o la dzɔna—ɣeaɖewoɣi la, dɔlékui aɖe dona si esesẽna be woatsɔ dɔlékuiwutike awui.

Eyata ne amesi ŋu wòle no dɔlékuiwutike aɖe la, etsrɔ̃a dɔlékui siwo mate ŋu anɔ te ɖe enu o, eye amea ƒe lãme gasẽna. Ke hã dɔlékui siwo te ŋu nɔa te ɖe enu ya kpɔtɔ nɔa eme. Gake fifia dɔlékui bubuwo meli woawɔ avu kplii le nunyiamewo kple nɔƒe didi me o. Wovo adzi faa. Esi dɔlékui ɖeka hɔ̃ ate ŋu adzi ɖe edzi azu dɔlékui siwo wu miliɔn 16 ŋkeke ɖeka ta la, eteƒe medidina hafi amea gadzea dɔ ake o. Gake fifia dɔlékui ƒe dzidzime siwo te ŋu nɔa te ɖe atike si wòle be wòawu wo hafi nu lae le eme. Dɔlékui siawo ate ŋu age ɖe ame bubuwo hã me eye woagadzi bubuwo emegbe woawo hã nava nɔ te ɖe dɔlékuiwutikewo nu.

Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Archives of Internal Medicine talawo ƒe nya aɖe gblɔ be: “Alesi lãviwo, dɔlékuiwo, nugbagbevi siwo tsina ɖe ame ŋu, kple ʋumedɔlékuiwo va le te nɔm ɖe míaƒe atikewɔmɔnuwo nu kabakabae la wɔnɛ be menye ne amegbetɔ ado kpo nu alo mado kpo nu le aʋa si wɔm wòle kple nugbagbeviwo me ŋue míebuna o, ke ɣeyiɣi si me nu aglo mí boŋ ŋue.”—Míawoe te gbe ɖe edzi.

[Aɖaka si le axa 21]

Dɔxɔleameŋu Yeye Aɖewo Siwo Gato Tso ƒe 1976 Me

Afisi Wodo Ðo

Ƒe si me alo Wokpɔe le

Wokpɔe Dɔa ƒe Ŋkɔ Gbã

1976 Dzitodzito me dɔléle United States

1976 Mĩtsinyedɔ wuame United States

1976 Ebola ƒe asrã ʋusisidɔ Zaire

1977 Hantaan-dɔlékui Korea

1980 Aklãdɔ sesẽtɔ kekeake Italy

1980 Dɔlékui si hea ʋumenugbagbeviɣidɔ vɛ Japan

1981 AIDS United States

1982 E. coli 0157:H7 United States

1986 Nyidzeaɖaʋadɔ* United Kingdom

1988 Dɔlékui si hea dɔkavimedɔ vɛ United Kingdom

1989 Aklãdɔléle United States

1991 Venezuela asrã ʋusisidɔ Venezuela

1992 Lãvi aɖe si dea mĩtsinyedɔ sesẽ ame ŋu India

1994 Brazil asrã ʋusisidɔ Brazil

1994 Amegbetɔ kple sɔwo ƒe lãmefafadɔ Australia

*Lãwo dzi ko wòdzena.

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Etsoƒe: WHO

[Aɖaka si le axa 22]

Dɔléle Xoxowo Gaho

Yɔmekpe: Wole mɔ kpɔm be yɔmekpe awu ame miliɔn 30 le ƒe ewo siawo me. Alesi womete ŋu da dɔa nyuie gbã o la wɔe be yɔmekpe si mesea atike o te ŋu dzea ame dzi le xexeame katã fifia. Eƒomevi aɖewo li fifi laa siwo atike siwo wua dɔlékuiawo godoo tsã la megate ŋu wuna o.

Asrã: Dɔléle sia dzea ame siwo ade miliɔn 500 dzi, hewua ame miliɔn 2 ƒe sia ƒe. Atike manɔanyi alo wo ŋudɔmawɔmawɔ nyuie na womete ŋu tsi enu o. Ewɔe be asrãdɔlékuiwo le te nɔm ɖe atike siwo wua wo tsã la nu. Nusi na kuxia gavloe ɖe edzie nye alesi nudzodzoewutike megate ŋu wua mũwo o.

Mĩŋɔŋɔ Kple Xeɖeɖe: Mĩŋɔŋɔ kple xeɖeɖe wua ame 120,000 ƒe sia ƒe, le Afrika koŋ, afisi dɔvɔ̃wo te ŋu kaka yia teƒe geɖe wu eye wodona edziedzi le. Womenya nu tso dɔlélea ŋu tsã le Anyiehe Amerika o, gake edo le Peru le ƒe 1991 me eye ekaka ɖo anyigbagã la katã dzi tso ɣemaɣi.

Asrã Gbalãmename: Dɔlékui sia si mũwo dea ame ŋu la léa ame miliɔn 20 ƒe sia ƒe. Le ƒe 1995 me asrã gbalãmename ƒe dɔvɔ̃ si vɔ̃ɖi wu ɖesiaɖe si do le Latin Amerika kple Carib-nutowo me le ƒe 15 me la dze dukɔ 14 dzi le afima. Asrã gbalãmename ƒe dɔvɔ̃wo le dzidzim ɖe edzi le esi dugãwo me tɔwo le agbɔ sɔm ɖe edzi, mũ siwo me asrãdɔlékuia le ƒe kaka, kple ame gbogbo siwo ŋu dɔa le ƒe ʋuʋu yi teƒeteƒewo ta.

Vemexexedɔ: Ðoɖo siwo wowɔ ɖe abɔtasisi na ame gbogbowo ŋu si dze egɔme ƒe 50 enye si va yi la na dɔléle sia megava bɔ le adzɔnuwɔdukɔwo me kura o. Gake tso ƒe 1990 me la, vemexexedɔ ƒe dɔvɔ̃wo gblẽ nu le dukɔ 15 me le Ɣedzeƒe Europa kple tsã Soviet Union. Ame 1 ku le ame 4 ɖesiaɖe si xɔ dɔlélea dome. Le ƒe 1995 ƒe afã gbãtɔ me la, wokpɔ dɔlélea le ame 25,000 ŋu.

Alimetete ƒe dɔvɔ̃: Le ƒe 1995 me la, woka nya ta na Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ (WHO) be ame 1,400 ya teti xɔ dɔvɔ̃ la. Le United States kple teƒe bubuwo la, dɔlélea kaka ɖo nuto siwo dɔvɔ̃ aɖeke medo ɖo kpɔ o hena ƒe bla nanewo la me.

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Etsoƒe: WHO

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Togbɔ be wowɔ ŋgɔyiyi le atikewɔwɔ me hã la, womete ŋu to atikeŋutinunya dzi tsi dɔxɔleameŋuwo ƒe kaka nu o

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

WHO photo by J. Abcede

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Dɔlélewo kakana bɔbɔe ne amewo tege ɖe teƒe ƒoɖiwo

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Ame siwo ade miliɔn 800 siwo le dukɔ madeŋgɔwo me mete ŋu kpɔa atike wɔna o

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe