Xexeame Ƒe Lãmesẽnyawo—Vovototo Si Le Lolom Ðe Edzi
ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE BRAZIL GBƆ
ESIME sakpana lé Ali Maow Maalin le Somalia le ƒe 1977 me la, kɔdzi ke wòva nyɔ ɖo eye eƒe ŋkɔ ɖi le nyadzɔdzɔgbalẽwo ƒe nyati veviwo hã me. Esi wodae wòhaya vɔ la, Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ ɖe gbeƒãe le ƒe 1980 me be woɖe sakpana alo sakpatɛ ɖa ɖikaa le amegbetɔƒomea me—le eƒe nugbegblẽ vɔ̃ɖivɔ̃ɖii le ame miliɔn geɖe ŋu ƒe alafa geɖe megbe. Wogblɔ be Ali ye nye ame susɔea si dɔ sia lé.
Le ƒe 1992 me la, Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔa gagblɔ dzidzedze bubu siwo wokpɔ le lãmesẽnyawo gbɔ kpɔkpɔ me: Le ƒe 1980 ƒe ƒeawo me la, amesiwo kpɔ tsinono nyui kple ŋudɔwɔnu siwo woazã atsɔ akpɔ dzadzɛnyenye gbɔe le dukɔ madeŋgɔwo me la dzi ɖe edzi. Hekpe ɖe eŋu la, woɖo kɔdzi siwo tsɔ ɖe ame geɖe wu gbɔ le dukɔ madeŋgɔwo me. Eyata ɖeviwo ƒe kuku dzi ɖe kpɔtɔ le teƒe aɖewo le ƒe ewo mawo siwo va yi me.
Nudzɔdzɔ Tsodzikaƒonamewo
Gake dɔléle siwo womete ŋu kpɔ ta na o gblẽ dzidzedzekpɔkpɔ siawo me eye bubu siwo gale ta dom ɖa la na be wozu dzebuɖeamamee. Bu wo ŋuti nya dziŋɔ ʋee siawo ŋu kpɔ.
HIV/AIDS—Le xexeame katã la, amesiwo wu 17,000,000 sɔŋ ŋue HIV, dɔlékui si hea AIDS vɛ la le. Amesiwo ade 3,000,000 ye xɔe le nyitsɔ laa ƒe ƒe aɖe si va yi me, si fia be amesiwo esusɔ vie woade 8,000 ye xɔnɛ gbesiagbe. HIV la le ɖevi siwo wu miliɔn ɖeka ŋu. Madidi o ɖevi siwo AIDS awu la ƒe nugbegblẽ ayi ŋgɔ adze le dzidzedze siwo wokpɔ le ɖeviwo xɔxɔ ɖe agbe le ƒe siwo va yi eteƒe medidi boo o me la ŋu. Evɔ azɔ boŋ ye dɔa va le gbagbam ɖi le teƒe geɖe, abe Asia ene. Aids and Development gblɔ be amesiwo ŋu HIV la le dometɔ 80 le alafa me tso dukɔ madeŋgɔwo me.
Yɔmekpe—Togbɔ be womegatsi dzi ɖe yɔmekpe ŋu boo o le ƒe 20 siwo va yi me hã la, egava ɖe kpe na xexeame, eye amesiwo ade miliɔn etɔ̃ tsia esi me ƒe sia ƒe, si na be wòva zu dɔxɔleameŋu siwo wua ame wu ɖesiaɖe. Dukɔ madeŋgɔwo mee amesiwo wòwu la dometɔ siwo wu 98 le alafa me le. Nusi gagblẽ nya la ɖe edzie nye be yɔmekpe ƒe dɔlékui va kpena ɖe HIV dɔlékuia ŋu eye wowua ame vɔ̃ɖivɔ̃ɖitɔe. Wosusui be va ɖo ƒe 2000 me la, yɔmekpe awu amesiwo ŋu HIV dɔlékuia le miliɔn ɖeka ƒe sia ƒe.
Cancer—Amesiwo ŋu cancer le le dukɔ madeŋgɔwo me fifia va sɔ gbɔ wu amesiwo ŋu wòle le dukɔ deŋgɔwo me.
Dzidɔ—Ðk. Ivan Gyarfas si le dɔ wɔm le Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ me xlɔ̃ nu be: “Esusɔ vie ko dzidɔ nazu xexeame katã ƒe afɔku.” Meganye mɔ̃ɖaŋuwɔdukɔwo ko ƒe dɔe dzidɔ nye fifia o. Le kpɔɖeŋu me, le Latin Amerika dukɔwo me la, amesiwo dzidɔ awu la ade amesiwo aku le dɔxɔleameŋuwo si me ƒe teƒe eve alo etɔ̃. Le ƒe ʋee aɖewo siwo gbɔna me la, dzidɔ si tsoa dzi ƒe ʋukawo me ƒe xexe gbɔ kple akpa ɖeka ƒe kuku ɖe ame ŋu azu dɔ siwo awu ame wu le dukɔ madeŋgɔwo me.
Anyigba Xɔdzo dzi Dɔwo—Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔa xlɔ̃ nu be: “Ewɔ abe avu meganya le lélem anyigba xɔdzo dzi dɔwo o ene, esi kolera le gbagbam ɖe Amerika-nyigbawo dzi . . . , kple ŋudza sesẽ kple ŋudza si vea kpeƒekpeƒe na ame vevie (dengue fever) siwo kaka la le amesiwo ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi dzi dzem, eye asrã hã le nyanyrãm ɖe edzi.” Time magazine gblɔ be: “Wodo kpo nu le aʋa si woho ɖe dɔxɔleameŋuwo ŋu le dukɔ dahewo me xoxo.” Amesiwo asrã wuna ade miliɔn eve ƒe sia ƒe—le esi wogblɔ be woɖee ɖa keŋkeŋ anye ƒe 40 enye esia vɔ megbe.
Mitsinyenyedɔwo—Nusi wogblẽna le ɖeviwo ŋu le dukɔ madeŋgɔwo me dzi ŋɔ ŋutɔ. Ðevi siwo esusɔ vie ko woade 40,000 sɔŋ ye kuna gbesiagbe le dɔ siawo xɔxɔ alo nunyuimaɖumaɖu ta; mitsinyenyedɔwo ɖeɖe dzaa wua ɖevi ɖeka sɛkɛnd enyi ɖesiaɖe.
Lãmesẽ Kple Ahedada—Ƒomedodo si Le Wo Dome
Nukae lãmesẽnyawo ƒe nɔnɔme sia le mía fiam? Lãmesẽdɔwɔla bibi aɖe gblɔ be: “Dzɔgbevɔ̃e evee le dzɔdzɔm ɖe dukɔ madeŋgɔwo dzi. Dɔlémafɔe yeye siwo le totom fifia katã le fu ɖem na wo evɔ anyigba xɔdzo dzi dɔwo hã gakpɔtɔ li.” Nukae do tso eme? Agbalẽ si nye Achieving Health for All by the Year 2000 gblɔ be, “anyigba ƒe memamã ƒe vovototo” ɖefuname aɖe “va le dzedzem.” Ena be lãmesẽnyawo gbɔkpɔkpɔ le Afrika kple Asia dukɔ siwo ade 40 me “mele zɔ ɖem aduadu kple xexeame ƒe akpa mamlea tɔ o.” Vovototo si le wo dome la lolo ŋutɔ—eye lolom ɖe edzi ko wògale.
Togbɔ be nu geɖe li siwo gbɔ vovototo sia si le lolom ɖe edzi tso hã la, World Health magazine gblɔ be nu vevi ɖeka si gbɔ lãmesẽmemanɔmanɔ tsoe “nye ahedada.” (Tsɔe sɔ kple Lododowo 10:15.) Zi geɖe la, ahedada sikaa amewo ɖe nɔƒe madeamedziwo, afisiwo mele dzadzɛ o, siwo tsi nyui si woazã vena le, afisiwo amewo tegena ɖo eye woxaxana le. Menye ame ƒe lãmesẽ dzi koe nu etɔ̃ siawo medena o ke boŋ wodzia dɔléle ŋutɔŋutɔ hã. Ne nunyuimakpɔɖui si gbɔdzɔa ŋutilã ƒe dɔlélenutsiŋutete hã va kpe ɖe eŋu la, ke àkpɔ alesi ahedada ƒe nugbegblẽ le ame ƒe lãmesẽ ŋu sɔ kple alesi baba gblẽa atii.
Ne dɔ vɔ̃ɖi siwo wua ame dze aƒewo dzi eye wogblẽ nu le amewo ƒe ŋutilã ŋu hele ɖeviwo wum la, ame dahewo ŋue nu tena wu. Lé ŋku ɖe eƒe kpɔɖeŋu aɖewo ŋu kpɔ. Le Dziehe Afrika ƒe akpa siwo ahetɔwo le la, amesiwo dzi yɔmekpe dzena yi ŋgɔ zi gbɔ zi alafa ɖeka wu amesiwo dzi wòdzena le dukɔ ma ke ƒe afisi amesiwo si alɔme le la le. Le ahetɔwo dome le Brazil la, axamedɔ kple dzamezã wua ame zi gbɔ zi ade wu le kesinɔtɔ siwo do aƒelika kple wo dome. Eye vidzĩ siwo kuna le India le ƒome dahewo me nye esiwo kuna le India ƒe kesinɔtɔwo ƒe ƒomewo me ƒe teƒe ewo. Nublanuinya sia dze ƒã be: ‘Ahedada nye afɔku na wò lãmesẽ!’
Eyata mewɔ nuku o be ame biliɔn ɖeka siwo le nɔƒe dahewo la sena le wo ɖokui me be mɔkpɔkpɔ aɖeke mele yewo si o. Womate ŋu awɔ naneke le nusiwo hea ahedada vɛ ŋu o, eye emetsonu dziŋɔ siwo gblẽa nu le ame ƒe lãmesẽ ŋu la kpɔa ŋusẽ ɖe woƒe agbe dzi. Ne ahedada metsonu gbegblẽawo le fu ɖem na wò la, ke ɖikekemanɔmee la, awɔ na wò hã be yetsi amesiwo ƒe nu wɔ nublanui siwo dzi lãmesẽnyawo mede o la dome. Gake èɖanye ame dahe alo kesinɔtɔ o, afɔ aɖewo li si nàte ŋu aɖe atsɔ akpɔ wò lãmesẽ kple viwòwo tɔ tae. Afɔɖeɖe kawoe nye ma? Nyati si kplɔe ɖo ɖo eŋuti ɖaŋu aɖewo.