INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g97 12/8 axa 30-31
  • Ŋkuléle Ðe Xexeame ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋkuléle Ðe Xexeame ŋu
  • Nyɔ!—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nugɔmemasemase Siwo Nye Afɔku
  • Woli Ke Pisa Xɔ Kɔkɔ si Bi ɖe Akpa Ðeka La?
  • Atike Manɔsenu Zazã le Xexeame Katã
  • Dɔxɔleameŋuwo Le Ta Kekem
  • “Nuvlowɔhawo ƒe Asi Dea Dzi”
  • Mawusubɔsubɔ ƒe Toyiyi le “Du Kɔkɔe” la Me
  • Yɔmekpe Kaka ɖe India
  • Alegeli Nyui Wònyea?
  • Nyɔnuvi Siwo ƒe Likui Wolã, Ƒewuiviwo ƒe Vidzidzi
  • Wobla Akpa Yeye le Aʋawɔwɔ me Kple Yɔmekpe
    Nyɔ!—1999
  • Aʋadziɖuɖu Kple Dzɔgbevɔ̃enya
    Nyɔ!—1998
  • Yɔmekpe Gatrɔ Gbɔ!
    Nyɔ!—1996
  • Ðekawɔwɔ Dziŋɔ Aɖe
    Nyɔ!—1998
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1997
g97 12/8 axa 30-31

Ŋkuléle Ðe Xexeame ŋu

Nugɔmemasemase Siwo Nye Afɔku

Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The European ka nya ta be le ƒe 1977 me la, nya kpui aɖe gɔme masemase hã gbɔe xexeme yameʋufɔku vɔ̃ɖitɔ kekeake si dzɔ la tso. Netherlandtɔ si nɔ yameʋu si nye 747 kum la gblɔe ɖo ɖa be “esusɔ vie yeaho,” eye amesi fiaa mɔ yameʋu siwo nɔ dzedzem ɖe Tenerife, Canary Islands, la tsɔe be yameʋua tɔ ɖe teƒe ɖeka. Gake nusi yameʋukula la wɔnɛ enye be yeƒe yameʋua le du dzi le yameʋutoƒe si afu bla kɔtɔɔ la eye egbɔna hoho ge ayi yame. Nusi do tso emee nye be yameʋua va lɔ 747-yameʋu bubu eye wòwu ame 583. Nenema ke alesi womete ŋu gblɔ nya wòde tututu o na yameʋu aɖe lɔ nu le afisi te ɖe Delhi ŋu le India, eye ame 349 tsi eme. Togbɔ be ƒã hafi wowɔa vodada si ahe afɔku vɛ eye wonaa hehe geɖe yameʋumedɔwɔlawo le Eŋlisigbe si wozãna le yameʋumedɔwɔwɔ me hã la, nya tɔxɛ siwo wozãna le yameʋudɔ me koe yameʋumedɔwɔla aɖewo nya. Ne nya kpata aɖe dzɔ la, womegate ŋu ɖoa ŋku nya mawo dzi zãna o. Eŋutinunyalawo kafui be woazã kɔmpiutamɔ̃ɖaŋu le ʋukulanɔƒea si ana woaɖo gbedasi siwo sɔ ɖe ame nɔewo le yameʋudɔwɔwɔ me.

Woli Ke Pisa Xɔ Kɔkɔ si Bi ɖe Akpa Ðeka La?

Wova li ke Pisa Xɔ Kɔkɔ si nɔ bibim ɖe akpa ɖeka le ƒe alafaawo me eye wòdze abe amu godoo ene la mlɔeba—le esi wotsɔ tsumikpe gãgã siwo ƒe kpekpeme nye tɔn akpe ɖeka la ɖo ete be wòalée ɖe te tae. Nufialagã Michele Jamialcowsky si nye dukɔwo dome ƒuƒoƒo si woɖo be wòakpɔ xɔ kɔkɔa ƒe dedienɔnɔ dzi la ƒe tatɔe ɖe gbeƒã nya sia. Italy-nyadzɔdzɔgbalẽ La Stampa gblɔ be: “Gake eƒe kelili ƒe kuxia kpɔtɔ nye ŋkubiãnya elabena alesi wòbi meta atɔ̃ [afɔ 16] le eƒe anyinɔnɔ ƒe alafa adre me na wòzu afɔku gã aɖe.”

Atike Manɔsenu Zazã le Xexeame Katã

Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe nyatakaka aɖe gblɔ be ga dɔlar biliɔn 400 si wokpɔna le dukɔwo dome asitsatsa me ƒe sia ƒe ƒe akpa 8 le alafa me tsoa atike siwo zazã mele se nu o dzadzra me. Nyatakakaa si xɔ axa 332 lae nye numekuku deto gbãtɔ si wowɔ le alesi atike siwo zazã mele se nu o gblẽa nu le xexeame katã ŋui ŋu. Eɖee fia be xexemenɔlawo katã ƒe akpa 2.5 le alafa me kloe—amesiwo ade miliɔn 140—noa wii alo hashish si wokpɔna tsoa eme. Ame miliɔn 30 zãa nu muame ƒomevi aɖewo, ame miliɔn 13 zãa cocaine ƒomevi aɖewo, eye ame miliɔn 8 zãa heroin. Togbɔ be sedzikpɔlawo xɔ gbe muamewo, cocaine, heroin, kple morphine tɔn akpe geɖe le amewo si hã la, womete ŋu kpɔ geɖe xɔ o. Nyatakaka la gblɔ be cocaine 30 le alafa mee wokpɔna xɔna eye heroin 10 vaseɖe 15 le alafa me koe wokpɔna xɔna. Mɔ siwo nu wotona tsaa atike vɔ̃ɖiwo ƒe asi le dukɔwo dome menya kpɔna dzea sii o. Giorgio Giacomelli si nye Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe atikevɔ̃ɖizazã nu léle dɔwɔƒea ƒe tatɔ gblɔ be: “Kuxia xɔ xexeame katã ale gbegbe be dukɔ ɖekaɖekawo mate ŋu akpɔ egbɔ le wo ɖokui si o.”

Dɔxɔleameŋuwo Le Ta Kekem

Nassauische Neue Presse ka nya ta be: “Le ƒe 20 siwo va yi me la, dɔléle 30 siwo nye yeye kura siwo xɔxɔ le ame ŋu le bɔbɔe ŋutɔ la do.” Le dɔléle siawo dometɔ aɖewo—abe Ebola, AIDS, kple aklãdɔ ene—gome la, edada ƒe atike aɖeke meli o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, dɔxɔleameŋu bubuwo si ƒe ɖewoe nye asrã, mĩŋɔŋɔ kple xeɖeɖe, kpakple yɔmekpe hã le ta kekem. Nukatae? Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ (WHO) gblɔ be “dɔléle geɖe gale dodom ake elabena dɔlékui geɖe wu va le te nɔm ɖe dɔlékuiwutike geɖe wu nu. Dɔlékuiwutike siwo wowɔna dzi le ɖeɖem kpɔtɔ elabena wo wɔwɔ xɔa ga geɖe.” Le agbagbadzedze be woaɖɔ nɔnɔme sia ɖo me la, WHO doe ɖe dziɖuɖuwo kple atikewɔhawo gbɔ be “woade ga geɖe dɔlékuiwutike yeyewo toto vɛ kple dɔxɔleameŋu ƒe dodokpɔmɔnu deŋgɔwo me.” Amesiwo dɔxɔleameŋuwo wu le xexeame godoo le ƒe 1996 me la ade miliɔn 55.

“Nuvlowɔhawo ƒe Asi Dea Dzi”

Tanya sia tee Haim Shapiro si nye The Jerusalem Post ƒe nuŋɔŋlɔmetolawo dometɔ ɖeka la ƒo nu tso nusi dzɔ le March si va yi me ŋu le, si me wotsɔ kpe kple anyikpememewo dze Yehowa Ðasefowo dzi, gbã woƒe akpataa ge ɖe eme hegblẽ eme nuwo, eye wotɔ dzo woƒe agbalẽwo. Egblɔ be: “Esime wodze Katoliko-ha si le Jaffa dzi le ƒe si va yi me la, ame gbogbo aɖewo ƒo nu tsi tre ɖe eŋu le Israel kple dukɔ bubuwo me enumake—eye esɔ hã. Esi wodze akpata si le Lod dzi la, ame aɖeke megblɔ nya aɖeke tso eŋu o.” Togbɔ be Shapiro ŋutɔ ‘melɔ̃a’ Yehowa Ðasefowo ƒe ‘nya o eye meda asi ɖe woƒe dɔwɔnawo dzi o’ hã la, eɖo ŋku edzi be “wonye ƒuƒoƒo siwo yome woti eye wode wo fuwɔamegaxɔwo me le Nazi Germany la dometɔ ɖeka.” Eŋlɔ bena: “Ekpɔkpɔ le susu me be amesiame ate ŋu adze amesiawo dzi, agblẽ nu le woƒe tadeaguƒe, eye woatɔ dzo woƒe agbalẽwo faa la doa ŋɔdzi na ame, eye ena míeɖoa ŋku nu vɔ̃ɖitɔ kekeake siwo wowɔ le ŋutinya me siwo sɔ kplii la dzi.”

Mawusubɔsubɔ ƒe Toyiyi le “Du Kɔkɔe” la Me

Togbɔ be woyɔ Rome be enye du kɔkɔe eye Katoliko-ha la nu nɔlae nye bisiɔp le afima hã la, amewo metsi dzi ɖe mawusubɔsubɔ ŋu le afima abe alesi ame aɖewo abui ene o. Numekuku si Rome ƒe Third University wɔ le dukɔa me ɖee fia be Italytɔ siwo ade ame 10 le alafa me katã gblɔ be Kristotɔnyenye medzɔa dzi na yewo “kura o,” gake ame xexlẽme sia yi dzi va ɖo 19 le alafa me le Rome. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye La Repubblica gblɔ be Rome-nɔla 21 le alafa me hã mekpɔa dzidzɔ ɖe Katoliko Ha la ŋu “boo o.” Gake wo dometɔ 10 le alafa me koe tsɔ ɖe le mawusubɔsubɔ me vevie. Hadomegbenɔnɔŋutinunyala Roberto Cipriani gblɔ be Rome-nɔla 1 le 4 ɖesiaɖe me koe wɔna ɖe sɔlemeha la ƒe sedede le nɔnɔme kple agbenɔnɔ ŋu dzi tututu.

Yɔmekpe Kaka ɖe India

Togbɔ be wodze agbagba geɖe be woaɖu dɔlékui si hea yɔmekpe vɛ dzi hã la, Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ (WHO) gblɔ be ele ame tsitsi 2 ɖesiaɖe dometɔ 1 ŋu le India. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Asian Age ka nya ta be le ame miliɔn 900 kple edzivɔ siwo le India dome la, amesiwo wu miliɔn 2 xɔa yɔmekpe ƒe sia ƒe eye ewua amesiwo dea 500,000. WHO gblɔ be ame agbɔsɔsɔ si xɔa dɔlélea kple afɔku si wòhena vɛ la lolo le Anyigba dzi dukɔ ɖesiaɖe me nenema ke. Menye ɖeko wòle be amesiwo xɔa yɔmekpe nadze ŋgɔ dɔ si wòhena vɛ ƒe fukpekpe nu nɔnɔ ko o; ele be woanɔ agbe ɖe gbɔɖiame si dɔlélea hena vɛ zi geɖe la hã nu. Esia ate ŋu ana nutoa me tɔwo, dɔtɔwo, kple dɔwɔhatiwo naƒo asa na ame. Wonyãa nyɔnu siwo woɖe yeyee siwo ŋu wokpɔ be yɔmekpe le la ɖo ɖe wo dzilawo be womate ŋu adzi vi o.

Alegeli Nyui Wònyea?

The Wall Street Journal gblɔ be: “Ŋkɔ nyui aɖeke mele alegeli akpa gãtɔ ŋu o. Wonye meli me nɔla nudomegblẽlawo, aɖukpowo dzi nɔlawo—wonɔa dziɖuɖumegãwo ƒe dɔwɔƒewo gɔ̃ hã.” Gake Judy Reavis si nye dɔdamɔnuwo ŋuti nunyala la ƒe alegeli si wozãna le dodokpɔwɔwɔ me si woyɔna be Rattie ya to vovo. Rattie na kpekpeɖeŋu wotsya kɔmpiutaka siwo didi afɔ akpe geɖe le sukuwo me ale be woate ŋu ana kɔmpiuta vovovowo nawɔ dɔ ɖe du. Journal la ɖe eme be: “Rattie kpea aɖu ɖe ka sesĩe eye wòmimia eɖokui toa xɔ ƒe daɖedziwo dome kple gli me dowo me, le anyigba te kple xɔdzisrãtiwo ŋu. Woƒoa nu dzi wòɖina le afisi wòado ɖo eye wodaa nuɖuɖu vivi aɖe ɖe doa nu tsɔ blea enu wòdoa go. Ne edo go la, wozãa ka si wòhe vɛ la tsɔ hea kɔmpiutaka toa eƒe toƒe glɔ̃mɔa me.” Rattie ƒe ŋkɔ de du eye wode eŋuti nyawo kple ha si “wòdzi” la Internet dzi. Ðk. Reavis gblɔ be nenye be eva ku kpata la, “yewoamlã bubu. Alegeli ko wònye.”

Nyɔnuvi Siwo ƒe Likui Wolã, Ƒewuiviwo ƒe Vidzidzi

Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Ðeviwo ƒe Nyagbɔkpɔha ƒe agbalẽ si nye The Progress of Nations si ku ɖe ɖeviwo ƒe lãmesẽ, nunyiamekpɔkpɔ, kple agbalẽsɔsrɔ̃ ŋu ƒe tata si nye ƒe 1996 tɔ gblɔ be: “Wolãa nyɔnuvi siwo ade miliɔn 2 ƒe likui ƒe sia ƒe. Egypt, Ethiopia, Kenya, Nigeria, Somalia, kple Sudan ye wowɔa esiawo katã ƒe akpa 75% le. Wolãa nyɔnuvi 98% ƒe likui le Djibouti kple Somalia.” Tsɔ kpe ɖe veve si wosena le elalã me ŋu la, ate ŋu ahe dɔxɔleameŋu, ʋu ƒe sisi le ame ŋu ɣeyiɣi didi, vimadzimadzi, kple ku vɛ. Nyatakaka la gblɔ be: “Womebia tso subɔsubɔha aɖeke me tɔwo si be woalã nyɔnuwo ƒe likui o. Enye kɔnu si wowɔna be woatsɔ akpɔ ɖetugbinɔaƒenyenye ta, woakpɔ egbɔ be woate ŋu aɖe srɔ̃, eye woaɖu woƒe gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro dzi.” Ƒuƒoƒo kple habɔbɔ siwo tsɔ ɖe le nyɔnuwo ƒe gomenɔamesiwo kple ɖeviwo ƒe dedienɔnɔ me le dzo ƒlɔm ɖe dziɖuɖuwo te be woade se ɖe nuwɔna la nu.

Nyatakaka bubu aɖe ɖee fia be ƒewuiviwo ƒe vidzidzi nye kuxi si li ɖaa le dukɔ geɖe me. Le kpɔɖeŋu me le dukɔ siwo de ŋgɔ le adzɔnuwo wɔwɔ me dome la, United States ye wòbɔ ɖo wu: nyɔnuvi 1,000 ɖesiaɖe siwo xɔ ƒe 15 vaseɖe 19 dometɔ 64 dzia vi ƒe sia ƒe. Japan ye woƒe xexlẽme ɖiɖi le wu, afisi wo dometɔ ene koe dzia vi le. Menye ɖeko ƒewuiviwo ƒe vidzidzi gblẽa ɖetugbi ƒe tsitsi, agbalẽsɔsrɔ̃, kple mɔnukpɔkpɔwo me o ke woate ŋu ahe kuxiwo vɛ na vidzĩawo hã, si ƒe ɖewoe nye wo dzi makpɔmakpɔ nyuie, ahedada, kple nɔnɔme malike me nɔnɔ.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe