Asiɖeɖe Le Vi Ŋu Sɔsrɔ̃
BIBLIA me hakpala aɖe ŋlɔ be: “Alesi aŋutrɔwo le kalẽtɔ sii la, nenema nye ɖekakpuime viŋutsuwo.” (Psalmo 127:4) Aŋutrɔ melɔa nu le eɖokui si o. Ele be woadzidzee ɖe nu dzi nyuie. Nenema ke ɖeviwo mate ŋu aɖo taɖodzinu si nye be woazu ame tsitsi ɖotawo gbɔ wo dzilawo ƒe mɔfiafia manɔmee o. Biblia xlɔ̃ nu be: “Mlã ɖevi ɖe mɔ, si wòato la ŋu, ne eva tsi la, mate ɖa le edzi o.”—Lododowo 22:6.
Tɔtrɔ si vana tso ametenɔnɔ dzi ava zu ame tsitsi nɔɖokuisi menye nusi wowɔna gbeɖeka o. Ekema ɣekaɣie wòle be dzilawo nadze hehe nana wo viwo be woava nɔ wo ɖokui si gɔme? Apostolo Paulo ɖo ŋku edzi na ɖekakpui aɖe si ŋkɔe nye Timoteo be: “Tso ɖevime ke nènya ŋɔŋlɔ [kɔkɔe siwo ate ŋu] ana nunya wò hena agbexɔxɔ to xɔse, si le Kristo Yesu me la me.” (Timoteo II, 3:15) Bu eŋu kpɔ, Timoteo dada dze hehenanae gɔme tso esime wònye vidzĩ fẽ ko!
Ke ne gbɔgbɔmehehenana ate ŋu aɖe vi na vidzĩ kokoewo la, ɖe susu mele eme be woadze hehe si akplɔ ɖeviwo ayi tsitsimee la nana wo gɔme kaba alesi woate ŋui oa? Mɔ siwo nu woate ŋu afia wo le dometɔ ɖekae nye be woafia agbanɔamedzi tsɔtsɔ wo, be woawo ŋutɔ woawɔ woƒe nyametsotsowo.
Agbanɔamedzi Tsɔtsɔ Fiafia Ðeviwo
Aleke nàwɔ afia agbanɔamedzi tsɔtsɔ viwòwo? Srɔ̃tɔ siwo ŋkɔwoe nye Jack kple Nora ɖo ŋku edzi le wo vinyɔnu ŋu be: “Esi zɔzɔ memãe haɖe kura o la, esrɔ̃ alesi wòatsɔ afɔwui alo nu suesuewo ayi eƒe xɔdɔme mee ada wo ɖe aɖaka si me wonɔna me. Esrɔ̃ fefenuwo kple agbalẽwo hã dada ɖe wo nɔƒe.” Esiawo nye nu suesuewo tsɔtsɔ dze egɔmee, gake ɖevia nɔ nyametsotso siwo ƒe agba anɔ eya ŋutɔ dzi la wɔwɔ srɔ̃m.
Ne ɖevia le tsitsim la, ɖewohĩ woate ŋu ade dɔ siwo gasẽ vie wu asi nɛ. Eyata Abra kple Anita ɖe mɔ na wo vinyɔnu be eya ŋutɔ ƒe avu si wòmlã ɖe eɖokui ŋu nɔ esi. Ðevia si mee avua le eye eya ŋutɔ ɖea ga si wonae ƒe ɖe tsɔ kpea asi ɖe edzikpɔkpɔ ŋu. Ebia dzigbɔɖi be woafia ɖeviwo be woatsɔ woawo ŋutɔ ƒe agba. Gake enye nusi ŋu viɖe le eye wòkpena ɖe wo ŋu wotsina le seselelãme gome.
Aƒemedɔwo hã nye mɔnukpɔkpɔ bubu si me woafia agbanɔamedzi tsɔtsɔ ɖeviwo le. Dzila aɖewo ɖea wo viwo tso ƒomea ƒe dɔ ɖesiaɖe kloe me kple susu be fuɖename koe woanye ke menye kpekpeɖeŋu aɖeke na yewo o. Ame bubuwo gblɔna be ‘yewo viwo megakpe fu aɖeke abe alesi yewokpee le yewoƒe ɖevime ene o.’ Ebubu alea mesɔ o. Ŋɔŋlɔawo gblɔ be: “Ne ame wɔ vinugbee na eƒe kluvi tso ɖevime la, ava zu [akpemadala, NW] emegbe.” (Lododowo 29:21) Ðikeke aɖeke mele eŋu o be gɔmeɖose si le mawunyakpukpui sia me ku ɖe ɖeviwo ŋu. Nublanuinyae wònye be ɖevi natsi si manye “akpemadala” koe wòazu o ke manya aƒemedɔ bɔbɔetɔ kekeake hã wɔwɔ o.
Wodea dɔ asi na ɖeviwo le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me. Le kpɔɖeŋu me, esi ɖekakpuivi Yosef xɔ ƒe 17 ko la, ekpɔ gome le agbanɔamedzi si nye ƒomea ƒe lãhawo dzi kpɔkpɔ me. (Mose I, 37:2) Menye dɔ vie o, elabena fofoa ƒe lãhawo sɔ gbɔ. (Mose I, 32:13-15) Esi Yosef tsi zu kplɔla sẽŋu ta la, mesesẽ be míaxɔe ase be ɖevimehehe sia kpe ɖe eŋu ŋutɔ o. Wode ƒomea ƒe lãhawo dzi kpɔkpɔ asi na Dawid, amesi va zu Israel-fia, hã le eƒe ɖevime.—Samuel I, 16:11.
Nukae dzilawo ate ŋu asrɔ̃ tso eme egbea? Mide aƒemedɔ siwo asɔ na mia viwo la wo si. Vovokpɔkpɔ ɖe wo ŋu, agbagbadzedze, kple dzigbɔɖi ana miate ŋu afia nuŋututu, nuɖaɖa, beléle na aƒea me, xɔŋutidzadzraɖodɔwo kple ʋudzadzraɖo wo. Nyateƒee, ƒe si ɖevia xɔ kple ŋutete si le esi dzie akpa gãtɔ anɔ te ɖo ya. Gake ɖevi suewo ke hã ate ŋu ‘atsɔ dɔ na Papa ne ele ʋu dzram ɖo,’ alo ‘na Dada ne ele nu ɖam.’
Aƒemedɔwɔwɔ fiafia ɖeviwo bia hã be dzilawo nana woƒe nu vevi aɖe wo—woƒe ɣeyiɣi. Wobia gbe srɔ̃tɔ aɖewo siwo si vi eve le be aleke wowɔ te ŋu nyi wo viwo nyuie hã. Woɖo eŋu be: “Vovo, vovo, vovo kpɔkpɔ ɖe wo ŋue!”
Ame Ðɔɖɔɖo si me Lɔlɔ̃ Le
Ne ɖeviwo wɔ dɔ si wode wo si nyuie, alo wodze agbagba teti be yewoawɔe nyuie la, kafu wo vevie anukwaretɔe nàtsɔ ade dzi ƒo na woe! (Tsɔe sɔ kple Mateo 25:21.) Nyateƒee, ƒã hafi ɖeviwo wɔa dɔ wòsɔna kple ame tsitsi tɔ wɔwɔ. Eye ne woɖe mɔ na ɖeviwo be woawo ŋutɔ nawɔ woƒe nyametsotsowo la, zi geɖe woawɔ vodada. Gake kpɔ nyuie be màgakpɔ dziku ɖe wo ŋu wòagbɔ eme o! Wò amesi nye ame tsitsi hã, ɖe mèwɔa vodada oa? Ke nukatae màgbɔ dzi ɖi ne viwò wɔ vodada o? (Tsɔe sɔ kple Psalmo 103:13.) Kpɔ mɔ be woate ŋu awɔ vodadawo. Bui woƒe nusɔsrɔ̃ ƒe akpa aɖee.
Agbalẽŋlɔla siwo nye Michael Schulman kple Eva Mekler de dzesii be: “Ðevi siwo ŋu wowɔa nu ɖo le tufafa me mevɔ̃na be woahe to na yewo ne yewowɔ nane le yewo ɖokui si o.” Gake “dzila siwo ŋu nu medzena o alo esiwo ƒe nya dzi sẽ ƒe viwo vɔ̃na na nusianu kloe si woatso le wo ɖokui si awɔ la wɔwɔ, wovɔ̃na na esiwo nyo gɔ̃ hã wɔwɔ, elabena wole vɔvɔ̃m be yewo dzilawo ava akpɔ vodada le nusi yewowɔ ŋu anyra ɖe yewo alo ahe to na yewo.” Nya sia wɔ ɖeka kple Biblia ƒe nuxlɔ̃ame na dzilawo be: “Migado dziku na mia viwo, bene dzika nagatso wo ƒo o.” (Kolosetɔwo 3:21) Eyata ne ɖevi mete ŋu wɔ nu abe alesi nèdii ene o la, nukatae màkafui ɖe agbagba si wòdze ya teti ta o? De dzi ƒo nɛ be wòagadze agbagba wu ema ɣebubuɣi. Na wòanya be edzɔa dzi na wò ne ewɔ ŋgɔyiyi. Ka ɖe edzi nɛ be yelɔ̃e.
Gake ɖɔɖɔɖo hiãna ɣeaɖewoɣi. Esia adze le woƒe ƒewuiwo me koŋ, esime sɔhɛwo nɔa ʋiʋlim be yewoanye amesiwo ƒomevi yewodi be yewoazu, be woabu yewo ɖe alesi yewole nu. Eyata nunya le eme be dzilawo nase woƒe agbagbadzedze be yewoanɔ yewo ɖokui si gɔme na wo eye womegatsɔe be aglã dzem wole o.
Nyateƒee, ɖeviwo wɔa nu kpata eŋumabumabui alo ‘sɔhɛnyenye ƒe nudzodzrowo’ ɖua wo dzi. (Timoteo II, 2:22) Eyata ne womeɖo seƒe na ɖevi ƒe nuwɔna o la, agblẽ nu le eŋu le seselelãme gome; mate ŋu asrɔ̃ ɖokuidziɖuɖu kple ɖokuimamlã o. Biblia na míenya be: “Ðevi tsibodome dea ŋukpe mo na dadaa.” (Lododowo 29:15) Gake amehehe si sɔ si wona le lɔlɔ̃ me ɖea vi na vi eye wòdzranɛ ɖo ɖe tsitsimegbanɔamedziwo kple hloloetsotsowo ŋu. Biblia xlɔ̃ nu be: “Amesi vea nu le eƒe ameƒoti gbɔ la, léa fu via; ke amesi lɔ̃nɛ la, tsona ɖe tohehe ŋu bla.” (Lododowo 13:24) Gake ɖo ŋku edzi be tohehe ƒe taɖodzinu koŋ ye nye nufiafia kple mamlã—menye fufiafiame o. Anye lãkplɔlawo ƒe atizɔti si wotsɔna fiaa mɔ woƒe lãwoe “ameƒoti” si wozã le afisia fia. (Psalmo 23:4) Kpɔkplɔ si me lɔlɔ̃ le ƒe kpɔɖeŋue wònye—menye fufiafiame tagbɔsesẽtɔe o.
Wo Hehe ɖe Agbenɔnɔ Ŋu
Dzilawo ƒe mɔfiafia hiã vevietɔ le ɖevia ƒe sukudenyawo me. Tsɔ ɖe le viwò ƒe sukudede me. Kpe ɖe eŋu be wòatia suku nusɔsrɔ̃ siwo sɔ eye be wòawɔ nyametsotso si ƒe agba wòate ŋu atsɔ ku ɖe suku si wòagade akpee ne ahiã alo mahiã o ŋu.a
Gake hehenana si nye vevitɔ si ƒo ɖesiaɖe tae nye gbɔgbɔmehehenana. (Yesaya 54:13) Ðeviwo ahiã mawusosroɖa ƒe dzidzenuwo be woatsɔ anɔ agbee ne wotsi. Ele be woana hehe woƒe ‘sidzedze ŋutetewo.’ (Hebritɔwo 5:14) Dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo ŋu geɖe le esia me. Wode dzi ƒo na Yehowa Ðasefowo ƒe ƒomewo be woasrɔ̃ Biblia kple wo viwo edziedzi. Le Timoteo dada si fia Ŋɔŋlɔawoe tso eƒe vidzĩme ƒe kpɔɖeŋu sɔsrɔ̃ me la, dzila siwo nye Ðasefowo hã fiaa nu wo vi fẽwo nenema ke.
Dzilaɖekɛ aɖe si ŋkɔe nye Barbara wɔe be ƒomea ƒe Biblia nusɔsrɔ̃ nye nusi vivina na viawo ale gbegbe. “Fiẽ ma la, mekpɔa egbɔ be meɖa nu nyui aɖe na ɖeviawo, numeɖenu siwo dzɔa dzi na wo kpe ɖe eŋu. Meƒoa Kingdom Melodies (Fiaɖuƒehawo) ƒe kasɛtwo be woadzra wo ɖo le susu me ɖe eŋu. Ke le gbedodoɖa vɔ megbe la, míelɔ̃a Gbetakpɔxɔ sɔsrɔ̃. Gake ne hiahiã tɔxɛ aɖe li la, mete ŋu zãa agbalẽwo abe Questions Young People Ask—Answers That Work” ene.b Barbara gblɔ be Biblia sɔsrɔ̃ kpena ɖe ye viwo ŋu be “Yehowa ƒe nukpɔsusu le nuwo ŋu nɔa wo si.”
Nyateƒee, naneke megali si xɔ asi wu Mawu ƒe Nya Biblia la me sidzedze kple gɔmesese nana vi o. Ate ŋu ana “gegemewo nadze nunya, eye ɖekakpuiwo nadze si nu, eye woabu tame.” (Lododowo 1:4) Ne wodzra ɖevi ɖo nenema la, enyaa alesi wòakpe akɔ kple nyaƒoɖeamenu kpakple kuxi yeyewoe ne eva tsi.
Ke hã la, ɖeviwo ƒe dzodzo nyea tɔtrɔ gã aɖe le dzila akpa gãtɔ ƒe agbenɔnɔ me. Wodzro alesi woawɔ anɔ aƒe si me ɖeviwo megale o me dzidzedzetɔe la me le míaƒe nyati si kplɔe ɖo me.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Kpɔ nyati siwo nye “Dzilawo—Wode Sukudɔ si Woawɔ le Aƒeme Asi na Miawo Hã” le September 8, 1988, ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! me.
b Watch Tower Bible and Tract Society of New York Inc. ye tae.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 22]
“Dzila siwo ŋu nu medzena o alo esiwo ƒe nya dzi sẽ ƒe viwo vɔ̃na na nusianu kloe si woatso le wo ɖokui si awɔ la wɔwɔ, wovɔ̃na na esiwo nyo gɔ̃ hã wɔwɔ, elabena wole vɔvɔ̃m be yewo dzilawo ava akpɔ vodada le nusi yewowɔ ŋu anyra ɖe yewo alo ahe to na yewo.”—Bringing Up a Moral Child (Vi Nyui Nyinyi), si Michael Schulman kple Eva Mekler ŋlɔ
[Aɖaka si le axa 22]
Dzilaɖekɛwo—Nu Sesẽ si Asiɖeɖe Le Vi Ŋu Nyena na Wo
Dzilaɖekɛ aɖe si ŋkɔe nye Rebecca gblɔ be: “Enye nu sesẽ ŋutɔ na dzilaɖekɛwo be woaɖe asi le wo viwo ŋu woadzo le wo gbɔ. Ne míekpɔ nyuie o la, míava nɔ wo ŋu dzɔm akpa eye míagblẽ wo.” Agbalẽ si nye Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsonac ƒe axa 106-7 gblɔ nya siawo siwo akpe ɖe ame ŋu:
“Esɔ le dzɔdzɔme nu be dzila ɖekɛwo kple wo viwo dome nanɔ kplikplikpli, gake ele be woakpɔ nyuie be seɖoƒe siwo Mawu ɖo be wòanɔ dzilawo kple ɖeviwo dome la me nagagblẽ o. Le kpɔɖeŋu me, kuxi sesẽwo ate ŋu ava ne vinɔ dzila ɖekɛ kpɔa viaŋutsu sinu be wòatsɔ ƒomea ƒe ta ƒe agbanɔamedziwo alo ne vianyɔnu va zu amesi wòtoa eƒe nyawo na, eye wòtsɔa eƒe nya ɣaɣlawo doa agba nɛ. Mesɔ be wòawɔ alea o, ate ɖe ɖevia dzi, eye ɖewohĩ wòana wòatɔtɔ.
“Ka ɖe edzi na viwòwo be ye si nye wo dzilae akpɔ wo dzi—menye woawoe akpɔ ye dzi o. (Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo II, 12:14.) Ɣeaɖewoɣi la, àhiã aɖaŋuɖoɖo alo kpekpeɖeŋu. Dii le Kristotɔ hamemegãwo alo ɖewohĩ Kristotɔ nyɔnu tsitsiwo gbɔ, menye tso viwò matsimatsiawo gbɔ o.—Tito 2:3.”
Ne dzilaɖekɛwo ɖo seɖoƒe nyuiwo ɖi eye wona ƒomedodo si sɔ le wo kple wo viwo dome la, zi geɖe la, asiɖeɖe le wo ŋu be woadzo nɔa bɔbɔe na wo wu.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
c Watch Tower Bible and Tract Society of New York Inc. ye tae.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 23]
Dɔwɔwɔ fiafia ɖeviwo ate ŋu akpe ɖe wo ŋu be woava zu ame tsitsi ɖotawo
[Nɔnɔmetata siwo le axa 24]
Ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ ate ŋu akpe ɖe ɖeviwo ŋu be nunya si hiã be woatsɔ akpe akɔ kple tsitsimekuxiwo nasu wo si