Veve si Asiɖeɖe Le Vi Ŋu Nyena
“Srɔ̃nye gblɔe nam gbesigbe míedzi mía vi gbãtɔ be—‘Nye lɔlɔ̃tɔ, ɖeviwo nyinyi nye asiɖeɖe le wo ŋu vivivii ƒe dɔ si teƒe didina.’”—Ourselves and Our Children—A Book by and for Parents Mía Ŋutɔwo Kple Mía Viwo—Agbalẽ si Dzilawo Ŋlɔ Hena Dzilawo)
ENYEA dzidzɔ—kple aseyetsotso gɔ̃ hã—na dzila akpa gãtɔ ne wodzi wo vi gbãtɔ. Togbɔ be fuɖename, nyaʋiʋli, fukpekpe, kple dziɖeleameƒonu geɖe le vinyinyi me hã la, ɖeviwo ate ŋu ana woakpɔ dzidzɔ gã aɖe. Anye ƒe akpe etɔ̃ kloe enye sia la, Biblia gblɔ be: “Ŋutsuviwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ, eye fufɔfɔ enye fetu.”—Psalmo 127:3.
Gake Biblia gagblɔ nya sia si bia ŋugbledede hã ɖi be: “Ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi.” (Mose I, 2:24) Ðevi siwo tsi la dzona le aƒeme le susu vovovowo ta—woyina sukudeƒe alo dɔwɔƒe, alo be woakeke woƒe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu, alo be woaɖe srɔ̃. Gake nudzɔdzɔ sia nyea vevesese si wua tsɔtsɔ na dzila aɖewo. Wonaa wo viwo ƒe agbagbadzedze si le dzɔdzɔme nu be yewoanɔ yewo ɖokui si wɔna na wo—abe alesi agbalẽŋlɔla aɖe gblɔe ene—be “woase le wo ɖokui me be wodzu yewo, wodo vlo yewo, wodo ŋukpe yewo, wodo ŋɔdzi na yewo alo wogbe yewo.” Zi geɖe esia zua ƒomedzre kple masɔmasɔ siwo nu metsona o. Esi dzila aɖewo medina be yewoalɔ̃ ɖe edzi be yewo viwo gbɔna dzodzo ge le aƒea me gbeɖeka o ta la, womedzraa wo ɖo ɖe woƒe tsitsime ŋu o. Nu dziŋɔwo ate ŋu atso eme ne womedze agbagba dzra wo ɖo o: wotsina zua amesiwo menya aƒedzikpɔkpɔ, ƒomedzikpɔkpɔ, alo fɔléle ɖe dɔ ŋu awɔ o.
Dzilaɖekaƒomewo me koŋ ye kaklã anye nya sesẽ le wu. Dzilaɖekɛ aɖe si ŋkɔe nye Karen gblɔ be: “Mía kple vinyenyɔnu dome le kplikplikpli ŋutɔ; xɔlɔ̃wɔwɔ blibo le mía dome. Afisiafi si meyina la, mekplɔnɛ ɖe asi.” Ebɔ ɖe dzilaɖekaƒomewo me be dzilawo kple wo viwo dome nɔa kplikplikpli. Eme kɔ be anye vevesese blibo ne èbu alesi ƒomedodo kplikplikpli ma nu ayii ŋu.
Gake agbalẽ si nye Traits of a Healthy Family (Ƒome si me Dzidzɔ Le ƒe Nɔnɔmewo) ɖo ŋku nu dzi na dzilawo be: “Alea koe nye ƒomegbenɔnɔ: vidzĩ si hiã kpekpeɖeŋu nyinyi be wòava zu ame tsitsi nɔɖokuisi.” Ke exlɔ̃ nu be: “Esi dzilawo mete ŋu ɖea asi le wo viwo ŋu be woadzo o gbɔe ƒomekuxi geɖe tsona.”
Ke wò hã ɖe? Dzilae nènyea? Ne eyae nènye la, ke èdzra ɖo ɖe gbesigbe nàɖe asi le viwòwo ŋu be woadzo ŋua? Eye viwòwo hã ɖe? Èle wo dzram ɖo be woanɔ wo ɖokui sia?