Aƒe si me Ðeviwo Dzo le me Nɔnɔ Dzidzɔtɔe
VINƆ aɖe gblɔ be, “eɖanye aleke ke míedzra ɖoe o, mía dometɔ geɖe míeɖia vo ne míeva klã mlɔeba.” Nyateƒee, togbɔ be ele kokoko be ɖevi nadzo hã la, ne edzɔ ŋutɔŋutɔ la, tenɔnɔ ɖe enu menɔa bɔbɔe nenema o. Vifofo aɖe gblɔ alesi eya ŋutɔ wɔ esime wòdo hedenyuie na viaŋutsu be: “Eyae nye zi gbãtɔ le nye agbe me . . . , Mefa avi kakaka.”
Le dzila geɖe gome la, ne wo viwo dzo la, enaa teƒe aɖe tsia ƒuƒlu le woƒe agbe me—enyea abi gã aɖe si wode lãme na wo. Esi dzila aɖewo megakpɔa wo viwo gbesiagbe o ta la, wosea akogotsitsi, veve, kple wo via ƒe anyimanɔmanɔ ƒe tete ɖe wo dzi vevie. Eye ɖewohĩ manye dzilawo koe tɔtrɔ sia anɔ sesẽm na o. Srɔ̃tɔ siwo ƒe ŋkɔwoe nye Edward kple Avril ɖo ŋku edzi na mí be: “Ne ɖevi bubuwo susɔ ɖe aƒea me la, woawo hã anɔ veve sem le amesiwo dzo ta.” Aɖaŋu kae srɔ̃tɔ siawo ɖo? “Kpɔ vovo ɖe wo ŋu eye nàse nu gɔme na wo. Esia akpe ɖe wo ŋu be woatrɔ ɖe nɔnɔmea ŋu.”
Ẽ, agbea gale edzi yim kokoko. Ne èdi be yeakpɔ ye vi susɔeawo—kple yeƒe dɔwɔɖui kpakple aƒemedɔwo—gbɔ la, ke màte ŋu aɖe mɔ nuxaxa naxɔ wò dzi me o. Eyata mina míakpɔ mɔ siwo dzi nàto be dzi nàdzɔ wò ne viwòwo ʋu dzo la ƒe ɖewo ɖa.
Wò Susu Nenɔ Nu Tuameɖowo Dzi
Ne èlé blanui alo tsi akogo eye wòhiã be nàfa avi alo agblɔ wò seselelãmewo na xɔlɔ̃ aɖe si sea veve ɖe ame ti la, wɔ nusiawo faa. Biblia gblɔ be: “Nuxaxa le dzi me tea ame ɖe anyi; ke xɔlɔ̃nya doa dzidzɔ na ame.” (Lododowo 12:25) Ɣeaɖewoɣi ame bubuwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàbu nuwo ŋu le mɔ bubu nu. Le kpɔɖeŋu me, srɔ̃tɔ siwo ŋkɔwoe nye Waldemar kple Marianne ɖo aɖaŋu be: “Mègabu nya la be nue bu na ye o, bui boŋ be enye taɖodzinu si gbɔ yete ŋu ɖo dzidzedzetɔe.” Nuwo ŋu bubu mɔnu tuameɖo kae nye si! Srɔ̃tɔ siwo nye Rudolf kple Hilde gblɔ be: “Enye dzidzɔ na mí be míete ŋu he mía viŋutsuviawo wozu ame tsitsi ɖotawo.”
Ðe nèdze agbagba be yeanyi ye vi ‘le Yehowa ƒe amehehe kple nuxɔxlɔ̃ mea’? (Efesotɔwo 6:4) Ne èdze agbagba sia hã la, àgatsi dzi ɖe eƒe dzodzo ŋu kokoko. Gake Biblia ka ɖe edzi na amesiwo nyi wo vi nenema be “ne eva tsi la, mate ɖa le edzi o.” (Lododowo 22:6) Ðe menye dzidzeme gã aɖe be nàkpɔ be ye vi wɔ ɖe hehe si yenae dzi oa? Apostolo Yohanes gblɔ le eƒe ƒome gbɔgbɔ me tɔ ŋu be: ‘Naneke megadzɔ dzi nam wu nusiawo o be, mase be vinyewo le zɔzɔm le nyateƒe la me.’ (Yohanes III, 4) Ðewohĩ wò hã àse le ɖokuiwò me nenema ɖe wò ŋutɔ viwò ŋu.
Nyateƒee, menye ɖeviwo katãe nɔa agbe ɖe Kristotɔwo ƒe hehe si wona wo nu o. Ne edzɔ alea le viwò si zu ame tsitsi gome la, mefia be wò dzilae do kpo nu o. Mègabu fɔ ɖokuiwò dzodzro ne èwɔ wò ŋutete ɖesiaɖe le ehehe ɖe mawusosroɖamɔ nu me o. Ðo ŋku edzi be esi viwòa zu ame tsitsi la, atsɔ eya ŋutɔ ƒe agba si le edzi le Mawu gbɔ. (Galatiatɔwo 6:5) Nɔ mɔkpɔkpɔ me be ɖewohĩ ava bu tiatia siwo wòwɔ ŋu eye be “aŋutrɔ” la ayi afisi wodzidzee ɖo la mlɔeba.—Psalmo 127:4.
Dzila Koe Nèganye!
Togbɔ be viwò ƒe dzodzoa ana be nuwo natrɔ ŋutɔ hã la, mefia be dɔ si wò dzila nèwɔna la tɔ ɖe afima o. Susuŋutinunyala Howard Halpern gblɔ be: “Wòe nye edzila vaseɖe gbesigbe nàku, gake ele be nunanae kple enyinyi nato mɔ bubu nu.”
Biblia lɔ̃ ɖe edzi tso blema ke be dzilanyenye metɔa te le esi ɖevi tsi ta ko o. Lododowo 23:22 gblɔ be: “Ðo to fofowò, si dzi wò, eye megado vlo dawò, ne eku nyagã o.” Ẽ, ne dzilawo ku ‘tɔgbui kple mama’ eye wo viwo zu ame tsitsiwo la, dzilawo agate ŋu akpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe wo viwo ƒe agbenɔnɔ dzi. Ele eme be ehiã be woawɔ tɔtrɔ aɖewo ya. Gake ɣeaɖewoɣi ele be woatrɔ asi le ƒomedodoa katã ŋu be wòazu nu yeye kple nusi naa dzidzeme. Eyata fifia si viwòwo tsi la, dze agbagba mia kple wo dome ƒomedodo nanɔ abe ame tsitsiwo dome tɔ ene. Dzidzɔtɔe la, numekukuwo fia be dzilawo kple wo viwo dome ƒomedodo nyona ɖe edzi ne ɖeviawo dzo le aƒea me! Ne ɖeviwo do go xexeame ƒe kuxiwo ŋkume kple ŋkumee la, wotsɔa nukpɔsusu yeye kpɔa wo dzilawoe. Germany-ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Hartmut gblɔ be: “Fifia mesea nu me na dzinyelawo nyuie wu eye menya nusita wowɔ nanewo ɖe mɔ aɖe nu.”
Mègado Gaglãsu Ðe Woƒe Nya Me O
Gake ate ŋu agblẽ nu geɖe ne èva le nu dem viwò si zu ame tsitsi ƒe nya siwo metsɔ gbɔwò o me. (Tsɔe sɔ kple Timoteo I, 5:13.) Srɔ̃nyɔnu aɖe si wo kple toa kple lɔ̃xoawo dome masɔmasɔ gãwo ɖo la fa konyi be: “Míelɔ̃ wo, gake ɖeko míedi be míanɔ agbe alesi míedii eye míawɔ mía ŋutɔwo míaƒe nyametsotsowo.” Ele eme be dzila si lɔ̃a via aɖeke maɖo asi glã anɔ nu kpɔm ne via tsitsi yina gege ge ɖe afɔku me ya o. Gake zi geɖe la, nu nyuitɔe nye be wò dzila màgaɖo aɖaŋu si womebia tso asiwò o, eɖanye aleke gbegbe nunya le emee alo susu nyui ka gbegbe tae nèle eɖom o. Nya sia hiã vevietɔ le ɖevia ƒe srɔ̃ɖeɖe vɔ megbe.
Nyɔ! ɖo aɖaŋu sia le ƒe 1983 me ke be: “Lɔ̃ ɖe wò wɔƒe si trɔ la dzi. Èɖe asi le wò dɔ si nye nudonavila ŋu esime viwò vidzĩa dze zɔzɔ gɔme. Nenema ke fifia èɖe asi le wò dɔdasi si nye vidzikpɔla si ŋu nèdoa vivi ɖo la ŋu va zu aɖaŋuɖola. Màgate ŋu atso nya me na viwò le afisi wòɖo le agbe me fifia o abe alesi màgate ŋu able enu be wòayi nugodo alo ana noe o ene. Esi nèzu aɖaŋuɖola la, liƒo aɖewo li siwo ŋu mele be nàgbɔ o. Màgate ŋu azã wò dzilanyenye ƒe ŋusẽ (‘Nyee le egblɔm be nàwɔe ale’) azɔ o. Ele be nàde bubu viwò ƒe tsitsinɔƒe si wòɖo ŋu.”a
Ðewohĩ màlɔ̃ ɖe nyametsotso siwo katã viwò kple srɔ̃a awɔ dzi o. Gake bubudede srɔ̃ɖeɖe ƒe nu kɔkɔe nyenye ŋu akpe ɖe ŋuwò be nànya afisi nàtsɔ ɖe le eme na wo ase be màde nu nya siwo metsɔ gbɔwò o me o. Nyateƒeae nye be, enyo wu be nàɖe asi le srɔ̃tɔ yeyeawo ŋu woawo ŋutɔ woakpɔ woƒe kuxiwo gbɔ le woawo ŋutɔ ɖeɖe dome. Ne menye nenema o, àva gblɔ nane si ana towòyɔvi alo lɔ̃xowòyɔvi natsi tre ɖe ŋuwò dzodzro le aɖaŋu si womebia o ɖoɖo nɛ le ɣeyiɣi aɖe si me mele ta kpɔm na eƒe srɔ̃ɖeɖea o, si me wòado dziku ne wohe nya ɖe eŋu la me. Nyɔ! me nyati si míeyɔ va yi gaɖo aɖaŋu be: “Tsi dzodzro si nye be nànɔ aɖaŋu gbogbo si womebia o, si ate ŋu ana to alo lɔ̃xo yɔvi nàzu futɔ na wò ɖoɖo nu.” Nye kpeɖeŋutɔ na wo—menye nuɖonawola o. Ne èna mia kple wo dome le nyuie la, ana wòanɔ bɔbɔe na viwò be wòate ɖe ŋuwò na aɖaŋuɖoɖo xɔxɔ le ɣeyiɣi si me wòahiã nɛ ŋutɔŋutɔ.
Mido Ŋusẽ Yeye Mia Dome Srɔ̃ɖekadodowo
Aƒe si me ɖeviwo megale o ate ŋu aʋu mɔnukpɔkpɔ na srɔ̃tɔ geɖe be woadzi woƒe srɔ̃ɖeɖe me dzidzɔkpɔkpɔ ɖe edzi. Ɣeyiɣi kple agbagbadzedze si vinyinyi nyui biana ate ŋu axɔ srɔ̃tɔwo ƒe ŋutete ale gbegbe be womagakpɔ vovo ɖe woawo ŋutɔ dome ƒomedodoa ŋu o. Srɔ̃nyɔnu aɖe gblɔ be: “Fifia si ɖeviawo dzo la, mía kple Konrad míele agbagba dzem be míaganya mía nɔewo nyuie ake.”
Esi gbesiagbe ƒe vinyinyigbanɔamedziawo do ɖa le mia dzi la, ɖewohĩ fifia miakpɔ vovo ɖe mia nɔewo ŋu wu. Dzila aɖe gblɔ be: “Vovo si míeva kpɔ fifia . . . na míete ŋu léa ŋku ɖe amesiwo míenye ŋu, be míada susu ɖe mía dome ƒomedodowo dzi wu, eye be míava nɔ dɔ siwo akpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔ wɔm wu.” Nyɔnu sia gblɔ kpee be: “Enye nu yeye srɔ̃ɣi kple tsitsiɣi si dzi manya axɔ ase na wò o, eye togbɔ be ɣeyiɣi siawo anye tɔtɔɣeyiɣiwo hã la, wonye dzidzɔɣeyiɣiwo hã.”
Ganyawo ƒe ablɔɖe si lolo wu sua srɔ̃tɔ aɖewo hã si. Woate ŋu awɔ modzakaɖedɔ kple asinudɔ siwo dzi woɖo asii tsã la azɔ. Le Yehowa Ðasefowo dome la, srɔ̃tɔ geɖe zãa ablɔɖe si va su wo si tsɔ wɔa gbɔgbɔmedɔwoe. Vifofo aɖe si ŋkɔe nye Hermann ɖe nu me be esi ɖeviawo dzo le yewo gbɔ la, ye kple ye srɔ̃ yewotrɔ susu ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ ŋu enumake gadze egɔme.
Dzilaɖekɛwo ƒe Asiɖeɖe Le Vi Ŋu
Nɔnɔme tɔtrɔ ɖe aƒe si me ɖeviwo megale o ŋu ate ŋu anye nu sesẽ ŋutɔ na dzilaɖekɛwo koŋ. Rebecca, vinɔ ɖekɛ si si vi eve le, ɖe nu me be: “Ne mía viwo dzo la, srɔ̃ mele mía si si ado evelia na mí alɔ̃ mí o.” Dzilaɖekɛ akpɔe be ye viwo nye amesiwo dea dzi ƒo na ye. Eye ne woawo hã naa ga le aƒea me ƒe ganyawo me la, woƒe dzodzoa ahe gakuxiwo vɛ.
Ðewo dzea agbagba srɔ̃a dɔ alo wodea suku siwo dede mexɔa ɣeyiɣi didi o tsɔ trɔa asi le woƒe ganyawo ƒe nyonyo ŋui. Gake aleke woawɔ le akogotsitsi ya ŋu? Vinɔ ɖekɛ aɖe gblɔ be: “Nusi mewɔna wòdea dzinyee nye be menɔa nane wɔwɔ dzi. Ate ŋu anye Biblia xexlẽ, nye aƒeme dzadzraɖo, alo zɔzɔ sesĩe alo duƒuƒu. Gake nusi kpena ɖe ŋunye wu be meɖua akogotsitsi dzie nye nuƒoƒo na xɔ̃nye gbɔgbɔmetɔ aɖe.” Ẽ, ‘keke ɖokuiwò ɖe enu,’ eye nàdze xɔ̃ nyui yeyewo. (Korintotɔwo II, 6:13) ‘Nɔ kukuɖeɖe kple gbedodoɖa dzi’ ne ewɔ na wò be nu le glowòm. (Timoteo I, 5:5) Ka ɖe edzi be Yehowa ado ŋusẽ wò eye wòalé wo ɖe te nàto tɔtrɔɣi sesẽ sia me.
Asiɖeɖe Le Wo Ŋu le Dzidzɔ Me
Eɖanye nɔnɔme ka mee nèle o, nyae be viwòwo ƒe ʋuʋu dzo menye agbe ƒe seƒe o. Metso vi kple dzila dome ƒomedodoa hã me o. Ŋusẽ gã aɖe le lɔlɔ̃ akuakua si ŋu woƒo nu le le Biblia me ŋu be wòate amewo aƒo ƒu ɖekae, ne wole adzɔge ʋĩ tso wo nɔewo gbɔ hã. Apostolo Paulo ɖo ŋku edzi na mí be lɔlɔ̃ “[doa dzi] le nuwo katã me. Lɔlɔ̃ la nu metsina gbeɖe o.” (Korintotɔwo I, 13:7, 8) Ðokuitɔmadimadilɔlɔ̃ si miesrɔ̃ le miaƒe ƒomea me nu matsi le viwòwo ƒe ʋuʋu dzo ta o.
Enyo be míade dzesii be ne ɖeviawo va dze gododo kaklã ƒe vevesese kple aƒeme ƒe amedzodzro alo ne ganyawo va dze fuɖeɖe na wo gɔme la, woawoe nyea ame gbãtɔ gaɖoa ŋku wo dzilawo dzi. Hans kple Ingrid ɖo aɖaŋu be: “Na ɖeviawo nanya be woate ŋu ava gbɔwò faa.” Wo sasrãkpɔ, lɛta ŋɔŋlɔ na wo edziedzi, alo kaƒoƒo na wo ɣeaɖewoɣi ana nànɔ wo ŋkɔ sem. Jack kple Nora gblɔ be “tsɔ ɖe le nusi wɔm wole me gake mègake ŋku ɖe woƒe nyawo me o.”
Ne ɖeviwo ʋu dzo la, wò agbenɔnɔ hã atrɔ. Gake agbenɔnɔ le aƒe si me ɖeviwo megale o me ate ŋu anye esi me nàkpɔ nu geɖe si me vivisese kple dzidzɔ le awɔ. Hekpe ɖe eŋu la, mia kple viwòwo dome ƒomedodo hã atrɔ. Ke hã ate ŋu anye ƒomedodo si me dzidzɔ kple vivisese le. Nufialagã siwo nye Geoffrey Leigh kple Gary Peterson gblɔ be: “Ðokuisinɔnɔ xɔxɔ tso dzilawo gbɔ mefia dzilawo malɔ̃malɔ̃, nuteƒemawɔmawɔ na wo, alo wo mabumabu o. . . . Le nyateƒe me, zi geɖe la, ƒomekadodo sẽŋuwo nɔa anyi le amewo ƒe agbenɔɣi katã me.” Nyateƒee, màdzudzɔ viwòwo lɔlɔ̃ akpɔ o, eye màdzudzɔ wo dzila hã nyenye akpɔ o. Eye esi nèlɔ̃ viwòwo ale gbegbe be nèɖe asi le wo ŋu be woadzo la, le nyateƒe me, menye ɖe woge le asiwò o.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Kpɔ nyati si nye “Wò Dzilanyenye Nu Mayi Akpɔ O,” le February 8, 1983, ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! me.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 28]
“Eyae nye zi gbãtɔ le nye agbe me . . . , Mefa avi kakaka.”
[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 26]
Aɖaŋuɖoɖo na Vi Tsitsiwo—Mikpe Ðe Mia Dzilawo Ŋu be Woagaxa Miaƒe Nu O
Ʋuʋu nya xɔna na ame wu ame gbegblẽ ɖi. Eyata esi wò ɖokuisinɔnɔ kple tsitsi le dzi dzɔm na wò la, wɔ nu ɖe dziwòlawo ŋu le dɔmenyonyo kple nugɔmesese me ne ele sesẽm na wo be woatrɔ ɖe nɔnɔmea ŋu. Ka ɖe edzi na wo be yegalɔ̃ wo kokoko hesea veve ɖe wo nu. Lɛta kpui aɖe, nunana aɖe si womele mɔ kpɔm na o ɖoɖoɖa, alo kaƒoƒo vividodoɖeameŋutɔe ate ŋu akpe ɖe dzila si lé blanui ŋu ŋutɔ! Gblɔ wò agbemenudzɔdzɔ veviwo na wo. Esia naa wonyana be ŋusẽ gale ƒomedodoawo ŋu kokoko.
Ne èva le ŋgɔ dzem tsitsimekuxiwo la, anɔ eme godoo be àva nya nusiwo me dziwòlawo to le dziwò kpɔkpɔ me nyuie fifia wu tsã. Ðewohĩ esia aʋã wò nàgblɔ na dziwòlawo be: “Meda akpe na mi ɖe nu gbogbo siwo miewɔ nam ta!”