Sɔhɛwo Biana Be . . .
Ne Dzinyelawo Tsi Tre Ðe Nye Srɔ̃ɖeɖe Ŋu Ðe?
Lakesha kple eƒe ŋugbetɔ le wo nɔewo ɖeɖe ŋu bum, gake dadaa melɔ̃ ɖe edzi o. Lakesha gblɔ be: “Maxɔ ƒe 19 le ƒe sia me, gake danye le gbɔgblɔm kokoko be míalala ne maxɔ ƒe 21 gbɔ hafi.”
NE ÈLE ɖoɖo wɔm be yeaɖe srɔ̃ la, esɔ be nàdi be wòado dzidzɔ na ye dzilawo. Ate ŋu anye vevesese ŋutɔ ne dziwòlawo melɔ̃ ɖe amesi nètia be yeaɖe dzi o. Nukae nàwɔ? Ðe nàdo toku woƒe nudidia, ayi edzi awɔ wò srɔ̃ɖeɖoɖoa?a
Ewɔwɔ adzro wò vevie ne ètsi ɖo afisi se ɖe mɔ be nàte ŋu aɖe srɔ̃ ne dziwòlawo gbe hã. Ke hã Biblia meɖo ƒexɔxɔ aɖeke ɖi be nàɖo to dziwòlawo ahade bubu wo ŋu ase ɖo o. (Lododowo 1:8) Eye ne èdo toku woƒe seselelãmewo la, ate ŋu agblẽ mia kple wo dome tegbee. Gakpe ɖe eŋu la, ate ŋu anye be susu nyui aɖewo tae dziwòlawo le tsitre tsim ɖe wò srɔ̃ɖeɖea ŋu ɖo—eye ɖewohĩ nyateƒee hã.
Ƒe Nenie Woaxɔ Hafi Aɖe Srɔ̃?
Le kpɔɖeŋu me, ɖe dziwòlawo gblɔ na wò be mètsi aɖe srɔ̃ oa? Biblia megblɔ afisi woatsi aɖo hafi aɖe srɔ̃ o. Gake ekafui be hafi woaɖe srɔ̃ la, ele be woatsi ‘ato sɔhɛnyenye ƒe dzodzro sesẽ me’—ƒe siwo kplɔa gege ɖe ɖekakpui alo ɖetugbi me ɖo siwo me gbɔdɔdɔ ƒe nudzodzrowo nu sẽna le. (Korintotɔwo I, 7:36) Nukatae? Elabena azɔ ko hafi sɔhɛ mawo le tsitsim le woƒe seselelãme, ɖokuidziɖuɖu, kple gbɔgbɔmenɔnɔme siwo hiã hena srɔ̃ɖeɖe ƒe dzidzedzekpɔkpɔ la me.—Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo I, 13:11; Galatiatɔwo 5:22, 23.
Esi Dale si xɔ ƒe 20 di be yeaɖe srɔ̃ la, dzi ɖe le eƒo esi edzilawo meda asi ɖe edzi o. Egblɔ be: “Wobe nyemetsi o eye nuteƒekpɔkpɔ mesu asinye haɖe o.” Mesusui be míesu te eye ne míeɖe srɔ̃ vɔ hã míagate ŋu anɔ nu srɔ̃m kpee, gake dzinyelawo di be yewoaka ɖe edzi be menye míaƒe seselelãme ko nue míele nu wɔm ɖo o. Wobia nya geɖem. Ðe mesu te na gbesiagbe nyametsotsowo wɔwɔ, ate ŋu akpɔ ganyawo, ƒomea ƒe ŋutilã me, seselelãme, kple gbɔgbɔ me nuhiahiãwo gbɔa? Ðe mesu te azu dzilaa? Ðe mesrɔ̃ alesi woɖoa dzee ŋutɔŋutɔa? Ðe mese srɔ̃nye ƒe nuhiahiãwo gɔme tututua?’ Wobui be ele be manya ɖokuinye nyuie abe ame tsitsi ene hafi ate ŋu anɔ ame tsitsi bubu dzi kpɔm.
“Togbɔ be míedi be míalala o hã, míehe míaƒe srɔ̃ɖeɖea ɖe megbe be míatsi vie. Esi míeva ɖe srɔ̃ mlɔeba la, míekpɔe be míege ɖe srɔ̃ɖeɖe si gɔme woɖo anyi nyuie wu me eye anya awɔ na mí be míakpe ɖe mía nɔewo ŋu wu.”
Ne Subɔsubɔ ƒe Vovototo Ŋue Nya la Ku Ðo
Esi ŋutsu si ƒe dzixɔse mesɔ kple Terri tɔ si wòtia o ƒe nu va nɔ dzi lém nɛ la, enɔ zɔzɔm kplii le adzame. Esi wogblɔ ɖoɖo si wowɔ be yewoaɖe yewo nɔewo la, Terri tɔtɔ esi wòkpɔe be ye dada melɔ̃ ɖe srɔ̃ɖeɖea dzi o. Terri fa konyi be: “Nyemedi be danye nawɔ nu ɖe ŋunye alea o. Medi be ƒomedodo si nɔa vi kple dada dome la naganɔ mía dome.”
Gake ameka tututue le mɔ xem na ƒomedodo ma? Ðe Terri dada nɔ fu ɖem nɛ alo menɔ nu gɔme sem nɛ oa? Ao, Biblia ƒe aɖaŋu si wòɖo na Kristotɔwo be woaɖe srɔ̃ le ‘Aƒetɔ la me ko’ dzi wɔm wònɔ. (Korintotɔwo I, 7:39) Le nyateƒe me la, Biblia de se be: “Migazu amesiwo atsɔ kɔkuti tutɔ na dzimaxɔsetɔwo ti o!” (Korintotɔwo II, 6:14, 15) Nukatae?
Nusiwo tae dometɔ ɖekae nye be ɖekawɔwɔ le subɔsubɔ me wɔa akpa vevi aɖe le srɔ̃ɖeɖe si me dzidzɔkpɔkpɔ kple dzidzedzekpɔkpɔ le me. Eŋutinunyalawo gblɔ be zi geɖe la, xaxa kple nuteɖeamedzi siwo nɔa xɔsetsakatsaka srɔ̃ɖeɖewo me hea srɔ̃gbegbe vɛ. Ke hã nu vevi bubu si ŋu míatsi dzi ɖo wue nye be ate ŋu adzɔ be woazi ame dzi wòawɔ nusi tsi tre ɖe ame ƒe subɔsubɔdzixɔsewo ŋu—alo agbe nu le egbɔ kura. Ne srɔ̃wò dzimaxɔsetɔ mexe mɔ ɖe wò subɔsubɔ nu o hã la, alesi mia kplii ƒe dzixɔse detowo mawɔ ɖeka o anye nuxaxa na wò godoo. Ðe esia nye mɔ si dzi woato akpɔ dzidzɔ le srɔ̃ɖeɖe mea?
Esia ta nyametsotso sesẽ aɖe dze ŋgɔ Terri wòawɔ. Terri gblɔ be: “Melɔ̃ Yehowa Mawu, gake nyemedi be mía kple nye ŋugbetɔ dome nagblẽ hã o.” Manya wɔ be nu eveawo katã nasu asiwò o. Màte ŋu ada le Mawu ƒe dzidzenuwo dzi vɔ wòagave nuwò ayra wò o.
Gake ɖewohĩ hati Kristotɔ aɖe si nèdi be yeaɖe ŋue dziwòlawo tsi tre ɖo. Ðe wòate ŋu adzɔ be woatsɔ kɔkuti tutɔ ɖe xɔsetɔ tia? Ẽ, ne wò gbɔgbɔmetaɖodzinuwo alo ɖokuitsɔtsɔna Mawu mesɔ kple ame ma tɔ o. Ne nenemae alo ne nɔvi siwo le eƒe hamea me ‘meɖi ɖase nyui’ le ame ma ŋu o la, dziwòlawo tɔ adzɔ be woatsi dzi ɖe wò ame ma ɖeɖe ŋu.—Dɔwɔwɔwo 16:2.
Ke ne Ŋutigbalẽ alo Dekɔnu ƒe Vovototoe Ðe?
Lynn dzilawo gbe le susu bubu ta: Edi be yeaɖe ŋutsu si ƒe ŋutigbalẽ ƒe amadede to vovo na etɔ. Nukae Biblia fia le nya sia ŋu? Egblɔ na mí be “Mawu mekpɔa ame ŋku me o” eye be ‘ewɔ dukɔ ɖesiaɖe ƒe amewo katã tso ame ɖeka me.’ (Dɔwɔwɔwo 10:34, 35; 17:26) Teƒe ɖekae amegbetɔwo dzɔ tso eye asixɔxɔ ɖekae le wo ŋu le Mawu ŋkume.
Togbɔ be ele eme nenema, eye srɔ̃tɔ ɖesiaɖe “akpɔ xaxa le ŋutilã me” hã la, srɔ̃tɔ siwo ƒe ŋutigbalẽ ƒe amadede to vovo ate ŋu ado go kuxi bubuwo. (Korintotɔwo I, 7:28) Nukatae? Elabena ame geɖe mexɔ Mawu ƒe nukpɔsusu le ŋutigbalẽ ƒe vovototo ŋu le egbe xexe si me fuléle bɔ ɖo la o. Togbɔ be ŋutigbalẽ vovovo tɔwo dome srɔ̃ɖeɖe bɔ ɖe Ɣedzeƒedukɔ aɖewo me hã la, teƒe aɖewo gali kokoko siwo wobua nazã ɖe srɔ̃tɔ siwo ƒe ŋutigbalẽ to vovo na wo nɔewo tɔ ŋu le. Eyata ɖewohĩ dziwòlawo anɔ vɔvɔ̃m be mèsu te akpe akɔ kple kuxi mawo o.
Lynn lɔ̃ ɖe edzi be, “dzinyelawo susui be asesẽ na mí ŋutɔ.” Nunyatɔe la, Lynn de bubu woƒe seselelãmewo ŋu eye metsɔ dzitsitsi ɖe srɔ̃e o. Esi Lynn dzilawo nɔ ŋku lém ɖe eƒe gbɔgbɔmetsitsi ŋu eye wova nya ŋutsu si wòlɔ̃ la nyuie wu la, ʋeʋeʋe la wova ka ɖe edzi be ate ŋu anɔ te ɖe srɔ̃ɖeɖe sia me kuxiwo nu. Lynn gblɔ be: “Esi wokpɔe be míate ŋu akpɔ dzidzɔ vavã la, dzi dzɔ woawo hã ɖe mía ŋu.”
Gake ɣeaɖewoɣi la, nya la menyea ŋutigbalẽ ƒe vovototo o ke boŋ dekɔnu. Dziwòlawo atsi dzi be mlɔeba la, asesẽ na wò be nàse vivi le anyinɔnɔ me kple ame aɖe si ƒe agbenɔnɔ, nudidiwo, kple nuɖuɖu si wòdina, hadzidzi, kple modzakaɖeɖe to vovo kura na tɔwò. Nuka kee wòɖanye o, ame aɖe si ƒe ŋutigbalẽ alo dekɔnu to vovo na tɔwò la ɖeɖe ate ŋu ahe kuxi gãwo vɛ. Èdzra ɖo ŋutɔŋutɔ ɖe wo tsɔtsɔ ŋua?
Ne Ewɔ Abe ɖe Susu Mele Dzila aɖe ƒe Tsitretsiɖeŋua me O Ene
Ke ne ewɔ na wò be susu mele ye dzilawo ƒe tsitretsiɖeŋua me kura o ɖe? Ðetugbi aɖe si ŋkɔe nye Faith gblɔ le dadaa ŋu be: “Danye gbe atsu zi geɖe. Egblɔna be màte ŋu anya amesi ɖe ge nègbɔna la tututu o vaseɖe esime wòatsi megbe akpa hafi. Ewɔ nɛ be dzi madzɔm le srɔ̃ɖeɖe me o.” Zi geɖe la, dzila siwo mekpɔ dzidzedze le woawo ŋutɔ ƒe srɔ̃ɖeɖe me o metea ŋu bua wo viwo ƒe srɔ̃ɖeɖe ŋu nyuie o. Le ɖewo me la, susu masɔmasɔwo, abe yewoaganɔ ŋusẽ kpɔm ɖe ɖevia ƒe agbenɔnɔ dzi ene, tae dzilawo tsia tre ɖe wo vi ƒe srɔ̃ɖeɖe ŋu ɖo.
Nukae nàwɔ ne dziwòlawo medi be yewoase numeɖeɖe aɖeke o? Le Yehowa Ðasefowo dome la, woate ŋu abia hamemegãwo ƒe kpekpeɖeŋu le ƒomenyawo gbɔ kpɔkpɔ me. Woate ŋu akpe ɖe ƒomea me tɔwo ŋu woaƒo nu le nyaa ŋu le mɔ nyuitɔ nu le tufafa kple ŋutifafa me akpaɖekedzimademadetɔe.—Yakobo 3:18.
Ŋutifafa Didi
Gake nu bubu geɖe ate ŋu awɔe be dziwòlawo natsi tre ɖe wò srɔ̃ɖeɖe ŋu, abe gakuxiwo alo amesi ɖe ge nègbɔna la ƒe agbenɔnɔ ene. Eye le AIDS kple nulɔdɔ bubuwo ŋɔli la, esɔ be dziwòlawo natsi dzi ɖe wò lãmese ŋu ne amesi nèdi be yeaɖe la nɔ agbegbegblẽ kpɔ hafi va zu Kristotɔ.b
Esi nègakpɔtɔ le dziwòlawo ƒe aƒeme ko la, ele be nàbɔbɔ ɖe woƒe ŋusẽ te. (Kolosetɔwo 3:20) Gake ne èle ɖokuiwò si eye ètsi ate ŋu awɔ wò ŋutɔ wò nyametsotsowo hã la, mègagbe dziwòlawo ƒe aɖaŋuɖoɖo enumake o. Lɔ̃ nàɖo to wo. (Lododowo 23:22) Bu nusiwo ate ŋu atso wò srɔ̃ɖeɖea me la ŋu nyuie.—Tsɔe sɔ kple Luka 14:28.
Ne èwɔ ema vɔ la, ɖewohĩ àtso nya me be yedi kokoko be yeaɖe srɔ̃. Abe alesi nènyae ene la, ele be nàtsɔ agbanɔamedzi siwo katã atso nyametsotso sia wɔwɔ me. (Galatiatɔwo 6:5) Ne èdze agbagba ɖesiaɖe be yeabu ye dzilawo ƒe nukpɔsusu ŋu la, ɖewohĩ aʋã wo be woalɔ̃ ɖe wò nyametsotsoa dzi togbɔ be asesẽ na wo hã. Gake ne wogagbe kokoko la, dze agbagba be megave wò o alo nàdo dziku o. Ðo ŋku edzi be: Dziwòlawo lɔ̃ wò eye wotsɔ ɖe le wò etsɔme dzidzɔkpɔkpɔ me. Dze agbagba nànɔ ŋutifafa me kpli wo. Ne wò srɔ̃ɖeɖea kpɔ dzidzedze la, ɖewohĩ woƒe nɔnɔme atrɔ.
Gake ne le nyateƒe me, ède ŋugble le nya sia nya si dziwòlawo gblɔ ŋu eye nèlé ŋku ɖe ɖokuiwò kple amesi nèdi vevie be yeaɖe ŋu nyuie la, megawɔ nuku na wò ne èke ɖe nyataƒoƒo dovoɖiname sia ŋu o be ye dzilawo tɔ dzɔ hafi.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Nyati sia me nyawo ku ɖe sɔhɛ siwo le dukɔ siwo me woɖea mɔ ame ŋutɔ tiaa eƒe ŋugbetɔ ŋu.
b Kpɔ Eŋlisigbe me Nyɔ! March 22, 1994, me nyati si nye “Kpekpeɖeŋu Nana Amesiwo Ŋu AIDS Le.”
[Nɔnɔmetata si le axa 31]
Dziwòlawo asusui be mètsi aɖe srɔ̃ o