Ewɔ Dɔ ɖe Eƒe Dzi Dzi
Gloria Adame ŋlɔ be: “Vi 13 ye míenye le míaƒe ƒomea me. Ŋutsuvi 4 kple nyɔnuvi 9. Ƒe 1984 mee nye ma. Papa gbɔ tso Mexico va aƒe va se be esime yenɔ dɔ wɔm le United States la, míaƒe ƒomea dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple Yehowa Ðasefowo. Medzɔ dzi nɛ kura o, eye wòdze tsitretsitsi ɖe mía ŋu gɔme. Ewɔ abe gbesiagbe kloe la, eƒe dzime gasẽna ɖe edzi ene.
“Míelɔ̃ mía fofo ŋutɔ, eye míedi be sidzedze si naa agbe si xɔm míele la naɖe vi nɛ. Míedoa gbe ɖa vevie ŋkeke sia ŋkeke na Yehowa ɖea kuku nɛ be wòaʋu mɔ na mí míaƒo nu tso Yehowa ƒe tameɖoɖowo ŋu na Papa. Yehowa se míaƒe kukuɖeɖea elabena ena dzi ɖo mía ƒo míete ŋu ƒoa ƒu fiẽ sia fiẽ ɖe akpata me, afisi Papa nɔna fiẽ ɖesiaɖe kpɔa television. Afimae danye kple mí nyɔnuviawo míeƒoa ƒu ɖo xlẽa gbesiagbe mawunya la.
“Dada kpɔa numedzodzroa dzi, eye ne míexlẽ numeɖeɖea vɔ la, amesi dzi wòɖo la doa gbe ɖa. Ne Marie, mía nɔvinyɔnu ɖevitɔ si xɔ ƒe atɔ̃ ko, do gbe ɖa la, eƒoa koko vevie be: ‘Yehowa, meɖe kuku, na Papa ƒe dzi nabɔbɔ be eya hã nava zu wò Ðasefo.’ Ewɔ abe ɖe Papa menɔ esem o ene, elabena ekɔa gbe dzi na television la. Gake esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, eva nɔ gbe lém na mɔ̃a eye le fiẽ aɖe me la, etsii kura.
“Fiẽ ma, abe alesi míewɔnɛ ɖaa ene la, Dada bia amesi dzi wòɖo be wòaxlẽ mawunyakpukpuia. Ewɔ nuku na mí ŋutɔ be Papa gblɔ be: ‘Dzinyee wòɖo.’ Míaƒe nu ku gake míegblɔ nya aɖeke o. Dada megbe alo bia nya aɖekee o ke etsɔ Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbesiagbe ƒe agbalẽvia nɛ. Esi wòkpɔ Biblia ƒe mawunyakpukpuia me dzodzroa dzi vɔ la, Dada bia be ameka dzie wòɖo be wòado gbe ɖa hã. Papa gblɔ be: ‘Dzinyee.’
“Ewɔ mo yaa na mí ŋutɔ. Le gbedodoɖaa ƒe domedome la, míelé avi me. Papa hã dze avia fafa gɔme, eye wòbia Yehowa be netsɔ busunya siwo yegblɔ ɖe Eŋu la ke ye. Ebia Dada hã be netsɔ tsitretsiɖeŋunu siwo yewɔ ɖe mía ŋu la ke ye.
“Ale le ƒe 1986 me la, mía fofo ƒe tsitretsiɖeŋua tɔ. Le ƒe 1990 me la, míaƒe ƒomea ʋu yi Texas le United States. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Papa ɖe adzɔgbe na Yehowa eye wòtsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me ɖo kpe edzii abe alesi mí nɔvinyɔnu adre míewɔe ene. Le April 1997 me la, woɖo Papa Kristotɔ hamemegãe. Va de asi na egbea la, ƒomea katã ƒe gbesiagbe Biblia me mawunyakpukpuia me dzodzro nye nu vevi na mí ale gbegbe, eye gbedodoɖa na Yehowa nye gɔmeɖokpe na míaƒe ƒomegbenɔnɔ.”
[Nɔnɔmetata si le axa 31]
2. Juanita kple Isaac Adame, kpakple wo vi aɖewo. Gloria ye le ɖusikpadzi le kɔto
1. Wo vinyɔnu ene siwo nye mɔɖelawo le Mexico. Marie ye le ŋgɔ