INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g98 4/8 axa 19
  • Nuteɖeamedzi “Amewunu Makpɔmakpɔ La”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nuteɖeamedzi “Amewunu Makpɔmakpɔ La”
  • Nyɔ!—1998
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nuteɖeamedzi Nyuitɔ Kple Gbegblẽtɔ
    Nyɔ!—1998
  • Dzimaɖitsitsi Ŋusẽ Si Wòkpɔna Ðe Míaƒe Ŋutilã Dzi
    Nyɔ!—2010
  • Dzimaɖitsitsi Ate Ŋu Agblẽ Nu Le Ame Ŋu Vevie
    Nyɔ!—2010
  • Ale Si Nàwɔ Aɖu Dzimaɖitsitsi Fũu Akpa Dzi
    Nyɔ!—2010
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1998
g98 4/8 axa 19

Nuteɖeamedzi “Amewunu Makpɔmakpɔ La”

“Vevesese helĩhelĩe nye nu gbãtɔ si mede dzesii. Nye akɔtaƒu gbɔe mesee le gbã; enumake eɖo nye abɔta, kɔ, kple glã; eye wògaɖiɖi to nye abɔ eveawo me. Ðeko wòwɔ abe atiglinyie mu dze nye akɔta ene. Gbɔgbɔ zu dɔ nam. Fifia ƒo ɖe dzinye. Nye dɔme va nɔ nye lém eye medi vevie be matru. . . . Emegbe esi dɔnɔdzikpɔlawo kɔm nɔ kɔdziba dzi ɖom la, meɖo ŋkui be megblɔ nukutɔe be, ‘Dzidɔ dze dzinye.’ Ƒe blaene vɔ ene ye mexɔ ɣemaɣi.”

ALEAE Ðk. Robert S. Eliot gblɔ alesi wòɖo kudo nu ƒe 20 kple edzivɔe nye esiae, ɖe eƒe agbalẽ si nye From Stress to Strength (Tso Nuteɖeamedzi me Va Ðo Lãmesẽkpɔkpɔ Me) me. Ede kpekpe aɖe do ŋgɔ gbemagbe ŋdi eye eƒo nuƒo hã—nukutɔe la, dzidɔ ŋue wòƒo nu tsoe. Kasia ko, Ðk. Eliot si nye dzidɔdala ŋutɔe nye ema va do ɖe afisi eya ŋutɔ yɔ be “dɔba dzi wòle be woawɔ dɔ [nɛ] le dzidɔdaƒe.” Nuka gbɔe wòbe dɔ sia si mekpɔ mɔ na o tso? Ðk. Eliot gblɔ be: “Alesi mesena le ɖokuinye me ɖe nuteɖeamedzi ŋue le wuyem.”a

Abe alesi Ðk. Eliot ƒe nya la fia ene la, nuteɖeamedzi ate ŋu anye agbe kple ku ƒe nya. Le nyateƒe me le United States la, wogblɔ be eya hã le dɔ siwo te ŋu wua ame kabakaba wu la dome. Nusiwo nuteɖeamedzi gblẽna ate ŋu anɔ kɔ lim ɖe ame me eye womanya o esi ɣeyiɣiwo va le yiyim eye woado kpoyi nyanya aɖeke manamanae. Eyata susu le eme be woyɔ nuteɖeamedzi be enye “amewunu makpɔmakpɔ.”

Nukutɔe la, menye dzitsilawo—amesiwo megbɔa dzi ɖi o helɔ̃a adãdodo, kple hoʋiʋli—ŋu koe nuteɖeamedzi ate ŋu agblẽ nu le o. Ate ŋu agblẽ nu le amesiwo dze ame fafawoe hã ŋu, vevietɔ ne woƒe tufafa nye ŋkumenu ko, abe nutunu si wometu nyuie ɖe ze si le dzo dzi nu o ene. Ðk. Eliot kpɔe be nenemae wòdzɔ ɖe ye dzii. Ele nu xlɔ̃m ame bubuwo azɔ be: “Àte ŋu aku kpata egbea—evɔ mànya be ƒe gbogbo aɖewoe nye sia si wobla bɔmb ɖe yeƒe dzi ŋu si awó ne eƒe ɣeyiɣi de o.”

Gake menye dzidɔ kple ku kpata koe nuteɖeamedzi hena vɛ o, abe alesi míakpɔe le nyati si kplɔe ɖo me ene.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Togbɔ be nuteɖeamedzi hã te ŋu naa dzidɔ hã la, ʋukawo me ƒe akpadedee gblẽa nu le ʋukawo ŋu le wo dometɔ akpa gãtɔ me. Eyata nunya manɔ eme be woabu dzidɔ ƒe dzesiwo fefenyae o, ɖewohĩ asusu be ne wodzudzɔ nuxaxa ko la, woahaya o. Kpɔ Nyɔ!, December 8, 1996, axa 3-13.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe