INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g98 4/8 axa 20-22
  • Nuteɖeamedzi “Aɖi si Wɔa Dɔ Blewu”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nuteɖeamedzi “Aɖi si Wɔa Dɔ Blewu”
  • Nyɔ!—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nuteɖeamedzi Kple Wò Dɔlélenutsiŋutete
  • Menye Eya Koe na Woléa Dɔ alo Na Wohayana O
  • Nuteɖeamedzi Nyuitɔ Kple Gbegblẽtɔ
    Nyɔ!—1998
  • Ðe Nu Te Ðe Dziwòa?
    Nyɔ!—2020
  • Dzimaɖitsitsi Ŋusẽ Si Wòkpɔna Ðe Míaƒe Ŋutilã Dzi
    Nyɔ!—2010
  • Nu Kae Nye Nuteɖeamedzi?
    Nyɔ!—2020
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1998
g98 4/8 axa 20-22

Nuteɖeamedzi “Aɖi si Wɔa Dɔ Blewu”

“Míesenɛ wogblɔna ɣesiaɣi be, ‘Mègana nu nate ɖe dziwò kakaka nàdze dɔ o.’ Ðewohĩ womenya be nɔnɔme ŋutɔŋutɔ aɖee le ame me si na wòdzɔna nenema o.”—Ðk. David Felten.

EME kɔ be nu te ɖe Jill si nye vinɔ srɔ̃manɔsitɔ si si viŋutsu ƒewuivi le, eƒe ga le vɔvɔm le gadzraɖoƒe, eye woa kple edzilawo menyina o la dzi vevie. Emegbe vlavo ko la, nutsetse fieame si ʋua dzo ame la ƒo ɖe eƒe abɔ ŋu. Ezã dɔlékuiwutikewo, nutsetsemiwo, kple ŋutifiamemiwo, gake ɖeke mewɔ dɔ o. Ke boŋ nutsetseawo va ƒo ɖe Jill ŋuti katã, kple eƒe mo. Nuteɖeamedzi va zu ŋù le lãme nɛ vavã.

Woɖo Jill ɖe ŋutigbalẽdɔdaƒe aɖe si doa dɔnɔwo ƒe seselelãmewo kpɔna. Ðk. Thomas Gragg, amesi hã le eme woɖo kɔa dzi gblɔ be: “Míedzea agbagba be míanya nusi le fu ɖem na wo le agbe me.” Ekpɔnɛ zi geɖe be tsɔ kpe ɖe atikezazã ŋu la, ele be woakpe ɖe amesiwo dɔa gbea vɔvɔ le woƒe ŋutilã ŋu la ŋuti bene woaɖu nuteɖeamedzi dzi. Ðk. Gragg gblɔ be: “Anye fefenya be míagblɔ be alesi nèsena le ɖokuiwò me alo wɔa nui gbɔe wòtso be dɔ do ɖe ŋuwò. Gake míate ŋu agblɔ be ame ƒe seselelãme ate ŋu awɔ akpa gã aɖe le dɔ siwo dona ɖe eŋu me, eye mele be míanɔ ŋutizrɔ̃miwo ŋlɔm nɛ evɔ míagbe kpekpeɖeŋu nana amea bene wòaɖu nusi te ɖe edzi le agbe me dzi o.”

Jill kpɔe be nuteɖeamedzi dzi ɖuɖu xɔ na yeƒe ŋutigbalẽ ŋutɔŋutɔ. Egblɔ be: “Dzi gakuam kokoko, gake megaɖea fu na nye ŋutigbalẽ abe tsã ene o.” Numadzɔkpɔe wònyea? Kura o. Ðɔkta geɖe xɔe se be zi geɖe la, nuteɖeamedzi hã nana dɔ geɖe abe aklabi, agbla alo zɔlĩ ƒomevi aɖe, nyatsu, kple dzi ene dona ɖe ame ŋu. Gake menye wò ŋutigbalẽ ŋu koe nuteɖeamedzi ate ŋu agblẽ nu le o.

Nuteɖeamedzi Kple Wò Dɔlélenutsiŋutete

Numekuku siwo wɔm wole fifia fia be nuteɖeamedzi ate ŋu agbɔdzɔ wò ŋutilã ƒe dɔlélenutsiŋutete, eye ɖewohĩ wòaʋu mɔ ɖi be nàxɔ dɔléle geɖe. Dɔlékuiŋutinunyala Ronald Glaser gblɔ be: “Nuteɖeamedzi mazu dɔléle le ŋuwò o. Gake ate ŋu ana wòanɔ bɔbɔe be nàdze dɔ le nusi wòagblẽ le wò ŋutilã ƒe dɔlélenutsiŋutete ŋu ta.” Kpeɖodzi sẽŋu li be nuteɖeamedzi do ƒome kple wɔɖi, asrã, kpakple ʋãƒoame. Togbɔ be dɔlékui siawo gena ɖe mía me enuenu hã la, míaƒe dɔlélenutsiŋusẽ wua wo. Gake eŋunyala aɖewo gblɔ be ne nu te ɖe ame dzi la, ŋutilã ƒe avuwɔŋusẽ siawo ate ŋu ado kpo nu.

Womese alesi nusiawo wɔa dɔ le míaƒe lãme gɔme keŋkeŋ haɖe o, gake ame aɖewo gblɔ be ne nu te ɖe dziwò la, lãmetsiŋusẽ siwo doa ŋusẽ wò be nèwɔa afɔɖeɖe aɖewo la ate ŋu axe mɔ na wò dɔlélenutsiŋusẽ esime wole tsatsam to wò ʋu me. Zi geɖe la, mele be woatsi dzi ɖe eŋu o, elabena ɣeyiɣi kpui aɖe koe lãmetsi siawo wɔa nu nenema. Ke hã ame aɖewo gblɔ be ne nu tena ɖe ame dzi enuenu eye enu sẽna la, ate ŋu agblẽ nu le eƒe dɔlélenutsiŋusẽ ŋu ale gbegbe be wòate ŋu adze dɔ bɔbɔe.

Ðewohĩ esia ana akɔnta si Canada ƒe ɖɔktawo bu la me nakɔ na mí, esi wogblɔ be dɔnɔ 50 va ɖo 70 le alafa me siwo vaa yewo gbɔ vevietɔ le taɖuame, alɔ̃madɔmadɔ, ɖeɖiteameŋu, kple dɔmedɔwo ta ƒe lãmegbegblẽa do ƒome kple nuteɖeamedzi. Wobu akɔnta le United States be xexlẽmea nye alafa memamã 75 va ɖo 90. Ðk. Jean King susui be menye nume vivim yele o esime wògblɔ be: “Nuteɖeamedzi atraɖii le abe aɖi si wɔa dɔ blewu ene.”

Menye Eya Koe na Woléa Dɔ alo Na Wohayana O

Togbɔ be nya siwo míegblɔ do ŋgɔ la le eme hã la, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo meka ɖe edzi be nuteɖeamedzi ɖeɖe ate ŋu agblẽ nu le ame ƒe dɔlélenutsiŋusẽ ŋu ale be ame ƒe lãme nagblẽ o. Eyata womate ŋu agblɔe kple kakaɖedzi blibo be amesiame si nu tena ɖe edzi la adze dɔ o, ne etena ɖe edzi enuenu hã. Nenema ke womate ŋu agblɔ hã be dziɖeɖi ana woanɔ lãmesẽ me o, eye nunya manɔ eme hã be woaflu ame ɖokui asusu be ne wokpɔa mɔ na nu nyui eye wobua nu nyuiwo ŋu ko la, ke woahaya o. Ðk. Daniel Goleman gblɔ be: “Nusi do tso nukpɔsusu si nye be ame ƒe nɔnɔmee ada dɔ ɖesiaɖe mee nye alesi wòva bɔ be amewo tɔtɔ eye womese afisi susu ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe dɔléle dzi ase ɖoe gɔme o, eye ɖewohĩ nusi vloe wue nye alesi ɣeaɖewoɣi wòna amewo bua fɔ wo ɖokui ɖe dɔ si wodze ta, abe ke dzesi ye wònye be wowɔ nu gbegblẽ aɖe alo be womedze le gbɔgbɔ me o ene.”

Eyata ele be woanya be ƒã hafi woate ŋu atɔ asi nu ɖeka aɖe dzi be eyae na wodze dɔ. Ke hã la, alesi nuteɖeamedzi te ŋu na wodzea dɔ la na wòva hiã be ne anya wɔ la, míasrɔ̃ alesi míaxɔ ŋusẽ le “aɖi [sia] si wɔa dɔ blewu” la sii.

Hafi míalé ŋku ɖe alesi míawɔ nusiae ŋu la, mina míagbugbɔ alé ŋku ɖe nusi nuteɖeamedzi nye kple alesi wòate ŋu aɖe vi gɔ̃ hã na wò le go aɖewo mee ŋu.

[Aɖaka si le axa 5]

Dɔléle Aɖewo Siwo Wogblɔ be Wotso Nuteɖeamedzi Gbɔ

• dɔhonamewo

• ƒunukpeƒetetedɔ

• gbɔxi

• dzime, kɔ, kple abɔta veame

• wɔɖi

• blanuiléle

• mitsinyenye

• asrã

• dɔmedɔwo

• tavee

• dzidɔwo

• alɔ̃madɔmadɔ

• ta ƒe akpa ɖeka ɖuame

• dɔmebi

• gbɔdɔdɔ ƒe ŋutete vɔleameŋu

• ŋutigbalẽ ŋu dɔwo

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Ame gbogbo aɖewo yia ɖɔkta gbɔ le nuteɖeamedzi ta

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe