INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g98 5/8 axa 3-5
  • Woƒe Nugbegblẽ Le Ta Kekem

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Woƒe Nugbegblẽ Le Ta Kekem
  • Nyɔ!—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nublanuinya Gbãdziname Aɖe
  • Nusi Wòle Be Míanya tso Gbevuhawo Ŋu
    Nyɔ!—1998
  • Mía Viwo Takpɔkpɔ tso Gbevuhawo Si Me
    Nyɔ!—1998
  • “Menɔ Yɔdo Ðem Na Ðokuinye”
    Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm
  • “Mewɔa Adã” Tsã
    Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1998
g98 5/8 axa 3-5

Woƒe Nugbegblẽ Le Ta Kekem

Robert nye ɖevi si xɔ ƒe 11 pɛ ko, ke hã woke ɖe eŋu wòtsyɔ mo anyi le tɔdzisasrã xoxo aɖe te. Tukpe ŋɔ teƒe eve le eƒe ʋuɖome. Wosusui be anye ehati siwo wo kplii wole hlɔ̃doha ɖeka mee wui.

Alex si xɔ ƒe 15 ge ɖe hlɔ̃doha aɖe me kloe eye ɖewohĩ wòaku kukpo hã. Gake ekpɔ alesi exɔlɔ̃ aɖe kui eye eƒe susu gblɔ nɛ be: ‘Nyemedi be wòava nɔ nam alea o.’

ABLƆDZI gbevuha tagbɔsesẽnuwɔlawo, amesiwo tsã wobuna ɖe Los Angeles gbevuha siwo woyɔna be Bloods kple Crips siwo wonya nyuie ŋu tsã, kaka ɖe xexeame ƒe afisiafi. Gake afika ke wole o, ewɔ nuku be ɖeko gbevuhawo katã sɔ.

England tɔ si woyɔna be Teddy Boys ʋuʋu xexeme bliboa le ƒe 1950 ƒeawo me. The Times si wotana le London gblɔ be wotsɔ fia, hɛ, gasɔ ƒe chain, kple lãnu bubuwo “de abi dziŋɔwo” ame maɖifɔwo “ŋu.” ‘Wowɔ hɛvuwo, wogbã ahanoƒewo, eye wogbã tiidzraƒewo.’ Woɖea fu na amewo, wodaa adzo wo, woƒoa wo, eye wowua wo ɣeaɖewoɣi hã.

Die Welt si wotana le Hamburg, Germany, ka nya ta be nyitsɔ laa sia la, gbevuha siwo tsɔ “baseball-ƒoti, hɛ, kple tu” ɖe asi dze sɔhɛ “siwo yina disko alo esiwo trɔ gbɔna aƒeme” dzi. Süddeutsche Zeitung si wotana le Munich gblɔ be Berlin ƒe gbevuha takokolikoetɔwo dzea amesiame “si wokpɔ be mesẽ de yewo nu o [dzi]—aƒemanɔsitɔwo, nuwɔametɔwo, nyagãwo.”

Nyɔ! ƒe nuŋlɔla aɖe si le Spain ka nya ta be fifia koe ƒewuivi gbevuhawo ƒe kuxia va do ɖe afima gake eva le bɔbɔm. Madrid ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ ABC ta nyati aɖe si ƒe tanyae nye “Takokolikoetɔwo—Ablɔdzi Ŋɔdzinu Yeye La.” Ame aɖe si nɔ takokolikoeha la me kpɔ le Spain gblɔ be yewote ŋu nyaa afisi “dutatɔwo, gbolowo, kple ŋutsu siwo dɔa ŋutsu gbɔ” le. Egblɔ kpee be: “Zã si me míesẽ ŋuta le ame ŋu o nyea zã si ŋu viɖe mele o.”

Le South Africa la, Cape Times gblɔ be hlɔ̃nu siwo wowɔna le afima la “nye gbevuhawo ƒe agbenɔnɔmetsonu ƒe akpa aɖe.” Agbalẽ aɖe si wota le Cape Town gblɔ be South Africa gbevuhawo va zu amesiwo “nɔa agbe ɖe ame bubuwo ƒe nuwo ŋu” le nuto dahewo me eye be “wofia woawo ŋutɔ wo tɔwo, dɔa wo gbɔ sesẽe eye gbevuhaawo wɔa aʋa kple wo nɔewo ɖe nuto, asiƒleƒewo, kple ɖe nyɔnuwo ta.”

Brazil nyadzɔdzɔgbalẽ O Estado de S. Paulo gblɔ be ‘alesi gbevuhawo le dzidzim ɖe edzi le afima la dzi ŋɔ ŋutɔ.’ Egblɔ be wodzea gbevuha siwo nye woƒe futɔwo, sɔhɛ siwo si alɔme le, teƒe bubu tsolawo, kple amedzrovi dɔwɔla dahewo dzi. Egagblɔ hã be gbeɖeka gbevuha geɖe wɔ amedzidzeɖoɖo aɖe va “fi amesiwo yi ƒuta . . . , wɔ avu kple wo nɔewo,” eye wotrɔ Rio de Janeiro ƒe mɔdodo gã aɖe zu “aʋagbedzii.” Nyatakaka bubu si tso Brazil gblɔ be gbevuhawo le dzidzim ɖe edzi le dugãwo abe São Paulo kple Rio de Janeiro ene kple duviwo siaa me.

Canadatɔwo ƒe Maclean’s magazine gblɔ le ƒe 1995 me be kpovitɔwo bui be ablɔdzi gbevuha enyi ya teti nɔ nu gblẽm le Winnipeg, Canada. Eye nyadzɔdzɔgbalẽwo le United States ta gbevuha me tɔ siwo tsɔ gbevuhawo ƒe awuwo kple woƒe nuŋɔŋlɔ siwo woklãna ɖe gli ŋu yi nuto siwo Amerika-dziɖuɖua na Indiatɔwo le Amerika ƒe Anyieheɣetoɖoƒe.

Le New York Dugã me la, gbevuhawo wɔ nu vlo gbogbo aɖewo le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me le ƒe si va yi me. Wogblɔ be Bloods kple Crips gbevuha siwo bɔ tsã ɖe Los Angeles gbã la le hlɔ̃nua wɔwɔ me. New York dugãdzikpɔla gblɔ be le July kple September domee la, kpovitɔwo lé ame 702 le hlɔ̃nu siwo do ƒome tẽ kple ablɔdzi gbevuhawo.

Fifia meganye dugãwo me koe kuxia le o. Quad-City Times si wotana le United States ƒe titinanutome la ƒo nu tso “ƒewuiviwo ƒe nuvlowɔwɔ ƒe dzidziɖedzi, atikevɔ̃ɖizazã ƒe kaka ɖe afisiafi kple mɔkpɔkpɔmanɔamesi ƒe bɔbɔ” ŋu.

Nublanuinya Gbãdziname Aɖe

Wogblɔ be gbevuha aɖe dze egɔme abe xɔlɔ̃wo ƒe ƒuƒoƒo ene. Gake esi wo nunɔla ƒe ŋkɔ nɔ ɖiɖim hoo la, nenema ke woƒe ŋutasesẽnuwɔwɔwo hã nɔ dzidzim ɖe edzii. Woƒe amegã nɔ mamaa ƒeme, eye wodaa tu ɖe aƒea me zi gbɔ zi geɖe, ne mamaa le aƒea me hã. Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe gblɔ be tukpe ŋɔ teƒe siwo wu 50 le aƒea me. Anye hlɔ̃biabia ɖe nu gbegblẽ siwo wosusu be gbevuha si me mamaayɔvi nɔ la wɔ tae woda tuawo ɖo. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, wode gbevuhaawo ƒe amegã la fo game le esi eƒe asi le gbevuhaa ƒe nugbegblẽwɔwɔwo me ta, eye esi amesi wo kplii wonye nɔgãnɔɖivi si ʋu le aƒea me le ŋutasesẽnu siwo dzɔna le afima ta gaɖi tsa va la, ame aɖe nɔ ʋu me da tui wòku.

Hlɔ̃nuwɔlawo da tu ʋu aɖe wu ƒe etɔ̃ vi maɖifɔ aɖe esime dadaa kple eƒe ahiãvi wɔ vodada ku ʋua yi mɔdodo ma dzii la le Los Angeles. Tukpe aɖe ŋɔ gli ge ɖe sukuxɔ me lɔ nufiala aɖe si nɔ agbagba dzem be yeakpe ɖe sukuviwo ŋu ne woasrɔ̃ alesi woawɔ agbe nadze edzi na wo. Wowu ame geɖe bubu siwo gbɔ gbevuhawo ƒe nya aɖeke metsɔ o gake woawoe va zu kukulawo. Vidada aɖe si le Brooklyn, New York, ƒe nublanuinuwɔwɔ na eƒe nutoa me tɔwo nyae nyuie—wowu viaŋutsuvi etɔ̃awo katã le gbevuhawo ƒe hlɔ̃nuwɔwɔ me.

Nukae na sɔhɛwo ƒe hlɔ̃nuwɔwɔ xɔ xexeame alea, eye aleke míawɔ akpɔ mía vi lɔlɔ̃awo ta tso wo si me? Aleke koŋ ye gbevuhawo wɔna dzea egɔme, eye nukatae sɔhɛwo le gegem ɖe eme bibibi alea? Wodzro biabia siawo me le nyati siwo kplɔe ɖo me.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]

Scott Olson/Sipa Press

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe