INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g98 5/8 axa 5-8
  • Nusi Wòle Be Míanya tso Gbevuhawo Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nusi Wòle Be Míanya tso Gbevuhawo Ŋu
  • Nyɔ!—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nusita Wogena Ðe Gbevuha Me Ðo
  • Dodo le Eme Mele Bɔbɔe O
  • Agbe Ðɔʋu Anya Nɔ
  • Mía Viwo Takpɔkpɔ tso Gbevuhawo Si Me
    Nyɔ!—1998
  • Woƒe Nugbegblẽ Le Ta Kekem
    Nyɔ!—1998
  • “Menɔ Yɔdo Ðem Na Ðokuinye”
    Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm
  • “Mewɔa Adã” Tsã
    Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1998
g98 5/8 axa 5-8

Nusi Wòle Be Míanya tso Gbevuhawo Ŋu

Wade, amesi nye California gbevuha aɖe me tɔ tsã la gblɔ be: “Hatiwo ko míenye le nuto ɖeka me. Míedze gɔmedzesuku gɔme ɖekae. Nyametsotso nyuiwo koe míewɔna o.”

ZI GEÐE la, gbevuhawo dzea egɔme abe amesiwo le nutoa me ƒe ƒuƒoƒo ko ene. Amesiwo ɖo woƒe ƒewuiwo me kple amesiwo metsi ɖo afima haɖe o ƒoa ƒu ɖe dzogoe aɖe dzi le ablɔ me. Wowɔa nu ɖekae eye wonɔa hame kpɔa wo ɖokui ta tso ƒuƒoƒo bubu si hã tsɔ wo gbɔ si li ke wu la si me. Gake mexɔa ɣeyiɣi boo aɖeke hafi woƒe ƒuƒoƒoa va srɔ̃a wo me tɔ siwo wɔa ŋutasesẽnu vɔ̃ɖiwo ƒe nɔnɔme o, eye wova nɔa hlɔ̃nuwo wɔm.

Gbevuha bubu si le ablɔ bubu dzi abu ƒuƒoƒo yeyea be wonye yewoƒe futɔwo. Dziku ana woawɔ ŋutasesẽnuwo. Atikevɔ̃ɖisitsalawo azã gbevuha la me tɔwo atsɔ adzra woƒe atike siwo nu wode se ɖo lae. Woawɔ hlɔ̃nu bubuwo akplɔe ɖo.

Ƒe 11 ye Luis xɔ esime exɔlɔ̃wo ɖo gbevuha. Esi wòxɔ ƒe 12 la, edze atikevɔ̃ɖiwo zazã gɔme. Esi wòxɔ ƒe 13 la, wolée zi gbãtɔ. Enɔ eme wofi ʋuwo, gbã aƒewo hetsɔ tu yi figbee. Eye enɔa game yim nɔa gbɔgbɔm ɖe gbevuhawo ƒe avuwɔwɔ kple zidede amewo me ta.

Ɣeaɖewoɣi amesiwo le gbevuhawo me la awɔ nuku na mí. Martha si nye sukuvi nyui aɖe si agbalẽnyanya ɖe na la dzea agbagba le dodokpɔ me eye wòbua ame hã. Gake eyae nye gbevuha si me tɔwo dzraa marijuana, heroin, kple cocaine la ƒe amegã. Esi woda tu exɔlɔ̃ ɖeka zi gbɔ zi geɖe wòku hafi vɔvɔ̃ ɖoe wòtrɔ eƒe agbenɔnɔ.

Nusita Wogena Ðe Gbevuha Me Ðo

Ewɔ nuku be gbevuha me tɔ aɖewo gblɔna be yewoge ɖe eme ɖe lɔlɔ̃ ta. Havilɔlɔ̃ kple xɔlɔ̃wɔwɔ si womekpɔ le aƒeme o dim wonɔ. Hamburg, Germany, ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Die Zeit gblɔ be sɔhɛwo dina be yewoakpɔ dedienɔnɔ si yewomate ŋu akpɔ le teƒe bubu aɖeke o le gbevuhawo me. Eric si nye gbevuha me tɔ tsã la gblɔ be ne womelɔ̃a wò le aƒeme o la, ke “àɖo ta gbɔme anɔ nusi ade dziwò wu dim.”

Vifofo aɖe si nɔ gbevuha me kpɔ la ŋlɔ tso eƒe ɖevime nuteƒekpɔkpɔwo ŋu be: “Menɔa game yim nɔa gbɔgbɔm ɖe agbenɔnɔ baɖabaɖa, gbevuhawo ƒe avuwɔwɔ, zidedeameme, kple mlɔeba didi be mada tu ame esime menɔ ʋu me va yina ta.” Emegbe esi wòdzi viaŋutsu Ramiro la, mevo ɖe ɖevia ŋu kura o. Esi Ramiro tsi la, eya hã ge ɖe gbevuha me eye kpovitɔwo lée ɖe gbevuhawo ƒe avuwɔwɔ ta. Esi fofoa te tɔ ɖe edzi be wòado le gbevuha me la, eblu be: “Woawoe zu ƒonyemetɔwo fifia.”

Dɔnɔdzikpɔla aɖe si le Texas ƒe kɔ aɖe dzi si ɖo dze kple sɔhɛ 114 siwo woda tui ƒe ɖeka kple nu vi aɖe koe nye sia la gblɔ be: “Ewɔ nuku ŋutɔ. Nyemexɔ se be mese wo dometɔ aɖeke bia dadaa alo ƒometɔ bubu aɖeke ta se kpɔ o.”

Nukutɔe la, menye ɖevi siwo tso du ƒe nuto dahewo me koe gena ɖe gbevuhawo me o. Ƒe geɖe va yi la, Canada magazine Maclean’s gblɔ be kpovitɔwo gblɔ be yewokpɔ ɖevi siwo tso dua ƒe nuto siwo me gatɔwo bɔ ɖo wu kple esiwo me da ahe wu wole gbevuha ɖeka me. Ðevi siawo siwo tso nɔnɔme vovovo me wɔa ɖeka ɖe susu ɖeka tɔgbe ta—wole ƒome ƒe ɖekawɔwɔ si womekpɔna le aƒeme o dim.

Le teƒe aɖewo la, etsia ɖeviwo si wotsɔna tsinɛ be agbenɔnɔ ƒe akpa aɖe koe gbevuha me nɔnɔ nye. Ƒe 16 vi Fernando ɖe nu me be: “Wosusu be gbevuha me nɔnɔ akpe ɖe yewo ŋu yewoakpɔ yewoƒe kuxiwo gbɔ. Ale wobunɛe nye si: ‘Madze xɔlɔ̃ ame aɖewo. Ŋusẽ le wo ŋu eye tu le wo si. Woakpɔ tanye, eye ame aɖeke mawɔ nanekem o.’” Gake medidina hafi gbevuha me tɔ yeyewo kpɔnɛ be ne yewoɖo gbevuha me la, enaa yewozua amesiwo dzi gbevuhaa ƒe futɔwo dina be yewoadze o.

Nuto siwo me ga mele o gake tu ya sɔ gbɔ ɖo fũ akpa ye gbevuhawo lɔ̃a nɔnɔ. Wogblɔna le nyadzɔdzɔwo me be le dugãwo me sukuwo me la, sukuvi 3 ɖesiaɖe dometɔ 2 tsoa dzilaɖekaƒomewo me. Ɣeaɖewoɣi la, sukuvi aɖe dzila anye atikevɔ̃ɖizãla si magbɔ va aƒeme le zã me o, eye sukuvia natsɔ eya ŋutɔ via tɔmanɔsitɔ ayi na vidzikpɔlawo hafi ayi suku ŋdi me.

California ƒe dziɖuɖuteƒenɔla, Pete Wilson, gblɔ be: “Kuxi gã aɖe le mía ŋu elabena tɔmanɔsitɔ geɖe li, ame aɖeke meli awɔ ŋutsu ƒe wɔƒe na wo alɔ̃ wo, afia mɔ wo, amlã wo eye woafia alesi wonɔa agbee wo o—womenya naneke le nusita wòle be woabu wo ɖokui alo woabu ame bubuwo ŋu o.” Egblɔ be esi veveseseɖeamenu sia mele ɖevi aɖewo me o tae “wote ŋu ɖea ame ƒe agbe ɖa [ada tui awui] eye metsɔa fu le lãme na wo vie gɔ̃ hã o.”

Togbɔ be ƒome ƒe ɖekawɔwɔ, ɖeviwo hehe, kple agbenyuinɔnɔ ƒe kpɔɖeŋu nyui ɖoɖo ƒe anyimanɔmanɔ nye nu vevitɔ siwo gbɔ wòtsona be ɖeviwo ɖoa gbevuhawo me hã la, nu bubuwo gali. Woƒe ɖewoe nye television dzi wɔna kple sinima siwo ɖea ŋutasesẽnuwɔwɔ fiana abe nusi woatsɔ akpɔ kuxiwo gbɔ bɔbɔe ene, alesi amewo bua ame dahewo ame maɖotawoe eye wonɔa ŋkuɖoɖo edzi na wo be woawo ya womate ŋu awɔ nusi ame bubuwo wɔna o, kple dzilaɖekaƒome siwo me vidada matsimatsi siwo tso hloloe nu ti kɔ na kua kutri le be yewoakpɔ ɖevi ɖeka alo esi wu nenema siwo mele ame aɖeke ƒe dzikpɔkpɔ te o la ƒe dzidziɖedzi. Nusiawo ƒe akpa gãtɔ alo wo katã ƒe ƒuƒoƒo, kple ɖewohĩ bubuwo hã, gbɔe ŋɔdzinu si nye gbevuhawo ƒe dzidziɖedzi le xexeame godoo la tso.

Dodo le Eme Mele Bɔbɔe O

Nyateƒee, ne woli la, gbevuha me tɔ aɖewo va dona le gbevuha si me wonɔ tsã me va wɔa dɔ bubuwo. Bubuwo yina ɖanɔa woƒe ƒometɔwo gbɔ le nuto bubu me ale be womegawɔa gbevunuwo o. Gake zi geɖe la, dodo le gbevuhawo me mebɔbɔna o.

Ebɔ be gbevuha me tɔ geɖe ƒoa wo tɔ siwo di be yewoado la kutɔkutɔe hafi ɖea mɔ na wo be woado le gbevuha me agbagbee. Le nyateƒe me, ɖe woda tu amesiwo di be yewoado le gbevuha aɖewo me. Ne tua mewu o la, ke woɖea mɔ na wo be woado le eme! Ðe viɖe le eme be woakpe fu vevie nenema hafi ado le gbevuha mea?

Ame aɖe si nɔ gbevuha me kpɔ la ɖe nusita wòdi be yeado me be: “Xɔ̃nye atɔ̃ ku va yi xoxo.” Le nyateƒe me la, afɔku si le gbevuha me nɔnɔ me wu gbɔgblɔ. Time magazine ƒo nu tso ame aɖe si nɔ Chicago gbevuha aɖe me kpɔ ŋu be: “Le ƒe adre siwo wòtsɔ nɔ emee me la, woda tu ƒodo nɛ, woxlã ketekemɔdzigakpo ɖe ta nɛ, eŋe abɔ le avuwɔwɔ aɖe me eye wodee gaxɔ me zi eve ɖe ʋufifi ta . . . Gake fifia si wòva trɔ asi le eƒe agbenɔnɔ ŋu la, exɔlɔ̃ xoxowo gɔ̃ hã be ɖeko yewoatu nu kplii.”

Agbe Ðɔʋu Anya Nɔ

Braziltɔ aɖe si ŋkɔe nye Eleno nɔ gbevuha si woyɔna be Tagbãlawo, si nye gbevuha si me tɔwo tsɔa hɛ kple ɣeaɖewoɣi tu wɔa avui la me tsã. Esi wòbu eɖokui be yenye amesi dzi nu mede o la, nusi me wòkpɔa dzidzeme le enye nuwo gbegblẽ kple amedzidzedze. Eƒe dɔwɔhati aɖe va ƒo nu tso Biblia ŋu nɛ. Emegbe Eleno de Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpe aɖe eye wòdo go amesiwo wo kple wo wonɔ gbevuha me tsã gake fifia wodo le eme kpakple ame bubu aɖe si nɔ gbevuha si nye woƒe futɔ me tsã la le afima. Wodo gbe na wo nɔewo abe nɔviwo ene—esi to vo ale gbegbe na nusi adzɔ ne tsãe wònye.

Ðe nusia dzɔna vavãa? Edzɔna nyateƒe! Nyitsɔ laa la, Nyɔ! teƒenɔla aɖe kple amesiwo nye Los Angeles gbevuha gãwo me tɔwo tsã gake fifia wole subɔsubɔm le Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo me la bɔbɔ nɔ teƒe ɖeka. Esi woɖo dze gaƒoƒo geɖe vɔ megbe la, wo dometɔ ɖeka tɔ, de me eƒe zikpui, gblɔ be: “Mikpɔ nam ɖa! Bloods kple Crips me tɔ xoxowoe nye si bɔbɔ nɔ wo nɔewo gbɔ eye wolɔ̃ wo nɔewo abe nɔviwo ene!” Wolɔ̃ ɖe edzi be mawumegɔmeɖose siwo yewosrɔ̃ le Biblia sɔsrɔ̃ fɔléleɖeŋutɔe mee na yewoƒe nɔnɔme trɔ yewozu ame fatuwo kple ame lɔ̃amewo, meganye gbevuha me tɔ makpɔnublanuiwo o.

Ðe nusia ate ŋu adzɔ ŋutɔŋutɔ le ƒe 1990 ƒeawo mea? Ðe gbevuha me tɔwo ate ŋu awɔ tɔtrɔ mawo fifia? Woate ŋui ne wolɔ̃ be yewoaxɔ dzideƒo sẽŋu si le Mawu ƒe Nya la me eye be yewoanɔ agbe ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo nu. Ne edzɔ be ènye gbevuha me tɔ la, nukatae màbu tɔtrɔ sia wɔwɔ ŋu o?

Biblia xlɔ̃ nu mí be ‘míaɖe amenyenye xoxo si sɔ ɖe míaƒe agbenɔnɔ tsãtɔ nu la ada ɖi’ eye ‘míado amenyenye yeye si wowɔ yeyee le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me le dzɔdzɔenyenye vavãtɔ kple nuteƒewɔwɔ me.’ (Efesotɔwo 4:22-24) Aleke wowɔna amenyenye ma ɖoa ame si? Biblia gblɔe be ‘to sidzedze vavãtɔ me’ la, woate ŋu awɔ ame ƒe amenyenye ‘yeyee ɖe Mawu amesi wɔe la ƒe nɔnɔme nu.’—Kolosetɔwo 3:9-11.

Ðe viɖe le tɔtrɔwɔwɔ ŋua? Ẽ, ele eŋu! Ne gbevuha me tɔe nènye la, ke ɖewohĩ ahiã be woakpe ɖe ŋuwò le tɔtrɔ ma wɔwɔ me. Amewo le nuto si me nèle me siwo wòadzɔ dzi na be yewoakpe ɖe ŋuwò. Gake dzilawo koŋ ye te ŋu kpɔa ŋusẽ nyui ɖe wo viwo dzi wu. Eyata fifia míadzro nusi dzilawo ate ŋu awɔ atsɔ akpɔ wo viwo tae tso gbevuhawo si me la me.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Biblia ƒe nyateƒea na amesiwo nɔ gbevuha siwo nye futɔwo me tsã wɔ ɖeka fifia

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe