INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g98 6/8 axa 3
  • Ðevi aɖe si Wona Ŋkɔe be Ahedada

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðevi aɖe si Wona Ŋkɔe be Ahedada
  • Nyɔ!—1998
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Amesiwo Ahedada De Gae
    Nyɔ!—1998
  • Agbagbadzedze Be Woaɖe Ahedada Ða
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Madidi O, Ame Aɖeke Magada Ahe O!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Srɔ̃ Yesu Ƒe Kpɔɖeŋu Eye Nàtsɔ Ðe Le Eme Na Ame Dahewo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1998
g98 6/8 axa 3

Ðevi aɖe si Wona Ŋkɔe be Ahedada

ŊUTSU aɖe le Afrika-kɔƒe sue aɖe me si ŋkɔe nye Okot eye edzɔ dzi na wo kple srɔ̃a Matina esi wòdzi woƒe vi gbãtɔ si nye nyɔnu. Ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo va kɔƒea me tsɔ nunanawo vɛ eye wogblɔ nyuidinamenyawo be ɖevia nanɔ agbe didi le dzidzɔ me.

Agbenɔnɔ sesẽ na atsu kple asia eye nu ʋee aɖewo koe le wo si. Anyigba sue aɖe dzie wodea agble ɖo, eye woƒe aƒe si me Matina dzi vi ɖo la nye bexɔ si wotsɔ anyikpe tu. Woɖoe kplikpaa be yewoawɔ dɔ sesĩe ana nuwo naka ɖe eme na yewo vi gbãtɔa wu alesi wònɔ na yewo. Wona ŋkɔ wo vinyɔnua be Acan, si gɔmee nye “Ame Dahee Menye,” be wòaɖo ŋku taɖodzinu sia dzi na yewo.

Etsɔme kae le Acan si? Ne eƒe agbenɔnɔ ava nɔ abe wo dedukɔ me vi geɖe tɔ ene la, ke ɖewohĩ masrɔ̃ nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ akpɔ o. Ne eva tsi eye wòte ŋu kpɔ dɔ wɔ la, ɖewohĩ ga si wòakpɔ le ƒe bliboa katã me anɔ abe dɔlar 190 ko ene. Eye le woƒe dukɔa me la, ƒe 42 koe nye amewo ƒe agbenɔƒe ƒe didime le mamã dedie nu.

Menye Acan koe le nɔnɔme wɔnublanui sia me o. Le ame biliɔn 6 kloe siwo le anyigba dzi egbea dome la, ga si amesiwo ade biliɔn 1.3 kpɔna le ƒe bliboa me medea dɔlar 370 o. Le dukɔ deŋgɔwo me la, enye dɔlar 21,598 le mamã dedie nu. Ame 67,000 bubuwo zua ame dahewo gbesiagbe, si ade ame miliɔn 25 ƒe sia ƒe. Dukɔ madeŋgɔwo mee woƒe akpa gãtɔ le—le Afrika, Asia, kple Latin Amerika. Gake le dukɔ deŋgɔwo gɔ̃ hã me la, amewo li da ahe. Eye ame dahe siwo le xexeame dometɔ 7 le 10 ɖesiaɖe me nye nyɔnuwo.

Ame akpa gãtɔ mete ŋu sina le ahedada kolikoli nu o. Ena womete ŋu kpɔa agbemenuhiahiã vevitɔwo o—nuɖuɖu, nudodowo, kple nɔƒe. Ate ŋu axɔ ablɔɖe le wo si, aklo bubu le wo ŋu, ana womade suku o, eye womakpɔ lãmesẽ o. Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ gblɔ be: “Ahedada kpɔa ŋusẽ vɔ̃ɖi ɖe ame dzi le amegbetɔ ƒe agbenɔnɔ ƒe ɣeyiɣi ɖesiaɖe me, tso esime wofɔ ame ƒe fu vaseɖe eƒe kugbe ke. Ewɔa ɖeka kple dɔléle vɔ̃ɖitɔwo kple esiwo me vevesese le hegblẽa amesiwo katã ŋu wòle ƒe agbe dome.”

Gake ɖe amewo ƒe agbenɔnɔ mele kakam ɖe eme le dukɔ madeŋgɔwo me oa? Le ɖewo me la, míagblɔ be ẽ. Le bubu geɖe gome la, míagblɔ be ao. Magazine si nye Choices si ku ɖe amegbetɔ ƒe ŋgɔyiyi ŋu la gblɔ le nya si amewo gblɔna be “ame dahewo ƒe nɔnɔme le kakam ɖe eme ŋutɔ” la ŋu be enye ‘nyakpakpa si me afɔku le.’ Egblɔ boŋ be: “Le nyateƒe me la, míele xexe si me mã le ganya gome, le dukɔwo dome kple le dukɔawo ŋutɔ me la me.”

Ðe ahedada ayi edzi awɔ fu amegbetɔƒomea tegbeea? Nyɔ! adzro nya sia si keke ta la me le nyati eve siwo kplɔe ɖo me eye wòafia nusi anye egbɔkpɔnu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe