Ðe Lãmesẽ Deblibo Nye Drɔ̃e aɖe Koa?
ÈDZE dɔ sesẽ aɖe kpɔ alo wowɔ dɔ sesẽ aɖe na wò kpɔa? Ne edzɔ ɖe dziwò kpɔ la, ke ɖewohĩ èva kpɔ ŋudzedze geɖe ɖe agbe ŋu azɔ. Gake aleke ke wò lãmesẽ le o, èxɔe se be míate ŋu anɔ lãmesẽ deblibo mea? Ðewohĩ esi dɔlélewo abe kansa alo dzidɔ siwo gbãa lãme na ame li ta la, awɔ abe nusia gbɔ manya ɖo o ene. Le nyateƒe me la, mía dometɔ akpa gãtɔ dzea dɔ enuenu. Ke hã lãmesẽ deblibo me nɔnɔ menye drɔ̃e aɖe ko o.
Ðe wowɔ amegbetɔ be wòanɔ lãmesẽ nyui me, menye be wòanɔ akɔ kpem kple dɔléle kple ku hafi o. Eyata bene woaɖu dɔléle kple ku dzi la, Yehowa to Kristo Yesu ƒe tafevɔsa dzi na nusi dzi míanɔ te ɖo akpɔ lãmesẽ deblibo kple agbe mavɔ la mí. “Ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.” (Yohanes 3:16) Amesiwo anɔ Mawu ƒe xexe yeye si ƒe ŋugbe wòdo me la magakpe akɔ kple lãmegbegblẽ alo amegãkuku o. Ne nenemae wòadzɔ la, ke nukae adzɔ ɖe dɔlélewo dzi?
Gbɔdzɔekpɔkpɔ tso Dɔléle si Me
Alesi Yesu Kristo da gbe le dɔnɔwo ŋu la nye kpɔɖeŋu. Woƒo nu tso gbedada mawo ŋu be: “Ŋkunɔwo le nu kpɔm, eye tekunɔwo le azɔli zɔm, anyidzelawo ŋuti le kɔkɔm, eye tokunɔwo le nu sem, ame kukuwo le tsitre tsim, eye wole nyanyui la gblɔm fia ame dahewo.” (Mateo 11:3-5) Ẽ, dɔnɔ siwo katã va Yesu gbɔ la ‘ƒe lãme sẽ keŋkeŋ.’ (Mateo 14:36) Ewɔe be, “esi ameha la kpɔ bena, aɖetututɔwo le nu ƒom, ame glɔmɔwo le dzɔdzɔm, tekunɔwo le azɔli zɔm, eye ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm la, woƒe mo wɔ yaa, eye wokafu Israel ƒe Mawu la.”—Mateo 15:31.
Nyateƒee, togbɔ be ame aɖeke meli egbea si ate ŋu ada dɔ siawo ƒomevi o hã la, kakaɖedzi ate ŋu anɔ mía si be woana ameƒomea nade blibo keŋkeŋ, woada susume kple ŋutilãme dɔ ɖesiaɖe nɛ le Mawu ƒe dziɖuɖu te. Woŋlɔ Mawu ƒe ŋugbedodoa ɖe Nyaɖeɖefia 21:3, 4 be: “Kpɔ ɖa, Mawu ƒe agbadɔ la le amewo gbɔ, eye wòanɔ anyi kpli wo, eye woawo hã woanye eƒe dukɔ, eye Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo, eye wòanye woƒe Mawu. Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.”
Kpɔ xexe si me atikeɖaƒe aɖeke loo alo kɔwo dzi, amekoko, alo dɔyɔmɔnu magahiã le o ɖa le susu me! Gakpe ɖe eŋu la, le Paradiso si woagaɖo anyi me la, blanuiléle kple susumedɔwo azu gbaɖegbenyawo. Vivisese ŋutɔŋutɔ anɔ agbe me; eye dzidzɔkpɔkpɔ anɔ ame me ɖaa. Le nyateƒe me la, Mawu ƒe ŋusẽ mavɔ la agbɔ agbe ŋutilã ƒe ɖokuiɖɔɖɔɖoŋutetewo, eye tafea ƒe viɖewo aɖe nusi nuvɔ̃ gblẽna le ame ŋu la ɖa. “Duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.”—Yesaya 33:24.
Mɔkpɔkpɔ wɔnuku ka gbegbee nye esi—be míanɔ ŋutilãme kple gbɔgbɔ me lãmesẽ deblibo me le Mawu ƒe Fiaɖuƒea me! Esi nèyia edzi kpɔa egbɔ be yeƒe agbenɔnɔ da sɔ eye wòdea lãmesẽ dzi ko la, kpɔ mɔ na Mawu ƒe xexeme yeyea ƒe yayrawo. Neva eme be Yehowa ‘natsɔ nu nyui aɖi ƒo na wò le wò agbemeŋkekewo katã me, eye wò ɖekakpuinyenye naganɔ yeye me ɖaa abe hɔ̃ tɔ ene’!—Psalmo 103:5.