INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g98 8/8 axa 18-19
  • Kenya ƒe Gbenyi Siwo Zu Tsyɔ̃eviwo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kenya ƒe Gbenyi Siwo Zu Tsyɔ̃eviwo
  • Nyɔ!—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Gbenyi Nyinyi
  • Etsɔme Kae Li na Tsyɔ̃eviawo?
  • Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu
    Nyɔ!—2015
  • Dukɔa ƒe Tsaɖibɔ si Le Nairobi—Afisi Lãwo Tsana le Faa
    Nyɔ!—2003
  • Amegbetɔ Le Nu Gblẽm le Dzɔdzɔme Ŋu
    Nyɔ!—2001
Nyɔ!—1998
g98 8/8 axa 18-19

Kenya ƒe Gbenyi Siwo Zu Tsyɔ̃eviwo

ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE KENYA GBƆ

NUKAE dzɔna ɖe gbemelã maɖino dzi ne wòɖe ɖa le edzilawo ŋu? Lã lénuwo ate ŋu alée bɔbɔe. Be woaxe mɔ ɖe esia nu la, lãwo dzikpɔla siwo le Kenya la léa lã maɖino mawo tsɔ yina ɖe lã siwo zu tsyɔ̃eviwo dzikpɔƒee. Teƒe siawo dometɔ ɖeka si wonya nyuie lae nye Dukɔa ƒe Lãwo ƒe Abɔ si le Nairobi si dzi Daphne Sheldrick kpɔna. Sheldrick tsɔ ƒe gbogbowo nyi lã geɖe siwo dometɔ aɖewoe nye to, avugbɔ̃e, dzogolo, gbeha, aglã, atiglinyi kple gbenyiwo eye wògbugbɔ wo ɖo ɖe gbe me emegbe.

Le ƒe si va yi me la, gbenyi yibɔ vi eve siwo ŋkɔe nye Magnette kple Magnum nɔ egbɔ. Magnette nye Edith, gbenyi si gale agbe le Nairobi Lãwo ƒe Abɔ me la ƒe vi. Wotsɔ gbenyivi sia va lã zutsyɔ̃eviwo dzikpɔƒea le February 1997 ƒe domedome, esi na be le mɔ aɖe nu la, wòɖe ɖa le dadaa ŋuti. Exɔ ŋkeke atɔ̃ hafi lãwo dzikpɔlaawo ke ɖe Magnette dada ŋu. Ɣemaɣi la, mɔkpɔkpɔ gobi aɖeke meganɔ anyi be dadaa agaxɔ via o le ɣeyiɣi didi si tso wo dome kple amegbetɔwo ƒe ʋeʋẽ si ɖe ɖe lãa ŋuti ta.

January 30, 1997 dzie wodzi Magnum, eye gbenyi si wona ŋkɔe be Scud si ɖɔ li eƒe nuɖusime ŋgɔgbefɔ ɖewohĩ esime wòge ɖe do me esi wònɔ du ƒum sesĩe la ƒe vie wònye. Togbɔ be wodze agbagba ɖesiaɖe le eŋu be abia naku hã la, eƒe ƒu xɔ dɔ, si va bia be woawu Scud le Magnum dzidzi kwasiɖa etɔ̃ megbe ko.

Gbenyi Nyinyi

Gbenyiviwo dina be yewoado dzidzɔ na ame eye wo dzi kpɔkpɔ hã le bɔbɔe, gake womate ŋu anyi wo le aƒeme o. Le gaƒoƒo ene ɖesiaɖe me le ŋkekea me la, wonoa nyinotsi si ŋgɔ womekpa ami le o atukpa gã ɖeka. Woɖua gbe hã. Togbɔ be gbenyiviwo ƒe kɔkɔme anɔ sentimeta 40 pɛ ko eye woƒe kpekpeme anɔ kilogram 30 va ɖo 40 le wo dziɣi hã la, wololona kabakaba ŋutɔ—wokpena ɖe edzi kilogram ɖeka gbesiagbe! Ne gbenyi tsi nyuie la, eƒe kpekpeme wua tɔn ɖeka.

Wo dzikpɔlawo kplɔa Magnette kple Magnum ɖia tsae le abɔa me gbesiagbe. Menye kamedede ɖeɖe ta koe wotsana ɖo o; tameɖoɖo vevi aɖe tae—be gbea me namã gbenyiawo. Mina míabu alesi wowɔnɛ ŋu kpɔ.

Gbenyiwo mekpɔa nu nyuie o, gake nuʋeʋẽse ƒe ŋutete tɔxɛ aɖe le wo si eye woɖoa ŋku nu dzi ale gbegbe. Eyata ʋeʋẽ dzie gbenyiwo tona dzea si wo nɔewo. Gbenyiwo lia kɔ woƒe mi eye woɖɔa aɖuɖɔ ɖe gbe dzi tsɔ dea dzesi woƒe anyigbamamã ƒe liƒowoe.

Le dzɔdzɔme nu la, gbenyi lae kpɔa via ta, eƒe ʋeʋẽ tɔxɛa wɔa ɖeka kple dadaa tɔ vaseɖe esime wòagadzi vi bubu. Va ɖo ɣemaɣi la, gbenyiawo xɔa ɖevia ɖe wo nɔewo dome bliboe. Le yeyewo abe Magnette kple Magnum ene gome la, nyaa to vovo. Ele be woanyè mi ɖe gbenyi siwo le nutoa me xoxo la ƒe mi siwo woli kɔ ɖi la dzi hafi woava ke ɖe wo ŋuti kura gɔ̃ hã. Eyata le woƒe gbesiagbe tsaɖiɖi didia me la, gbenyi siwo zu tsyɔ̃eviwo la nyèa mi ɖe mi siwo woli kɔe ɖe gbea me la dzi. To mɔ sia dzi la, gbenyi xoxoawo sea woƒe ʋeʋẽwo, wodia wo, eye wolɔ̃na wovaa wo dome mlɔeba. Eyata gbenyi siwo ame nyi la tɔtrɔ yi gbe mee nye wɔna sesẽ aɖe si ate ŋu axɔ ƒe geɖe.

Etsɔme Kae Li na Tsyɔ̃eviawo?

Xexeame Habɔbɔ ƒe Ga Hena Gbemelãwo Takpɔkpɔ ƒe dɔwɔhawo gblɔ be le ƒe 1970 me la, gbenyi yibɔ siwo ade 65,000 ye nɔ Afrika. Egbea womagade 2,500 o. Lãfiwula siwo wua gbenyiwo le woƒe ŋutigbalẽ kple dzo tae na wovɔ alea gbegbe. Adzamesitsalawo ƒlea gbenyi ƒe dzo wòxɔa asi wu sika kpekpeme ma ke ƒe home. Nukatae wòxɔ asi alea gbegbe ɖo?

Nusiwo tae dometɔ ɖekae nye be le Ɣedzeƒeʋĩ dukɔ aɖewo me la, ame geɖewo xɔ se be lãdzo tutu ate ŋu ana asrã naka ɖe eme. Atikewo ŋuti dodokpɔwo fia be ate ŋu anɔ eme gake dzaa wozãe le agbɔsɔsɔ gã si wu esiwo le egbe tikewo me ko hafi. Gake atike bubu geɖewo hã li siwo nana asrã kana ɖe eme.

Wodia gbenyi ƒe dzo ɖe dekɔnuwo wɔwɔ hã ta. Le Titina Ɣedzeƒe dukɔ aɖe me la, adekpui si woxa la nye ŋutsunyenye ƒe dzesi. Wodea asixɔxɔ adekpui si ƒe asiléƒe wotsɔ gbenyi ƒe dzo kpae ŋu ale gbegbe be eƒlelawo lɔ̃na be yewoaxe $580 ɖe esi ƒe asiléƒe wotsɔ dzo yeye kpae la ta eye woxea $1,200 ɖe esi ƒe asiléƒe wotsɔ dzo xoxo kpae ta.

Le lãfifiwu sia ta la, mede ƒe 20 hafi Kenya ƒe gbenyiwo dometɔ 95 le alafa me ɖeɖe tsrɔ̃ o. Va ɖo ƒe 1990 ƒeawo ƒe gɔmedzedze la, woƒe agbɔsɔsɔme dzi ɖe kpɔtɔ tso 20,000 va ɖo 400 ko. Le takpɔkpɔ ƒe afɔɖeɖe nyui si wowɔ tso ɣemaɣi dzi ta la, gbenyiwo dzi ɖe edzi va ɖo abe 450. Fifia Kenya nye Afrika-dukɔ etɔ̃ siwo ko me gbenyi yibɔwo ƒe agbɔsɔsɔ le dzidzim ɖe edzi le la dometɔ ɖeka. Eyata etsɔme nyui aɖe le Magnette kple Magnum si, eye enye wo dzikpɔlawo ƒe mɔkpɔkpɔ be woawɔ ɖeka kple gbenyi siwo li xoxo la eye woanɔ agbe didi si me dzidzɔ le.

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Magnum (miame) kple Magnette esime woxɔ dzinu ene

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe