INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g98 8/8 axa 5-7
  • Ðe Wòle Be Míaɖo Ŋku Tsã Dzia?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Wòle Be Míaɖo Ŋku Tsã Dzia?
  • Nyɔ!—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Sedede Ana Woaŋlɔe Bea?
  • Amesiwo Adi be Yewoaɖee le Susu Me
  • Womeŋlɔa Nu Be O
  • Nukatae Woaɖo Ŋku Edzi?
  • Tsɔtsɔke Ahaŋlɔe Be Anya Wɔa?
    Nyɔ!—1998
  • Ŋutasẽnuwɔnawo Nukae Mawu Atsɔ Akpɔ Wo Gbɔe?
    Nyɔ!—1998
  • Alesi Nàwɔ Aɖo Ŋku Nu Dzi Wu
    Nyɔ!—1992
  • Nu Ka Tae Mawu Ðe Mɔ Nazitɔwo Tsrɔ̃ Yudatɔwo?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1998
g98 8/8 axa 5-7

Ðe Wòle Be Míaɖo Ŋku Tsã Dzia?

“ÐE YUDATƆWO ate ŋu aŋlɔ Ametsɔtsrɔ̃ Gã la bea?” Virgil Elizondo si nye tatɔ le Amerika Mexicotɔwo ƒe Dekɔnuwo Wɔƒe le San Antonio, Texas, ye bia nya ma. Esia ɖo ŋku edzi na mí be ŋutasẽnu siwo wowɔ le ƒe alafa sia me ate ŋu atsi susu me na amesiame ɖikaa. Ele be míayɔ Armeniatɔwo wuwu (1915-23) kple Cambodiatɔ gbogbo aɖewo wuwu (1975-79) akpe ɖe ƒe alafa 20 lia sia me ŋutasẽnuwɔnawo ŋu. Ke hã mese ɖe afima o.

Ɣeaɖewoɣi esi subɔsubɔhakplɔlawo kple dunyahelawo di be yewoana amesiwo wofia fui kple fufialawo nawɔ ɖeka la, wogblɔ na ameawo be woaŋlɔ ŋutasẽnu siwo wowɔ wo la be. Le kpɔɖeŋu me, nya sia dzɔ le Athens, Greece, le ƒe 403 D.M.Ŋ. me. Akpasesẽdziɖula Blaetɔ̃awo ƒe amedzizizidziɖuɖu sesẽ, si me ame ʋee aɖewo ko ɖu dzi le heɖe woƒe futɔwo katã kloe ɖa eye wonyã wo ŋutɔŋutɔ gɔ̃ hã va nuwuwu le dua me eteƒe medidi o. Bene ɖekawɔwɔ nanɔ dumeviawo dome ta la, dziɖula yeyeawo de tsɔtsɔkese (Helagbe me nya si wozã gɔmee nye “ɖekemanyamanya” alo “ŋkumaɖomaɖonudzi”) le ŋutasẽdziɖuɖu si nu va yi dzidelawo ta.

Ðe Sedede Ana Woaŋlɔe Bea?

Anya wɔ ya be woate kpɔ ade se bene woaŋlɔ ŋutasẽnu siwo wowɔ ɖe fɔmaɖilawo ŋu be. Dziɖulawo ate ŋu awɔ nusia ɖe dunyaheviɖewo ta, abe alesi wowɔe le blema Greece kple Europa-dukɔ geɖe me esi Xexemeʋa II ke ene. Le kpɔɖeŋu me nyadzɔdzɔgbalẽ si nye La Repubblica gblɔ be le Italy la, wode tsɔtsɔkese le ƒe 1946 me le dumevi 200,000 kple edzivɔ siwo “ɖi fɔ le esi woƒe asi nɔ Fasi-dziɖuɣia ƒe nutovowɔwɔwo me vevie alo le mɔ aɖe nu” la ta.

Gake dziɖuɖuwo kple habɔbɔwo ƒe nyametsotsowo le vovo. Dumevi ɖekaɖekawo hã ƒe seselelãmewo nye nu bubu kura. Manya wɔ be woade se wòazi dumevi ɖekaɖekawo dzi—ɖewohĩ wɔnamanɔŋutɔ siwo kpe fu le aʋawɔwɔ vɔ̃ɖiwo, amehawo tsɔtsrɔ̃, alo tagbɔsesẽnuwɔnawo me—be woaŋlɔ fu siwo wokpe va yi be o.

Ame miliɔn alafa geɖe ku le ƒe alafa sia ɖeɖeko ƒe aʋawɔwɔwo me, eye geɖe kpe fu manyagblɔwo hafi ku. Ne ɖe míatsɔ ameha hoo siwo wowu le dziɖeɖi ɣeyiɣiwo me akpee la, anye ne ŋutasẽnuwɔnaawo asɔ gbɔ ŋutɔ. Ame geɖe wɔa nusianu si woate ŋui be yewomagaŋlɔ nusiawo dometɔ aɖeke be o.

Amesiwo Adi be Yewoaɖee le Susu Me

Zi geɖe amesiwo xlɔ̃a nu amesiwo ŋu wosẽ ŋuta le alo xlɔ̃a nu woƒe megbeviwo be woatsɔe ake ahaŋlɔe be la gblɔna be ne wogale ŋku ɖom nusiwo dzɔ va yi dzi la, mamã koe wòahe vɛ vevietɔ ne ƒe bla nanewo va yi xoxo. Wogblɔna be eŋɔŋlɔbe ana ɖekawɔwɔ nava, evɔ aleke ke fukpekpeawo wɔ nublanui o, ŋkuɖoɖo wo dzi matrɔ nusiwo dzɔ va yi la o.

Gake esi ame aɖewo le agbagba dzem be yewoana amewo naŋlɔe be la, wowɔe ʋuu ŋe aɖaba ƒu fu siwo amewo kpe le hlɔ̃nu dziŋɔtɔ kekeake siwo wowɔ ɖe ameƒomea ŋu me la dzi. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo siwo wɔ wo ɖokui ŋutinyaŋlɔla tɔtrɔwɔlawoe la na ame aɖewo gblɔna be Ametsɔtsrɔ̃ Gã aɖeke medzɔ kpɔ o.a Wowɔ ɖoɖo gɔ̃ hã amewo ɖi tsa de amewusaɖa xoxowo abe Auschwitz alo Treblinka ene me, eye wogblɔ na tsaɖilaawo be aɖiyaxɔwo menɔ teƒe mawo kpɔ gbeɖe o—togbɔ be eteƒekpɔla geɖe kple kpeɖodzi gbogbowo kpakple nuŋlɔɖiwo li hã.

Aleke wòdzɔe be tɔtrɔwɔlawo ƒe alakpanukpɔsusu mawo trɔ na ame aɖewo? Elabena ame aɖewo lɔ̃ be yewoaŋlɔ yewo ŋutɔ kple yewoƒe amewo ƒe agbanɔamedziwo be. Nukata? Le dumevinyenye, woawo ŋutɔ ƒe nukpɔsusuwo, alo Yudatɔwo malɔ̃malɔ̃ alo susu bubuwo ta. Tɔtrɔwɔlawo gblɔna be ne woŋlɔ ŋutasẽnuwɔnawo be ko la, ke woaɖe susu le agbanɔamedzia hã ŋu. Gake ame geɖe gbea tɔtrɔwɔla ɖekematsɔlemetɔ siawo siwo Franse-ŋutinyaŋlɔla aɖe yɔ be “susugblẽlawo” ƒe nyawo godogodo.

Womeŋlɔa Nu Be O

Asesẽ ŋutɔ na amesiwo tsi agbe be woaŋlɔ woƒe lɔlɔ̃tɔ siwo tsi aʋa alo tsi ŋutasẽnuwɔnawo me la be. Gake amesiwo dina be yewoaɖo ŋku amehawo kple ameƒomeviwo tsɔtsrɔ̃ dzi la ƒe akpa gãtɔ ɖoa ŋku edzi kple susu be nusiwo yewoasrɔ̃ tso yewo ŋutɔ kple yewoƒe lɔlɔ̃tɔwo ƒe fukpekpewo me akpe ɖe yewo ŋu be yewoaƒo asa na anyranu mawo wɔwɔ ake.

Eyata Germany-dziɖuɖua ɖoe be yewoaɖu nu dziŋɔ siwo wova kpɔ be Nazitɔwo wɔ le Auschwitz fuwɔamegakpɔ me la ƒe azã. Le Germany-dukplɔla ƒe nya nu la, susuae nye be “ŋkuɖoɖo edzi anye nuxlɔ̃ame na dzidzime siwo gagbɔna.”

Nenema ke le Xexemeʋa II ƒe keke ƒe ƒe 50 lia ƒe azã ɖuƒe la, Papa John Paul II gblɔ be: “Esi ƒeawo va le yiyim la, mele be woaŋlɔ nusiwo dzɔ le Aʋa la me be o; ke boŋ, ele be woanye nuxlɔ̃ame sesẽ na míaƒe dzidzimea kple dzidzime siwo gagbɔna.” Gake ele be míagblɔ be Katoliko Ha la megblɔa nya ɖeka ɣesiaɣi le ŋkuɖoɖo ŋutasẽnuwɔnaawo kple amesiwo tsi wo me ɣemaɣi dzi ŋuti o.

Bene dzidzime yeyewo hã nasrɔ̃ nu tso ƒe alafa sia kple bubuwo ƒe ameƒomeviwo tsɔtsrɔ̃ me eye woanye nuxlɔ̃ame na wo ta la, wotu blemanudzraɖoƒe geɖe—si ƒe ɖewoe nye Ametsɔtsrɔ̃ Gã la Ŋuti Ŋkuɖodzi Blemanudzraɖoƒe si le Washington, D.C., kple Beit Hashoah ƒe Mɔɖeɖeɖenuŋu Blemanudzraɖoƒe si le Los Angeles. Wowɔ nyadzɔdzɔtakasinima kple sinima ʋãme bubuwo le nya sia ŋu ɖe susu sia ke ta. Ðe wole nusiawo katã wɔm kple susu be woana ameƒomea nagaŋlɔ eƒe ame siwo kpea fu le ame bubuwo si me la be o.

Nukatae Woaɖo Ŋku Edzi?

Spaintɔ si wodzi ɖe Amerika si nye xexemenunyala George Santayana ŋlɔ be: “Amesiwo mate ŋu aɖo ŋku tsã nuwɔnawo dzi o la agawɔe kokoko.” Nublanuitɔe la, edze abe esi ƒe akpeakpewo va le yiyim la, ameƒomea ŋlɔa nusiwo me wòto va yi be kaba ene, ale be wògawɔa vodada gã mawo ke kokoko enuenu.

Alesi tso gbaɖegbe ke amegbetɔ tsɔ ŋutasesẽ le amehawo wum atraɖii la ɖo kpe edzi be amegbetɔ ƒe nɔvia amegbetɔ dzi ɖuɖu do kpo nu keŋkeŋ. Nukatae wòle alea? Elabena amegbetɔ gale vodada ɖeka ma wɔm kokoko—wogbe Mawu kple eƒe sewo. (Mose I, 3:1-6; Nyagblɔla 8:9) Eye abe alesi wogblɔe ɖi le Biblia me ene la, egbea hã ‘dzidzime totro kpaɖikpaɖi’ aɖe gale nu ma ke wɔm eye wòle emetsonuawo teƒe kpɔm.—Filipitɔwo 2:15; Psalmo 92:8; Timoteo II, 3:1-5, 13.

Esi wònye míeyɔ Wɔla, Yehowa, le míaƒe numedzodzroa me la, ke nukae nye eƒe nukpɔsusu? Nukae wòŋlɔna be, eye nuka dzie wòɖoa ŋkui? Ðe míate ŋu aɖu ŋutasẽnu veame siwo wɔm amegbetɔ le tso blema ke dzia? Ðe ‘ame vɔ̃ɖiwo ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ nu atsoa’?—Psalmo 7:10.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Ne èdi numeɖeɖe bubuwo le ŋutinyaŋlɔla tɔtrɔwɔlawo ƒe nyawo ƒe alakpanyenye ŋu la, taflatse kpɔ nyati si nye “Ametsɔtsrɔ̃ Gã La—Nyateƒee, Edzɔ Ŋutɔŋutɔ!,” si wota ɖe April 8, 1989 ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ!, axa 4-8.

[Blurb/Pictures on page 7]

“Amesiwo mate ŋu aɖo ŋku tsã nuwɔnawo dzi o la agawɔe kokoko.”—George Santayana

Amekukufiãƒe kpakple dzokpo le Auschwitz fuwɔamegakpɔ me

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Oświęcim Museum

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe