INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g98 8/8 axa 16-17
  • Ðe Wò Awudodo Kple Dzadzraɖo Le Vevie na Mawua?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Wò Awudodo Kple Dzadzraɖo Le Vevie na Mawua?
  • Nyɔ!—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ame Ŋutɔ ƒe Nyae
  • “Le Ŋukpekpe Kple Ðokuidziɖuɖu Me”
  • Nu Si Tae Wòle Be Míabu Míaƒe Awudodo Kple Dzadzraɖo Ŋu Nyuie
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Awudodo Ðe Nɔnɔme Nyui me Ðea Mawuvɔvɔ̃ Fiana
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Nudzeamewɔwɔ le Awudodo Kple Dzadzraɖo Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • Ðe Wò Awudodo Dea Bubu Mawu Ŋua?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1998
g98 8/8 axa 16-17

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Ðe Wò Awudodo Kple Dzadzraɖo Le Vevie na Mawua?

“Abe Alesi Agbalẽ Me Nyawo Diƒe Fiaa Nusi Le Agbalẽa Me Ene La, . . . Nenema Ke Ŋutsu Alo Nyɔnu Ƒe Gotagome Dzedzeme Kple Nudodowo Fiaa Amesi Ƒomevi Amea Nye La Mí.”—Eŋlisi fefeŋlɔla Philip Massinger.

LE ƑE alafa etɔ̃lia M.Ŋ. me la, sɔleme ŋutinyaŋlɔla Titus Clemens ŋlɔ se gbogbo aɖewo ku ɖe awudodo kple dzadzraɖo ŋuti. Wode se ɖe atsyɔ̃ɖonuwo kple nudodo dzeaniwo alo esiwo wode amae nu. Mele na nyɔnuwo be woade ama woƒe ɖa alo “asi nusiwo dea susu vɔ̃ tame na ame ɖe mo o,” eyae nye “nusisi ɖe mo.” Wogblɔ na ŋutsuwo be woako ta elabena “takoko . . . ɖea ŋutsu fiana be eɖo mo vevi,” gake mele be wòaka asi eƒe ge ya ŋuti o, elabena “edea bubu eƒe mo eye wònaa vifofonyenye ƒe vɔvɔ̃ nɔa eŋu.”a

Le ƒe alafa geɖe megbe la, Protestanttɔwo ƒe ŋgɔnɔla John Calvin wɔ sewo tsɔ tɔ asi awu si ƒomevi eyomedzelawo ado kple awuawo ƒe amadede dzi na wo. Meda asi ɖe dzonu kple kanulɔlɔ̃wo zazã dzi o, eye wote ŋu dea nyɔnu mɔ̃ be ewɔ ɖa “wòkɔ abe gbolowo tɔ ene.”

Nukpɔsusu gbɔme siawo siwo dzi subɔsubɔhakplɔlawo da asi ɖo le ƒe siwo va yi me la na anukwaretɔ geɖewo bia be, Ðe nye nudodowo le vevie na Mawua? Ðe awu ƒomevi aɖewo alo lekewɔnu zazã medzea eŋu oa? Nukae Biblia la fia?

Ame Ŋutɔ ƒe Nyae

Enyo be míade dzesii be Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo abe alesi woŋlɔe ɖe Yohanes 8:31, 32 ene be: “Ne mienɔ nye nya me la, . . . miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe la lawɔ mi ablɔɖeviwoe.” Vavãe, nyateƒe siwo Yesu fia la ƒe taɖodzinu aɖee nye be wòaɖe amewo tso agba kpekpe siwo kɔnyinyiwo kple alakpanufiafiawo da ɖe wo dzi la te. Wotrɔ asi le wo ŋuti be wòana dzudzɔ amesiwo le ‘agbagba dzem, eye agba le wo wum la.’ (Mateo 11:28) Menye Yesu alo Fofoa, Yehowa Mawu, ƒe didi be yewoakpɔ ŋusẽ ɖe amewo ƒe agbe dzi ale gbegbe be woa ŋutɔwo magate ŋu aɖe afɔ aɖeke ahawɔ woƒe susu ŋudɔ le nusiwo nye ame ŋutɔ ƒe nya me o. Yehowa di be woazu ame tsitsi siwo “to ŋudɔwɔwɔ me kpɔ sidzenu, siwo nu mã wo, be woabu nyui kple vɔ̃ me kpɔ.”—Hebritɔwo 5:14.

Eyata Biblia mede awudodo kple dzadzraɖo alo lekewɔnuwo zazã ƒe se bubu aɖeke wu awu aɖewo siwo Mose ƒe Se la de na Yudatɔwo be wòana woato vovo tso dukɔ siwo ƒo xlã wo kple woƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo gbɔ la o. (Mose IV, 15:38-41; Mose V, 22:5) Le Kristotɔwo ƒe ɖoɖoa me la, ame ŋutɔ ƒe nya koŋ ye awudodo kple dzadzraɖo si dze la nye.

Gake esia mefia be Mawu metsɔ ɖeke le míaƒe nudodowo me alo be ‘nusianu sɔ’ o. Ke boŋ mɔfiame siwo me susu le la le Biblia me siwo ɖe Mawu ƒe nukpɔsusu le awudodo kple dzadzraɖo ŋuti fia.

“Le Ŋukpekpe Kple Ðokuidziɖuɖu Me”

Apostolo Paulo ŋlɔ be Kristotɔ nyɔnuwo “nado awu ɖe nɔnɔme nyui me, eye woawɔ leke na wo ɖokui le ŋukpekpe kple ɖokuidziɖuɖu me; menye kple ɖaƒoƒo vivivo kple sika alo adzagbawo alo awu xɔasi dodo o.” Nenema ke Petro hã mede “gota gome lekewɔwɔ to ɖaƒoƒo kple sikadodo” vivivo ƒe dzi ƒo o.—Timoteo I, 2:9; Petro I, 3:3.

Ðe Petro kple Paulo nɔ fiafiam be mele be Kristotɔ nyɔnuwo kple ŋutsuwo nalé be na wo ɖokui oa? Kura o! Le nyateƒe me, Biblia yɔ ŋutsu kple nyɔnu nuteƒewɔla siwo do dzonu alo wɔ leke na wo ɖokui eye wosi ami ʋeʋẽ la ƒe ŋkɔwo. Hafi Ester nado ɖe nukpɔla siwo dome Fia Axasweros nɔ ŋku me la, wosi ami ʋeʋẽ kple atike nɛ ɣeyiɣi didi aɖe be wòdze tugbe ɖe edzi. Wodo aklalabiɖibiɖiwu kple sikakɔsɔkɔsɔ na Yosef hã.—Mose I, 41:42; Mose II, 32:2, 3; Ester 2:7, 12, 15.

Nya “ɖokuidziɖuɖu” si Paulo zã la kpe ɖe mía ŋu míese nuxlɔ̃ame sia gɔme. Helagbe me nya si me woɖee tsoe la fia dadasɔ kple ɖokuidziɖuɖu. Esia bia ame ɖokui ŋu bubu nyuie, be womahe amewo ƒe susu dzodzro o. Biblia gɔmeɖeɖe bubuwo ɖe nya sia gɔme be “aɖaŋutɔe,” “nunyatɔe,” “alesi sɔ,” alo “le ɖokuiléle me.” Nɔnɔme sia nye nu vevi aɖe si wodi tso Kristotɔ hamemegãwo si.—Timoteo I, 3:2.

Eyata esi Ŋɔŋlɔawo gblɔ na mí be ele be míaƒe awudodo kple dzadzraɖo nasɔ eye wòanɔ nɔnɔme nyui me la, ede dzi ƒo na mí be míatsri atsyã siwo gbɔ eme siwo atɔ ŋku eye wòado vlo mía ŋutɔwo kple Kristo-hamea. Le esi amesiwo gblɔna be Mawu vɔ̃lawoe yewonye naɖo atsyɔ̃ atsɔ ahe amewo ƒe susu va wo ɖokui dzii teƒe la, ele be woaɖe ɖokuidziɖuɖu afia eye woaɖe “dzime ƒe ame ɣaɣla le gbɔgbɔ fatu, si nɔa anyi kpoo la, ƒe nɔnɔme magblẽmagblẽ me” afia geɖe wu boŋ. Petro wu enu be, esia “xɔ asi sesẽ le Mawu ƒe ŋku me.”—Petro I, 3:4, míawoe te gbe ɖe edzi.

Kristotɔwo nye “nukpɔkpɔ na xexeame.” Ele be woanɔ ŋudzɔ ɖe alesi woƒe nuwɔna naa amewo bua woe ŋuti, vevietɔ esi wode dɔ asi na wo be woaɖe gbeƒã nyanyuia ta. (Korintotɔwo I, 4:9; Mateo 24:14) Eyata womadi be yewoana naneke, yewoƒe dzedzeme gɔ̃ hã, nahe amewo ƒe susu ɖa le gbedasi vevi ma sese ŋu o.—Korintotɔwo II, 4:2.

Togbɔ be nuto ɖesiaɖe kple eƒe awudodo ƒe atsyã hã la, Biblia na mɔfiame si me kɔ hesɔ la amewo be woate ŋu awɔ tiatia si me nunya le. Zi alesi amewo wɔ ɖe gɔmeɖose siawo dzi ko la, Mawu ɖe mɔ lɔlɔ̃tɔe na amesiame be wòatia awudodo kple dzadzraɖo si dze eya ŋutɔ ŋu la faa.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Wotro Ŋɔŋlɔawo me nyawo be woatsɔ ado ŋusẽ se siae. Togbɔ be Biblia megblɔ alea o hã la, mawunyaŋununyala xɔŋkɔ Tertullian fia nu be esi wònye nyɔnue nye “nuvɔ̃ gbãtɔ kple ameƒomea ƒe fɔbubu tsoƒe . . . ta” la, ele be nyɔnuwo nanɔ tsatsam “abe Xawa ene anɔ konyi fam eye woatrɔ dzime.” Le nyateƒe me la, ete tɔ ɖe edzi be ele be nyɔnu siwo dze tugbe tso dzɔdzɔme la naɣla woƒe tugbedzedze gɔ̃ hã.—Tsɔe sɔ kple Romatɔwo 5:12-14; Timoteo I, 2:13, 14.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe