INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g98 9/8 axa 26-28
  • Aleke Mawɔ Akpɔ Ga?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aleke Mawɔ Akpɔ Ga?
  • Nyɔ!—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Egɔmedzedze
  • Dɔbiabia
  • Dɔwɔwɔ le Ðokuiwò Si
  • Da Sɔ Nyuie!
  • Nukae Gblẽ le Gadidi Ŋu?
    Nyɔ!—1997
  • Se Vivi Na Dɔ Si Nèwɔna
    Ale Si Nàwɔ Anɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa
Nyɔ!—1998
g98 9/8 axa 26-28

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Aleke Mawɔ Akpɔ Ga?

“Mele dɔ aɖe si me ga geɖe le la dim.”—Tanya.

SƆHƐ geɖewo sena le wo ɖokui me abe Tanya ene. Ðekakpui aɖe si ŋkɔe nye Sergio gblɔ be: “Mele ga dim matsɔ ƒle kaa eye be mate ŋu ƒle nudodowo. Nyemedi be manye agba na dzinyelawo le nusianu me o.” Susu ma ke le ɖetugbi aɖe si ŋkɔe Laurie-Ann hã si le dɔwɔwɔ ŋu. Egblɔ be: “Nyɔnuvie menye, eye nuƒeƒle le fiase me dzɔa dzi nam.”

Eyata mewɔ nuku o be U.S.News & World Report magazine gblɔ be: “[Le United States] sukukɔkɔdela xɔ mamlɛa me tɔwo kple amesiwo le xɔ bubuwo me dometɔ 3 le 4 ɖesiaɖe me yi ɖawɔa dɔ le kpakpã le suku vɔ megbe kple le kwasiɖanuwuwuwo.” Vaseɖe afi aɖe la, esia ɖe “galɔlɔ̃” vivivo si bɔ ɖe egbe ŋutilãmenudidixexe sia me la fia. (Timoteo 6:10) Gake menye sɔhɛ gadilawo katãe ɖea mɔ ŋutilãmenudidi ɖua wo dzi o.

Biblia gblɔ be, ‘ga doa vɔvɔli.’ (Nyagblɔla 7:12) Eye susu nyui geɖewo li si ta wò Kristotɔ sɔhɛ nàdi be ga aɖe sinu nanɔ ye si.a Le kpɔɖeŋu me, ɖekakpui si ŋkɔe nye Avian ɖe nusita wòwɔa dɔ ŋkeke eve le kwasiɖa ɖeka me la me be: “Ekpena ɖe ŋunye le nye gbesiagbe mɔɖeɖedɔ [ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔ] wɔwɔ me.”

Susu mawo tɔgbe ate ŋu anɔ anyi si ta nàdi be yeakpɔ ɣeyiɣi aɖe ƒe dɔ awɔ. Ðewohĩ èdi be yeayi Kristotɔwo ƒe takpekpe aɖe. Alo ɖewohĩ èhiã awu bubu aɖewo kpee siwo asɔ na dodo le hamea ƒe kpekpewo me. Le wo katã me la, nusiawo katã hiã ga. Nyateƒee, Yesu do ŋugbe be Mawu akpɔ amesiwo ‘dia Mawu Fiaɖuƒea gbãgbiagbã’ la ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo. (Mateo 6:33) Gake mefia be màwɔ naneke le ɖokuiwò si o. (Tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 18:1-3.) Ke nukae nye afɔɖeɖe nyui aɖewo siwo nàte ŋu aɖe ne èdi be yeadi ga?

Egɔmedzedze

Ne míetsɔe be dziwòlawo da asi ɖe edzi be nàdi dɔ aɖe la, nu gbãtɔ si nàte ŋu awɔe nye be nàte ɖe aƒelikawo, nufialawo, kple ƒometɔwo ŋu ana woanya be yele dɔ dim. Ne akpe ŋu na wò be nàbia wo tẽ la, àte ŋu abia dɔ si wowɔ esime wonɔ woƒe ƒewuiwo me la wo kpuie ko. Woate ŋu aɖo aɖaŋu nyui aɖewo na wò. Ame geɖe alesinu nya be nèle dɔ dim la, zi geɖe nenema ke nàxɔ nyatakaka kple mɔfiame siwo akpe ɖe ŋuwòe.

Emegbe dii le nyadzɔdzɔgbalẽ me gbeƒãɖeɖe siwo ku ɖe dɔwɔlawo didi ŋu kple fiasewo, miaƒe suku, kple dugbadza dzi teƒe bubuwo ƒe nyatakakaŋlɔɖoƒewo hã kpɔ. Ðekakpui aɖe si ŋkɔe nye Dave gblɔ be: “Nenemae mewɔ kpɔ dɔ. Melé ŋku ɖe nyadzɔdzɔgbalẽ me, meŋlɔ ŋutinye nya aɖewo ɖo ɖe wo, eye meƒo ka na wo.” Gake ènya be womeɖea gbeƒã dɔ geɖewo oa? Seventeen magazine gblɔ be “dɔ etɔ̃ sɔŋ le ewo me menɔa anyi o vaseɖe esime amesi dze va bia be dɔ aɖe li hã.” Eyata ɖewohĩ àte ŋu ana dɔtɔ aɖe nakpɔe be ehiã be yeadi dɔ na wò!

Gake aleke nàwɔe? Àsusu be ‘Nuteƒekpɔkpɔ aɖeke mele asinye o ɖe.’ Enyo, gabu eŋu kpɔ. Èkpɔ yowòmetɔ aɖe dzi esime dziwòlawo meli o alo xɔ vi na ame bubuwo kpɔa? Esia fia be àte ŋu atsɔ agbanɔamedzi. Èkpe ɖe fofowò ŋu miedzra ʋu ɖo kpɔa? Efia be àte ŋu anya nane le mɔ̃wo ŋu. Ènya mɔ̃ƒoƒo alo kɔmpiuta zazãa? Alo èxɔ dzeside nyuiwo le nane toto vɛ mea? Nusiawo nye nudidi nyui siwo ate ŋu adze amesiwo ava zu wò dɔtɔwo la ŋu.

Mègaŋe aɖaba ƒu modzakaɖedɔ siwo nèwɔna kple nusiwo dzɔa dzi na wò hã dzi o. Le kpɔɖeŋu me, ne ènya haƒomɔ̃ aɖe ƒoƒo la, kpɔe ɖa be mɔnu ʋu ɖi le eƒe fiase aɖe me hã. Edze ƒã be ètsɔa ɖe le fiasea me nuwo me, eye àte ŋu aɖo nuƒlelawo ƒe biabiawo ŋu nyuie.

Dɔbiabia

Tsɔe be woɖo ɣeyiɣi na wò be woabia gbe wò na dɔ aɖe wɔwɔ. Lé ŋku ɖe wò awudodo kple dzadzraɖo ŋuti, elabena wò dzedzeme ƒoa nu le ŋuwò. Ate ŋu aɖee fia be “ne wona dɔ wò àte ŋu awɔe, èdza, èléa be na nu”—alo mète ŋu wɔa nusiawo o. Biblia gblɔ wòsɔ ɖe edzi nyuie esi wòde dzi ƒo na Kristotɔ nyɔnuwo be ‘woado awu ɖe nɔnɔme nyui me, eye woawɔ leke na wo ɖokui le ŋukpekpe kple ɖokuidziɖuɖu me.’ (Timoteo I, 2:9) Ŋutsuwo hã le eme. Mègado awu si ƒe atsyã gbɔ eme alo si womelé be na o tsɔ yi dɔ ƒe gbebiameƒeae o, eɖanye dɔ ka ƒomevie wònye o.

Wò nɔnɔme kple wò nuwɔnawo hã gblɔa nya geɖe le ŋuwò. Tsɔ Agbenɔnɔ Ŋuti Gɔmeɖose Vevitɔ de dɔwɔna me: Wɔ nu ɖe amewo ŋu abe alesi nàdi be woawɔ ɖe ye ŋu ene. (Mateo 7:12) Wɔ ɖe game si woɖo na wò dzi. Kɔ mo eye nàzã. Wɔ nu nudzeametɔe. Ðe nusita nèbu be yedze na ɖoƒe ma la me ɖokuidodoɖedzi alo amiɖeɖe ɖe nya manɔmee. Yi nya la gbɔ tẽ.

Eŋununyala aɖewo kafui be nàtsɔ nuŋlɔɖi si me kɔ hele ɖoɖo nyui nu tso ɖokuiwò ŋu ɖe asi (alo aɖoe ɖa do ŋgɔ). Ele be wò ŋkɔ, adrɛs, telefon xexlẽdzesi, wò taɖodzinu le dɔa didi me, wò sukudede (kple nusɔsrɔ̃ tɔxɛ ɖesiaɖe si ƒe suku nède), dɔ si(wo) nèwɔ va yi (esi[wo] ŋu fetu le kple esi[wo] nye lɔlɔ̃nu faa dɔwo), aɖaŋu tɔxɛwo, nusiwo dzɔa dzi na wò kple modzakaɖedɔwo (esiawo ana woakpɔ wò ŋutetewo), eye nàŋlɔ kpee be yeate ŋu ayɔ amesiwo gbɔ woabia nya le ye ŋu le na wo ne wòahiã wo. Àte ŋu aŋlɔ amesiwo ate ŋu akafu wò na dɔa wɔwɔ la ƒe ŋkɔwo, adrɛswo, kple telefon xexlẽdzesiwo hã ɖe agbalẽ bubu dzi akpee. Gake kpɔ egbɔ be yena wonya gbã hafi. Amesiawo ate ŋu anye wò dɔtɔ xoxowo, wò nufiala, sukuɖaŋuɖola, ame tsitsi aɖe si nye xɔ̃wò—amesiame si ate ŋu aɖi ɖase le wò dɔnyanya, ŋutetewo, alo amenyenye ŋuti.

Dɔwɔwɔ le Ðokuiwò Si

Ke ne èdze agbagba ɖesiaɖe gake mèkpɔ dɔ aɖeke o ɖe? Esia dzɔna le dukɔ geɖewo me. Gake mègabu mɔkpɔkpɔ o. Dɔwɔwɔ le ɖokuiwò si ate ŋu anye egbɔkpɔnua. Viɖe kawoe le me? Àte ŋu awɔ wò ŋutɔ wò ɖoɖowɔɖi be nàte ŋu awɔ dɔ geɖe alo sue aɖe alesi dze ŋuwò. Ele eme be ɖokuisidɔwɔwɔ biana be nado vevie nu, aɖu ɖokuiwò dzi, eye nalɔ̃ be yeatso ɖe nusiwo hiã wɔwɔ ŋu.

Gake dɔ ka ƒomevi gɔmee nàte ŋu adze? Bu afisi nèle ŋu. Ðe nuhiahiã aɖewo alo dɔ aɖewo siwo wɔwɔ hiã li si ame aɖeke mele wɔwɔm oa? Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be yekpɔa dzidzɔ ɖe lãwo ŋu. Àte ŋu atsɔ ɖokuiwò ana be yeale tsi alo atrɔ asi le wò aƒelikawo ƒe aƒemelãwo ŋu woanya kpɔ eye woaxe fe na wò. Alo anye be ènya haƒomɔ̃ aɖe ƒoƒo. Àte ŋu afia eƒoƒo ame bubuwoa? Alo ate ŋu anye dɔ aɖe si amewo mebuna o, abe fesrewo ŋu kɔklɔ alo nuŋututu ene wɔwɔ. Metena ɖe Kristotɔwo dzi be woatsɔ woƒe asi awɔ dɔe o. (Efesotɔwo 4:28) Àte ŋu asrɔ̃ dɔ bubu hã kpɔ. Xlẽ agbalẽ siwo fiaa alesi woawɔ nuwoe ame le agbalẽdzraɖoƒewo, alo na xɔ̃wò aɖe nafiae wò. Le kpɔɖeŋu me, ɖekakpui si ŋkɔe nye Joshua srɔ̃ alesi woŋlɔa nu kple asinu nyuie. Emegbe edze dɔ sue aɖe gɔme nɔ nyɔnukpekpe kple kplɔ̃ɖoɖowo ƒe amekpegbalẽviwo ŋlɔm.—Kpɔ aɖaka si nye “Dɔ Siwo Nàte Ŋu Ato Vɛ.”

Nuxlɔ̃amenya aɖee nye si: Megatsɔ dzitsitsi dze dɔ aɖe gɔme hafi nàva bu nusiwo ewɔwɔ abia kple eŋuti nya bubuwo ŋu o. (Luka 14:28-30) Gbã la, dzro eme kple dziwòlawo. Azɔ hã ɖo dze tso eŋu kple amesiwo wɔ dɔ mawo ƒomevi kpɔ. Ðe woabia tso asiwò be nàxe adzɔa? Ðe wòahiã be nàxɔ mɔɖegbalẽa? Ku nu me le setɔwo gbɔ tso eŋununyawo ŋu.—Romatɔwo 13:1-7.

Da Sɔ Nyuie!

Gake ate ŋu adzɔ be nàxɔ dɔ geɖe wu alesi nàte ŋu awɔ. Laurie-Ann gblɔ le sɔhɛ aɖewo siwo kpɔ dɔ ŋu be: “Womewɔa sukudɔdasi siwo wobiana tso wo si be woawɔ le aƒeme la dometɔ geɖe o, eye ɖeɖi tea wo ŋu ale gbegbe be womete ŋu ɖoa to le suku o.” Enye nyateƒe be le xexeame ƒe akpa aɖewo la, naneke meli sɔhɛwo nawɔ tsɔ wu be woawɔ dɔ gaƒoƒo geɖe atsɔ akpe ɖe woƒe ƒomewo ŋu o. Gake ne menye nɔnɔme ma me nèle o la, nukata nàwɔ nu wòagbɔ eme? Eŋununyala akpa gãtɔ gblɔ be dɔwɔwɔ wu gaƒoƒo 20 le kwasiɖa ɖeka me esi wogale suku dem la gbɔ eme eye ana woado kpo ame ƒe taɖodzinu gbɔ ɖoɖo. Eŋununyala aɖewo kafu gaƒoƒo enyi vaseɖe ewo ko tsɔtsɔ wɔ dɔe le kwasiɖa ɖeka me.

Ne èza wò ɣeyiɣi, ŋusẽ, kple ŋutenɔnɔ fũ akpa ɖe dɔwɔwɔ ŋu le kpakpã le suku vɔ megbe la, wò lãmesẽ, wò dɔwɔwɔ le suku, kple vevietɔ wò gbɔgbɔmemenyenye adze toyiyi gɔme. Ẽ, menye ame tsitsiwo ko dzie “kesinɔnu ƒe beble kpakple nu mamlɛawo ƒe amedzodzro” vu tsyɔ o. (Marko 4:19) Eyata da sɔ nyuie. Salomo xlɔ̃ nu le dɔ geɖe akpa wɔwɔ ŋu esi wògblɔ be: “Gbɔɖeme asiʋlo ɖeka nyo wu agbagbadzedze kple dagbadagba ɖe ya me asiʋlo eve taŋ.”—Nyagblɔla 4:6.

Ẽ, gadɔwɔwɔ ahiã. Eye ne nusita nèle ewɔm sɔ eye wònye le mawuvɔvɔ̃ ta abe sɔhɛ Avian si ŋu míeƒo nu tsoe do ŋgɔ ene la, àte ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ayra ɖe wò agbagbawo dzi. Gake kpɔ egbɔ be dɔwɔwɔ negate ɖeɖi ŋuwò ale gbegbe be nàŋlɔ ‘nusiwo le vevie wu’ si nye gbɔgbɔmenuwo be gbeɖe o. (Filpitɔwo 1:10) Togbɔ be ga ate ŋu anye ‘ametakpɔnu’ hã la, wò kple Mawu dome ƒomedodoe ana nàkpɔ dzidzedze.—Nyagblɔla 7:12; Psalmo 91:14.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a “Sɔhɛwo Biana Be . . . ” me nyati siwo do le November 22, 1990; December 8, 1990; ƒe Nyɔ! Eŋlisigbe me tɔwo kple October 8, 1997, Eʋegbe tɔ ƒe tatawo dzro kpakpã le suku vɔ megbe ƒe dɔwɔwɔ me tsonu nyuiwo kple gbegblẽwo me kpɔ.

[Aɖaka si le axa 28]

Dɔ Siwo Nàte Ŋu Ato Vɛ

• Fesrewo ŋu kɔklɔ

• Nyadzɔdzɔgbalẽwo dzadzra alo wo mamã

• Sno lɔlɔƒugbe

• Abɔwɔwɔ alo aƒewo me sɔgbewo dzi ƒoƒo

• Vixɔxɔ na ame

• Nuɖuɖu nana aƒemelãwo, wo kpɔkplɔ ɖi tsae, alo tsilele na wo

• Aŋɔsisi na afɔkpa

• Nu vuvuwo tɔtɔ alo awudziɖoɖo

• Agbledede kple agblemenuwo dzadzra

• Koklonyinyi alo koklozi dzadzra

• Mɔ̃ƒoƒo alo kɔmpiuta tsɔtsɔ ŋlɔ nui

• Dɔtsɔtsɔ na ame

• Nusiwo amewo dɔ tsɔtsɔ yi na wo

• Hadzidzi alo nu bubuwo fiafia

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Dɔ geɖe akpa wɔwɔ ate ŋu agblẽ nu le wò dɔwɔwɔ le suku ŋu

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe