Ne Mɔkpɔkpɔ Kple Lɔlɔ̃ Bu
NYƆNUVI ƒe 17 vi aɖe si tso Canada ŋlɔ susu siwo ta wòdi be yeaku la da ɖi. Nusiwo wòŋlɔ ƒe ɖewoe nye: ‘Akogotsitsi kple vɔvɔ̃ na nye etsɔme; ɖokuinye bubu ame tsɛe wu nye dɔwɔhatiwo; nukliaʋa; ozone si nye ya si xea mɔ na ɣe ƒe keklẽ siwo gblẽa nu le ame ŋu ƒe vɔvɔ; nyemedze tugbe kura o, eyata nyemele srɔ̃ kpɔ ge aɖe gbeɖe si ana be nye akogotsitsia nu nayi o; nyemeka ɖe edzi be naneke li si ta wòle be maganɔ agbe o, eyata nukata maganɔ anyi anɔ nusitae la dim; ne meku ko agba aɖe le amesiame dzi; ame aɖeke maganɔ dzive dom nam azɔ o.’
Ðe esiawo ate ŋu anye susu siwo ta sɔhɛwo le wo ɖokui wuma? Le Canada la, “ne woɖe lɔrifɔkuwo le eme la, ameɖokuiwuwue nye nusi gbɔ ku geɖe le tsotsom fifia wu le wo dome.”—The Globe and Mail.
Nufiala Riaz Hassan, si le Flinders Yunivɛsiti le South Australia, ŋlɔ eƒe susu be “Agbe Siwo Dzi Wotso: Nusiwo gbɔ Sɔhɛwo ƒe Wo Ðokui Wuwu Tsona”: “Susu vovovo siwo ku ɖe hadomekuxiwo ŋu li le nya sia me eye edze abe woanya kpɔ ŋusẽ ɖe sɔhɛwo ƒe wo ɖokui wuwu ƒe dzidziɖedzia dzi vevie ene. Woawoe nye sɔhɛwo ƒe dɔmakpɔwɔe ƒe dzidziɖedzi kabakaba; tɔtrɔ siwo le Australiatɔwo ƒe ƒomewo me vam; atikezazã kple atikevɔ̃ɖiwo zazã ƒe dzidziɖedzi; sɔhɛwo ƒe nuvlowɔwɔ ƒe dzidziɖedzi; tagbɔdɔléle; kple ʋe gã si le ‘ablɔɖe si wogblɔ be woana wo’ kple esi wonaa wo ŋutɔŋutɔ dome.” Eƒe nuŋɔŋlɔa gblɔ yi edzi be numekuku geɖe siwo wowɔ fia be wovɔ̃na na etsɔme eye woɖee fia be “sɔhɛ akpa gãtɔ tsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya tsia dzi ɖe woƒe etsɔme kple xexeame tɔ ŋu. Xexe aɖe si nukliaʋa gbã gudugudu eye ɖiƒoƒo kple dzɔdzɔmenuwo gbegblẽ gblẽ nu le eŋu, ameƒomea ƒe habɔbɔ aɖe si me mɔ̃ɖaŋu nu meganya le lélem le o eye dɔmakpɔwɔe de dzi le bobobo ye wokpɔna le susu me.”
Numekuku si wowɔ le amesiwo xɔ tso ƒe 16 va ɖo ƒe 24 dome hã ɖee fia be nu bubu siwo gbɔ ameɖokuiwuwu tsonae nye ʋe gã si le kekem ɖe edzi le kesinɔtɔwo kple hiãtɔwo dome, dzilaɖekɛƒomewo ƒe dzidziɖedzi, tuzazã ƒe dzidziɖedzi, ɖeviwo gbɔdɔdɔ sesẽe, kple alesi amewo “bu mɔkpɔkpɔ le etsɔme ŋui.”
Newsweek ka nya ta be le United States la, “tu ƒe bɔbɔ ye anye nu vevitɔ kekeake [si na sɔhɛwo wua wo ɖokui]. Numekuku aɖe si wowɔ si me wotsɔ ƒewuivi siwo wu wo ɖokui evɔ tagbɔdɔléle aɖeke medze le wo ŋu o sɔ kple ɖevi siwo mewu wo ɖokui o le la ɖe vovototo ɖeka ko fia: eyae nye tu siwo me tukpe le ƒe anyinɔnɔ. Esia na eme kɔ be nyagbɔgblɔ si nye be tu ƒe amesinɔnɔ dzro ko mena wowua ame o la nye alakpa.” Gake tu siwo me tukpe le le aƒe miliɔn geɖe me!
Vɔvɔ̃ kple amewo ƒe ɖekematsɔleme ate ŋu aƒoe ɖe sɔhɛ si le eɖokuiwuwu ƒe mɔ dzi la nu be wòawu eɖokui. Bu eŋuti kpɔ: Ŋutasẽnu siwo wowɔ ɖe ƒe 12 va ɖo ƒe 19 viwo ŋu dzi ɖe edzi kabakaba zi gbɔ zi eve wu ŋutasẽnu siwo wowɔna ɖe amewo katã ŋu. Maclean’s magazine ka nya ta be, numekukuwo ɖee fia be “ɖetugbi siwo xɔ tso ƒe 14 va ɖo ƒe 24 koŋ ye dzea ŋgɔ amegbɔdɔdɔ sesẽe wu. Le nyɔnuwo gome la, amesiwo gblɔna be yewolɔ̃ woe dzea wo dzi hewua wo zi geɖe wu.” Nukae nye emetsonu? Esiawo kple vɔvɔ̃ bubuwo “na nyɔnuvi siawo ƒe dzideƒo kple woƒe dziɖeɖi bu.” Le numekuku aɖe me la, nyɔnuvi agbetsila siwo gbɔ wodɔ sesẽe siwo wobia gbee la ƒe akpa etɔ̃lia kloe bu wo ɖokui wuwu ŋu kpɔ.
New Zealand nyatakaka aɖe do nusi gbɔ sɔhɛwo ƒe wo ɖokui wuwu tso ƒe akpa bubu ɖa be: “Asixɔxɔ dede ŋutilãmenunɔamesiwo ŋu ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi si me wotsɔa ame ƒe gakpɔkpɔ, ɖekadzedze alo tugbedzedze, kple ŋusẽ sɔna kple ame ƒe dzidzedzekpɔkpɔ la wɔe be sɔhɛ geɖe sena le wo ɖokui me be viɖe aɖeke mele yewo ŋu o eye be hadomenɔnɔ medze yewo o.” Tsɔ kpe ɖe eŋuti la, The Futurist gblɔ esia be: “Didi sẽŋu aɖe nɔa [sɔhɛwo] me ɖe dzidzedzekpɔkpɔ enumake ŋu, eye wodina be nusianu nasu yewo si le aɖabaƒoƒo ɖeka me. Woƒe television dzi wɔna vevitɔwoe nye esiwo me woɖea agbenɔnɔ siwo yɔ fũ kple vivisese sɔŋ le. Wodina be yewoƒe agbe me nayɔ fũ nenema kple amesiwo ƒe dzedzeme nya kpɔ, siwo do awu siwo le tsia dzi, ame ŋkuta siwo ga meɖi naneke na o, eye mahiã be woawɔ dɔ sesẽ akpa o.” Edze abe mɔkpɔkpɔ ƒuƒlu ma siwo mate ŋu ava eme gbeɖe o la hea dziɖeleameƒo gã aɖe vɛ si ate ŋu ana ame nawu eɖokui ene.
Nɔnɔme Vevi si Léa Agbe Ðe Te Yea?
Shakespeare ŋlɔ be: “Lɔlɔ̃ naa akɔfafa abe ŋdɔʋuʋu le tsidzadza megbe ene.” Biblia gblɔ be: ‘Lɔlɔ̃ nu metsina gbeɖe o.’ (Korintotɔwo I, 13:8) Sɔhɛ siwo le wo ɖokui wuwu ƒe mɔ dzi ƒe kuxia gbɔkpɔnu vevi aɖe dze le nya ma me—woƒe didi vevie be woalɔ̃ yewo kple be woaɖo dze kple yewo. The American Medical Association Encyclopedia of Medicine gblɔ be: “Ameɖokuiwunuwɔlawo tsia akogo vevie zi geɖe, eye ɣeaɖewoɣi la, ame aɖe si ase veve ɖe ame ti, anye toɖola si sea nu gɔme na ame kpɔkpɔ sɔ gbɔ na mɔkpɔkpɔbuɖeame nu tsitsi.”
Sɔhɛwo dina zi geɖe be woalɔ̃ yewo vevie eye be woabu yewo ɖe amewo dome. Didi sia gbɔ ɖoɖo va le sesẽm ɖe edzi ŋkeke ɖesiaɖe le xexe gblẽku sia si me lɔlɔ̃ bu le la me—xexe aɖe si me sɔhɛwo ƒe nya mele ɖeke me o. Dzilawo ƒe nugbegbe le ɖeviwo gbɔ le ƒomewo ƒe gbagbã kple srɔ̃gbegbe ta ate ŋu anye nu bubu si ta ƒewuiviwo le wo ɖokuiwo wum ɖo. Nugbegbe le ɖeviwo gbɔ le hamehame.
Bu dzila siwo ƒã hafi wonɔa wo viwo gbɔ le aƒeme ƒe nya ŋu kpɔ. Dada kple Papa vu ɖe woƒe dɔwɔɖuiwo ŋu ale gbegbe alo woƒo wo ɖokui ɖe modzakaɖeɖe aɖe si me ɖeviawo mekpɔa gome le o me. Nusi wòfiana na ɖeviawoe nye edze ƒã be wogbe nu le yewo gbɔ. Nyadzɔdzɔŋlɔla kple numekula xɔŋkɔ Hugh Mackay de dzesii be “dzilawo va le ɖe tsɔm le wo ɖokui me geɖe wu. Wotsɔ wo ɖokuitɔ didi ɖo nɔƒe gbãtɔ be woatsɔ alé agbe si dze wo ŋu nɔnɔ ɖe te. . . . Be woagblɔe tututu la, ɖeviwo megale ɖeke me o. . . . Agbenɔnɔ va sẽ eye amewo va tsi dzi ɖe wo ɖokui ko ŋu.”
Eye le teƒe aɖewo la, amesiwo kpɔa wo ɖokui akpa la madi be woakpɔ yewo le beléle na vi ƒe agba aɖeke tsɔtsɔ me o. Nyadzɔdzɔŋlɔla Kate Legge gblɔe wòsɔ ale: “Amesiwo dziɖuɖudɔwɔwɔ dzɔa dzi na la tiaa agbeɖeɖedɔ alo dzotsidɔ wɔwɔ tsɔ wu belélenavidɔwo . . . Akɔkpekpe kple gotagomenu siwo bia ŋusẽ kple kutrikuku si mebia nuƒoƒo o la wɔwɔ dzea wo ŋu tsɔ wu dɔ siwo bia dzikpɔkpɔ kple beléle na amewo tẽ.” Eye egbea dɔ siwo bia amewo dzikpɔkpɔ kple beléle na wo wu dometɔ vevitɔ ɖekae nye dzilanyenye. Vimanyimanyi nyuie sɔ kple nugbegbe le ɖevia gbɔ. Esia ate ŋu ana be viwòŋutsu alo viwònyɔnu nabu eɖokui ame tsɛ eye manya alesi wonɔa hamee o. The Education Digest de dzesii be: “Ne ɖeviwo bua wo ɖokui amesiwo mele ɖeke me o la, gɔmeɖoanyi aɖeke manɔ wo si na nyametsotso siwo ade wo dzi wu wɔwɔ o.”
Ate Ŋu Ahe Mɔkpɔkpɔbuɖeame Vɛ
Numekulawo xɔe se be mɔkpɔkpɔbuɖeame nye nusiwo hea sɔhɛwo ƒe wo ɖokui wuwu vɛ la dometɔ vevi ɖeka. Gail Mason, amesi ŋlɔa nu tso Australia-sɔhɛwo ƒe wo ɖokui wuwu ŋu de dzesii be: “Wobu mɔkpɔkpɔbuɖeame be edo ƒome kple ameɖokuiwuwususuwo kura tsɔ wu blanuiléle. Wogblɔna le mɔkpɔkpɔbuɖeame ŋu ɣeaɖewoɣi be enye blanuiléledɔ ƒe dzesi ɖeka. . . . Edzea egɔme kple dziɖeleameƒo ƒe seselelãme kple ebubu be etsɔme nyui aɖeke mele sɔhɛwo si o, vevietɔ le woƒe ganyawo ƒe etsɔme gome: eye esi gaɖea fu na wo vie ɣeaɖewoɣi hãe nye be wobunɛ be mɔkpɔkpɔ aɖeke mele xexeame si o.”
Dumegãwo ƒe anukwaremaɖimaɖi kpɔɖeŋuwo medea dzi ƒo na sɔhɛwo be woawo ya nadze agbagba anɔ agbe si ɖɔ ʋu wu o. Eye agbenɔnɔa va zua, “Nukata nyea matsi dzi ɖo?” Harper’s Magazine gblɔ le alesi sɔhɛwo te ŋu dea dzesi alakpanuwɔwɔe kaba ŋu be: “Sɔhɛwo kple woƒe dzesidede alakpanuwɔwɔwo kaba ƒe ŋutete na be wobi ɖe dzesidedenu me ŋutɔ—gake menye le agbalẽ gome o. Nusi wokpɔna dea dzesii tututu nenemae nye hadomenuwɔna ƒe dzesi siwo tsoa xexe si me wòle be woava wɔ dɔ le me.” Numekɔkɔ kae dzesiawo ɖe ɖe go? Agbalẽŋlɔla Stephanie Dowrick de dzesii be: “Alesi woanɔ agbee ƒe nyatakakawo mevu tsyɔ mía dzi alea gbegbe kpɔ o. Míezu kesinɔtɔwo alea gbegbe kpɔ alo xɔ hehe alea gbegbe kpɔ o, gake dziɖeleameƒo xɔ aƒe ɖe afisiafi.” Eye kpɔɖeŋu nyui ʋee aɖewo koe tsoa dunyahela kple subɔsubɔhakplɔla xɔŋkɔwo gbɔ. Dowrick bia nya ʋee aɖewo tso eŋu be: “Aleke míawɔ nunya kple kura gɔ̃ hã gɔmesese nasu mía si tso fukpekpe manyatalenuwo me eye wòanya wɔ na mí be míanɔ te ɖe wo nu? Aleke míawɔ atu lɔlɔ̃ ɖo le ɖokuitɔdidi, hadzegbenɔnɔ kple ŋukeklẽ ƒe nɔnɔme si ƒo xlã mí la me?”
Àkpɔ ŋuɖoɖo na biabia siawo le nyati si kplɔ esia ɖo me, eye woawɔ mo yaa na wò.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 6]
“Sɔhɛ akpa gãtɔ tsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya tsia dzi ɖe woƒe etsɔme kple xexeame tɔ ŋu”
[Nya si ɖe dzesi si le axa 7]
“Ɣeaɖewoɣi la, ame aɖe si ase veve ɖe ame ti, anye toɖola si sea nu gɔme na ame kpɔkpɔ sɔ gbɔ na mɔkpɔkpɔbuɖeame nu tsitsi”
[Aɖaka si le axa 6]
Ameɖokuiwuwu ƒe Dzesi Aɖewo
• Alɔ̃madɔmadɔ, numanyaɖuname
• Ameɖokuiɖeɖe ɖe aga kple ŋudzɔmanɔmanɔ ɖe afɔkudzedze ŋu
• Sisi le aƒeme
• Tɔtrɔ gãwo le amea ƒe dzedzeme ŋu
• Atikevɔ̃ɖizazã kple/alo ahatsunono
• Akɔmadzemadzeanyi kple anyranuwo wɔwɔ
• Nuƒoƒo tso ku ŋu; ameɖokuiwunyawo ŋɔŋlɔ; anyrawɔwɔnuwo tata, vevietɔ anyrawɔwɔ le ame ɖokui ŋu
• Fɔbubuameɖokui ƒe seselelãmewo
• Mɔkpɔkpɔbuɖeame, dzimaɖitsitsi, blanuiléle, avifafa enuenu
• Ame ŋutɔ ƒe nunɔamesiwo tsɔtsɔ ke amewo
• Susu ƒe nuŋumanɔmanɔ
• Dzidzɔdonuwo ƒe fu matsɔmatsɔ le lãme na ame
• Dzikudodo ɖe ame ɖokui ŋu
• Ame ɖokui ƒoƒo ɖe gbɔdɔdɔ me blibaa
• Toyiyi le suku nusɔsrɔ̃wo me kpata kple suku mayimayi edziedzi
• Vivimeha alo gbevuhawo me ɖoɖo
• Dzidzɔkpɔkpɔ enumake le blanuiléle vɔ megbe teti
Wotui ɖe Teens in Crisis (Ƒewuiviwo Ðo Xaxa Me) (Amerika Suku Tatɔwo ƒe Ðekawɔwɔ) kple Depression and Suicide in Children and Adolescents (Ðeviwo Kple Ƒewuiviwo ƒe Blanuiléle Kple Wo Ðokui Wuwu) si Philip G. Patros kple Tonia K. Shamoo ŋlɔ la dzi
[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]
Lɔlɔ̃ kple veveseseɖeameti akpe ɖe sɔhɛ ŋu wòabu agbe nu xɔasii