INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g98 9/8 axa 8-10
  • Ne Mɔkpɔkpɔ Kple Lɔlɔ̃ Gasu Wo Si

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ne Mɔkpɔkpɔ Kple Lɔlɔ̃ Gasu Wo Si
  • Nyɔ!—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Xɔlɔ̃wo Kple Ame Tsitsi Bubuwo Ate Ŋu Ana Kpekpeɖeŋu
  • Woɖe Wo tso Ameɖokuiwuwu ƒe Mɔ Dzi
  • Sɔhɛwo Magaku Azɔ O
  • Nusita Amewo Ðea Woƒe Agbe Ða
    Nyɔ!—2001
  • Ameɖokuiwuwu—Sɔhɛwo Ƒe Fuwɔame La
    Nyɔ!—1998
  • Wona Agbenɔnɔ Dzroe
    Nyɔ!—2000
  • Àte Ŋu Akpɔ Kpekpeɖeŋu
    Nyɔ!—2001
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1998
g98 9/8 axa 8-10

Ne Mɔkpɔkpɔ Kple Lɔlɔ̃ Gasu Wo Si

DZILAWO, nufialawo, kple ame bubu ɖesiaɖe si kpɔa ƒewuiviwo ƒe kuxiwo gbɔ la dze sii be yewo ŋutɔwo loo sɔhɛwo loo alo ame bubu aɖeke mate ŋu atrɔ xexeame o. Ŋusẽkpɔɖeamedzi siwo le abe ƒutsotsoe dzeagbo ene, si ame aɖeke mate ŋu atɔ te o la li siwo wòle be woadze ŋgɔe. Gake nu geɖe li si mí katã míate ŋu awɔ be dzi nadzɔ sɔhɛwo wu, eye woƒe lãme nasẽ wu, eye woawɔ nu wòadze ga dzi.

Esi wònye wogblɔna be dzra aʋa ɖo aʋa mesinɛ o ta la, ele be dzilawo nabu dɔ si woƒe agbenɔnɔ kple nusiwo wodana ɖe nɔƒe gbãtɔ le woƒe agbe me ate ŋu awɔ ɖe wo viwo ƒe tamebubu kple nuwɔna dzi la ŋu nyuie. Lɔlɔ̃ kple beléle nyui tsɔtsɔna le aƒea me hea dedienɔnɔ si tututu ate ŋu axe mɔ na ameɖokuiwunuwɔnawo la vɛ. Sɔhɛwo ƒe nuhiahiã vevitɔwo dometɔ ɖekae nye ame aɖe si ase woƒe nyawo na wo la kpɔkpɔ. Ne dzilawo masee na wo o la, ke ɖewohĩ ame gblẽkuwo ya asee.

Nukae ema fia na dzilawo egbea? Di ɣeyiɣi ɖe ɖeviawo ŋu esime wohiã nɛ—esime wole sue. Nusia wɔwɔ mele bɔbɔe na ƒome geɖe o. Avu kple kɔe agbenɔnɔ nye na wo si wɔe be nu bubu aɖeke meli woawɔ tsɔ wu be dzila evea siaa nawɔ dɔ o. Amesiwo lɔ̃ faa eye wote ŋu tsɔ nanewo sa vɔe hena ɣeyiɣi geɖe kpɔkpɔ ɖe wo viwo ŋu la kpɔa teƒeɖoɖo si nye be wo viŋutsu kple wo vinyɔnuwo kpɔa dzidzedze nyui wu le agbe me zi geɖe. Gake abe alesi míekpɔe do ŋgɔe ene la, ɣeaɖewoɣi la, aleke ke dzilawo adze agbagbae hã la, kuxi sesẽwo doa mo ɖa le wo viwo ŋu.

Xɔlɔ̃wo Kple Ame Tsitsi Bubuwo Ate Ŋu Ana Kpekpeɖeŋu

Nusiwo aʋawɔwɔwo, nyɔnu gbɔdɔdɔ sesẽe, kple ŋutasesẽ le ɖeviwo ŋu gblẽ la ɖɔɖɔɖo biaa agbagbadzedze etɔxɛe tso ame tsitsi siwo tsɔa ɖe le eme na wo le nyateƒe me la gbɔ. Sɔhɛ siwo ŋu nudzɔdzɔ vɔ̃ɖi mawo gblẽ nu le la magawɔ nu ametɔe o eɖanye kpekpeɖeŋu kae wole wo nam o hã. Esia ate ŋu axɔ wò ɣeyiɣi gbogbo aɖe eye wòabia agbagbadzedze geɖe. Le nyateƒe me la, nunya manɔ eme o eye manye lɔlɔ̃ ɖeɖefia be woada wo ɖe anyi alo agbe nu le wo gbɔ o. Ðe míate ŋu ana nɔnɔmea nawɔ dɔ ɖe mía dzi eye míaɖe amenuveve kple lɔlɔ̃ afia ahadze agbagba ana kpekpeɖeŋu amesiwo ɖo xaxa mea?

Manye dzilawo ɖeɖeko o ke boŋ ele be xɔlɔ̃wo kple wo nɔviwo gɔ̃ hã nanɔ ŋudzɔ vevie ɖe ŋkuléle ɖe nɔnɔme aɖewo siwo adze le sɔhɛwo ŋu si afia be wohiã amenubeble eye nane gblẽ le woƒe seselelãme ŋu la ŋu. (Kpɔ aɖaka si nye “Eŋununyalawo ƒe Kpekpeɖeŋu Hiã,” le axa 8 lia.) Ne dzesi aɖewo dze le wo ŋu la, te ɖe wo ŋu kaba nàse nusi le fu ɖem na wo. Ne anya wɔ la, bia nya siwo me dɔmenyonyo dze le sɔhɛ siwo nane le fu ɖem na be woagblɔ woƒe dzimenya eye nàka ɖe edzi na wo be yenye xɔlɔ̃ vavã na wo. Xɔlɔ̃ siwo dzi woka ɖo kple ƒometɔwo ate ŋu akpe ɖe dzilawo ŋu le nɔnɔme sesẽwo gbɔ kpɔkpɔ me; gake ele be woakpɔ egbɔ be yewomexɔ dzilawo ƒe wɔƒe le wo si o. Zi geɖe la, ameɖokuiwunuwo wɔwɔ nye dzesi be wole ɖetsɔlemetɔ dim vevie—dzilawo ƒe ɖetsɔleme.

Nu nyuitɔ kekeake si woate ŋu ana sɔhɛwo la dometɔ ɖekae nye woagblɔ etsɔ si me dzidzɔ anɔ ƒe mɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi blibo le na wo, esi nye nusi ate ŋu ado ŋusẽ wo be woanɔ agbe. Sɔhɛ geɖe va de dzesii be nyateƒee xexemenuɖoanyi nyui si ƒe ŋugbe Biblia do si tu aƒe la nye.

Woɖe Wo tso Ameɖokuiwuwu ƒe Mɔ Dzi

Ðetugbi aɖe si tso Japan, si bu eɖokuiwuwu ŋu enuenu kpɔ va yi la gblɔ be: “Zi nenie nyemehedi vevie be mato mɔ ma o. Esime menye ɖevi dzaa ko la, ame aɖe si dzi meka ɖo dɔ gbɔnye sesẽe. . . . Tsã la, meŋlɔe ɖi zi geɖe be ‘medi be maku’ ale gbegbe be nyemeganya xexlẽme nɛ o. Tso ɣemaɣi ke la, meva zu Yehowa Ðasefo, eye fifia menye ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigblɔla, gake didi sia gaɖea fu nam ɣeaɖewoɣi kokoko. . . . Gake Yehowa na megale agbe, eye ewɔ abe ɖe wònɔa gbɔgblɔm nam lɔlɔ̃tɔe be, ‘Yi edzi nanɔ agbe’ ene.”

Ðetugbi ƒe 15 vi aɖe si tso Russia gblɔ be: “Esime mexɔ ƒe 8 la, medze esese le ɖokuinye me be nye nu medze ame aɖeke ŋu o. Dzinyelawo mekpɔ vovo aɖo dze kplim o, eyata nye ŋutɔ koe dzea agbagba kpɔa nye kuxiwo gbɔ le ɖokuinye si. Nyemegatena ɖe ame ŋu o. Mewɔa dzre kple nye ƒometɔwo ɣesiaɣi. Eye ɖokuinye wuwu va susu me nam. Aleke gbegbee dzi dzɔm enye si esi medo go Yehowa Ðasefowo!”

Numeɖeɖe dedziƒoname sia hã tso Australia, tso Cathy, si xɔ wu ƒe 30 vie la gbɔ, si fia be mɔkpɔkpɔbuɖeame ate ŋu atrɔ zu mɔkpɔkpɔnɔamesi: “Mekua drɔ̃e le mɔ vovovo siwo dzi mato aɖe nye agbe ɖa la ŋu ɣesiaɣi eye mlɔeba meva dze agbagba be mawu ɖokuinye. Medi be masi le xexe sia, si me nuveviwɔame, dzikudonamenuwo, kple toflokonuwo xɔ la me. Blanuiléle na wòsesẽ nam be mado le ‘yiyiɖɔ’ si me mese le ɖokuinye me be metsi la me. Eyatae wòwɔ nam ɣemaɣi be ameɖokuiwuwue anye kuxia gbɔkpɔnu.

“Zi gbãtɔ si mese nu tso anyigba ƒe paradiso zuzu ŋuti be ŋutifafa kple agbenɔnɔ si me dzidzɔ le asu amewo katã si la, edzrom ŋutɔ. Gake edze nam abe drɔ̃e aɖe si mate ŋu ava eme o ene. Gake vivivi la, meva nɔ Yehowa ƒe nukpɔsusu le agbe ŋuti kple alesi gbegbe mía dometɔ ɖesiaɖe xɔ asii le eƒe ŋkume la gɔme sem. Meva dze kakaɖedzi kpɔkpɔ be mɔkpɔkpɔ aɖe le etsɔme ŋu gɔme. Mlɔeba la, meva do go le ‘yiyiɖɔ’ la me. Gake gododo le eme menɔ bɔbɔe o. Ɣeaɖewoɣi la, meléa blanui ale gbegbe eye metɔtɔna ŋutɔ. Gake ŋuɖoɖo ɖe Yehowa Mawu ŋu na mese le ɖokuinye me be mete ɖe eŋu eye ena dzi ɖo ƒonye. Meda akpe na Yehowa ɖe nusiwo katã wòwɔ nam la ta.”

Sɔhɛwo Magaku Azɔ O

To Biblia sɔsrɔ̃ me la, sɔhɛ ate ŋu ava kpɔe be nu nyui aɖe li woakpɔ mɔ na—nusi Kristotɔ apostolo Paulo yɔ be “agbe vavã la.” Exlɔ̃ nu ɖekakpui Timoteo be: ‘De se na kesinɔtɔwo bena, womagatsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ aɖo kesinɔnuwo ƒe dediemanɔmanɔ dzi o, ke boŋ ɖe Mawu, si tsɔ nuwo katã na mí fũ hena míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ la dzi; be woawɔ nyui eye woanye kesinɔtɔwo le dɔnyuiwɔwɔwo me, eye woaƒo kesinɔnuwo nu ƒu na wo ɖokui, si anye gɔmeɖoɖoanyi nyui hena ɣeyiɣi si gbɔna, bene woƒe asi nasu agbe vavã la dzi.’—Timoteo I, 6:17-19.

Eyata Paulo ƒe nuxlɔ̃ame sia fia be míatsɔ ɖe le eme na ame bubuwo, akpe ɖe wo ŋu be xɔse sẽŋu nanɔ wo si ɖe etsɔme ŋu. “Agbe vavã la” ye nye nusi ƒe ŋugbe Yehowa do be anɔ anyi le yeƒe xexe yeye si nye “dziƒo yeye kple anyigba yeye” la me.—Petro II, 3:13.

Sɔhɛ geɖe siwo dze ŋgɔ kuxi sia tsã va kpɔe dze sii be atikevɔ̃ɖizazã kple agbegbegblẽnɔnɔ menye naneke tsɔ wu mɔ didi si le gɔdɔgɔdɔ si kplɔa ame yia ku mee o, si ƒe mɔ kpuitɔe nye ameɖokuiwuwu. Wova kpɔe dze sii be eteƒe madidi o xexe sia kple eƒe aʋawɔwɔwo, fuléle, yakagbenɔnɔ, kple sedzimawɔmawɔ nuwɔnawo nu ayi. Wova srɔ̃e be nuɖoanyi xoxo sia gbɔ dzadzraɖo me yi. Woxɔe se vevie be Mawu ƒe Fiaɖuƒea koe nye mɔkpɔkpɔ vavãtɔ ɖeka kolia, elabena ahe xexe yeye si me menye sɔhɛwo ko o ke boŋ ameƒomea me tɔ toɖolawo katã magaku azɔ o—gbeɖe, ame aɖeke madi be yeaku gɔ hã o.—la vɛ.—Nyaɖeɖefia 21:1-4.

[Aɖaka si le axa 8]

Eŋununyalawo ƒe Kpekpeɖeŋu Hiã

The American Medical Association Encyclopedia of Medicine gblɔ be: “Ameɖokuiwuwu ƒe agbɔsɔsɔ si wu alafa memamã 90 tsoa tagbɔdɔléle gbɔ.” Eyɔ dɔléle siawo abe blanuiléle vevie (anɔ alafa memamã 15), tagbɔdɔ si dea ɖikeke, seselelãme kple vɔvɔ̃ siwo me susu mele o ame me, (anɔ alafa memamã 10), ahanono tsɔtsɔ ɖo dɔe (anɔ alafa memamã 7), nuwɔwɔ sagaa (anɔ alafa memamã 5), eye susu kple seselelãme dɔ ƒomevi aɖewo (made alafa memamã 5 o). Exlɔ̃ nu be: “Ele be woabu didi be woawu ame ɖokui nya ɖesiaɖe ŋkubiãnyae. Amesiwo dze agbagba be woawu wo ɖokui dome alafa memamã 20 va ɖo 30 gatenɛ kpɔna hafi ƒe ɖeka wua enu.” Ðk. Jan Fawcett ŋlɔ be: “Amesiwo wua wo ɖokui dometɔ siwo wu alafa memamã 50 [le United States] la nye amesiwo mede tagbɔdɔdala aɖeke gbɔ kpɔ o.” Agbalẽ bubu hã gblɔ be: “Edadamɔnu vevitɔe nye be amea nayi tagbɔdɔdala aɖe gbɔ kaba be woakpe ɖe eŋu woakpɔ nusi gbɔ blanuilélea tso la gbɔ.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe