Wole Agbe Dedie Nɔnɔ Dim
DEDIENƆNƆ fia nu vovovowo na ame vovovowo. Le ame aɖe gome la, dedienɔnɔ fia be dɔwɔɖui nanɔ ame si; le ame bubu hã gome la, efia nunɔamesiwo kpɔkpɔ; eye ame etɔ̃lia hã bunɛ be dedienɔnɔ fia be woanɔ nuto si nuvlowɔwɔ mele o me. Ðe wòfia nu bubu na wòa?
Nuka kee nye wò nukpɔsusu o, ɖikeke mele eme o be èdzea agbagba wɔa afɔɖeɖe be yeƒe agbe nanɔ dedie abe alesi yedii ene. Bu nusiwo amewo le wɔwɔm le Europa be ame ŋutɔ ƒe dedienɔnɔ aɖe nasu yewo si la ŋu kpɔ.
Suku Kɔkɔ Dede
Jacques Santer si nye Europa Dukɔwo ƒe Ðoɖodzikpɔlawo ƒe zimenɔla gblɔ be dɔwɔɖui mele sɔhɛ 20 le alafa me si le dukɔ siwo le Europa Dukɔwo ƒe Ðekawɔha me la si o. Eyata nya ɖeka si sɔhɛ siawo biana enye be, Aleke màwɔ akpɔ dɔ si ana manɔ dedie awɔ? Ame geɖe xɔe se be yewoate ŋu aɖo taɖodzinu sia gbɔ nyuie wu to suku kɔkɔ dede si ŋu London ƒe The Sunday Times gblɔ le be eʋua “dɔkpɔkpɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ ɖedzesiwo ɖi” na sukuvi la me.
Le kpɔɖeŋu me, Nassauische Neue Presse ka nya ta be le Germany la, “sukudede kple ŋkɔxɔxɔ le agbalẽsɔsrɔ̃ me ƒe didia nu sẽ ɖe amewo me wu tsã.” Ele alea togbɔ be ga si woxena ɖe ɣeyiɣi ƒe didime si wotsɔ srɔ̃a nu le yunivɛsiti ta la anɔ $55,000 le mamã dedie nu le dukɔ ma me hã.
Sɔhɛ siwo léa fɔ ɖe sukudede ŋu eye wodia dɔwɔɖui si ana woanɔ dedie la dze na kafukafu. Zi geɖe la, mɔnukpɔkpɔ nɔa amesi si aɖaŋu kple nudidiwo le la si le dɔ didi me. Gake ɖe suku kɔkɔ dede naa ame kpɔa dɔ nyui wɔna ɣesiaɣia? Sukuvi aɖe gblɔ be: “Tso gɔmedzedzea ke la, mekpɔe be nusi srɔ̃m mele mana makpɔ dɔwɔɖui nyui si ana manɔ dedie awɔ o.” Menye eya koe le nusia me tom o. Le ƒe aɖe si va yi nyitsɔ laa me la, amesiwo do le yunivɛsiti le Germany siwo mekpɔ dɔ awɔ o la ƒe xexlẽme de dzi wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe tɔ.
Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe gblɔ be le France la, sɔhɛwo dea yunivɛsitiwo elabena asixɔxɔ aɖeke megale suku kɔkɔ dede ƒe ɖaseɖigbalẽwo ŋu o le sɔhɛwo ƒe dɔmakpɔwɔe si le dzidzim ɖe edzi ta. Ke hã, sukuvi geɖe siwo le yunivɛsiti de dzesii be le yewoƒe nusɔsrɔ̃ megbe la, “manɔ bɔbɔe na yewo o togbɔ be ɖaseɖigbalẽwo anɔ yewo si hã.” The Independent ka nya ta be le Britain la, “sukudede me kuxiwo le tetem ɖe sukuviwo dzi ale gbegbe.” Woka nya ta be le esi teƒe be wòakpe ɖe sukuviwo ŋu woanɔ te ɖe agbe ƒe dediemanɔmanɔ nu la, yunivɛsiti gbenɔnɔ hea kuxiwo vɛ ɣeaɖewoɣi, eye eƒe ɖewoe nye blanuiléle, dzimaɖitsitsi, kple amemaɖinunyenye ƒe seselelãmewo.
Zi geɖe la, dɔ sɔsrɔ̃ alo asinudɔ aɖe ŋuti hehexɔxɔ naa ame ƒe asi sua dɔwɔɖui si ana woanɔ dedie dzi kaba wu dodo le yunivɛsiti ƒe ɖaseɖigbalẽ si anɔ ame si ko.
Ðe Nunɔamesi 10,000 Sɔ Gbɔa?
Ame geɖe xɔe se be nunɔamesiwo gbɔe agbe dedie nɔnɔ tsona. Esia adze nudeamedzii, elabena ne ga sɔ gbɔ ɖe ame si le gadzraɖoƒe la, ate ŋu akpe ɖe ame ŋu le ɣeyiɣi sesẽwo me. Biblia ɖe eme be “ga hã doa vɔvɔli.” (Nyagblɔla 7:12) Gake ɖe nuwo ƒe amesinɔnɔ fũ na wonɔa dedie wu ɣesiaɣia?
Menye nenema kokoko o. Bu alesi nunɔamesiwo dzi ɖe edzii le ƒe 50 siwo va yi me ŋu kpɔ. Le Xexemeʋa II ƒe nuwuwu la, naneke menɔ Germanytɔ gbogbo aɖewo si o. Germany-nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe gblɔ be nu 10,000 ye le Germanytɔ ɖesiaɖe si le mamã dedie nu egbea. Ne ganyawo va nyo abe alesi wogblɔe ene la, nunɔamesiwo anɔ dzidzime siwo akplɔe ɖo si wu gɔ̃ hã. Gake ɖe kɔlili nunɔamesiwo ɖi alea na wonɔa agbe dedie wua? Ao. Numekuku si wowɔ le Germany ɖee fia be ame 2 le 3 me bunɛ be agbe mele dedie de alesi wònɔ le ƒe 20 alo 30 siwo va yi me nu o. Eyata kɔlili nunɔamesiwo ɖi gleglegle mena amewo se le wo ɖokui me be yewole dedie wu o.
Esia me kɔ elabena abe alesi wogblɔe le nyati si do ŋgɔ mee ene la, dediemanɔmanɔ doa agba na ame le seselelãme gome. Eye ŋutilã me nunɔamesiwo mate ŋu aɖe seselelãme ƒe agba ɖa keŋkeŋ o. Le nyateƒe me la, nunɔamesiwo kpɔa ame ta tso hiãkame si me eye wokpena ɖe ame ŋu le ɣeyiɣi sesẽwo me. Gake le nɔnɔme aɖewo me la, ga gbogbo ƒe amesinɔnɔ zua agba abe sue aɖe ƒe amesinɔnɔ ke ene.
Eyata nɔnɔme si da sɔ ɖe ŋutilã me nunɔamesiwo ŋu akpe ɖe mía ŋu wòanɔ susu me na mí be, togbɔ be nunɔamesiwo ate ŋu anye yayra hã la, menye eyae nye nu vevitɔ si ana woanɔ dedie le agbe me o. Esime Yesu Kristo nɔ anyigba dzi la, ede dzi ƒo na eyomedzelawo be: “Ame ƒe agbe menɔa eƒe nukpɔkpɔ vivivo la me o.” (Luka 12:15) Be ame nanɔ dedie wu le agbe me la, ehiã na nusi de ŋgɔ wu ŋutilã me nunɔamesiwo.
Le ame tsitsiwo gome la, menye asixɔxɔ si le nunɔamesiwo ŋue le vevie na wo o ke viɖe si woakpɔ tso wo me la boŋue. Nusi ŋu ame tsitsiwo tsia dzi ɖo wu nunɔamesiwoe nye vɔvɔ̃ be yewoava dze nuvlowɔlawo si me.
Nɔ Ŋudzɔ!
Agbalẽvi aɖe si wota le Britain si ƒe tanyae nye Practical Ways to Crack Crime gblɔ be: “Nuvlowɔwɔ . . . nye kuxi si le dzidzim ɖe edzi le xexeame godoo le ƒe 30 siwo va yi me.” Kpovitɔwo le dɔ dzi vevie. Aleke ame aɖewo le te nɔm ɖe enui?
Ame ŋutɔ ƒe dedienɔnɔ dzea egɔme tso aƒeme. Le kpɔɖeŋu me, le Switzerland la, xɔtuɖaŋunyala aɖe srɔ̃ aƒe siwo ŋu wode gakpowoe eye gameti sesẽwo, ʋɔtru sesẽwo, kple fesre siwo me wode gawoe le wo ŋu la tutu nyuie. Edze abe amesiwo tɔ aƒe siawo nye bua lododo nyanyɛ sia me nyawo nu ŋutɔŋutɔe be: “Nye aƒee nye nye mɔ sesẽ.” Nyadzɔdzɔgbalẽ si woyɔ be Focus gblɔ be aƒe siawo xɔ asi, gake ame geɖe le edim ŋutɔ.
Be woadzi ame ŋutɔ ƒe dedienɔnɔ ɖe edzi le aƒeme kple gota siaa la, nuto aɖewo me tɔwo wɔ aƒelikawo ŋudzɔdzɔ ƒe ɖoɖowo. Gbɔtodu aɖewo me nɔlawo xea fe na dedienɔnɔ gbɔkpɔha be wòadzɔ yewoƒe nutowo le gaƒoƒo aɖewo me. Ame geɖe kpɔe be manyo be ame ɖeka nazɔ dugã me ablɔ siwo dzi amewo mesɔ gbɔ ɖo o dzi le zã me o. Eye dzila siwo tsia dzi ɖe wo viwo ƒe dedienɔnɔ ŋu le dzɔdzɔme nu la dzea agbagba geɖe wu be yewoakpɔ wo ta. Bu aɖaŋuɖoɖo siwo dze le axa sia la ŋu kpɔ.
Gake menye amesiamee ate ŋu aƒle aƒe si ŋu wode gakpowoe o. Azɔ hã aƒelikawo ƒe ɖoɖowo kple dedienɔnɔ gbɔkpɔhawo ƒe ŋudzɔnɔnɔ mate ŋu aɖe nuvlowɔwɔwo katã dzi akpɔtɔ o; ɖeko wòana woava wɔe le nuto siwo me ɖoɖo mawo ƒomevi mele o me. Eyata nuvlowɔwɔ gakpɔtɔ nye kuxi gã na ame ŋutɔ ƒe dedienɔnɔ. Be míaƒe agbe nanɔ dedie la, nu geɖe hiã wu agbagbadzedze vevie be míaɖu nuvlowɔwɔ dzi.
Mida Dɔa—Menye Dzesiawo Ðeɖeko O
Agbe dedie nɔnɔ nye mía dometɔ ɖesiaɖe ƒe dzɔdzɔmedidi, eye míedzea agbagba be míawɔ afɔɖeɖe siwo me nunya le be míaɖo taɖodzinu sia gbɔ. Gake nuvlowɔwɔ, dɔmakpɔwɔe, kple nu bubu siwo katã wɔe be míaƒe agbe mele dedie o la nye nɔnɔme siwo me ameƒomea katã le totom la ƒe dzesiwo ko. Be woate ŋu akpɔ nɔnɔme sia gbɔ la, ele be woatso ɖe nusiwo gbɔ wotsona ŋu ke menye nusiwo wòhena vɛ ko ŋu o.
Nuka gbɔ koŋue míaƒe agbe ƒe dediemanɔmanɔ tso? Aleke míawɔ aɖee ɖa keŋkeŋ ale be míatsi agbe ƒe dediemanɔmanɔ nu tegbee? Míadzro esia me le nyati si kplɔe ɖo la me.
[Aɖaka si le axa 6]
Mɔ Siwo Dzi Woato Akpɔ Ðevi Suewo Ta
Le ɖeviwo dzi dzedze, wo fifi kple wo wuwu edziedzi ta la, dzila geɖe kpɔe be ehiã be yewoafia yewo viwo be woawɔ nusiwo gbɔna:
1. Woagbe—moveviɖoɖotɔe—ne ame aɖe le agbagba dzem be yeana woawɔ nane si wokpɔ be enye nu gbegblẽ.
2. Womegaɖe mɔ ame aɖeke nade asi woƒe ŋutinu veviwo ŋu o negbe ɖe dzila le eteƒe—abe alesi wònɔna le ɖɔkta alo dɔnɔdzikpɔla gome ene.
3. Ne woɖo afɔku me la, woasi, woado ɣli, woaƒu asi nu, alo woabia ame tsitsi si gogo teƒea ƒe kpekpeɖeŋu.
4. Woagblɔ nudzɔdzɔ alo dzeɖoɖo ɖesiaɖe si medo dzidzɔ na wo o na wo dzilawo.
5. Womegatsɔ nya aɖeke ɣla wo dzilawo o.
Nya mamlɛtɔe nye be, anyo be dzilawo naɖɔ ŋu ɖo le amesi gbɔ woagblẽ wo vi ɖo tiatia me.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 5]
Be míaƒe agbe nanɔ dedie la, míehiã nusi de ŋgɔ wu sukudede, nunɔamesi, alo agbagbadzedze vevie be míaɖu nuvlowɔwɔ dzi ko