INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g98 10/8 axa 7-10
  • Agbe Si me Dedienɔnɔ Anɔ Ðaa

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Agbe Si me Dedienɔnɔ Anɔ Ðaa
  • Nyɔ!—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Wogblẽ Dedienɔnɔ si Wotsɔ Dze Egɔmee la Me
  • Ðo Gbɔgbɔmenuwo Nɔƒe Gbãtɔ
  • ‘Miyɔ Yehowa Mia Mawu La’
  • Dzɔdzɔenyenye, Gbɔdzɔe, kple Dziɖeɖi
  • Dedienɔnɔ Vavãtɔ—Tso Fifia Yi Ðe Mavɔmavɔ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Wole Agbe Dedie Nɔnɔ Dim
    Nyɔ!—1998
  • Ale Si Nàɖu Dediemanɔmanɔ Ƒe Seselelãme Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2016
  • Dedienɔnɔ Fifia—Dedienɔnɔ Tegbee
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
Nyɔ!—1998
g98 10/8 axa 7-10

Agbe Si me Dedienɔnɔ Anɔ Ðaa

NE LÃWÒME xɔ dzo la, ènoa atikekuiwo be taɖuamea naka ɖe eme eye ɖewohĩ àdo tsi fafɛ be wò lãme nafa. Gake togbɔ be atikekuia kple tsi fafɛa wɔnɛ nète ŋu nɔa te ɖe dzesiawo nu hã la, meɖea nusi gbɔ wò ŋudza la tso ɖa o. Eye ne wò lãmegbegblẽa nu sẽ la, èyia atikewɔla bibi gbɔ be wòada dɔ na ye.

Ameƒomea le fu kpem le dediemanɔmanɔ ƒe ŋudza si gbe vɔvɔ si me. Esɔ be míewɔa afɔɖeɖe siwo ana be dzesi madeamedziawo nu nafa, gake amesi ate ŋu aku nu me ake ɖe nusi gbɔ míaƒe nɔnɔmea tso la koe ate ŋu akpɔ egbɔ na mí. Ame aɖeke menya ameƒomea nyuie wu mía Wɔla, Yehowa Mawu o. Enya be dedienɔnɔ mele agbe ŋu o le kuxi siwo wohe va mía dzi ta.

Wogblẽ Dedienɔnɔ si Wotsɔ Dze Egɔmee la Me

Mawu ƒe Nya la gblɔ be Yehowa wɔ ame eve gbãtɔwo ame deblibowoe eye wòda wo ɖe dedienɔƒe aɖe. Wometsia dzimaɖi o. Mawu ƒe tameɖoɖoe nye be amegbetɔwo nanɔ agbe tegbee le paradiso si me dedienɔnɔ blibo le me. “Ati vovovo, siwo nya kpɔna, siwo ƒe tsetsewo nyo na ɖuɖu” kpe ɖe nu gbãtɔ siwo wotsɔ na ameƒomea ŋu. De dzesii be wokpɔ woƒe ŋutilãmenudidiwo gbɔ na wo; eye nenema ke enye woƒe seselelãme nuhiahiãwo hã, elabena woɖɔ teƒea be ‘enya kpɔ.’ Ðikeke mele eme o be esia fia be teƒe dzeakɔanyi si fuɖenamenuwo menɔ o ye woda ame eve gbãtɔawo ɖo.—Mose I, 2:9.

Adam kple Xawa gbe Mawu ƒe dziɖuɖu gãtɔ si me lɔlɔ̃ le, eye esia he ɖikeke, vɔvɔ̃, ŋukpe, fɔɖiɖi, kple dediemanɔmanɔ va woƒe agbe mee. Esi wogbe Mawu megbe la, Adam lɔ̃ ɖe edzi be ‘yevɔ̃.’ Ame gbãtɔwo tsyɔ nu heɣla wo ɖokui ɖe Wɔla lɔlɔ̃tɔ si wo kplii dome nɔ kplikplikpli nyuie tsã la.—Mose I, 3:1-5, 8-10.

Yehowa ƒe tameɖoɖo gbãtɔa metrɔ o. Biblia gblɔ be mía Wɔla nye Mawu lɔlɔ̃tɔ, eye eteƒe madidi o ana ameƒomea me tɔ toɖolawo natrɔ anyigba la wòaganɔ paradiso ƒe nɔnɔme me eye be woanɔ agbe tegbee le dedienɔnɔ me. To nyagblɔɖila Yesaya dzi la, edo ŋugbe be: “Mawɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye, . . . miakpɔ dzidzɔ, eye miatso aseye ɖaa.” (Yesaya 65:17, 18) Apostolo Petro hã gblɔ le dziƒo yeye kple anyigba yeye sia ŋuti be: “Dzɔdzɔenyenye anɔ [wo me].”—Petro II, 3:13.

Aleke esia awɔ ava? To dziɖuɖu aɖe si Yehowa ɖo anyi dzi. Esiae nye Fiaɖuƒe si Yesu Kristo gblɔ na eyomedzelawo be woado gbe ɖa abia: “Mía Fofo si le dziƒowo! Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ! Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!”—Mateo 6:9, 10.

Mawu ƒe Fiaɖuƒea axɔ ɖe amegbetɔdziɖuɖuwo teƒe eye wòakpɔ egbɔ be woawɔ Mawu ƒe tameɖoɖowo dzi le xexeame katã lɔlɔ̃tɔe. (Daniel 2:44) Ðikeke, vɔvɔ̃, ŋukpe, fɔɖiɖi, kple dediemanɔmanɔ si le fu ɖem na ameƒomea tso Adam ƒe ŋkekeawo me ke la nu ayi. Biblia gblɔ be Fiaɖuƒea tu aƒe. Fifia le míaƒe xexe sia si me kakaɖedzi mele o gɔ̃ hã me la, amesiwo dia Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe vava le dedie le go aɖewo me.

Ðo Gbɔgbɔmenuwo Nɔƒe Gbãtɔ

Dawid nye mawusubɔla si nya nusi vɔvɔ̃ kple fukpekpe me nɔnɔ fia. Gake Dawid ŋlɔe abe alesi wòdze le Psalmo 4:9 ene be: “Mamlɔ anyi le ŋutifafa me adɔ alɔ̃ enumake: elabena wò Yehowa ɖeɖeko ana manɔ dedie.” (Míawoe te gbe ɖe edzi.) Togbɔ be kuxiwo ɖe kpe na Dawid ɣeaɖewoɣi hã la, Yehowa na wòse le eɖokui me be yele dedie. Ðe míate ŋu asrɔ̃ nane tso esia mea? Aleke míawɔ anɔ dedie vie le xexe si mele dedie o me?

Bu Mose ƒe agbalẽ gbãtɔ me nya si ku ɖe Adam kple Xawa ŋu la ŋu kpɔ. Ɣekaɣie dediemanɔmanɔ ƒe seselelãme va ge ɖe wo me? Ɣeyiɣi si me tututu wogblẽ wo kple wo Wɔla dome ƒomedodo me eye wogbe be yewomanɔ agbe ɖe eƒe tameɖoɖo na ameƒomea nu o la mee. Eyata, ne míetrɔ nudzɔdzɔ sia eye míawo ya míetu mía kple Yehowa dome ƒomedodo kplikplikpli ɖo eye míedze agbagba nɔ agbe wòsɔ kple eƒe lɔlɔ̃nu la, míate ŋu anɔ agbe si me dedienɔnɔ le wu ɖesiaɖe fifia kura gɔ̃ hã.

Sidzedze Yehowa to Biblia sɔsrɔ̃ me kpena ɖe mía ŋu míenyaa gɔmesese si le agbe ŋu. Ema koe na míete ŋu sea amesi míenye kple nusitae míele afisia ɖo gɔme. Anya wɔ be míanɔ agbe dedie ne míelɔ̃ Mawu, míenya eƒe tameɖoɖo na ameƒomea, hede dzesi akpa si míele nɛ. Ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Paul ke ɖe esia ŋu ƒe geɖe nye sia.

Ƒukpo siwo medidi tso Germany-ƒuta boo o dzie wodzi Paul henyii le. Le nusi teƒe edzilawo kpɔ le Xexemeʋa II me ta la, eƒe ƒomea metsɔ ɖeke le subɔsubɔ me o. Paul si va zu ɖekakpui la gblɔ le eɖokui ŋu be: “Nyemexɔ naneke dzi se o eye nyemebua ame aɖeke hã o. Menoa aha be maŋlɔ nye nuxaxawo be, eye menonɛ muna zi eve alo zi etɔ̃ le kwasiɖa ɖeka me. Nyemekpɔ dedienɔnɔ aɖeke le nye agbe me o.”

Emegbe Paul ɖo dze kple Yehowa Ðasefo aɖe. Paul he nya kplii ŋutɔ, gake Ðasefoa gblɔ nya aɖe si na wòbu tame. “Naneke medzɔna le eɖokui si o.” Ne woagblɔe le mɔ bubu nu la, Wɔla le nusianu si míekpɔna si.

“Mebu nya ma ŋu zi geɖe, eye ɖeko wòle be malɔ̃ ɖe edzi.” Eyata Paul srɔ̃ Biblia kple Yehowa Ðasefowo eye wòva dze si Yehowa. Egblɔ be: “Le dzinyelawo megbe la, amesi xɔ nɔƒe gbãtɔ le nye agbe me si wɔ nane nam ye nye Yehowa.” Paul xɔ nyɔnyrɔ zu Ðasefo le ƒe 1977 me eye wògblɔ be: “Fifia menya tameɖoɖo si tututu le agbe ŋu. Mesea vivi le agbenɔnɔ ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu me. Mekpɔnɛ be mele dedie elabena naneke meli si adzɔ ɖe nye alo nye ƒomea dzi si Yehowa mate ŋu aɖɔ ɖo le etsɔme o.”

Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso nuteƒekpɔkpɔ sia me? Paul ɖu eƒe dediemanɔmanɔ—seselelãme ƒe agba—dzi esi wòtsɔ susu ɖo gbɔgbɔmenuwo ŋu ke menye ŋutilã me kesinɔnuwo ŋu o. Ƒomedodo sẽŋu aɖe va nɔ woa kple Wɔla la dome. Yehowa Ðasefo miliɔn geɖe sea vivi le ƒomedodo ma ƒomevi me. Esia doa ŋusẽ wo le ememe eye wòkpena ɖe wo ŋu be woaɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ afia ne wole nu wɔm kple ame bubuwo. Yehowa Ðasefowo zãa woa ŋutɔwo ƒe ɣeyiɣi yia amewo gbɔ le woƒe aƒewo me be yewoakpe ɖe ame bubuwo ŋu woƒe agbe nanɔ dedie to gbɔgbɔmenuwo ŋu bubu me. Gake menye gbeƒã koe Ðasefowo ɖena o.

‘Miyɔ Yehowa Mia Mawu La’

Esi Oder Tɔsisi la ɖe dziehe Europa ƒe nuto geɖe le July 1997 me la, Yehowa Ðasefo siwo le Germany se nɔnɔme si me amewo nɔ le Poland si ɖe liƒo kpli wo me. Nukae woate ŋu awɔ? Ðasefo ɖekaɖeka siwo le Berlin kple eƒe nutowo me ɖe dɔmenyo wɔnuku aɖe fia wowɔ lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔ si ƒe home wu $116,000 le ŋkeke ʋee aɖewo ko me.

Ðasefo siwo nya xɔtutu ɖo ʋu gaƒoƒo ade—woxe woa ŋutɔwo ƒe ʋudzɔwo—tso Berlin yi ɖe nuto siwo ƒo xlã Wrocław me le Poland. Aƒe geɖe gbã vevie le du sue aɖe me. Etsi si ƒe kɔkɔme wu meta 6 ɖe Ðasefowo ƒe ƒome aɖe ƒe aƒe. Wo vi nyɔnu nɔ ɖoɖo wɔm be yeaɖe srɔ̃ le dzinu si akplɔe ɖo me ava nɔ aƒea me kple ye srɔ̃. Nukae woate ŋu awɔ atsɔ dzra aƒea ɖo ahana kpekpeɖeŋu ƒome si ƒe nuwo katã kloe gblẽ la?

Esi tsiɖɔɖɔa mie la, aƒelika aɖe bia fewuɖutɔe be: “Nukatae miayɔ miaƒe Mawu, Yehowa, akpɔe ɖa be akpe ɖe mia ŋu o hã?” Aleke wòwɔ mo yaa na aƒelika la enye si esime ʋu geɖe tso Germany va yi ɖatɔ ɖe Ðasefowo ƒe ƒomea ƒe aƒea gbɔ le ŋufɔke! Amedzrowo ɖi le ʋuawo me hedze aƒea dzradzraɖo gɔme. Aƒelikaa bia be: “Amekawoe wonye? Amekae axe fe ɖe dɔwɔnuawo ta?” Ðasefo ƒomea ɖe eme be yewoƒe gbɔgbɔmenɔviwoe amedzro siawo nye, woa ŋutɔwoe xe fe ɖe dɔwɔnuawo ta. Dua me tɔwo tsi yaa esi wokpɔ wonɔ aƒea dzram ɖo. Eva eme be wowɔ srɔ̃ɖeɖea le ŋkeke ɖoɖia dzi.

Ƒome sia va kpɔe dze sii be menye gbɔgbɔmeviɖewo koe Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe nɔviwo habɔbɔa me nɔnɔ hena vɛ o, ke dedienɔnɔ aɖe hã le eme le xexe sia si mele dedie o me. Menye woawo ɖeɖe ƒe aƒe koe wodzra ɖo o. Wodzra Yehowa Ðasefowo ƒe aƒewo kple Fiaɖuƒe Akpata siwo le nuto si me afɔkua dzɔ le la ɖo. Eye womegblẽ aƒelika siwo menye Ðasefowo o ɖi o. Wowɔ dɔ geɖe le woƒe aƒewo hã ŋu eye wokpɔ ŋudzedze ɖe eŋu ŋutɔ.

Dzɔdzɔenyenye, Gbɔdzɔe, kple Dziɖeɖi

Ne ŋudza sesẽ vɔ na mí mlɔeba eye ŋusẽ gaɖo mía ŋu la, aleke gbegbe míedaa akpe na atikewɔla si kpe ɖe mía ŋu lae nye si! Ne woɖe dediemanɔmanɔ ƒe ŋudza si lé ameƒomea ɖa tegbee—to Mawu ƒe Fiaɖuƒea dzi—la, aleke gbegbe míada akpe na mía Wɔla lae nye si! Ẽ, eyae do agbe si me ‘dzɔdzɔenyenye vavãtɔ, gbɔdzɔe kple dziɖeɖi anɔ tegbee’ ƒe ŋugbe na mí. Mɔkpɔkpɔ wɔnuku kae nye si!—Yesaya 32:17.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 8]

Mawu do xexe yeye aɖe si me amewo katã anɔ dedie ɖaa le ƒe ŋugbe

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Míate ŋu avo tso agba si anɔ mía dzi le seselelãme gome la me ne míaƒe susu nɔ gbɔgbɔmenuwo ŋu ke menye ŋutilã me nunɔamesiwo ŋu o

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe