INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g98 10/8 axa 15-17
  • Mawusubɔsubɔ le Egbegbe Poland

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mawusubɔsubɔ le Egbegbe Poland
  • Nyɔ!—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Polandtɔwo ƒe Nukpɔsusu le Nyaa Ŋu
  • Nusiwo Ŋu Wodea Asixɔxɔe Trɔ—Agbenɔnɔ Trɔ
  • Nukae Nye Egbɔkpɔnu Ŋutɔŋutɔ?
  • “Poland Nɔvihabɔbɔ”—Nukata Woti Wo Yome?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • “Nu Gã” Si Wona Polandtɔwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Nukata Ha La Megale Ŋusẽ Kpɔm Ðe Amewo Dzi O?
    Nyɔ!—1996
Nyɔ!—1998
g98 10/8 axa 15-17

Mawusubɔsubɔ le Egbegbe Poland

ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE POLAND GBƆ

WONYA Polandtɔwo le xexeame katã be wotsɔa dzo ɖe mawusubɔsubɔ ŋu ŋutɔ. Le nyateƒe me la, dukɔa me tɔ siwo ade 95 le alafa me gblɔ be yewonye Roma Katolikotɔwo.

Wobua subɔsubɔzãwo nu vevii le dukɔ sia me eye wonye dukɔa ƒe kɔnyinyi ƒe akpa vevi aɖe. Vevietɔ le kɔƒenutowo me la, wote ŋu ɖua subɔsubɔŋkekenyuiwo wònyea nukpɔkpɔ kple azã gã aɖe eye gomekpɔlawo doa awu ɖe wo gbɔ kɔnuwo nu eye amewo wɔa fefewo.

Nyakakamɔnuwo dea nudzɔdzɔ siawo kple mɔzɔzɔ ayi subɔsubɔteƒe xɔŋkɔwo kple mawusubɔsubɔ me gbɔlɔlɔwo woƒe nyadzɔdzɔgbɔgblɔwo me edziedzi. Wobua tsidedetaname, gbedoxɔ me srɔ̃ɖeɖewo, ame kɔkɔewo ƒe ŋkekewo, kple Nuɖuɖu Kɔkɔe gbãtɔwo hã ɣeyiɣi veviwoe nenema ke.

Le ƒe 1978 me la, Karol Wojtyła si tso Poland va zu Papa John Paul II. Esia gade dzo Katoliko-subɔsubɔha me ɖe edzi le Poland. Ameha gbogbo siwo wònyea dada na doa dzaa na woƒe dukɔmevi sia ɣesiaɣi si wòɖi tsa va wo dedukɔ me.

Subɔsubɔnuwɔna siawo katã na be dukɔ bubu me tɔwo bua Polandtɔwo be wonye amesiwo ɖea xɔse deto fiana. Gake Katoliko-nunɔlawo kple ame bubu siwo léa ŋku ɖe nu ŋu tsia dzi ɖe alesi hamevi geɖe wu ƒe nɔnɔme kple agbenɔnɔ le tɔtrɔmee ŋu.

Polandtɔwo ƒe Nukpɔsusu le Nyaa Ŋu

Nukpɔsusu bubue le Poland Katoliko-ha ƒe nunɔlahawo teƒenɔla siwo nye ame ŋkutawo kple nyadzɔdzɔŋlɔlawo kpakple hadomenumekulawo si ɖe alesi Katoliko-ha la le le egbegbe Poland ŋu. Ameŋkutawo gblɔa nya siwo nu sẽ edziedzi tsɔ tsia tre ɖe nuvlowɔwɔ ƒe takeke, agbenyuinɔnɔ dzidzenuwo ƒe gbegblẽ, kple alesi amewo megale ɖeke tsɔm le subɔsubɔ dzixɔse nuwɔnawo me o ŋu. Nya si ŋu woƒoa nu tsoe ƒe akpa gãtɔ kuna ɖe biabia sia ŋu be, Ŋusẽ kae Roma Katoliko-ha xɔŋkɔ la ƒe subɔsubɔ kpɔna ɖe amewo ƒe gbesiagbegbenɔnɔ dzi?

Le kpɔɖeŋu me, Poland Bisiɔpgã Józef Glemp de dzesi alesi xexemegbenɔnɔ va le aƒe xɔm ɖe amewo me wu eye wòƒo nu le alesi wòhiã be woatsri trɔ̃subɔsubɔ yeye ƒe takeke le dukɔa me ŋu la ŋuti. Agbalẽŋlɔla Wojciech Chudy dzro nɔnɔmea me tsitotsito le Katolikotɔwo ƒe magazine si nye Ład me. Egblɔ be: ‘Ele be míade ŋugble le nya si le fu ɖem na nunɔlawo, hadomegbenɔnɔ ŋuti nusrɔ̃lawo, kple amesiwo srɔ̃a nu le amewo ƒe nɔnɔme ɖe mawusubɔsubɔ ŋu ŋuti ƒe geɖe la ŋu—eyae nye ɖekamawɔmawɔ si le mawusubɔsubɔ kple gbesiagbegbenɔnɔ me si dze gaglã. Àva se mawunya gake kasia nàdo le sɔlemexɔa me ko èŋlɔ nya siwo ku ɖe Mawu ŋu la be. Èva ge ɖe xexe bubu me, si nye xexe si me míedagbana le gbesiagbe, afisi nènɔa agbe le abe ɖe Mawu aɖeke meli o ene.’

Nunɔlagã Bisiɔpha ƒe zimenɔla ƒe kpeɖeŋutɔ Henryk Muszyński gblɔ kpee be: “Nyanyuia mete ŋu trɔ mí le ememe o. Akɔntabubu nu koe Polandtɔwo nye Kristotɔwo le. Ame aɖeke mate ŋu agbe nyateƒe si wònye be ame akpa gãtɔ bua Kristotɔnyenye kɔnuwɔwɔ aɖee tsɔ wu mawusubɔsubɔ o.”

Nusiwo Ŋu Wodea Asixɔxɔe Trɔ—Agbenɔnɔ Trɔ

Nyagbɔgblɔ mawo ɖee fia be sɔlemehateƒenɔla siwo nye ame ŋkutawo tsi dzi ɖe tɔtrɔ gã siwo va le nusiwo ŋu wodea asixɔxɔe kple le agbenɔnɔ gome ŋu. Elabena edze abe amewo va le ɖe tsɔm le nu bubuwo me tsɔ wu mawusubɔsubɔ si gbɔ womelɔ̃a nu le tsã o ene.

Abe kpɔɖeŋu ene la, numekuku aɖe si wowɔ tso hadomekuxiwo ŋu ɖee fia be Polandtɔwo bua ƒome be eyae nye nu vevietɔ kekeake le agbe me, eye nusiwo kplɔe ɖoe nye anukwareɖiɖi, dzɔdzɔenyenye, dɔmenyonyo, kple kakaɖeamedzi. Wotsɔ nusiwo ku ɖe Mawu kple mawusubɔsubɔ ŋu ɖo teƒe 16 lia ke. Esia na sɔlemedelawo dzi ɖe kpɔtɔ, le ame geɖe siwo be xɔsetɔwoe yewonye gɔ hã dome.

Poland-bisiɔpwo tsi dzi ɖe akɔntabubu siwo ɖe alesi gbegbe amewo megabua ha la ƒe nufiafia ɖe ɖeke me o hã ŋu. Le kpɔɖeŋu me, numekuku si Irena Borowik si le Jagielloński Yunivɛsiti wɔ ɖee fia be amesiwo wobia gbee dome alafa memamã 50 koe gblɔ be yewoxɔ agbenɔnɔ le ku megbe dzi se, ame alafa memamã 47 bu be ele be woaɖe mɔ na nunɔlawo be woaɖe srɔ̃, eye ame alafa memamã 64 da asi ɖe srɔ̃gbegbe dzi.

Numekuku bubu si wota ɖe Wprost magazine me ɖee fia be “Polandtɔ alafa memamã 69 tsi tre ɖe sɔlemeha la ƒe sedede ɖe mɔxexe ɖe fufɔfɔ nu tikewo zazã ŋu, ame alafa memamã 56 tsi tre ɖe sedede ɖe fuɖeɖe nu ŋu, eye ame alafa memamã 54 da asi ɖe gbɔdɔdɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe dzi.” Akɔntabubu sia ɖe alesi amewo ƒe nukpɔsusuwo to vovoe le sɔlemeha la me fifiae fia.

Wova de asixɔxɔ gã sɔlemeha la ŋu le ƒe blave siwo va yi me le akpa vevi si wòwɔ le tsitretsitsi ɖe Kɔmiunist-dziɖuɖu ŋu me ta. Gake fifia ewɔ abe alesi sɔlemeha la yi edzi ƒoa eɖokui ɖe dunyahehe kple hadomenyawo me le dziku dom na amewo ene, eye ewɔe be mamã si le hameviwo kple ha la ƒe nunɔlahawo dome le gã dom ɖe edzi.

Nukae Nye Egbɔkpɔnu Ŋutɔŋutɔ?

Do ŋgɔ na dunyahehe me tɔtrɔ ɖedzesi siwo dzɔ le ƒe 1989 me la, dziɖuɖua de agbenɔnɔ ŋu se vevi aɖewo. Se siawo dome akpa gãtɔ nu yi. Dunyahenuɖoanyi yeye he demokrasidziɖuɖu kple ame ŋutɔ ƒe ablɔɖe vɛ gake ehe ganya ƒe ɖoɖo si me amesiame te ŋu ʋlia ho le faa hã vɛ. Ame geɖe se le wo ɖokui me le esia gome be Polandtɔwo mesu te na tɔtrɔ ma gbegbe wɔwɔ hafi o. Nukae susɔ?

Be woakpɔ dzidzedze le agbenɔnɔ me kple le gbɔgbɔ me le egbe xexe sia me bia xɔse si wotu ɖe nusi de to wu subɔsubɔnuwɔna dzro alo kɔnu aɖe ko dzi. Ele be xɔse si ƒo ke ɖe to sesiẽ ɖe Mawu ƒe Nya, Biblia, me sidzedze kple gɔmesese nasu ame ɖesiaɖe si.

Papa John Paul II ŋutɔ de dzesii nyitsɔ laa le alesi wòhiã be Kristotɔwo nanɔ Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo xlẽm enuenui. Egblɔ na amewo be “woatsi dzi ɖe Mawu ƒe Nya la ŋu vevie anɔ exexlẽ dzi edziedzi.” Egblɔ kpee be: “Esɔsrɔ̃ be woaxlẽ Ŋɔŋlɔ Kɔkɔea nye nusi wotsɔ dzea xɔsetɔnyenye gɔmee: eyae nye afɔɖeɖe gbãtɔ le ŋgɔyiyi wɔwɔ me, eye ŋugbledede kplɔnɛ ɖo, si ana be woate ŋu ado gbe ɖa vevie.” Papa la de dzi ƒo na “amesiame si le nyateƒea dim be . . . wòayi edzi anɔ eɖokui nyim kple abolo si nye Mawu ƒe Nya la gbesigbe.”

Ƒe alafa wuiasiekee nye si va yi, hafi agbe nava zu hloloetsotso kple nu malike abe alesi wòle fifia ene la, Yesu Kristo bia Mawu be wòakpɔ yeƒe nusrɔ̃lawo ta tso nusiwo gbɔdzɔa xɔse si ƒo xlã wo la me. Edo gbe ɖa be: “Wɔ wo kɔkɔe le nyateƒe la me, wò nya la enye nyateƒe.” (Yohanes 17:17) Eye nusita Biblia ‘nye nyateƒee’ nye be enye Mawu ƒe Nya, ke menye amegbetɔ ƒe nyae o. Apostolo Paulo ŋlɔ na hame aɖe be: “Esime miexɔ mawunya, si miese le mía nu la, miexɔe abe amewo ƒe nya ene o, ke boŋ abe Mawu ƒe nya ene, abe alesi wònye Mawu ƒe nya vavã . . . ene.”—Tesalonikatɔwo I, 2:13.

Esi Biblia nye ‘Mawu ƒe nya’ eye ‘wònye nyateƒe’ ta la, ate ŋu ana nusi míehiã be míatsɔ ado ŋusẽ mía ɖokuiwo le xexe mavɔ̃mawu sia me la mí. Biblia gblɔ be: “Ŋɔŋlɔawo katã tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me eye enye viɖenu hena nufiafia, na mokaka, na nuwo ɖɔɖɔɖo dzɔdzɔe, na amehehe, si le dzɔdzɔenyenye me, bene Mawu ƒe ame la nade blibo keŋkeŋ, anɔ dzadzraɖo ɖi keŋkeŋ hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.”—Timoteo II, 3:16, 17, NW.

Dzianukwaretɔ kple nunyala geɖe siwo le Poland kple xexeame katã va le ekpɔm be ɖokuisi Biblia sɔsrɔ̃ naa xɔse sẽŋu sua ame si le Mawu kple eƒe tameɖoɖo dzixɔxɔse me. Xɔse sia tɔgbe ye doa ŋusẽ wo be woanɔ Kristotɔwo ƒe agbe nyui le egbe xexe mavɔ̃mawu sia me.

[Anyigbatata si le axa 16]

“Akɔntabubu nu koe Polandtɔwo nye Kristotɔwo le.”—Poland-bisiɔpgã aɖe

[Anyigbatata si le axa 17]

Ame geɖe megabua sɔlemeha ƒe nufiafiawo ɖe ɖeke me o

[Nya si ɖe dzesi si le axa 15]

POLAND

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe