Dawo Aʋatsonya Aɖewo Siwo Wogblɔna Tsoa Wo Ŋu
Etso Nyɔ! Ƒe Nuŋlɔla Si Le India Gbɔ
Seƒoƒo si nye “jasmine” si nyɔnuvi aɖe tsɔ de eƒe ɖa me ƒe ʋeʋẽ lilili na ƒli si ŋuti wɔ ade zɔ mii gbɔna egbɔ. Da bliboa nɔ yiyim mligomligo abe alesi ƒutsotsoe nɔa mimlim ene. Nyɔnuvia kpɔ keklẽ aɖe si ɖi kpe xɔasi dadzowo tɔ le daa ƒe ŋgonu eye da la fɔ ŋku ɖe edzi gãa tsɔ sa gbe doe wòtsi afima. Kasia da la dzo va ƒo eƒe tsyowo ɖe nyɔnuvia ƒe abɔ.
NUDZƆDZƆ ŋutɔŋutɔ yea alo beble ye? Nya blibo si wogblɔ do ŋgɔ fifia nye alakpa si wotu ɖe aʋatsodzixɔse siwo bɔ dzi. De ŋugble le aʋatsodzixɔse siawo dometɔ aɖewo ŋu kpɔ.
1. Seƒoƒo aɖewo (abe jasmine ene) kple ati aɖewo (abe sandalwood ene) ƒe ʋeʋẽ yɔa da. AƲATSOE. Nudzodzoewoe woƒe ʋeʋẽ yɔna, eye nudzodzoeawo hã yɔa akpɔkplɔ, eye esi wònye akpɔkplɔ nye da ƒe nuɖuɖu ta la, akpɔkplɔ hã yɔa da.
2. Da zɔna mligomligo nɔa dzi yim ganɔa anyi vam. AƲATSOE. Ne da le zɔzɔm to kpe gãwo dzi koe wòdzena nenema. Ƒli kple da bubu siwo lɔ̃a anyigba nɔnɔ zɔna toa anyigba, tẽ. Womloa woƒe tagbɔ yia ŋgɔe eye wohea woƒe ŋutilã ƒe akpa mamlɛa loo, alo anyigba ƒe afisiwo mesɔ o naa woxana ne woyina ŋgɔ, si na woƒe nɔnɔme dzena abe ŋɔŋlɔdzesi si nye S ene.
3. Kpe xɔasi nɔa da aɖewo ƒe ta me. AƲATSOE. Esia kple dzixɔse si nye be ƒliwo kpɔ blema Indiatɔ ame ŋkutawo ta la nye nyakpakpa.
4. Ƒliwo saa gbe doa nusiwo woléna. AƲATSOE. Ne vɔvɔ̃ ɖo ƒli la, godoo la ekea ŋku ɖi gãa. Eyata alesi wowɔna na amegbetɔ ne edo go da ŋkume kple ŋkumee ye nye ŋku keklẽ ɖi le dzɔdzɔme nu si wɔnɛ abe ɖe wolulu ene. Gake menye nenemae da wɔna léa nu o.
5. Ðe ƒli dzona dzea nusi woléna dzi. AƲATSOE. Ƒli daa eƒe tagbɔ yia ŋgɔe tsɔ léa nui, gake daa ƒe akpa gãtɔ nɔa anyigba tsɔ lénɛ ɖi. Zi geɖe la, ne womã eƒe didime ɖe akpa etɔ̃ me la, akpa ɖekae wòfɔna ɖe dzi tsɔ léa nui.
6. Dawo ƒe ŋutigbalẽ si me ƒliwo tɔ hã le wɔ ade hefana miamiamia ɣesiaɣi. AƲATSOE. Da ƒe ŋutigbalẽ kple tsro siwo tsyɔ wo nɔewo dzi ɖe wòƒu hele abe lãgbalẽ bɔlɔbɔlɔ ene. Dzoxɔxɔ tɔxɛ aɖeke mele da ƒe ŋutilã ŋutɔ si o; etrɔna ɖe teƒe si wòle ƒe dzoxɔxɔ ŋu.
7. Ƒliwo ƒe to ku. AƲATSOE. Enye aʋatsodzixɔse si le ame geɖe si. Amesiawo buna be nusi dawo sena koe nye nane si ʋuʋu si ŋkɔ wòsena le lãme. Biblia ƒe nya siwo le Psalmo 58:5, 6 fia be ƒli sea nu, eye wònye nyateƒe hã. Numekuku si wowɔ yeyee ɖee fia be ƒliwo ate ŋu ase gbeɖiɖi siwo toa ya me eye wosea amesi saa gbe dea dawo la ƒe hadzidzi.—Kpɔ September 8, 1993, ƒe Nyɔ! axa 27.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 30]
Da si le dzikpa dzi: Animals/Jim Harter/Dover Publications, Inc.