INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 3/14 axa 16
  • Da Ƒe Ŋutigbalẽ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Da Ƒe Ŋutigbalẽ
  • Nyɔ!—2014
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dawo Aʋatsonya Aɖewo Siwo Wogblɔna Tsoa Wo Ŋu
    Nyɔ!—1998
  • Akɔblida La
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Aɖatsiwo Le Lãgbalẽgo Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Ƒumelã Aɖe Ƒe Lãkusi Wɔnuku La
    Ðe Wowɔea?
Nyɔ!—2014
g 3/14 axa 16
Da le ati liam

ÐE WOWƆEA?

Da Ƒe Ŋutigbalẽ

ESI wònye be ƒodo dzi ko da zɔna ɖo ta la, ele be eƒe ŋutigbalẽ nasesẽ ale be wòate ŋu ato afi sia afi dedie. Da ƒomevi aɖewo lia ati siwo ŋuti le glidzaglidza, eye bubuwo hã ɖia wo ɖokuiwo ɖe ke me. Nu kae na da ƒe ŋutigbalẽ sesẽna nenema gbegbe?

Bu nya siawo ŋu kpɔ: Dawo ƒe ŋutigbalẽ ƒe titrime kple wɔwɔme tea ŋu toa vovo na wo nɔewo tɔ. Gake dawo katã ƒe ŋutigbalẽ sɔ le nu ɖeka ya gome: Eyae nye be woƒe ŋutigbalẽa ŋuti sesẽna, gake etume nɔa bɔbɔm vivivi yina ɖe ememe. Vi kae esia ɖena? Numekula Marie-Christin Klein gblɔ be: “Le nu siwo ƒe ŋuti sesẽ evɔ woƒe tume ya bɔbɔ gome la, ne nane ka wo ŋu alo va lɔ wo la, wotea ŋu maa vevesesea ɖe ŋutilã ƒe akpa geɖe sɔsɔe.” Ale si da ƒe ŋutigbalẽ ƒe wɔwɔme le etɔxɛe la wɔe be etea ŋu lina ɖe anyigba nyuie eye wòtea ŋu zɔna bɔbɔe. Eye ne eto kpe glidzaglidza siwo ate ŋu agblẽ nu le eƒe ŋutigbalẽ ŋu dzi la, ŋutilã ƒe akpa si to edzi la maa vevesesea ɖe ŋutilã ƒe akpa bubuwo sɔsɔe, eye esia wɔnɛ be megblẽa nu le eƒe ŋutilã ŋu boo o. Esi wònye be exɔa ɣleti eve alo etɔ̃ hafi da ɖea tsro ta la, ehiã vevie be eƒe ŋutigbalẽ nasesẽ.

Nu siwo ƒe wɔwɔme le abe da ƒe ŋutigbalẽ ene ate ŋu aɖe vi ŋutɔ le atikewɔwɔ me. Le kpɔɖeŋu me, woate ŋu azã aɖaŋu ma atsɔ awɔ amegbetɔ ƒe ŋutinu siwo asesẽ eye womate ŋu aɖe bɔbɔe o. Woate ŋu azã da ƒe ŋutigbalẽ ƒe wɔwɔme hã ƒe aɖaŋu atsɔ awɔ akpa siwo troa mɔ̃wo abe gatekpa ene, si awɔe be mɔ̃memi, siwo ƒoa ɖi yame la, ƒe vi aɖe ko wòahiã be woazã.

Nu kae nèsusu? Ðe da ƒe ŋutigbalẽ dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe