‘Mɔnukpɔkpɔ Si Su Asiwò Be Nàna Nu Dɔmenyotɔe’ La Doa Dzidzɔ Na Wòa?
WONYA Kristotɔ gbãtɔ siwo nɔ Filipi la be wonaa nu faa tsɔ doa alɔ tadedeagu vavãtɔa. Le lɛta si apostolo Paulo ŋlɔ na wo me la, egblɔ be: “Ɣesiaɣi si meɖo ŋku mia dzi la, medaa akpe na nye Mawu ɖaa le nye kokoƒoƒo ɖe sia ɖe, si me metsɔa dzidzɔ ƒoa koko ɖe mi katã ta le, la me, le miaƒe asikpekpe ɖe nya nyui la ŋu tso ŋkeke gbãtɔ dzi va se ɖe fifia ta.” (Flp. 1:3-5) Paulo ɖo ŋku ɣeyiɣi si me Lidia kple eƒe aƒemetɔwo xɔ nyɔnyrɔ eye Lidia ƒoe ɖe woa kple eƒe zɔhɛ siwo nɔ gbeƒã ɖem ɖee ti la nu be woava yeƒe me yeawɔ amedzro na wo la dzi nyuie.—Dɔw. 16:14, 15.
Ɣeyiɣi ʋɛ aɖe le esia megbe la, hame yeye si woɖo ɖe Filipi la ɖo nunanawo ɖe Paulo zi eve sɔŋ esime wònɔ haxɔsetɔwo gbɔ kwasiɖa geɖe le Tesalonika, si gbɔ didi tso Filipi kilometa 160 kloe la. (Flp. 4:15, 16) Ƒe aɖewo megbe esime nɔvi siwo nɔ Filipi kple Makedonia la nɔ fukpekpe me tom eye “woda ahe kolikoli” la, wosee be hiã tu Kristotɔ siwo yome tim wonɔ le Yerusalem la, eye wodi be yewoakpe ɖe wo ŋu. Paulo ɖi ɖase be le nyateƒe me la, esia “[gbɔ] woƒe ŋutete ŋu.” Ke hã eŋlɔ bena: “[Wonɔ] kukuɖeɖe dzi na mí vevie, be míana mɔnukpɔkpɔ yewo yewoana nu dɔmenyotɔe.”—2 Kor. 8:1-4; Rom. 15:26.
Ƒe ewo sɔŋ le esime Filipitɔwo zu Kristotɔwo megbe gɔ̃ hã la, nunana faa ƒe gbɔgbɔa gakpɔtɔ nɔ wo me kokoko. Esi wosee be wolé Paulo de gaxɔ me le Roma la, wodɔ Epafrodito wòzɔ mɔ kilometa 1,287 sɔŋ tsɔ nuhiahiãwo yi na apostoloa. Edze ƒãa be Filipitɔawo di be yewoakpɔ Paulo ƒe nuhiahiãwo gbɔ nɛ ale be wòate ŋu ayi edzi anɔ ŋusẽ dom nɔviwo ahanɔ gbeƒã ɖem, togbɔ be enɔ gaxɔ me gɔ̃ hã.—Flp. 1:12-14; 2:25-30; 4:18.
Egbea la, Kristotɔ vavãwo bunɛ be mɔnukpɔkpɔ wònye na yewo be yewoakpe asi ɖe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa ŋu. (Mat. 28:19, 20) Wowɔa woƒe ɣeyiɣiwo, ŋutetewo, kple nunɔamesiwo ŋu dɔ tsɔ doa Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖe ŋgɔ. Àkpɔ mɔ siwo dzi nàte ŋu ato adzɔ nu atsɔ akpe asi ɖe Mawu ƒe dɔa ŋu la le aɖaka si le ete la me.
[Aɖaka si le axa 22, 23]
MƆ SIWO DZI AME AÐEWO TONA DZƆA NU
NUDZƆDZƆ HENA XEXEA ME KATÃ ƑE DƆA
Ame geɖe ɖo ga home aɖe koŋ ɖi si wodana ɖe nudzɔɖaka siwo dzi woŋlɔ ɖo be, “Xexea Me Katã Ƒe Dɔa” la me.
Ɣleti sia ɣleti la, hamewo ɖoa ga siawo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒe si kpɔa dɔa dzi le woƒe dukɔa me. Woate ŋu aɖo lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwo ɖe Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc., Attention Treasurer’s Office, 25 Columbia Heights, Brooklyn, New York 11201-2483 tẽe, alo aɖo wo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si kpɔa dɔa dzi le dukɔ si me nudzɔlaa le me. (Woate ŋu aɖo lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔ siwo ŋu woƒo nu tsoe le nudzɔdzɔ ƒe ɖoɖo siwo dze le ete me la hã ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si kpɔa dɔa dzi le dukɔ si me nudzɔlaa le me.) Ele be woaŋlɔ ɖe gaxɔgbalẽ siwo woaɖo ɖa to adrɛs si le etame dzi la dzi be, woaxee na “Watchtower.” Woate ŋu adzɔ sikanuwo alo kesinɔnu bubuwo hã. Ele be woaŋlɔ lɛta kpui aɖe akpe ɖe nudzɔdzɔ siawo ŋu, si aɖe nu me be ɖe wotsɔ nunana siawo ke keŋkeŋ.
NUDZƆDZƆ SIWO WOAGATE ŊU AXƆ ƑE ÐOÐO
Woate ŋu adzɔ ga le ɖoɖo tɔxɛ sia nu na Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania be wòazã ɖe xexea me katã ƒe dɔa ŋu. Gake ne gaa dzɔla bia gaa la, woagatrɔe anae. Ne èdi numeɖeɖe bubuwo la, taflatsɛ, ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Treasurer’s Office, nàzã adrɛs si le etame alo nàzã telefonxexlẽdzesi si nye (718) 560-7500 atsɔ aƒo ka na dɔwɔƒea.
NUNANA SI ŊU WOWƆ ÐOÐO ÐO
Tsɔ kpe ɖe ga siwo woatsɔ ake keŋkeŋ ŋu la, nunana ƒe mɔnu bubu siwo dzi woato akpe asi ɖe xexea me katã ƒe Fiaɖuƒe subɔsubɔdɔa ŋu hã li. Esiawo ƒe ɖewoe nye:
Nugblẽfexexe: Ame ate ŋu atia Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania be eyae woaxe yeƒe nugblẽfe na ne yeku alo be eyae woaxe yeƒe dzudzɔxɔledɔmega na.
Ga Siwo Le Gadzraɖoƒe: Ame aɖe ate ŋu awɔ ɖoɖo le wo gbɔ gadzraɖoƒewo ƒe sewo nu atsɔ ga si wòdzra ɖo ɖe gadzraɖoƒe, ga si wòda ɖe gadzraɖoƒe si adzi ɖe edzi la ƒe ɖaseɖigbalẽwo, alo eƒe dzudzɔxɔledɔmega ade Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania ƒe ŋkɔ me esime wògakpɔtɔ le agbe alo be woaxe ga siawo na habɔbɔa le eƒe ku megbe.
Ga Si Wode Dɔ Aɖe Me Kple Esi Wodo Na Dɔwɔƒewo: Woate ŋu atsɔ ga si wode dɔ aɖe me kple esi wodo na dɔwɔƒe aɖe ƒe gome ana Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania wòanye nunana si wotsɔ ke keŋkeŋ alo woagblɔ be woaxee na Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania le nunalaa ƒe ku megbe.
Aƒewo, Dɔwɔxɔwo, Kple Anyigbawo: Woate ŋu atsɔ aƒe, dɔwɔxɔ, alo anyigba siwo woate ŋu adzra la ana wòanye nu si ŋu woɖe asi le keŋkeŋ, alo ne aƒe si me nunalaa lee wònye la, woagblẽ xɔawo dometɔ aɖe ɖi nɛ be wòanɔ eme le eƒe agbenɔɣi. Ele be nunalaa nana alɔdzedɔwɔƒe si le woƒe dukɔa me nanya hafi wòawɔ aƒe alo anyigba siawo tsɔtsɔ na ŋuti gbalẽwo.
Nunaɖoɖo Si Me Woɖea Nane Le Naa Nunalaa Ƒe Sia Ƒe: Esia nye ɖoɖo aɖe si me ame tsɔa eƒe ga, alo ga si wòde dɔ aɖe me alo esi wòdo na dɔwɔƒe aɖe la naa Yehowa Ðasefowo ƒe habɔbɔa ƒe dɔwɔƒe aɖe alo esi le eƒe dzikpɔkpɔ te la. Eye le ɖoɖo sia nu la, woxea ga home aɖe koŋ na nunalaa, alo ame si nunalaa tia la ƒe sia ƒe le eƒe agbenɔɣi katã ɖe eƒe nunanaa teƒe. Woɖea adzɔxexe ƒe agba dzi kpɔtɔ na nunalaa le ƒe si me wòwɔ nunana ƒe ɖoɖo sia.
Domenyinumagbalẽwo Kple Nunɔamesi Siwo Woanɔ Zazãm Gbɔ: Ame ate ŋu ato domenyinumagbalẽ, si wòwɔ le setɔwo gbɔ, dzi ana eƒe nunɔamesi alo ga nazu Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania tɔ le eƒe ku megbe, alo woate ŋu atia Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania wòanɔ ame siwo anɔ nunɔamesi aɖewo ƒe viɖe zãm gbɔ la dome. Womexɔa adzɔ aɖewo ɖe nu siwo wotsɔ na subɔsubɔha aɖe la ta o.
Abe ale si nyagbɔgblɔ “nunana si ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo” fia ene la, ehiã be nunala la nawɔ ɖoɖo koŋ ɖe nunana siawo tɔgbi ŋu. Habɔbɔa ta agbalẽ gbadza si nye Charitable Planning to Benefit Kingdom Service Worldwide ɖe Eŋlisi kple Spain gbewo me, be wòakɔ nu me na ame siwo di be yewoado alɔ Yehowa Ðasefowo ƒe xexea me katã ƒe dɔa to nunana siwo ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo ƒomevi aɖewo dzi. Wota agbalẽ gbadza sia be woatsɔ ana nyatakaka tso mɔnu vovovo siwo dzi ame ate ŋu ato ana nu fifia alo awɔ ɖoɖo be woatsɔ yeƒe kesinɔnu aɖewo ana habɔbɔa le yeƒe ku megbe ŋu. Esi ame geɖe xlẽ agbalẽ gbadza la hedzro nu me kple woawo ŋutɔwo ƒe setɔwo alo adzɔxexe ŋuti aɖaŋuɖolawo vɔ megbe la, wote ŋu kpe asi ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe xexea me katã ƒe subɔsubɔdɔa kple dɔ siwo wowɔna tsɔ kpena ɖe ame siwo hiã tu ŋu la ŋu, eye eɖe vi geɖe na wo le woƒe adzɔxenyawo gome le esi wowɔe nenema ta. Woate ŋu abia agbalẽ gbadza sia ƒe ɖe tso Nunana Si Ŋu Wowɔ Ðoɖo Ðo Dzikpɔƒea gbɔ tẽe.
Ne èdi nyatakaka geɖe wu la, àte ŋu abia Nunana Si Ŋu Wowɔ Ðoɖo Ðo Dzikpɔƒea, to adrɛs si le ete la zazã atsɔ aŋlɔ agbalẽ na wo me loo, alo nàƒo ka na wo, alo nàbia alɔdzedɔwɔƒe si kpɔa dɔa dzi le dukɔ si me nèle me.
Charitable Planning Office
Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
100 Watchtower Drive
Patterson, New York 12563-9204
Telephone: (845) 306-0707