Sɔhɛwo Biana Be . . .
Aleke Mawɔ Azɔ Do Ŋgɔ na Srɔ̃ɖeɖe Kple Amesi Le Adzɔge Ʋĩ?
“Ðeko mekplɔ Yehowa Ðasefowo ƒe dukɔwo dome takpekpe valawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe gbɔe va amedzrodzeƒe si wodze la koe nye ma. Esi medi be mayi aƒeme teti ko la, ƒuƒoƒo bubu hã va yina. Eyata metɔ ɖo dze sẽ, eye mekpɔ Odette. Míegado go ake le kwasiɖaa me. Míeɖoe be míanɔ agbalẽ ŋlɔm na mía nɔewo, eye le mía nɔewo nyanya to lɛtaŋɔŋlɔ me ƒe aɖewo vɔ megbe la, míedze zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe gɔme.”—Tony.
XEXEAME va zu teƒe sue aɖe. Le ƒe ewo siawo me la, yameʋuɖofe ƒe asimaxɔmaxɔ, xexeame godoo ƒe telefonkadodowo, lɛta ƒe ame gbɔ ɖoɖo kaba, kple Internet siaa ʋu mɔnukpɔkpɔ yeyewo ɖi le lɔlɔ̃nyawo me. Eye le mɔ geɖe nu la, adzro ame be woazɔ kple ame aɖe si le adzɔge ʋĩ abe kilometa alafawo alo akpewo gɔ̃ hã ene do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe—vevietɔ ne edze abe ɖe màte ŋu akpɔ srɔ̃ aɖe le mia ŋutɔwo mia denyigba dzi o ene.
Le atsu kple asi aɖewo gome la, zɔzɔ kple wo nɔvi si le adzɔge ʋĩ do ŋgɔ na wo nɔewo ɖeɖe la nye yayra na wo. Tony gblɔ be: “Ƒe 16 enye sia si míele dzidzɔ kpɔm le míaƒe srɔ̃ɖeɖea me.” Ame aɖewo agblɔ kura gɔ̃ hã be zɔzɔ kple ame aɖe si le adzɔge ʋĩ naa ame eveawo te ŋu nyaa wo nɔewo nyuie esi woƒe ɖekadzedze alo tugbedzedze mable wo o. Eɖanye nukawo mee zɔzɔ kple amesi le adzɔge de ame dzi le o, kuxi aɖewo koŋ nɔa eme.
Mia Nɔewo Nyanya
Anyo ŋutɔ be nànya amesi nèle susum be yeaɖe la alesi nàte ŋui. Gake abe alesi srɔ̃ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Frank gblɔe le eya ŋutɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔ mee ene la, “amea ŋutɔŋutɔ, ‘dzime ƒe ame ɣaɣla’ la nyanya mele bɔbɔe o.” (Petro I, 3:4) Kristotɔ bubu si ŋkɔe nye Doug, si hã zɔ kple ame aɖe le adzɔge la lɔ̃ ɖe edzi be: “Esi metrɔ kpɔ megbe la, mekpɔe be míenya mía nɔewo tututu o.”
Ðe woate ŋu anya ame aɖe si le adzɔge ʋĩ kilometa alafa alo akpe geɖea? Ẽ, gake ate ŋu abia agbagbadzedze etɔxɛe. Doug gblɔ be: “Ga menɔ mía si be míaƒo ka na mía nɔewo o, eyata míeŋlɔa lɛta na mía nɔewo zi ɖeka le kwasiɖa me.” Joanne kple Frank ya kpɔe be lɛtaŋɔŋlɔ ɖeɖe masu o. Joanne gblɔ be: “Gbã la, míeŋlɔa lɛta na mía nɔewo eye míete mía nɔewo yɔyɔ le telefon dzi kpɔ. Emegbe Frank ɖo kasɛtƒomɔ̃ vi aɖe ɖem. Míeléa míaƒe nuƒowo ɖe kasɛt dzi ɖona ɖe mía nɔewo kwasiɖa ɖesiaɖe.”
Anukwareɖiɖi, Mɔ Ðeka si Ko Dzi Wòle Be Miato
Kadodomɔnu ka ke miezã o, anukwareɖiɖi le vevie. Kristotɔ srɔ̃nyɔnu aɖe si woyɔna be Ester gblɔ be: “Ne èda alakpa la, ava dze go emegbe eye wòagblẽ nu le miaƒe ƒomedodoa ŋuti. Miɖi anukware na mia nɔewo. Ði anukware na ɖokuiwò. Ne nane li si dzi mèlɔ̃ ɖo o la, mègaŋe aɖaba ƒu edzi o. Midzro eme.” Apostolo Paulo ɖo aɖaŋu nyui sia be: “Amesiame nagblɔ nyateƒe na ehavi.”—Efesotɔwo 4:25; tsɔe sɔ kple Hebritɔwo 13:18.
Nya siwo me wòle be miakpɔ be yewodzro la ƒe ɖewo ɖe? Ehiã be amesiwo katã le zɔzɔm do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe la nadzro nyawo abe taɖodzinuwo, vidzidzi, ganyawo kple lãmesẽnyawo ene me. Gake nanewo li siwo ŋu wòle be mialé ŋku ɖo etɔxɛe. Le kpɔɖeŋu me, ahiã be mia dometɔ ɖeka—alo mi ame evea—naʋu ne mieɖe mia nɔewo. Ðe nàlɔ̃ faa awɔ susu be yeaʋu esi mate ɖe dziwò oa? Aleke nèwɔ nya be yeate ŋui? Èʋu kpɔ alo dzo le ƒowòmetɔwo gbɔ ɣeyiɣi didi aɖe kpɔa? Ŋutsu si ava nye Joanne srɔ̃ di be yewoanye lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo asubɔ le habɔbɔ si ta magazine sia si nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegã. Joanne gblɔ be: “Ebiam be mate ŋu anɔ xɔvi aɖe me eye ga vi aɖe ko nanɔ asinyea? Ehiã be míaƒo nu tso eŋu.”
Ne amesi nèle zɔzɔm kplii do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe la nye dukɔ bubu me tɔ la, àlɔ̃ be yeatrɔ ɖe dukɔ bubuwo ƒe dekɔnu ŋua? Frank bia be: “Ðe miekpɔa dzidzɔ ɖe mia nɔewo detɔwo ƒe gbesiagbegbenɔnɔ ŋuti xoxoa? Miɖo dze tso nya vevi sia ŋuti le miaƒe zɔzɔa ƒe gɔmedzedze. Ne èku nya sia me kaba la, ade dziwò wu—hafi nàva ƒo wò seselelãme kple nunɔamesiwo ɖe eme akpa.” Nyateƒee, dukɔ bubu me nɔnɔ anɔ agbe ɖe woƒe dekɔnu nu gbesiagbe to vovo sã na modzakaɖetsaɖiɖi yi afima ŋkeke ʋee aɖewo. Ahiã be nàsrɔ̃ gbe bubua? Àte ŋu atrɔ ɖe tɔtrɔ gã siwo anɔ agbenɔnɔ le afima me ŋua? Le go bubu me la, ɖe wòanye be afimatɔwo ƒe dekɔnu dze ŋuwò ale gbegbe evɔ ɖewohĩ amea ƒe nu ya menyo ŋuwò tututu oa? Ŋudzedzekpɔkpɔ sia nu ayi ne ɣeyiɣiawo va le yiyim. Gake srɔ̃ɖeɖe ya nye nusi blaa ame eve ɖekae tegbee.—Mateo 19:6.
Tony gblɔ be: “Nyɔnuvi aɖe si menya si tso xexeame ƒe akpa bubu la ɖe Carib-ƒukpodzitɔ aɖe. Gake ƒukpodzigbenɔnɔa sesẽ nɛ. Teƒea xɔa dzo ɣeawokatãɣi, eye wòdze dɔ. Nuɖuɖuawo to vovo, eye aƒe dzronɛ. Eyata woʋu yi nyɔnuvia wo de. Gake ewɔ na ŋutsua be afimatɔwo dia ŋutilãmenuwo akpa, eye ƒomedodo kplikplikpli si nɔ eya kple eƒe ƒomea kpakple ehaviwo dome la dzronɛ vevie. Fifia wo dome klã; ŋutsua le wo de, eye nyɔnuvia hã le wo de. Lɔlɔ̃ kple ɖetsɔleme si dzilawo kple evea atsɔ ana vi eve siwo le wo dome hã bɔ ɖeviawo.”
Ame aɖe si tso adzɔge ʋĩ eye ɖewohĩ woƒe dekɔnu to vovo na mia tɔ la ɖeɖe hea kuxi bubuwo hã vɛ. Àlɔ̃ be yeaxe ʋuɖofe kple dzeɖoɖokadofe siwo wòadzi ɖe edzia? Lydia gblɔ be: “Phil nɔa hatsɛ kam be ele be míaɖe mía nɔewo elabena yeƒe telefonfe la yi dzi ŋutɔ, gake fifia ya ele be míaxe kaƒoƒo na danye ƒe fe!” Ne mieva dzi vi ɖe? Nu ʋee aɖewo koe ame aɖewo nyana tso woawo ŋutɔ woƒe ƒometɔwo ŋu, eye le gbegbɔgblɔ ƒe vovototo ta, womete ŋu ƒoa nu kple wo le telefon dzi gɔ̃ hã o! Esia mele fiafiam be womate ŋu akpɔ kuxi siawo gbɔ o. Gake ele be woabu nusiwo srɔ̃ɖeɖe sia abia la ŋuti kɔnta.—Tsɔe sɔ kple Luka 14:28.
Nɔnɔme Ka Tututue Le Esi?
Aleke nàwɔ anya nenye be nyateƒea tututu gblɔmee xɔ̃wòa le na wò eye alakpa mele eme o? Mateo 7:17 gblɔ be: “Ati nyui sia ati nyui tsea ku nyui.” Eyata nukawoe nye eƒe nuwɔnawo? Ðe eƒe nuwɔnawo sɔ ɖe nusiwo wògblɔna la nua? Ðe nusiwo wòwɔ va yi tsã la ɖo kpe edzi be awɔ nusiwo wògblɔ be wonye yeƒe etsɔme taɖodzinuwo dzia? Ester gblɔ be: “Nu gbãtɔ siwo me míeku tso mía nɔewo ŋue nye míaƒe gbɔgbɔmetaɖodzinuwo. Enɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigbɔgblɔdɔ wɔm ƒe enyi sɔŋ, eye esia na kakaɖedzim be edi be yeayi edzi nyateƒe.”
Gake tsɔe be amesi nèle zɔzɔm kplii do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe la medi be yeagblɔ nyateƒea tututu na wò o. Mègaɖe asi le nyaa ŋu anɔ mɔ kpɔm be nuwo ava ɖɔ ɖo o. Ku nu me yi ŋgɔe! Bia be NUKATAE? Lododo aɖe gblɔ be: “Ŋutsu ƒe tameɖoɖo ɖe dzi me le abe tɔ goglo ene, ke nugɔmesela [dunɛ].” (Lododowo 20:5) Lododo bubu aɖe hã xlɔ̃ nu be: “Ame bebewu xɔa nya sia nya dzi sena; ke nunyala léa ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖe ŋu.”—Lododowo 14:15.
Ŋkume Kple Ŋkume
Aleke nèdze agbagbae o, màte ŋu anya nusianu tso ame aɖe ŋu to lɛta alo telefon dzi o. Enye dzidzɔ be apostolo Yohanes ŋlɔ lɛta geɖe na nɔvia Kristotɔwo. Togbɔ be lɛta siawo do ŋusẽ lɔlɔ̃ ƒe kadodo si le wo dome ale gbegbe hã la, Yohanes gblɔ be: “Nya geɖe gali be, maŋlɔ aɖo ɖe mi; gake nyemelɔ̃ be, matsɔ agbalẽ kple agbalẽŋlɔtsi aŋlɔ wo o, ke boŋ mele mɔ kpɔm be, mava mia gbɔ, eye ne míedo go ŋkume kple ŋkume la, míaƒo nu.” ( Yohanes II, 12) Nenema ke naneke mede teƒe ɖeka nɔnɔ kple amea ŋutɔŋutɔ nu o. Ate ŋu aɖe vi gɔ̃ hã ne mia dometɔ ɖeka adzo le eƒe nɔƒe sẽ be miagogo mia nɔewo wu. Esia ana mɔnukpɔkpɔ amesi ʋu la be wòakpɔ afisi ava zu nɔƒe yeye la ƒe yame ƒe nɔnɔme kple alesi afima ƒe agbenɔnɔ le.
Aleke miawɔ ɣeyiɣi siwo mietsɔ nɔ anyi ɖekae la naɖe vi gbogbotɔ na mi? Miwɔ nusiwo aɖe mia dometɔ ɖesiaɖe ƒe nɔnɔme afia. Misrɔ̃ Mawu ƒe Nya la ɖekae. Milé ŋku ɖe alesi mia dometɔ ɖesiaɖe kpɔa gome le hamea ƒe kpekpewo kple gbeadzisubɔsubɔdɔa mee la ŋuti. Miwɔ aƒemedɔ siwo wowɔna ɖaa, abe aƒemedzadzraɖo kple asiƒeƒle ene ɖekae. Alesi ame evelia wɔa nui ne dɔ te ɖe edzi la kpɔkpɔ ate ŋu aɖe nu geɖe afia wò.a
Ele be miatsɔ ɣeyiɣi aɖe anɔ amesiwo ava zu mia towo, mia lɔ̃xowo, kple mia nyowo gbɔe. Midze agbagba be ƒomedodo nyui nanɔ mia kple wo dome. Elabena ne èbu eŋu kpɔ la, ne mieɖe mia nɔewo la, woava zu miaƒe ƒometɔwo. Èdze si woa? Mia kple wo dome le nyuiea? Joanne ɖo aɖaŋu be: “Ne anya wɔ la, anyo be ƒome akpa evea nado go.” Tony gblɔ kpee be: “Alesi xɔ̃wòa wɔa nui ɖe eƒe ƒometɔ kpaŋkpaŋ wo ŋui la, nenema ke wòawɔ nui ɖe wò hã ŋuwò.”
Eɖanye ŋkume kple ŋkume alo telefon kple lɛtaŋɔŋlɔ dzie mieto le zɔzɔm do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe o, migatsɔ dzitsitsi wɔ nyametsotsoe o. (Lododowo 21:5) Ne eva dze ƒã be mi ame evea ƒe srɔ̃ɖeɖe madze edzi o la, ekema anye nusi me nunya le be miaɖo dze tso miaƒe zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖea me kaklã ŋuti. (Lododowo 22:3) Gake ate ŋu anye hã be ɣeyiɣi geɖe wu ƒe dzeɖoɖo si me amesiame aɖe eƒe dzimenya agblɔ anukwaretɔe faa le la koe hiã.
Zɔzɔ kple ame aɖe si le adzɔge ʋĩ ate ŋu anye nu sesẽ, gake viɖe hã ate ŋu anɔ eŋu. Aleke ke wòɖale o, enye ŋkubiãnya. Migbɔ dzi ɖi. Midze si mia nɔewo nyuie. Ekema ne mietso nya me be yewoaɖe yewo nɔewo la, miaƒe zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe anye ɣeyiɣi si ŋu asixɔxɔ anɔ na mi, ke manye esi ava ve mi o.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Ne èle zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe ŋuti nyatakaka bubuwo dim la, kpɔ agbalẽ si nye Questions Young People Ask—Answers That Work, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta la ƒe axa 255-60.
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
Mikpɔ egbɔ be yewodzro nyawo abe taɖodzinuwo, vidzidzi, kple ganyawo ene me kaba le miaƒe zɔzɔa me