NUSƆSRƆ̃NYATI 22
HADZIDZI 127 Ame Si Ƒomevi Wòle Be Manye
Zɔzɔ Do Ŋgɔ Na Srɔ̃ɖeɖe—Ale Si Nàwɔ Akpɔ Dzidzedze
“Dzi me ƒe ame ɣaɣla . . . xɔ asi ŋutɔ.”—1 PET. 3:4.
TAÐODZINUA
Nyati sia akpe ɖe ame siwo le zɔzɔm do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe ŋu be woatso nya me nyuie, eye ana míakpɔ ale si hamea me tɔwo hã ate ŋu akpe ɖe wo ŋu.
1-2. Aleke zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe nɔ na ame aɖewo?
ZƆZƆ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe ate ŋu anye dzidzɔɣi. Ne èle zɔzɔm kple ame aɖe fifia, ke ànɔ mɔ kpɔm be nuwo nayi nyuie. Eye nenemae wònɔ na srɔ̃tɔ geɖewo. Nɔvinyɔnu Tsion,a si tso Ethiopia, gblɔ be: “Ɣeyiɣi siwo me mekpɔ dzidzɔ le wu dometɔ ɖekae nye esime nye kple srɔ̃nye míenɔ zɔzɔm do ŋgɔ na míaƒe srɔ̃ɖeɖe. Míeɖoa dze tso nu veviwo ŋu, eye míekoa nu hã. Esi meva kpɔe be meke ɖe ame si melɔ̃, si hã lɔ̃m ŋua, dzi dzɔm ale gbegbe.”
2 Gake nɔviŋutsu Alessio, si tso Netherlands, ya gblɔ be, “Esime nye kple srɔ̃nye míenɔ zɔzɔm do ŋgɔ na míaƒe srɔ̃ɖeɖea, míekpɔ dzidzɔ, gake míedo go kuxi aɖewo hã.” Le nyati sia mea, míadzro kuxi siwo ame siwo le zɔzɔm do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe ate ŋu ado goe dometɔ aɖewo me, eye míakpɔ Biblia me mɔfiame siwo ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woatso nya me nyuie. Azɔ hã, míadzro nu siwo hamea me tɔwo hã ate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe wo ŋu me.
TAÐODZINU SI LE ZƆZƆ DO ŊGƆ NA SRƆ̃ÐEÐE ŊU
3. Taɖodzinu kae le zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe ŋu? (Lododowo 20:25)
3 Togbɔ be zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe nana wokpɔa dzidzɔ hã, menye fefenu ye o. Enye afɔɖeɖe si ate ŋu akplɔ ame evea ade srɔ̃ɖeɖe me. Le srɔ̃ɖegbe la, atsu kple asi kaa atam na wo nɔewo le Yehowa ŋkume be yewoalɔ̃ yewo nɔewo, ade bubu yewo nɔewo ŋu zi ale si yewole agbe. Hafi ame naka atam aɖe la, ele be wòabu nuwo ŋu nyuie. (Xlẽ Lododowo 20:25.) Esia le vevie ne ame aɖe di be yeaka srɔ̃ɖetam hã. Zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe kpena ɖe ŋutsu kple nyɔnu ŋu be woaganya wo nɔewo nyuie wu, ale be woate ŋu atso nya me nyuie hã. Ɣeaɖewoɣia, nyametsotsoae nye be, woaɖe wo nɔewo. Gake ɣeaɖewoɣi hã, nyametsotsoae nye be, woatɔe ɖe afi ma. Ne wotso nya me be woatɔe ɖe afi ma la, mefia be woƒe zɔzɔa mekpɔ dzidzedze o. Ke boŋ zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖea ɖo eƒe taɖodzinu gbɔ: ekpe ɖe wo ŋu wotso nya me nyuie.
4. Nu ka tae wòle be míase nu si zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe fia gɔme?
4 Nu ka tae wòle vevie be míase nu si zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe fia gɔme nyuie? Ne trewo se esia gɔme la, ke womaɖoe koŋ ava nɔ zɔzɔm kple ame aɖe si wonya nyuie be yewomaɖe o. Gake menye trewo ɖeɖe koe wòle na be woase egɔme alea o, ke mí katãe. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo ƒe susue nye be, ne ŋutsu aɖe kple nyɔnu aɖe le zɔzɔm koa, woaɖe wo nɔewo godoo. Ŋusẽ kae nuŋububu alea kpɔna ɖe Kristotɔ trewo dzi? Nɔvinyɔnu Melissa, si nye tre le Amerika, gblɔ be: “Ne nɔviwo kpɔ be nɔviŋutsu aɖe kple nɔvinyɔnu aɖe le zɔzɔm koa, wonɔa mɔ kpɔm vevie be woaɖe wo nɔewo. Esia nana wòsesẽna na nɔvi aɖewo be woate fli ɖe ɖoɖoa me ne wokpɔe be amea made yewo dzi o gɔ̃ hã. Le esia taa, tre aɖewo hã medina be yewoazɔ kple ame aɖeke o. Esia tea ŋu nana wotsia dzodzodzoe.”
MIDZE AGBAGBA MIANYA MIA NƆEWO NYUIE
5-6. Nu kae wòle be ame siwo le zɔzɔm do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe nadze agbagba anya tso wo nɔewo ŋu? (1 Petro 3:4)
5 Ne wò kple ame aɖe miele zɔzɔm la, nu kae akpe ɖe mia ŋu mianya ne miava ɖe mia nɔewo loo alo miaɖe mia nɔewo o? Midze agbagba mianya mia nɔewo nyuie. Anɔ eme be ènya nu ʋɛ aɖewo tso amea ŋu hafi mieva te zɔzɔ. Eya ta fifia, mɔnukpɔkpɔa su asiwò be nànya “dzi me ƒe ame ɣaɣla” la. (Xlẽ 1 Petro 3:4.) Esia bia be nànya ale si amea kple Yehowa dome le, ame si ƒomevi wònye, kple ale si wòbua nuwo ŋui. Ne ɣeyiɣiwo va le yiyim la, ele be nàte ŋu aɖo nyabiase siwo gbɔna ŋu: ‘Ðe ame sia sɔ nam maɖea?’ (Lod. 31:26, 27, 30; Ef. 5:33; 1 Tim. 5:8) ‘Ðe míalɔ̃ mía nɔewo ahakpɔ vovo ɖe mía nɔewo ŋua? Ðe míate ŋu anɔ te ɖe mía nɔewo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo nua?’b (Rom. 3:23) Ne mieva le mia nɔewo nyam ɖe edzi la, ɖo ŋku edzi be menye ale si miaƒe didiwo sɔ le nanewo me koe aɖee afia be miesɔ na mia nɔewo o, ke boŋ ale mia dometɔ ɖe sia ɖe trɔna ɖe ame kemɛa ƒe nɔnɔme siwo to vovo na etɔ ŋue aɖee afia.
6 Nu bubu kawo hãe wòle be nànya tso ame si nèle zɔzɔm kplii la ŋu? Ele be miadzro nya vevi aɖewo, abe miaƒe taɖodzinuwo ene me, hafi lɔlɔ̃ nava sa kɔ. Ke ame ŋutɔ ƒe nyawo abe lãmesẽnyawo, ganyawo, kple nɔnɔme sesẽ siwo me wòto va yi ya ɖe? Menye nya sia nya ŋue miaɖo dze tsoe tso gɔmedzedzea o. (Tsɔe sɔ kple Yohanes 16:12.) Ne èkpɔe be etsɔ akpa be yeaƒo nu tso ye ŋutɔ yeƒe nya aɖewo ŋu la, na ame kemɛa nanya. Gake ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, ele be nàgblɔ wo nɛ be wòakpe ɖe eŋu wòatso nya me nyuie. Ava hiã godoo be nàkɔ dzi me agblɔ nya vevi mawo nɛ.
7. Aleke ame siwo le zɔzɔm do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe awɔ aganya wo nɔewo nyuie wu? (Kpɔ aɖaka si nye “Ne Èle Zɔzɔm Kple Ame Si Le Dukɔ Bubu Me” hã.) (Kpɔ fotoawo hã.)
7 Aleke nàwɔ anya ame kemɛa ŋutɔŋutɔ? Mɔ vevi aɖee nye be, miaɖo dze faa anukwaretɔe. Bia nyawo, eye nàɖo to nyuie. (Lod. 20:5; Yak. 1:19) Be esia nanya wɔa, miate ŋu atiae be yewoawɔ nanewo ɖekae, si ana miate ŋu aɖo dze. Le kpɔɖeŋu me, miate ŋu aɖu nu ɖekae, aɖi tsa ayi teƒe siwo meɖe ɖe aga o, alo miayi gbeadzi ɖekae. Àgate ŋu ava nya nu geɖe tso amea ŋu ne miele mia xɔlɔ̃wo alo miaƒe ƒometɔwo dome. Azɔ hã, wɔ ɖoɖo ɖe nu bubu aɖewo ŋu be nàkpɔ ale si amea wɔa nu le nɔnɔme vovovowo me kple ale si wòwɔa nu ɖe ame vovovowo ŋu. Nu si nɔviŋutsu Aschwin, si tso Netherlands, wɔe nye esi. Egblɔ be: “Esi nye kple Alicia míenɔ zɔzɔm la, míedzea agbagba be míawɔ nu siwo ana míaganya nu geɖe tso mía nɔewo ŋu. Zi geɖea, míewɔa nu bɔbɔewo, abe nuɖaɖa kple dɔ bubuwo ene ɖekae. Ne míele dɔ siawo wɔm la, míedea dzesi mía nɔewo ƒe nɔnɔme nyuiwo kple gbagbãƒewo siaa.”
Ne mi ame evea miewɔa nu siwo ana miaɖo dze faa la, ate ŋu akpe ɖe mia ŋu mianya mia nɔewo nyuie wu (Kpɔ memama 7-8)
8. Vi kae wòaɖe ne ame siwo le zɔzɔm do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe srɔ̃a nu ɖekae?
8 Miagate ŋu anya mia nɔewo nyuie ne miesrɔ̃a Biblia me nyatiwo ɖekae. Ne mieva ɖe srɔ̃a, ahiã be miadi ɣeyiɣi ɖe ƒometadedeagu ŋu, ale be Mawu nanye ame vevitɔ le miaƒe srɔ̃ɖeɖea me. (Nyagb. 4:12) Eya ta esi miele zɔzɔm do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖea, ɖe manyo be miadi ɣeyiɣi anɔ nu srɔ̃m ɖekae oa? Nyateƒee, mi ame evea miekpɔ zu ƒome haɖe o, eye nɔviŋutsua meva zu nɔvinyɔnua ƒe ta haɖe o. Gake ne miesrɔ̃a Biblia ɖekae edziedzia, ana mianya ale si mia dometɔ ɖe sia ɖe kple Yehowa dome le. Max kple Laysa, siwo nye atsu kple asi siwo tso Amerika, ƒo nu tso ale si esia ɖea vii ŋu. Ŋutsua gblɔ be: “Esi míenya te zɔzɔ koa, míedze míaƒe agbalẽ siwo ƒo nu tso zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe, srɔ̃ɖeɖe, kple ƒomegbenɔnɔ ŋu sɔsrɔ̃ gɔme. Agbalẽ mawo kpe ɖe mía ŋu míeva ɖo dze tso nu vevi aɖewo, siwo anye ne míaƒo nu tso wo ŋu hafi o la ŋu.”
NU BUBU SIWO ŊU MIADE ŊUGBLE LE
9. Nu ka tae nunya le eme be miagblɔe na ame aɖewo ya teti be yewole zɔzɔm?
9 Ame kawoe miagblɔe na be yewole zɔzɔm? Mi ame evea ye atso nya me. Ðewohĩ le gɔmedzedzea, ame ʋɛ aɖewo koe miagblɔe na. (Lod. 17:27) Esia awɔe be amewo manɔ nya ƒom ɖe mia nu alo anɔ nyawo biam mi fũu o. Gake ne miegblɔe na ame aɖeke oa, ana miava nɔ mia ɖokui ɖem ɖe aga, ale be amewo naganya nu tso eŋu o. Esia ate ŋu ahe afɔku vɛ na mi. Eya ta nunya le eme be miagblɔe na ame ʋɛ siwo ate ŋu aɖo aɖaŋu nyuiwo na mi ahakpe ɖe mia ŋu. (Lod. 15:22) Le kpɔɖeŋu me, miate ŋu agblɔe na ƒometɔ aɖewo, xɔlɔ̃ siwo tsi le gbɔgbɔ me, alo hamemetsitsiwo.
10. Nu kae ame siwo le zɔzɔm do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe awɔ be woanɔ dzadzɛ le Yehowa ŋkume? (Lododowo 22:3)
10 Nu kae miate ŋu awɔ be miaƒe zɔzɔa ŋu nakɔ? Ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, miaƒe nu ava nɔ dzi lém na mia nɔewo ɖe edzi, eye esɔ nenema. Ne edzɔ alea, nu kae akpe ɖe mia ŋu be miagawɔ naneke si anye dada le Yehowa ƒe se dzi o? (1 Kor. 6:18) Miƒo asa na dzeɖoɖo tso nu siwo anyɔ gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe mia me ŋu, miawo ɖeɖe migaɖe mia ɖokui ɖe aga o, eye mitsri aha geɖe nono. (Ef. 5:3) Nuwɔna mawo ate ŋu ana gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro nu nasẽ ɖe mia me, eye wòasesẽ na mi be miawɔ nu si sɔ. Anyo be edziedzia, mi ame evea miaƒo nu tso nu siwo miawɔ be mianɔ dzadzɛ le Yehowa ŋkumea ŋu. (Xlẽ Lododowo 22:3.) De dzesi nu si kpe ɖe Dawit kple Almaz siwo tso Ethiopia ŋu. Wogblɔ be: “Zi geɖea, míeyia teƒe siwo amewo sɔa gbɔ ɖo, alo míenana mía xɔlɔ̃ aɖewo nɔa mía ŋu. Medzɔna gbeɖe be mí ame evea dzaa míenɔa ʋu me alo aƒe me o. Esia wɔe be míeƒo asa na nɔnɔme siwo akplɔ mí ade tetekpɔ me.”
11. Nu kawo ŋue wòle be ame siwo le zɔzɔm do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe nabu ku ɖe lɔlɔ̃ɖeɖefia nuwɔnawo ŋu?
11 Ðe lɔlɔ̃ɖeɖefia nuwɔnawo asɔ ne miele zɔzɔm do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖea? Ne eva dze ƒãa be miele mia nɔewo ɖe ge la, ke lɔlɔ̃ɖeɖefia nuwɔna aɖewo ate ŋu asɔ. (Haw. 1:2; 2:6) Gake ne miena gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro va nyɔ ɖe mia mea, ate ŋu asesẽ be wò susu nanɔ nu vevi siwo akpe ɖe ŋuwò nàtso nya me nyuie la ŋu. Ele bɔbɔe be lɔlɔ̃ɖeɖefia nuwɔnawo nava gbɔ eme, eye wòana ame nawɔ nu siwo medzea Yehowa ŋu o. (Lod. 6:27) Ne mienya dze zɔzɔ ko la, mina Biblia ƒe mɔfiamewo nakpe ɖe mia ŋu miaɖo dze tso nu siwo miawɔ kple esiwo miaƒo asa na ŋu.c (1 Tes. 4:3-7) Mi ame evea mibia mia ɖokuiwo be: ‘Aleke ame siwo le afi si míele bua nu siwo míedi be míawɔ atsɔ aɖe lɔlɔ̃ afia mía nɔewoe? Ðe nu mawo wɔwɔ anyɔ gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe mía dometɔ aɖe mea?’
12. Nu kae wòle be ame siwo le zɔzɔm do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe nanya tso kuxi kple masɔmasɔ siwo ado mo ɖa ŋu?
12 Aleke miawɔ akpɔ kuxiwo kple masɔmasɔwo gbɔ? Ke ne ɣeyiɣiawo va le yiyim, eye masɔmasɔwo le mo dom ɖa ɖe? Ðe ema fia be miesɔ na mia nɔewo oa? Mefia nenema kokoko o. Nyateƒeae nye be, ame eve siwo le zɔzɔm ƒe susu mawɔ ɖeka le nu sia nu me ɣesiaɣi o. Nu si nana srɔ̃ɖeɖe lia kee nye ale si ame evea dea bubu wo nɔewo ŋu eye wodzea agbagba kpɔa kuxiwo gbɔe. Eya ta ale si miekpɔa kuxiwo gbɔe fifia ye aɖee afia be ne mieva ɖe mia nɔewoa, srɔ̃ɖeɖea adze edzi. Mi ame evea mibia mia ɖokuiwo be: ‘Ne kuxi aɖe do mo ɖaa, ɖe míedea bubu mía nɔewo ŋu heɖoa dze tso eŋu le tufafa mea? Ðe míelɔ̃na ɖe míaƒe vodadawo dzi dzea agbagba wɔa tɔtrɔ siwo hiã? Ðe míelɔ̃na faa ɖea asi le nya ŋu, ɖea kuku, eye míetsɔna kena?’ (Ef. 4:31, 32) Gake ne miaƒe susu mesɔna gbeɖe o, eye nyahehe dzi koe mienɔna le miaƒe zɔzɔa mea, ke ɖewohĩ nuwo mava ka ɖe eme ne mieɖe mia nɔewo o. Ne èva de dzesii be ame kemɛa mesɔ na ye o la, ke nu si ade mi ame evea dzi koe nye be miasee ɖe afi ma.d
13. Nu kae akpe ɖe ame evea ŋu woanya ɣeyiɣi didi si wòle be woazɔ?
13 Ɣeyiɣi didi kae wòle be miazɔ? Zi geɖe ne wotsɔ dzitsitsi tso nya mea, emetsonua meva nyona o. (Lod. 21:5) Eya ta ele be ɣeyiɣi aɖe sinu nava yi ale be miate ŋu anya mia nɔewo nyuie. Gake mele be wòaxɔ ɣeyiɣi fũu akpa hã o. Biblia gblɔ be: “Mɔkpɔkpɔ si meva eme kaba o nana dzi sea veve.” (Lod. 13:12) Azɔ hã, ne miezɔ eteƒe didi akpaa, ana wòasesẽ na mi be miaɖu gbɔdɔdɔ ƒe dzodzrowo dzi. (1 Kor. 7:9) Menye ɣeyiɣi ƒe didime aɖe koŋ si miazɔe nye nu vevitɔ o, ke boŋ nu si hiãe nye be nàbia ɖokuiwò be: ‘Nu kae gasusɔ wòle be manya tso amea ŋu hafi atso nya me?’
ALEKE AME BUBUWO ATE ŊU AKPE ÐE AME SIWO LE ZƆZƆM ŊU?
14. Nu kawoe ame bubuwo ate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe ame siwo le zɔzɔm ŋu? (Kpɔ fotoa hã.)
14 Ne ènya ame eve siwo le zɔzɔm do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖea, aleke nàte ŋu akpe ɖe wo ŋu? Àte ŋu akpe wo woava ɖu nu kpli wò, woakpɔ gome le miaƒe ƒometadedeagu me, alo woava miaɖe modzaka ɖekae. (Rom. 12:13) Esia ana mɔnukpɔkpɔ wo be woanya wo nɔewo nyuie wu. Ðe wòahiã be ame aɖe nado etɔ̃lia na wo ale be wo ame evea ɖeɖe nagaɖe ɖe aga oa? Ðe wòahiã be woatsɔ ʋu akɔ wo ayi afi aɖe ne woaɖe dzi ɖi aɖo dze nyuiea? Ne nenemaea, àte ŋu akpe ɖe wo ŋua? (Gal. 6:10) Alicia, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi gblɔ tso ɣeyiɣi si eya kple Aschwin wonɔ zɔzɔm ŋu be, “Dzi dzɔ mí ŋutɔ esi nɔvi aɖewo gblɔ na mí be míate ŋu aɖi tsa ava yewo gbɔ ne míedi afi aɖe si meɖe ɖe aga o si míanɔ aɖe dzi ɖi aɖo dze.” Ne ame eve siwo le zɔzɔm bia tso asiwò be nàdo etɔ̃lia na yewoa, bui be enye mɔnukpɔkpɔ na ye be yeakpe ɖe wo ŋu. Kpɔ egbɔ be nàgadzo le wo gbɔ agblẽ woawo ɖeɖe ɖi o, gake nàɖɔ ŋu ɖo hã be ne eva hiã be wo ame evea naɖe dzi ɖi aɖo dzea, nàte yi adzɔge vie.—Flp. 2:4.
Ne míenya ame eve siwo le zɔzɔm la, míate ŋu awɔ nu ŋutɔŋutɔ aɖewo atsɔ akpe ɖe wo ŋu (Kpɔ memama 14-15)
15. Nu ka hãe míate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe ame siwo le zɔzɔm ŋu? (Lododowo 12:18)
15 Nu bubu si míate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe ame siwo le zɔzɔm ŋue nye be, míanya nya siwo míagblɔ kple esiwo mele be míagblɔ o. Ɣeaɖewoɣia, ele be míaɖu mía ɖokui dzi ade ga míaƒe aɖe. (Xlẽ Lododowo 12:18.) Le kpɔɖeŋu me, ne míeva nya be nɔvi eve aɖewo te zɔzɔa, ate ŋu adzro mí be míagblɔe na amewo, gake ɖewohĩ woawo ŋutɔwo woadi be yewoagblɔe na amewo le ɣeyiɣi si sɔ dzi. Mele be míanɔ woƒe zɔzɔa ŋu nya kakam alo anɔ míaƒe susu zim ɖe wo dzi o. (Lod. 20:19; Rom. 14:10; 1 Tes. 4:11) Azɔ hã, mele be míaƒe nyagbɔgblɔ alo nyabiasewo nana woase le wo ɖokui me be míele eƒom ɖe yewo nu be yewoaɖe yewo nɔewo godoo o. Nɔvinyɔnu Elise gblɔ be: “Esi nye kple srɔ̃nye míenɔ zɔzɔm la, ekpea ŋu na mí ŋutɔ ne amewo bia mí be ɣekaɣie míele srɔ̃ ɖe ge hã, evɔ míekpɔ wɔ ɖoɖo ɖe eŋu hafi o.”
16. Aleke wòle be míawɔ nui ne míese be ame eve aɖe dzudzɔ zɔzɔ?
16 Ke ne ame siwo le zɔzɔm tso nya me be yewoasee ɖe afi ma ɖe? Ne edzɔ alea, mele be míanɔ ŋku kem ɖe nyaa me alo ade akpa aɖe dzi o. (1 Pet. 4:15) Nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Lea gblɔ be: “Esi nye kple nɔviŋutsu aɖe míeɖoe be míadzudzɔ zɔzɔa, mese wobewobewo le nɔviwo nu keŋ. Esia na mese veve ale gbegbe.” Abe ale si míegblɔe va yi enea, ne ame eve tso nya me be yewoadzudzɔ zɔzɔa, megawɔ na mí be ɖe wodo kpo nu o. Zi geɖea, nu si wòfia koe nye be woƒe zɔzɔa ɖo taɖodzinua gbɔ; ekpe ɖe wo ŋu wotso nya me nyuie. Togbɔ be ele alea hã, ate ŋu ate ɖe wo dzi be nuwo va yi nenema eye woatsi akogo. Eya ta ele be míawɔ nu si míate ŋui akpe ɖe wo ŋu.—Lod. 17:17.
17. Nu kae wòle be ame siwo le zɔzɔm do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe nadze agbagba awɔ?
17 Míeva kpɔe be, zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe ate ŋu ana ame nakpɔ dzidzɔ, gake kuxiwo ate ŋu anɔ eme hã. Jessica gblɔ be: “Le nyateƒe mea, zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe nye dɔ blibo. Gake eɖe vi ŋutɔ esi míedze agbagba nya mía nɔewo nyuie.” Ne wò kple nɔvi aɖe miele zɔzɔm la, midze agbagba mianya mia nɔewo nyuie. Ne miewɔe alea, miaƒe zɔzɔa akpe ɖe mia ŋu miatso nya me nyuie.
HADZIDZI 49 Míado Dzidzɔ Na Yehowa Ƒe Dzi
a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.
b Àte ŋu akpɔ nya bubu siwo ŋu nàde ŋugble le le Questions Young People Ask—Answers That Work, (Les jeunes s’interrogent — Réponses pratiques) Babla 2 lia, axa 39-40.
c Asilili ame bubu ƒe vidzinu ŋu nye gbɔdɔdɔ manɔsenu ƒe nuwɔna si bia be hamemetsitsiwo naɖo ʋɔnudrɔ̃kɔmiti. Nyɔnu ƒe no léle kple gbegblẽnyawo gbɔgblɔ alo wo ŋɔŋlɔ to telefon dzi ate ŋu abia be woaɖo ʋɔnudrɔ̃kɔmiti le ale si nɔnɔmeawo le nu.
d Ne èdi numekɔkɔ geɖe la, kpɔ “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” si le August 15, 1999 ƒe Gbetakpɔxɔ me.